INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • “Nàgblɔ Nya Sia Na Wo”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
    • ‘YEHOWA TƆ ASI NU NAM’

      3. Esi Yeremiya dze eƒe nyagblɔɖidɔa gɔme teti la, nu kae Yehowa wɔ nɛ, eye dɔ kae esia wɔ ɖe Yeremiya dzi?

      3 Ðo ŋku edzi be esi Yeremiya dze eƒe nyagblɔɖidɔa gɔme teti koe Yehowa gblɔ nɛ be: “Afi sia afi, si maɖo wò ɖo la, nàyi, eye gbe, siwo katã made asiwò la, nàgblɔe. Mègavɔ̃ wo o, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!” (Yer. 1:7, 8) Azɔ Mawu wɔ dzesi aɖe fiae, si menɔ mɔ kpɔm na kura o. Yeremiya ŋutɔ gblɔ be: “Yehowa do eƒe asi ɖa hetɔ nu nam, eye Yehowa gblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, metsɔ nye nyawo le nuwò dem. Kpɔ ɖa, metsɔ wò ɖo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu.” (Yer. 1:9, 10) Tso gbe ma gbe la, Yeremiya nyae be yezu Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nyanuɖela.a Esi Yeremiya ka ɖe edzi be Mawu li kpli ye ta la, dzo ɖo eme ɖe subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ ŋu.—Yes. 6:5-8.

      [Nɔnɔmetata si le axa 34]

      4. Gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ kple dzonɔameme tɔxɛ ƒe kpɔɖeŋu kawoe nàte ŋu agblɔ?

      4 Yehowa metɔa asi nu na esubɔla siwo li egbea dometɔ aɖeke ŋutɔŋutɔ o. Ke hã, etoa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi dea didi vevie wo me be woaɖe gbeƒã nya nyuia. Wo dometɔ geɖe tsɔa dzonɔameme wɔa dɔ siae. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye nɔvinyɔnu Maruja si le Spain. Ƒe 40 kple edzivɔe nye esia eƒe abɔwo kple afɔwo tu. Esi wònye azɔli mele eŋu ne wòaɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me o ta la, ezãa gbeƒãɖeɖemɔnu bubuwo. Mɔnu siwo wòzãna dometɔ ɖekae nye lɛtaŋɔŋlɔ. Maruja gblɔa nyawo na vianyɔnuvi wòŋlɔna ɖe lɛtaa me. Le ɣleti ɖeka aɖe me la, woa kple via woɖo lɛta siwo wu 150 sɔŋ ɖe amewo; wode trakt ɖeka lɛtaawo dometɔ ɖe sia ɖe me. To esia dzi la, nya nyuia ɖo aƒe ɖe sia ɖe kloe me le kɔƒe aɖe si te ɖe wo ŋu me. Nɔvinyɔnu Maruja gblɔ na vianyɔnuvia be, “Ne míaƒe lɛtaawo dometɔ ɖeka ka ame aɖe si si dzi nyui le si la, Yehowa ana míakpɔ Biblia nusrɔ̃vi.” Nɔvinyɔnu sia ƒe hamemetsitsiwo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Medaa akpe na Yehowa be nɔvinyɔnuwo abe Maruja ene le mía si, siwo doa vevie nu hefiaa nu amewo be woade asixɔxɔ nu siwo le vevie ŋu.”

  • “Nàgblɔ Nya Sia Na Wo”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
    • a Abe ale si ko Yehowa wɔna zi geɖe ene la, mawudɔlae wòdɔ wòƒo nu kple Yeremiya wòdze abe eya ŋutɔe ƒo nu ene.—Ʋɔn. 13:15, 22; Gal. 3:19.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe