Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
July 10-16
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | EZEKIEL 15-17
w88 11/1 15 mm. 8
Yehowa Ðe Eƒe Yi La Ðe Go!
8 Emegbe wotsɔ Babilon kple Egipte dzi ɖulawo sɔ kple hɔ̃ gãwo. Wo dometɔ ɖeka ŋe sederti aɖe ƒe ɖɔmee esime wòɖe Fia Yehoyakin le zi dzi eye wòtsɔ Zedekiya ɖo eteƒe. Togbɔ be Zedekiya ka atam be yeawɔ nuteƒe na Nebukadnezar hã la, eda le edzi eye wòdi asrafowo ƒe kpekpeɖeŋu tso Egipte-fia si nye hɔ̃ gã kemɛa gbɔ. Ne Zedekiya yɔ Yehowa ŋkɔ le eƒe atamkaka me la, ekema edzidada he vlododo va Yehowa dzi. Ele be vlododo Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu bubu ɖeɖe naxe mɔ na mí be míagada le míaƒe nya dzi gbeɖe o. Mɔnukpɔkpɔ gãe wònye su mía si be Mawu ƒe ŋkɔ la nanɔ mía ŋu be míenye Yehowa Ðasefowo!—Ezekiel 17:1-21.
w88 11/1 15 mm. 7
Yehowa Ðe Eƒe Yi La Ðe Go!
7 Le anyigba la dzi nɔlawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ta la, wotsɔ Yuda sɔ kple gbemewainka si metsea ku nyui aɖeke o eye menyo na naneke wu dzotɔtɔ o. (Ezekiel 15:1-8) Wogatsɔe sɔ kple ɖevi aɖe si wofɔ si Mawu xɔ na tso Egipte eye wònyii wòɖo nyɔnume hã. Yehowa ɖee wònye srɔ̃a gake edze alakpamawuwo yome eye atsrɔ̃ ɖe eƒe gbɔgbɔmehasiwɔwɔa ta. Gake Mawu ‘abla nu mavɔ’ si nye nubabla yeye kple nuteƒewɔla siwo nye gbɔgbɔ me Israel la.—Ezekiel 16:1-63; Yeremiya 31:31-34; Galatiatɔwo 6:16.
July 17-23
NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI
Nu Kae Míate Ŋu Awɔ Wòafia Be Edzɔ Dzi Na Mí Be Wogbugbɔ Xɔ Nɔvi Aɖe Ðe Hamea Me?
Kpɔɖeŋu nyui aɖe si Yesu wɔ tso ŋutsu aɖe si si alẽ 100 le la le Luka ta 15. Esi alẽawo dometɔ ɖeka bú la, ŋutsua gblẽ 99 la ɖe gbea dzi eye wòyi vae dii ‘va se ɖe esime wòke ɖe eŋu.’ Yesu gblɔ yi edzi be: “Ne ekpɔe la, akɔe ɖe abɔta kple dzidzɔ. Eye ne eɖo aƒe me la, ayɔ exɔlɔ̃wo kple eƒe aƒelikawo aƒo ƒu ahagblɔ na wo be, ‘Mikpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ nye alẽ si bú la.’” Yesu wu kpɔɖeŋua nu be: “Nenema kee woakpɔ dzidzɔ geɖe le dziƒo le nu vɔ̃ wɔla ɖeka si trɔ dzi me la ŋuti wu ɖe ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke siwo mehiã na dzimetɔtrɔ o la.”—Luka 15:4-7.
Yesu gblɔ nya siawo tsɔ ɖɔ susu gbegblẽ si nɔ agbalẽfiala kple Farisitɔwo si la ɖo, elabe wonɔ nya hem ɖe eŋu be ele ha dem kple adzɔxɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo. (Luka 15:1-3) Yesu na eme kɔ be wokpɔa dzidzɔ le dziƒo ne nu vɔ̃ wɔla ɖeka trɔ dzi me. Eya ta nyabiaseae nye be, ‘Esi wokpɔa dzidzɔ le dziƒo ne nu vɔ̃ wɔla aɖe trɔ dzi me ɖe, ɖe masɔ be míawo hã míakpɔ dzidzɔ le anyigba dzi ne nu vɔ̃ wɔla aɖe trɔ dzi me heɖe mɔ dzɔdzɔe na eƒe afɔwo oa?—Heb. 12:13.
Eya ta ne wogbugbɔ xɔ ame aɖe ɖe hamea me la, esɔ be míakpɔ dzidzɔ. Ele be amea nayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu, gake ele be wòaɖee afia hã be yetrɔ dzi me ale be woate ŋu agbugbɔe axɔ ɖe hamea me, eye ne ewɔe alea la, edzɔa dzi na hamea me tɔwo. Esia tae ne hamemetsitsiwo ɖe gbeƒãe be wogbugbɔ xɔ ame aɖe ɖe hamea me la, míate ŋu aƒo asikpe ale si dze. Numekɔkɔ Yeye: Dzidzɔkpɔkpɔ ne wogbugbɔ xɔ ame aɖe ɖe hamea me ƒe numekɔkɔ yeye sia va xɔ ɖe esi le Gbetakpɔxɔ, October 1, 1998, axa 17 kple “Nyabiaɖaka” si le ƒe February 2000 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ tɔwo me teƒe.
July 31–August 6
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | EZEKIEL 24-27
w88 11/1 19 mm. 24
Yehowa Ðe Eƒe Yi La Ðe Go!
24 Emegbe Ezekiel awɔ nu ɖe mɔ si mele dzɔdzɔme nu o la nu. (Xlẽ Ezekiel 24:15-18.) Nu ka tae mele be nyagblɔɖila la naxa nu o esi srɔ̃a ku? Be wòaɖe ale si Yudatɔwo ƒe mo awɔ yaa ne wotsrɔ̃ Yerusalem, emenɔlawo kple gbedoxɔ la afia tae. Ezekiel gblɔ nya geɖe tso nu mawo ŋu xoxo eye magagblɔ eƒe gbedeasia o va se ɖe esime woagblɔ Yerusalem ƒe anyidzedze nɛ. Nenema ke Kristodukɔa kple eƒe alakpamawusubɔlawo ƒe mo awɔ yaae le woƒe tsɔtsrɔ̃ɣi. Eye ne “xaxa gã” la dze egɔme la, nu si gbetakpɔla si wosi ami na ƒe habɔbɔ la gblɔ xoxo nɛ tso eƒe nuwuwu ŋu la asɔ gbɔ. (Mateo 24:21) Gake ne Mawu ƒe “yi” dze Kristodukɔa dzi la, mawusubɔla mawo siwo ƒe mo wɔ yaa kple ame bubuwo ‘anyae be eyae nye Yehowa.’—Ezekiel 24:19-27.