INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb17 June axa 3
  • Yehowa Ƒe Nyawo Katã Vaa Eme Pɛpɛpɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Ƒe Nyawo Katã Vaa Eme Pɛpɛpɛ
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alakpasubɔsubɔ—Wokpɔ Eƒe Nuwuwu Ðedzesi la Do Ŋgɔ
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
  • Yehowa Bɔbɔ Dadalawo ƒe Du aɖe Ðe Anyi
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Nyagblɔɖigbalẽ
    Agbalẽ si Nyo na Amesiame
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
mwb17 June axa 3

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YEREMIYA 51-52

Yehowa Ƒe Nyawo Katã Vaa Eme Pɛpɛpɛ

Yehowa gblɔa nu siwo ava dzɔ le etsɔme la ɖi pɛpɛpɛ

Persia fiaƒemedzɔla aŋutrɔdala

Persia fiaƒemedzɔla aŋutrɔdala

“Minyre aŋutrɔwo”

51:11, 28

  • Mediatɔwo kple Persiatɔwo nye aŋutrɔdala bibiwo eye aŋutrɔ koŋ ye nye woƒe aʋawɔnu. Wonyrea woƒe aŋutrɔwo ale be woate ŋu atɔ ame ayi eme

“Babilon ƒe aʋawɔlawo dzudzɔ aʋawɔwɔ”

51:30

  • Nabonido ƒe Ŋutinyakpememe gblɔ be: “Kores ƒe aʋakɔa ge ɖe Babilon dua me aʋamawɔmawɔe.” Esia wɔ ɖeka kple Yeremiya ƒe nyagblɔɖia

Nabonido ƒe Ŋutinyakpememe

Nabonido ƒe Ŋutinyakpememe

“Babilon azu glikpo, [eye] azu aƒedo tegbee”

51:37, 62

  • Tso ƒe 539 D.Y. me la, bubu si nɔ Babilon ŋu la nɔ to yim vivivi. Aleksanda Gãtɔ di be yeawɔ Babilon wòazu yeƒe fiadu gake eku kukpo. Le Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia ƒe gɔmedzedze la, Yudatɔ aɖewo kpɔtɔ nɔ Babilon, esia na apostolo Petro yi ɖasrã wo kpɔ le Babilon. Gake kaka ƒe alafa ene K.Ŋ. naɖo la, dua zu aƒedo eye ame aɖeke meganɔ afi ma o

    Ɣeyiɣikɔnta si ƒo nu tso Babilon tsrɔ̃ɣi, Aleksanda Gãtɔ ƒe ku, Petro ƒe Babilon nɔnɔ kple Babilon ƒe aƒedozuzu ŋu

Dɔ kae wòle be Biblia me nyagblɔɖiwo me vava nawɔ ɖe dzinye?

Nu kae mate ŋu afia amewo tso nyagblɔɖi sia ŋu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe