-
“Míeɖe Kuku, Na Míatrɔ Agbɔ Va Aƒe”Gbetakpɔxɔ—2012 | April 1
-
-
“Makpɔ Nublanui Nɛ Kokoko”
Yehowa nɔ ƒomedodo tɔxɛ aɖe me kple Israel viwo. Egblɔ le wo ŋu be: “Fofo menye na Israel, eye Efrayim la, vinye ŋgɔgbea ye.” (Yeremiya 31:9) Ðe vifofo lɔ̃ame agbe be yemana ye vi si nuxaxa yɔ dzi me na la natrɔ ava ye gbɔ oa? De dzesi ale si Yehowa ɖe Vifofo ƒe lɔlɔ̃ si le esi na eƒe amewo gblɔ.
“Efrayim la, vi vevi kple vi malɔ̃nugbɔa wònye nama? Elabena ne menya ƒo nu le eŋu ko la, nye ŋku nɔa eyama dzi ɖaa.” (Kpukpui 20) Ðe nya mawo mewɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ oa? Abe dzila lɔ̃ame si mewɔa vi na viawo o ene la, eva hiã be Mawu ‘naƒo nu le’ viawo ŋu, eye wòxlɔ̃ nu wo enuenu be woatrɔ ɖa le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi. Esi wosẽ dzi me hegbe toɖoɖo la, ena wokplɔ wo yi aboyo mee, si wɔe be wodzo le wo de. Gake togbɔ be ehe to na wo hã la, meŋlɔ wo be o. Mawɔ nu ma akpɔ gbeɖe o. Vifofo lɔ̃ame meŋlɔa viawo be o. Ke aleke Yehowa se le eɖokui me esi wòkpɔ be ye viwo trɔ dzi me vavã?
“Nye dɔme le tɔtrɔm ɖe eŋu,b makpɔ nublanui nɛ kokoko.” (Kpukpui 20) Yehowa tsɔ ɖe le eme na viawo vevie. Ale si wotrɔ dzi me anukwaretɔe la na eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye wòdi vevie be woatrɔ ava ye gbɔ. Abe vifofo si le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe vi nudomegblẽlaa ŋu me ene la, woƒe “nu wɔ nublanui” na Yehowa, eye wòkpɔ mɔ vevie be woatrɔ ava ye gbɔ.—Luka 15:20.
“Yehowa Na Metrɔ Gbɔ Va Aƒe!”
Nya siwo dze le Yeremiya 31:18-20 la na míekpɔ ale si gbegbe Yehowa sea veve ɖe ame nu hekpɔa nublanuii. Mawu meŋlɔa ame siwo subɔe kpɔ hafi va dzudzɔ la be o. Ke ne ame siawo di be yewoatrɔ ava egbɔ ya ɖe? Mawu ‘lɔ̃a tsɔtsɔke.’ (Psalmo 86:5) Madzɔ gbeɖe be wòagbe ame siwo trɔ dzi me heva egbɔ la xɔxɔ o. (Psalmo 51:17) Ke boŋ exɔa wo dzidzɔtɔe.—Luka 15:22-24.
-
-
“Míeɖe Kuku, Na Míatrɔ Agbɔ Va Aƒe”Gbetakpɔxɔ—2012 | April 1
-
-
b Biblia gɔmeɖelawo ƒe mɔfiagbalẽ aɖe ɖe nu si tae wozã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si nye dɔmetɔtrɔ me ale: “Yudatɔwo se egɔme be ametia ƒe ememe kee seselelãmewo tsona.”
-