NYABIABIA SIWO TSO EXLẼLAWO GBƆ
Ɣekaɣie Babilon Gã la ɖe aboyo Mawu ƒe amewo?
Esia dzɔ tso ƒe 100 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) megbe lɔƒo va se ɖe ƒe 1919 me. Nu ka tae míetrɔ asi le ale si míese nya sia gɔmee tsã ŋu?
Kpeɖodziwo ɖee fia be le ƒe 1919 me la, Yehowa ɖe Kristotɔ amesiaminawo tso Babilon Gã la ƒe kluvinyenye me heƒo wo nu ƒu ɖe hame si ŋu wokɔ la me. Bu eŋu kpɔ ko: Esi Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme le dziƒo le ƒe 1914 me la, wodo Mawu ƒe amewo kpɔ hekɔ wo ŋu vivivi tso alakpasubɔsubɔ me.a (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) (Malaki 3:1-4) Eye le ƒe 1919 me la, Yesu ɖo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ‘be wòana nuɖuɖu’ Mawu ƒe ame siwo ŋu wokɔ la “le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” (Mateo 24:45-47) Le ƒe ma ke me la, Mawu ɖe eƒe amewo tso Babilon Gã la ƒe kluvinyenye me. (Nyaɖeɖefia 18:4) Gake ɣekaɣi tututue woɖe aboyo Mawu ƒe amewo?
Tsã la, míeɖe eme be Babilon Gã la ɖe aboyo Mawu ƒe amewo ɣeyiɣi kpui aɖe tso ƒe 1918 me. March 15, 1992 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be, ale si ko Israel-viwo yi kluvinyenye me le Babilon la, nenema kee le ƒe 1918 me la, Yehowa subɔlawo hã va zu Babilon Gã la ƒe kluviwo. Gake numekukuwo ɖee fia be Mawu ƒe amewo nɔ aboyo me ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na ƒe 1918.
Nyagblɔɖi si le Ezekiel 37:1-14 gblɔ be woaɖe aboyo Mawu ƒe amewo eye emegbe woana ablɔɖe wo. Le ŋutega me la, Ezekiel kpɔ bali aɖe si me ameƒuwo yɔ fũu. Yehowa gblɔ be: “Ƒu siawoe nye Israel ƒe aƒe blibo la.” (Kpukpui 11) Nya sia ku ɖe Israel-dukɔa ŋu, eye emegbe eva ku ɖe “Mawu ƒe Israel” si nye amesiaminawo ŋu. (Galatiatɔwo 6:16; Dɔwɔwɔwo 3:21) Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me be agbe ɖo ƒuawo me eye wozu aʋakɔ gã nyadri aɖe. Esia ɖɔ ale si wona ablɔɖe Mawu ƒe amewo tso Babilon Gã la me le ƒe 1919 me. Gake alekee nyagblɔɖi sia na míekpɔe be wonɔ aboyo me ɣeyiɣi didi?
Gbã la, Ezekiel kpɔe be ameƒuawo ‘ƒu kplakplakpla.’ (Ezekiel 37:2, 11) Esia fia be ameawo ku eteƒe didi ŋutɔ. Evelia, Ezekiel kpɔe be ame kukuawo gbɔ agbe vivivi, ke menye zi ɖeka kpoyi o. Ese be “nane nɔ ɖiɖim xotsoxotso, eye ƒuawo nɔ tetem kpe, ƒu ɖe sia ɖe ɖe nɔvia ŋu.” Eye wòkpɔ be “lãmeka kple lãkusi ɖo wo ŋu.” Eyome ekpɔe be ayi fa ɖe lãkusiawo ŋu. Emegbe “gbɔgbɔ ɖo wo me wogbɔ agbe.” Mlɔeba esi ameawo gbɔ agbe la, Yehowa na woganɔ woƒe anyigba dzi. Nudzɔdzɔ siawo katã xɔ ɣeyiɣi didi.—Ezekiel 37:7-10, 14.
Nyagblɔɖi sia na míekpɔe be Israel-viwo nɔ aboyo me ɣeyiɣi didi. Woɖe aboyo wo tso ƒe 740 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) esime wokplɔ Israel ƒe dziehe fiaɖuƒea ƒe to ewoawo dzoe le woƒe anyigba dzi. Emegbe le ƒe 607 D.Y. me la, Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem eye wokplɔ to eve susɔe si nye Yuda anyiehe fiaɖuƒea hã dzoe le woƒe anyigba dzi. Ke le ƒe 537 D.Y. me la, wona ablɔɖe wo esime Yudatɔ ʋɛ aɖewo trɔ yi wo de hegbugbɔ gbedoxɔa tu eye wogadze Yehowa subɔsubɔ gɔme ake le Yerusalem.
Eya ta numekɔkɔ siawo katã na míekpɔe be Babilon Gã la ɖe aboyo Kristotɔ amesiaminawo ɣeyiɣi didi aɖe, ke menye tso ƒe 1918 va se ɖe ƒe 1919 me ko o. Yesu hã he susu yi ɣeyiɣi didi sia dzi le lu kple gbe vɔ̃ɖiawo ŋuti lododoa me, esi wògblɔ be wo kple evea siaa atsi. Aʋatso Kristotɔwoe nye gbe vɔ̃ɖiawo, eye ‘Fiaɖuƒe la ƒe viwoe’ nye luawo. (Mateo 13:36-43) Le ɣeyiɣi mawo me la, Kristotɔ vavã ʋɛ aɖewo koe nɔ anyi. Ame akpa gãtɔ siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la xɔ aʋatsonufiafiawo dzi se eye wova zu xɔsegbelawo. Esia tae míate ŋu agblɔ be Babilon Gã la ɖe aboyo Kristo hamea ɖo. Wonɔ aboyo me tso ƒe 100 K.Ŋ. megbe lɔƒo ʋuu va se ɖe nuwuɣia esime wokɔ Mawu ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa ŋu.—Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; 2 Tesalonikatɔwo 2:3, 6; 1 Yohanes 2:18, 19.
Le ƒe alafa geɖe mawo me la, sɔlemehakplɔlawo kple dunyahelawo ƒe ŋgɔnɔlawo zi amewo dzi be woawɔ nu siwo yewoɖo la dzi. Le kpɔɖeŋu me, womeɖe mɔ be Biblia nanɔ amewo si loo alo woaxlẽe le wo degbe me o. Wotɔ dzo ame siwo xlẽ Biblia la dometɔ aɖewo le ati ŋu gɔ̃ hã. Eye wohe to na ame siwo ƒo nu tsi tre ɖe sɔlemehawo ƒe nufiafiawo ŋu vevie. Menɔ bɔbɔe na ame aɖeke be wòasrɔ̃ nyateƒea alo afia nyateƒea ame bubuwo kura o.
Míesrɔ̃e tso ŋutega si Ezekiel kpɔ hã me be Mawu gbɔ agbe eƒe amewo eye wòɖe wo tso alakpasubɔsubɔ ƒe kluvinyenye me vivivi. Ke ɣekaɣie esia dze egɔme, eye le mɔ ka nu? Le ŋutegaa me la, wogblɔ be “nane nɔ ɖiɖim xotsoxotso.” Esia dze egɔme ƒe alafa ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na nuwuɣia. Le ƒe mawo me la, nuteƒewɔla aɖewo nɔ nyateƒea dim be yewoasubɔ Mawu togbɔ be aʋatsonufiafia geɖewo xɔ aƒe ɖi hã. Wosrɔ̃ Biblia eye wodze agbagba ɖe sia ɖe be yewoafia nu si srɔ̃m yewole la amewo. Eye wo dometɔ aɖewo hã ku kutri ɖe Biblia gɔme ɖe gbe siwo ame geɖe dona me.
Eye le ƒe 1800-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, edze abe lãkusi kple ayi va fa ɖe ƒuawo ŋu ene. Ɣemaɣie Charles Taze Russell kple exɔlɔ̃wo do vevie nu di Biblia me nyateƒea eye wosubɔ Yehowa. Wota Gbetakpɔxɔ kple agbalẽ bubu geɖewo tsɔ kpe ɖe amewo ŋu wosrɔ̃ nyateƒea. Le ƒe 1914 me la, woɖe “Xexemewɔwɔ Ƒe Foto-Drama” ɖe go, eye le ƒe 1917 me la, wota Woɖe Nya Ɣaɣla La Ðe Go ƒe agbalẽa le Eŋlisigbe me tsɔ do ŋusẽ Yehowa ƒe amewo ƒe xɔse. Mlɔeba le ƒe 1919 me la, edze abe ɖe Mawu gbɔ agbe eƒe amewo eye wòkplɔ wo va anyigba yeye dzi ene. Tso ɣemaɣi la, ame siwo si agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le la va kpe ɖe amesiaminawo ŋu. Wo katã wosubɔa Yehowa, eye wova zu “aʋakɔ gã nyadri” aɖe.—Ezekiel 37:10; Zakariya 8:20-23.b—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.
Eya ta eme kɔ be Babilon Gã la ɖe aboyo Mawu ƒe amewo tso ƒe 100 K.Ŋ. megbe lɔƒo. Tso ɣemaɣie ame geɖe va zu xɔsegbelawo esi woxɔ alakpasubɔsubɔ ƒe nufiafiawo hegbe nyateƒea. Le ƒe geɖe siwo kplɔe ɖo me la, esesẽ ŋutɔ be amewo nasubɔ Yehowa, abe ale si ko wòsesẽ na Israel-viwo esime wonye kluviwo ene. Gake egbea la, Mawu ƒe amewo le gbeƒã ɖem nyateƒea na amewo katã. Dzidzɔ gã aɖee wònye be míele agbe le ɣeyiɣi si “ame siwo si gɔmesese deto le la aklẽ” la me! Fifia ame geɖewo ate ŋu “akɔ wo ɖokuiwo ŋu,” “woadza wo ŋu” eye woava tadedeagu vavãtɔ me!—Daniel 12:3, 10.
Esime Satana te Yesu kpɔ la, ɖe wòkplɔe yi gbedoxɔa tame ŋutɔŋutɔ loo alo ŋutega mee wòɖe gbedoxɔa fiae le?
Míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi nenye be Satana kplɔ Yesu yi gbedoxɔa tame ŋutɔŋutɔ loo alo ŋutegae wònye o.
Biblia ŋlɔla Mateo kple Luka siaa ŋlɔ nu tso nu si dzɔ ŋu. Mateo gblɔ be “Abosam kplɔ” Yesu yi Yerusalem eye “wòtsɔe ɖo gbedoxɔa tame.” (Mateo 4:5) Luka hã gblɔ be, Abosam ‘kplɔe yi Yerusalem eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔa tame,’ si nye gbedoxɔa ƒe teƒe kɔkɔ aɖe.—Luka 4:9.
Tsã la, míegblɔ le míaƒe agbalẽwo me be anye be Satana mekplɔ Yesu yi gbedoxɔa tame ŋutɔŋutɔ esi wònɔ etem kpɔ o. March 1, 1961 ƒe Gbetakpɔxɔ tsɔ esia sɔ kple esime Satana kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe dzi eye wòɖe xexemefiaɖuƒewo katã fiae. Míegblɔ be, to aɖeke meli si kɔkɔ nenema gbegbe be woate ŋu atɔ ɖe etame akpɔ xexemefiaɖuƒewo katã o. Gbetakpɔxɔa gblɔ kpee be, nenema kee wòanɔ eme be Satana mekplɔ Yesu yi ɖe gbedoxɔa ŋutɔŋutɔ tame o. Gake míegblɔ le Gbetakpɔxɔ bubu siwo va ɖe ema yome me be, ne ɖe Yesu wɔ ɖe Satana ƒe nyawo dzi heti kpo tso gbedoxɔa tame la, anye ne ate ŋu aku.
Ame aɖewo gblɔ be esi menye Lewi vie Yesu nye o ta la, mɔɖeɖe meli nɛ be wòatsi tre ɖe gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒe la tame o. Eya ta wogblɔ be ŋutega mee Satana anya te Yesu kpɔ le. Ƒe alafa aɖewo do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia la, wokplɔ Ezekiel hã yi gbedoxɔ aɖe me le ŋutega me.—Ezekiel 8:3, 7-10; 11:1, 24; 37:1, 2.
Gake ne ŋutega mee wokplɔ Yesu yi gbedoxɔa tame la, ke ame aɖewo abia be:
Ðe wòanye tetekpɔ ŋutɔŋutɔ na Yesu be wòati kpo ne ŋutega koe wònyea?
Le tetekpɔ bubuawo me la, Satana bia tso Yesu si be wòatrɔ kpe ŋutɔŋutɔ wòazu abolo ŋutɔŋutɔ, eye wòdi tso Yesu si be wòade ta agu na ye ŋutɔŋutɔ. Eya ta ɖe wòanye be le go sia hã me la, Satana di be Yesu nati kpo tso gbedoxɔa ŋutɔŋutɔ tamea?
Gake ne menye ŋutegae Satana ɖe fia o, ke boŋ ɖe wòkplɔ Yesu yi gbedoxɔa tame ŋutɔŋutɔ la, ke ame aɖewo hã abia be:
Ðe Yesu da Sea dzi hetsi tre ɖe gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒe la tamea?
Alekee Yesu wɔ hafi tso gbedadaƒo va yi gbedoxɔa tame le Yerusalem?
Mina míadzro nu bubu aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase eve mamlɛtɔ siawo me.
Nufialagã D. A. Carson gblɔ be anɔ eme be Helagbe me nya si wozã na “gbedoxɔ” le Mateo kple Luka ƒe nuŋlɔɖiawo me la ku ɖe gbedoxɔa ƒe teƒe bliboa ŋu, ke menye kɔkɔeƒe la ɖeɖe, afi si Lewi viwo ko kpɔ mɔ age ɖo la o. Le gbedoxɔa ƒe anyieheɣedzeƒe gome la, xɔ aɖe li si ƒe tame le gbadza si kɔ wu xɔ bubuawo. Ðewohĩ afi mae Yesu tsi tre ɖo. Tso xɔ ma tame va ɖo Kidron Balia me anɔ abe meta 140 sɔŋ ene. Ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be ne ame aɖe tsi tre ɖe xɔ ma tame hekpɔ balia me la, “eƒe mo atsyɔ zi.” Togbɔ be menye Lewi vie Yesu nye o hã ate ŋu atsi tre ɖe afi ma eye ame aɖeke mahe nya ɖe eŋu o.
Aleke Yesu wɔ tso keke gbedadaƒo va yi gbedoxɔa tame le Yerusalem? Míenya o. Ðeko Biblia gblɔ be wokplɔ Yesu yi Yerusalem. Megblɔ afi si Yesu nɔ ƒe didime tso Yerusalem gbɔ alo ɣeyiɣi didi si Satana tee kpɔ o. Anɔ eme be ɖe Yesu zɔ yi Yerusalem togbɔ be esia anya xɔ ɣeyiɣi didi hã.
Esime Satana ɖe “xexemefiaɖuƒewo katã” fia Yesu le tetekpɔ bubu aɖe me la, anɔ eme be ŋutegae wòzã, elabena to aɖeke mele anyigba dzi si dzi woatsi tre ɖo akpɔ xexemefiaɖuƒewo katã o. Míate ŋu atsɔ esia asɔ kple ale si woɖea xexea ƒe akpa bubuwo fiana le filmwo me egbea. Togbɔ be anye ŋutegae Satana zã le esia me hã la, ɖe wòdi be Yesu nabɔbɔ ade ta agu na ye ŋutɔŋutɔ. (Mateo 4:8, 9) Eya ta ɖewohĩ esi Satana kplɔ Yesu yi gbedoxɔa tame la, ɖe wòdi be Yesu nade eƒe agbe afɔku me ahati kpo tso gbedoxɔa tame ŋutɔŋutɔ. Gake Yesu mewɔ ɖe edzi nɛ o. Gbedoxɔa tame yiyi ŋutɔŋutɔ anye tetekpɔ gã aɖe tsɔ wu be woaɖee afia Yesu le ŋutega me ko!
Eya ta anɔ eme be Yesu yi ɖatɔ ɖe gbedoxɔ si le Yerusalem ƒe teƒe kɔkɔ aɖe ŋutɔŋutɔ. Ke hã abe ale si míegblɔe le nyati sia ƒe gɔmedzedze ene la, míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi nenye be Satana kplɔ Yesu yi gbedoxɔa tame ŋutɔŋutɔ loo alo ŋutegae wònye o. Gake míeka ɖe edzi be tetekpɔ siawo dzɔ ŋutɔŋutɔ, eye Satana ƒe taɖodzinu le wo katã mee nye be Yesu nawɔ nu gbegblẽ, gake Yesu mewɔ ɖe wo dometɔ aɖeke dzi nɛ o.
b Ezekiel 37:1-14 kple Nyaɖeɖefia 11:7-12 ƒe nyawo ku ɖe nane si dzɔ le ƒe 1919 me ŋu. Ezekiel 37:1-14 ƒe nyagblɔɖia ku ɖe ale si Mawu ƒe amewo katã atrɔ ava tadedeagu vavãtɔ me le ƒe 1919 me le aboyomenɔnɔ ɣeyiɣi didi aɖe megbe ŋu. Ke Nyaɖeɖefia 11:7-12 ya ku ɖe ale si woagbɔ agbe nɔviŋutsu amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue si anɔ ŋgɔ le nufiafia Mawu ƒe amewo me ŋu, eye esia dzɔ le ƒe 1919 me. Nɔviŋutsu mawo mekpɔ mɔ wɔ dɔa le ɣeyiɣi aɖe si do ŋgɔ me o.