INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Nubabla Yeyea Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
    • 5. Nu ka tae Yehowa do nubabla yeyea ŋugbe?

      5 Eya ta míate ŋu ase nu si tae esime Se ƒe nubablaa gakpɔtɔ nɔ dɔ wɔm kura gɔ̃ hã la, Mawu to Yeremiya dzi do nubabla yeyea ŋugbe ɖo la gɔme. Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyo ʋãe wòdi be yeawɔ ɖoɖo aɖe si aɖe vi na dukɔ geɖewo ɖaa. Eto Yeremiya dzi gblɔ tso ame siwo wòabla nu yeye sia kplii ŋu be: “Matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nu vɔ̃wo azɔ o.” (Yer. 31:34) Togbɔ be Yeremiya ƒe ŋkekea me kee wòdo ŋugbe ma hã la, mɔkpɔkpɔ nyui aɖe le eme na ameƒomea katã. Le mɔ ka nu?

      6, 7. (a) Aleke ame aɖewo sena le wo ɖokui me tso woƒe nuvɔ̃menyenye ŋu? (b) Nu ka tae nubabla yeyea me nyawo me dzodzro ade dzi ƒo na wò?

      6 Mía dometɔ aɖeke mede blibo haɖe o, eye míaƒe blibomademadea ɖea fu na mí katã zi geɖe. Esia ƒe kpɔɖeŋue nye nya siwo nɔvi aɖe gblɔ esi wònɔ agbagba dzem be yeaɖu yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi. Egblɔ be: “Ɣesiaɣi si megawɔ nu vɔ̃ si ŋu mele agbagba dzem be maɖe asi le la, ɖeko metɔtɔna. Mesena le ɖokuinye me be manya wɔ be Mawu natsɔe akem o. Esesẽna nam be mado gbe ɖa. Gake medzea agbagba tenɛ kpɔ, eye medzea egɔme ale: ‘Yehowa, nyemanya ne àse nye gbedodoɖa sia o, gake . . .’” Nyateƒee, ame siwo wɔ nu vɔ̃ alo le agbagba dzem be yewoaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi do kpoe la dometɔ geɖe sena le wo ɖokui me be “alilikpo” xe yewoƒe gbedodoɖa ŋkume be wòagaɖo Mawu gbɔ o. (Kony. 3:44) Ame aɖewo hã ɖoa ŋku nu gbegblẽ aɖe si wowɔ ƒe geɖee nye esia la dzi wòɖea fu na wo. Kristotɔ kpɔɖeŋu nyui ɖolawo gɔ̃ hã daa vo le nuƒoƒo me ɣeaɖewoɣi.—Yak. 3:5-10.

      7 Mele be mía dometɔ aɖeke nasusui be yemate ŋu ada vo o. (1 Kor. 10:12) Apostolo Paulo kura gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be yedaa vo. (Xlẽ Romatɔwo 7:21-25.) Esia tae wòle be míaɖo ŋku nubabla yeyea dzi ɖo. Mawu do ŋugbe be nu vevi aɖe si gbɔ nubabla sia akpɔe nye be yeanɔ te ɖe edzi atsɔ nu vɔ̃wo ake ahaŋlɔ wo be. Viɖe manyagblɔ kae nye esi! Nubabla yeyea ŋu nya gbɔgblɔ ɖi anya de dzi ƒo na Yeremiya ŋutɔ. Ele be wòade dzi ƒo na míawo hã esi míele nu geɖe srɔ̃m tso eŋu be míanya ale si míawɔ wòaɖe vi na mí.

  • Nubabla Yeyea Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
    • 8, 9. Nu ka gbegbee ɖoɖo si Yehowa wɔ be yeanɔ te ɖe edzi atsɔ nu vɔ̃wo ake la bia tso esi?

      8 Zi ale si nèle nu geɖe srɔ̃m tso Yehowa ŋui la, zi nenemae nàva kpɔ ale si gbegbe wòvea ame nu hekpɔa nublanui na amegbetɔ madeblibowoe la dze sii ɖe edzi. (Ps. 103:13, 14) Esi Yeremiya nɔ nubabla yeyea ŋu nya gblɔm ɖi la, egblɔ be Yehowa ‘atsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye magaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o.’ (Yer. 31:34) Ðewohĩ Yeremiya bu mɔ si dzi Mawu ato awɔ esia ŋu ʋuu va se ɖe afi aɖe. Ke hã, Yeremiya anya godoo be esi Mawu ƒo nu tso nubabla yeye ŋu la, ke efia be ŋugbedodo alo ɖoɖo yeye aɖe anɔ woa kple amegbetɔwo dome. Ɛ̃, Yehowa ato nubabla ma dzi awɔ nu siwo eƒe gbɔgbɔ ʋã Yeremiya wòŋlɔ ɖi la dzi, si dome nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke hã le. Gake ƒe aɖewo megbe hafi Mawu va ɖe tameɖoɖo sia kple nu siwo Mesia la awɔ ŋu nya bubuwo ɖe go.

      9 Ðewohĩ ènya dzila aɖewo siwo gblẽ wo viwo le esi woŋea aɖaba ƒu woƒe nu gbegblẽ wɔwɔ dzi ta. Ðe nàkpɔ mɔ be Yehowa hã nawɔ nu nenema? Gbeɖe! Esia dze ƒãa le ale si nubabla yeyea dze egɔmee me. Le esi teƒe be Mawu naŋe aɖaba ƒu nu vɔ̃wo dzi agblɔ ko be yete fli ɖe wo me la, edze agbagba boŋ wɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzi esi wòtsɔ nane si dzi wòanɔ te ɖo atsɔ nu vɔ̃wo ake la na le se nu togbɔ be esia wɔwɔ bia nu gã aɖe tso esi hã. Àte ŋu ase ɖoɖo sia gɔme nyuie le nya siwo Paulo ŋlɔ esime wònɔ nu ƒom tso nubabla yeyea ŋu me. (Xlẽ Hebritɔwo 9:15, 22, 28.) Paulo ƒo nu tso “ɖeɖe . . . to tafe la dzi” ŋu, eye wògblɔ kpee be “ne womekɔ ʋu ɖi o la, tsɔtsɔke aɖeke menɔa anyi o.” Esia mefia be nyitsuwo alo gbɔ̃wo ƒe ʋue woatsɔ asa vɔe le nubabla yeyea me abe ale si wowɔe le Sea te ene o. Ao, Yesu ƒe ʋu dzie wotu nubabla yeyea ɖo. Yehowa anɔ te ɖe ame deblibo ƒe ʋu sia dzi ‘atsɔ vodada kple nu vɔ̃’ ake tegbee. (Dɔw. 2:38; 3:19) Gake ame kawoe anɔ nubabla yeye sia me, siwo ƒe nu vɔ̃wo woatsɔ ake? Menye Yuda dukɔa ye o. Yesu gblɔ be Mawu agbe Yuda dukɔ si tsɔ lãwo ƒe ʋu sa vɔe le Sea te la, eye wòatrɔ susu ɖe dukɔ bubu ŋu. (Mat. 21:43; Dɔw. 3:13-15) Dukɔ mae nye “Mawu ƒe Israel,” eye emenɔlawoe nye Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na. Kpuie ko la, dzɔdzɔme Israel ye Mawu wɔ Se ƒe nubabla la kplii, gake gbɔgbɔme Israel ye wòwɔ nubabla yeyea, si Yesu nye Domenɔla na, ya kplii.—Gal. 6:16; Rom. 9:6.

      [Nɔnɔmetata si le axa 172]

      10. (a) Ame kae nye David ƒe “atidzedze” la? (b) Mɔ kawo nue “atidzedze” sia ate ŋu aɖe vi na ameƒomea le?

      10 Esi Yeremiya nɔ nu ƒom tso Mesia ŋu la, eyɔe be David ƒe “atidzedze.” (Yer. 33:15) Esia sɔ ŋutɔ. Womu David ƒe fiaƒomea ƒu anyi le ɣeyiɣi si me Yeremiya kpɔtɔ nɔ eƒe nyagblɔɖidɔa wɔm. Gake eƒe atitakpoa meku o. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova dzi Yesu wònye Fia David ƒe dzidzimevi. Woyɔe be ‘Yehowae Nye Míaƒe Dzɔdzɔenyenye,’ si nye kpeɖodzi be Mawu tsɔ ɖe le dzɔdzɔenyenye me vevie. (Xlẽ Yeremiya 23:5, 6.) Yehowa ɖe mɔ eƒe Tenuvi la kpe fu le anyigba dzi heku. Yehowa ate ŋu anɔ te ɖe David ƒe “atidzedze” sia ƒe tafevɔsaa dzi atsɔ nu vɔ̃wo ake wòanye eƒe dzɔdzɔenyenye ɖeɖe fia. Ðoɖo sia na mɔnukpɔkpɔ ameƒomea me tɔ aɖewo wobu wo be wole “dzɔdzɔe hena agbekpɔkpɔ,” eye wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo wova zu gomekpɔlawo le nubabla yeyea me. Abe ale si míava kpɔe emegbe ene la, nu bubu si me Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gadze lee nye be, togbɔ be ame aɖewo mele nubabla yeyea me o hã la, eɖe mɔ be wòaɖe vi na wo.—Rom. 5:18.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe