‘Gbedoxɔa’ Kple “Amegã La” Egbea
“Amegã la nenɔ wo dome, ne wova eme, eye ne wodo la, wòado kpli wo.”—XEZEKIEL 46:10.
1, 2. Nyateƒe vevi kae kpe ɖe mía ŋu míese Xezekiel ƒe gbedoxɔ ŋuti ŋutegaa ƒe nya geɖe gɔme?
XEZEKIEL ƒe agbalẽa medze blema rabi aɖewo ŋu tututu o. Talmud la gblɔ be ewɔ na wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã be yewoaɖe agbalẽa le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea ƒe agbalẽ siwo dzi woda asi ɖo la dome. Gbedoxɔa ŋuti ŋutegaa gɔmesese koŋue sesẽ na wo eye woƒo nya ta be amegbetɔ mate ŋu ase egɔme o. Yehowa ƒe gbedoxɔ ŋuti ŋutega si Xezekiel kpɔ tɔtɔ susu na Biblia-nyalagã bubuwo hã. Ke míawo ya ɖe?
2 Tso esime wogbugbɔ tadedeagu dzadzɛtɔ ɖo anyi la, Yehowa tsɔ gbɔgbɔmenugɔmesese ƒe kekeli geɖe yra eƒe amewoe, eye woƒe ɖee nye be míenya nusi Mawu ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa nye—enye gbedoxɔ ƒomevi ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ hena tadedeagu dzadzɛtɔ.a Nyateƒe vevi sia kpe ɖe mía ŋu míese Xezekiel ƒe gbedoxɔ ŋuti ŋutegaa ƒe nya geɖe gɔme. Mina míadzro ŋutega sia ƒe akpa ene me nyuie—gbedoxɔa, nunɔlaawo, amegã la, kple anyigba la. Nukae nusiawo fia egbea?
Gbedoxɔa Kple Wò
3. Nukae míesrɔ̃ tso dzisasrã kɔkɔa kple nusiwo wota ɖe gbedoxɔa ƒe xɔmɔnuwo ƒe gliwo ŋu me?
3 Tsɔe be míele tsa ɖim le ŋutega me gbedoxɔa me. Míelia kpui adre ɖo agbo gãawo dometɔ ɖeka nu. Míetɔ ɖe agboa nu kple vɔvɔ̃ hele dzi kpɔm. Dzisasrãa le keke dzi ɖaa meta 30 kple edzivɔ le mía tame! Ena míeɖo ŋku edzi be ebia dzidzenu kɔkɔwo hafi woage ɖe Yehowa ƒe tadedeaguɖoɖoa me. Kekeli to fesrɛwo me klẽ ɖe deti siwo wota ɖe gliawo ŋu dzi, eye wozãa wo le Ŋɔŋlɔawo me tsɔ tsia tre ɖi na nudzɔdzɔewɔwɔ. (Psalmo 92:13; Xezekiel 40:14, 16, 22) Amesiwo wɔa nu dzɔdzɔe le agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me gomee nɔa teƒe kɔkɔe sia. Míawo hã míedi be míawɔ nu dzɔdzɔe ale be míaƒe tadedeagu nadze Yehowa ŋu.—Psalmo 11:7.
4. Amekawoe womeɖe mɔ na be woage ɖe gbedoxɔa me o, eye nukae nusia fia mí?
4 Dzɔlawo ƒe xɔvi le mɔ etɔ̃awo dometɔ ɖesiaɖe nu. Ðe dzɔlaawo aɖe mɔ na mí míage ɖe emea? Yehowa gblɔ na Xezekiel be mele be amedzro si “wometso dziʋa” na o nage ɖe eme o. (Xezekiel 40:10; 44:9) Nya sia gɔme ɖe? Efia be amesiwo lɔ̃a Mawu ƒe sewo henɔa agbe ɖe wo nu ko dzie wòda asi ɖo be woasubɔ ye. (Yeremya 4:4; Romatɔwo 2:29) Enaa amesiawo dzea eƒe gbɔgbɔmegbadɔ si nye eƒe tadedeagu ƒe aƒea me. (Psalmo 15:1-5) Tso keke esime wogbugbɔ tadedeagu dzadzɛtɔ ɖo anyi le ƒe 1919 me la, Yehowa ƒe anyigba dzi habɔbɔa yi edzi ɖe eƒe agbenɔnɔ ŋuti sewo me vivivi helé wo me ɖe asi. Womegaɖea mɔ amesiwo ɖoe koŋ gbe toɖoɖo la gadea ha kple eƒe amewo o. Egbea, alesi wonɔa te ɖe Biblia dzi ɖea nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo le hamea me wɔe be míaƒe tadedeagu le kɔkɔe hele dzadzɛ.—Korintotɔwo I, 5:13.
5. (a) Nukawoe ɖi wo nɔewo le Xezekiel ƒe ŋutega kple Yohanes tɔ si woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 7:9-15 me? (b) Amekawoe to 12 siwo nɔ subɔsubɔm le xɔxɔnu xexetɔ me le Xezekiel ƒe ŋutegaa me tsi tre ɖi na?
5 Míeto agboa nu ge ɖe xɔxɔnu xexetɔ me, afisi dukɔa subɔa Yehowa hekafunɛ le. Nusia na míeɖo ŋku apostolo Yohanes ƒe ŋutega si ku ɖe “ameha gã” siwo subɔa Yehowa “zã kple keli le eƒe xɔ la me” ŋu dzi. Detiwo dze le ŋutega evea siaa me. Wotsɔ wo ɖo atsyɔ̃e na mɔa nu ƒe gliwo le Xezekiel ƒe ŋutegaa me. Tadeagulaawo lé deʋayawo ɖe asi le Yohanes ƒe ŋutegaa me, si tsi tre ɖi na dzidzɔ si wotsɔ kafua Yehowa kpakple dzidzɔ si wotsɔ doa dzaa na Yesu be enye woƒe Fia. (Nyaɖeɖefia 7:9-15) Nya siwo le Xezekiel ƒe ŋutegaa me fia be Israel-to 12 la tsi tre ɖi na ‘alẽ bubuawo.’ (Yohanes 10:16; tsɔe sɔ kple Luka 22:28-30.) Ðe wò hã ènye amesiwo kafua Yehowa dzidzɔtɔe to gbeƒãɖeɖe eƒe Fiaɖuƒea mea?
6. Nukae wowɔna le nuɖuxɔ siwo nɔ xɔxɔnu xexetɔ me, eye mɔnukpɔkpɔ ka dzie esia ɖo ŋkui na alẽ bubuawo?
6 Esi míele tsa ɖim le xɔxɔnu xexetɔ me la, míekpɔ nuɖuxɔ 30 siwo me ameawo ɖua woƒe lɔlɔ̃nu faa nunanawo le. (Xezekiel 40:17) Alẽ bubuawo metsɔa lãwo saa vɔe egbea o, gake womevaa gbɔgbɔmegbedoxɔa me asi gbɔlo o. (Tsɔe sɔ kple Mose II, 23:15.) Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Mina míato [Yesu] dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse. Ke migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.” (Hebritɔwo 13:15, 16; Hosea 14:3) Mɔnukpɔkpɔ gãe wònye be míasa vɔ mawo na Yehowa.—Lododowo 3:9, 27.
7. Kakaɖedzi kae gbedoxɔa dzidzedzidze na mí?
7 Xezekiel kpɔ eteƒe mawudɔla aɖe dzidze ŋutega me gbedoxɔa. (Xezekiel 40:3) Nenema ke wogblɔ na apostolo Yohanes be: “Tsi tre, eye nadzidze mawuxɔ la [ƒe kɔkɔeƒe] kple mlekpui la kpakple amesiwo doa gbe ɖa le eme la.” (Nyaɖeɖefia 11:1) Nukae nudzidzedzidze sia fia? Edze ƒã le go evea siaa me be enye kpeɖodzi be naneke mate ŋu axe mɔ na Yehowa be tame si wòɖo ɖe tadedeagu dzadzɛ ŋu nagava eme o. Nenema ke egbea hã kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be naneke—eɖanye dziɖuɖuwo ƒe yometiti sesẽ gɔ̃ hã—mate ŋu axe mɔ na tadedeagu dzadzɛ gbugbɔɖoanyi o.
8. Amekawoe toa agboawo nu gena ɖe xɔxɔnu emetɔ me, eye nuka dzi agbo siawo na míeɖo ŋkui?
8 Esi míezɔ to xɔxɔnu xexetɔ va yina la, míekpɔ be agbo etɔ̃ mee wotona gena ɖe xɔxɔnu emetɔ me; agbo emetɔwo le sɔsɔme kple xexetɔwo eye woƒe lolome sɔ. (Xezekiel 40:6, 20, 23, 24, 27) Nunɔlawo koe ate ŋu age ɖe xɔxɔnu emetɔ me. Agbo emetɔwo na míeɖo ŋku edzi be ele na amesiaminawo be woawɔ nu ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo kple sewo nu, gake se kple dzidzenu mawo kee fiaa mɔ Kristotɔ vavãtɔwo katã hã. Gake nukae nye nunɔlaawo ƒe dɔ, eye gɔmesese kae le eŋu egbea?
Nunɔla Wɔnuteƒewo
9, 10. Aleke ‘fia nunɔla’ siwo Xezekiel ƒe ŋutegaa me nunɔlawo ƒe ha la nye kpɔɖeŋu na la naa gbɔgbɔmenufiamee?
9 Do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli la, nunɔlawo wɔa dɔ sesẽ le gbedoxɔa me. Vɔsalãwo wuwu, wo tsɔtsɔ sa vɔe le vɔsamlekpuia dzi, kple hati nunɔlawo kpakple dukɔa subɔsubɔ nye dɔ sesẽ. Gake dɔ vevi bubuwo hã nɔ wo si. Yehowa de se le nunɔlaawo ŋu be: “Woafia vovo, si le nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome, kpakple vovo, si le nu madzamadza kple nu dzadzɛ dome la, nye dukɔ.”—Xezekiel 44:23; Maleaxi 2:7.
10 Ðe nèkpɔ ŋudzedze ɖe dɔ sesẽ kple dɔ bɔbɔɖeanyi siwo amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo siwo nye ‘fia nunɔlawo’ la wɔ le tadedeagu dzadzɛtɔ me ŋua? (Petro I, 2:9) Abe Lewi-vi nunɔlawo ene la, woawo hã xɔa ŋgɔ le gbɔgbɔmenuwo fiafia me, wokpena ɖe amewo ŋu be woanya nusi le dzadzɛ hedzea Mawu ŋu kple nusi medzea eŋu o. (Mateo 24:45) Nusiawo siwo wofiana to agbalẽ siwo wotu ɖe Biblia dzi kple esiwo wofiana le Kristotɔwo ƒe kpekpewo kpakple takpekpewo me kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu be wo kple Mawu dome ganyo.—Korintotɔwo II, 5:20.
11. (a) Aleke Xezekiel ƒe ŋutega la te gbe ɖe dzadzɛnyenye ƒe vevienyenye dzi na nunɔlawoe? (b) Le ŋkeke mamlɛawo me la, gbɔgbɔmegɔmesese ka nue wokɔ amesiaminawo ŋu le?
11 Gake ele be nunɔlaawo nawɔ nusi yi ŋgɔ wu efiafia ame bubuwo be woanɔ dzadzɛ; ele be woawo hã nanɔ dzadzɛ. Eyata Xezekiel kpɔe do ŋgɔ be woakɔ Israel ƒe nunɔlawo ŋu. (Xezekiel 44:10-16) Nenema ke ŋutinya fia be le ƒe 1918 me la, Yehowa va nɔ eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me ‘abe nulólola ene’ henɔ ŋku lém ɖe amesiaminawo ƒe nunɔlaha la ŋu. (Maleaxi 3:1-5) Wogaɖe mɔ na amesiwo wokpɔ be wonɔ kɔkɔe le gbɔgbɔ me alo esiwo trɔ dzime tso woƒe tsã trɔ̃subɔsubɔ me be woagayi woƒe dɔ dzi le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me. Ke hã amesiaminawo dometɔ ɖekaɖekawo ate ŋu azu ame makɔmakɔwo abe amesiame ene—le gbɔgbɔ me kple le agbenɔnɔ gome. (Xezekiel 44:22, 25-27) Ele na wo be woadze agbagba vevie hafi akpɔtɔ anɔ anyi “ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.”—Yakobo 1:27; tsɔe sɔ kple Marko 7:20-23.
12. Nukata wòle be míakpɔ ŋudzedze ɖe amesiaminawo ƒe dɔ ŋu?
12 Ðewohĩ mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu abia eɖokui be, ‘Ðe mekpɔa ŋudzedze ɖe kpɔɖeŋu si amesiaminawo ɖo ɖi le ƒe gbogbo siwo wotsɔ subɔ nuteƒewɔwɔtɔe me ŋua? Ðe mesrɔ̃a woƒe xɔsea?’ Anyo be ameha gãa me tɔwo naɖo ŋku edzi be amesiaminawo manɔ wo gbɔ le anyigba dzi afisia ɖaa o. Yehowa gblɔ le Xezekiel ƒe ŋutegaa me nunɔlawo ŋu be: “Migana gome [si nye anyigba] aɖeke wo le Israel o, nye ŋutɔe nye woƒe gome.” (Xezekiel 44:28) Nenema ke nɔƒe mavɔ aɖeke mele amesiaminawo si le anyigba dzi o. Dziƒodomenyinue le wo si, eye ameha gãa me tɔwo kpɔe be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoado alɔ wo ahade dzi ƒo na wo esime wogakpɔtɔ le anyigba dzi afisia.—Mateo 25:34-40; Petro I, 1:3, 4.
Amegã la—Amekae Wònye?
13, 14. (a) Nukata wònye be alẽ bubuawo dometɔe amegã la nye? (b) Amekawoe amegã la tsi tre ɖi na?
13 Azɔ biabia ʋãme aɖe fɔ ɖe te. Ke amekae amegãa tsi tre ɖi na? Esi woƒo nu tso eŋu abe ame ɖeka ene kple abe ƒuƒoƒo ene ta la, míate ŋu atsɔe be enye ŋutsuwo ƒe hatsotso aɖe. (Xezekiel 44:3; 45:8, 9) Gake amekae? Manye amesiaminawo kura o. Le ŋutegaa me la, ewɔ dɔ aduadu kple nunɔlaawo, gake menye wo dometɔ ɖekae wònye o. Domenyinu mele esi le dziƒo abe nunɔlawo ƒe hatsotsoa ene o, ke wona etɔe le anyigba dzi eye anyigba dzie eƒe mɔkpɔkpɔ le. (Xezekiel 48:21) Gakpe ɖe eŋu la, Xezekiel 46:10 gblɔ be: “Amegã la nenɔ wo [to siwo menye nunɔlawo o] dome ne wova [gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu xexetɔ me], eye ne wodo la, wòado kpli wo.” Eya megena ɖe xɔxɔnu emetɔ me o, ke xɔxɔnu xexetɔ mee wòsubɔna le, ale wògena ɖe gbedoxɔa me kple dukɔa gadoa go kpli wo. Nya siawo na ɖikeke mele eme o be amesiawo nye amegãwo ƒe hatsotso aɖe le alẽ bubuawo ƒe ameha gã la dome.
14 Eme kɔ be agbanɔamedzi aɖewo le amegãa si le Mawu ƒe amewo dome. Ebɔbɔ nɔa Ɣedzeƒegboa ƒe akpata me le xɔxɔnu xexetɔ me. (Xezekiel 44:2, 3) Esia anye dzikpɔkpɔnɔƒe si ɖi Israel ƒe ame tsitsi siwo nɔa dua ƒe agbo nu drɔ̃a ʋɔnu la tɔ. (Rut 4:1-12; Lododowo 22:22) Amekawo sie dzikpɔkpɔdɔwo le le alẽ bubuawo dome egbea? Woawoe nye hamemegã siwo gbɔgbɔa tia eye wokpɔa mɔ na anyigba dzi nɔnɔ. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Eyata wole amegã hatsotsoa dzram ɖo le mɔkpɔkpɔ me be emegbe woava wɔ dudzikpɔdɔ le xexe yeyea me.
15. (a) Aleke Xezekiel ƒe ŋutegaa na ƒomedodo si le hamemegã siwo nye ameha gãa me tɔwo kple nunɔla amesiamina ƒe ha la dome me kɔe? (b) Ŋgɔxɔdɔ ka wɔm hamemegã siwo wosi ami na la le le Mawu ƒe anyigba dzi habɔbɔa me?
15 Gake ƒomedodo kae le nunɔla amesiaminawo ƒe ha la kple ame tsitsi siawo siwo nye ameha gãa me tɔ siwo le dzikpɔkpɔdɔwo wɔm dome? Xezekiel ƒe ŋutegaa na míekpɔe be kpekpeɖeŋunana kple ametenɔnɔ ƒe wɔƒee le hamemegã siwo nye ameha gãa me tɔwo si, eye amesiaminawoe xɔa ŋgɔ le gbɔgbɔmenyawo gome. Le mɔ ka nu? Ðo ŋku edzi be woda agba ɖe ŋutegaa me nunɔlawo dzi be woafia nu dukɔa le gbɔgbɔmenyawo gome. Wogblɔ na wo be woadrɔ̃ senyawo hã. Gakpe ɖe eŋu la, wogana ‘dzikpɔkpɔdɔwo’ Lewi-viawo le gbedoxɔa ƒe agbowo nu. (Xezekiel 44:11, 23, 24) Eme kɔ be ele na amegã la be wòabɔbɔ eɖokui ɖe nunɔlawo ƒe gbɔgbɔmedɔwo kple kplɔladɔwo te. Eyata esɔ be le egbeŋkekeawo me la, amesiaminawoe xɔa ŋgɔ le tadedeagu dzadzɛtɔ me. Le kpɔɖeŋu me, wotia Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔwo tso wo dome. Ƒe bla nanewoe nye sia si hamemegã amesiamina wɔnuteƒe siawo le hehe nam amegã ƒe hatsotso si le tsitsim la eye wole amesiwo ava nye hatsotso sia me tɔwo dzram ɖo na gbesigbe woava tsɔ dzikpɔkpɔdɔwo katã ade wo si le Mawu ƒe xexe yeye si gbɔna me.
16. Le Yesaya 32:1, 2 ƒe nya nu la, aleke wòle be hamemegãwo katã nawɔ nui?
16 Dzikpɔla ka ƒomeviwoe amesiawo siwo ava nɔ hatsotso sia me eye woava zu amegã hatsotsoa me tɔ siwo woatsɔ agbanɔamedzi siwo lolo wu ade asi na la nye? Nyagblɔɖi si le Yesaya 32:1, 2 gblɔ be: “Kpɔ ɖa, fia aɖu fia ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye amegãwo aɖu dzi ɖe [ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃] nu. Amesiame anɔ abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.” Nyagblɔɖi sia le eme vam egbea le mɔ sia nu be, Kristotɔ hamemegãwo—amesiaminawo kple alẽ bubuawo siaa—dzea agbagba be yewoakpɔ alẽhaa ta tso “tsidzadza” abe yometiti kple dziɖeleameƒo ene nu.
17. Aleke wòle be Kristotɔ siwo nye alẽkplɔlawo nabu wo ɖokui, eye aleke wòle be alẽha la nabu woe?
17 Womezãa nya “amegã” le Hebrigbe me abe dzesideŋkɔ si wotsɔ doa amewo ɖe dzi ene o. Ke boŋ efia dɔ si le ŋutsu siawo dzi be woalé be na Mawu ƒe alẽwo. Yehowa ƒe nuxlɔ̃me sesẽ si wònae nye be: “Israel-amegãwo, esɔ gbɔ na mi azɔ! Miɖe asi le ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ ŋu; miwɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe.” (Xezekiel 45:9) Anyo be aɖaŋuɖoɖo sia nade dzi gbɔ na egbe hamemegãwo katã. (Petro I, 5:2, 3) Alẽhaa hã kpɔe dze sii be Yesu tsɔ alẽkplɔla siawo na yewo wonye ‘nunana siwo nye amewo.’ (Efesotɔwo 4:8) Woŋlɔ nusiwo na wodze la ɖe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me. (Timoteo I, 3:1-7; Tito 1:5-9) Eyata Kristotɔwo nɔa hamemegãwo ƒe kpɔkplɔ te.—Hebritɔwo 13:7.
18. Agbanɔamedzi kawoe le amesiwo ava nye amegã ƒe ha la si fifia, eye dɔ kae woawɔ le etsɔme?
18 Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, ŋusẽ gã nɔ amegãwo dometɔ aɖewo si, eye bubuwo tɔ mede nenema o. Egbea agbanɔamedzi hamehamee le hamemegã siwo nye ameha gãa me tɔwo si. Wo dometɔ aɖewo subɔna le hame ɖeka ko me; bubuwo nye dzikpɔla mɔzɔlawo hesubɔa hame geɖe; bubuwo nye Alɔdzekɔmiti me tɔ siwo subɔa dukɔ blibowo; bubuwo kpena ɖe Dziɖuha la ƒe kɔmiti vovovowo ŋu tẽ. Le xexe yeyea me la, Yesu aɖo “[amegãwo] ɖe anyigba blibo la dzi” bene woaxɔ ŋgɔ le Yehowa subɔla siwo anɔ anyigba dzi dome. (Psalmo 45:17) Ðikeke mele eme o be atia wo dometɔ geɖe tso hamemegã wɔnuteƒe siwo li egbea dome. Esi ŋutsu siawo le woƒe dzedze ɖem fia fifia ta la, ate ŋu atsɔ mɔnukpɔkpɔ siwo lolo wu ade wo dometɔ geɖe si gɔ̃ hã le etsɔme ne wòva ɖe akpa si amegã ƒe ha la awɔ fia le xexe yeyea me.
Mawu ƒe Amewo ƒe Anyigba Egbea
19. Nukae anyigba si le Xezekiel ƒe ŋutegaa me tsi tre ɖi na?
19 Israel-nyigba si wogbugbɔ dzra ɖo hã dze le Xezekiel ƒe ŋutegaa me. Nukae ŋutega la ƒe akpa sia tsi tre ɖi na? Gbugbɔɖoanyi ŋuti nyagblɔɖi bubuwo gblɔe ɖi be anyigba la, si nye Israel, anye paradiso abe Eden ene. (Xezekiel 36:34, 35) Egbea la, míele “anyigba” si wogbugbɔ ɖɔ ɖo dzi, eye eya hã ɖi Eden le gɔmesese aɖe nu. Nenema ke zi geɖe míeƒoa nu tso míaƒe gbɔgbɔmeparadiso ŋu. Gbetakpɔxɔ ɖe míaƒe “anyigba” la gɔme be enye Mawu ƒe ame tiatiawo ƒe “nɔƒe.”b Afika kee Yehowa subɔla aɖe ɖale o, ele anyigba ma si wogbugbɔ ɖɔ ɖo dzi zi alesi wòdzea agbagba toa Kristo Yesu ƒe afɔtoƒewo be yeado tadedeagu dzadzɛ ɖe dzi ko.—Petro I, 2:21.
20. Gɔmeɖose kae míate ŋu asrɔ̃ tso “adzɔ kɔkɔe” si le Xezekiel ƒe ŋutegaa me la me, eye aleke míate ŋu awɔ gɔmeɖose sia ŋudɔe?
20 Ke nukae anyigba kakɛ si woyɔ be “adzɔ kɔkɔe” la nye? Eyae dukɔa dzɔ tsɔ do alɔ nunɔlaawo kple dua. Nenema ke wòle na “dukɔ hahoo la katã” be woatsɔ anyigba ƒe akpa aɖe ana amegãa hã. Nukae nusia fia egbea? Le nyateƒe me menye ɖe wòfia be subɔsubɔhakplɔla fetuxɔlawo ƒe ha aɖe nazu agba ɖe Mawu ƒe amewo dzi o. (Tesalonikatɔwo II, 3:8) Ke boŋ gbɔgbɔ me gome koŋue wonaa kpekpeɖeŋu hamemegãwo le. Ebia alɔdodo dɔ si wɔm wole fifia kple nuwɔwɔ aduadu kpakple ɖokuibɔbɔ ƒe gbɔgbɔ ɖeɖefia. Ke hã abe alesi wònɔ le Xezekiel ƒe ŋkekea mee ene la, ‘Yehowae wowɔ nudzɔdzɔa na,’ menye na amegbetɔ aɖeke o.—Xezekiel 45:1, 7, 16.
21. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi womã anyigba la le Xezekiel ƒe ŋutegaa me la mee?
21 Menye amegã la kple nunɔlaawo koe wona nɔƒee le anyigba sia si wogbugbɔ ɖo te dzi o. Anyigbaa mamã fia be wona domenyinu si le dedie to 12 la dometɔ ɖesiaɖe. (Xezekiel 47:13, 22, 23) Eyata menye egbe ƒe gbɔgbɔmeparadisoa me koe nɔƒe le ameha gã la me tɔwo si le o ke woana anyigba wo hã ne wova nyi Mawu Fiaɖuƒea ƒe anyigba dzi dziɖuƒea ƒe akpa aɖe ƒe dome.
22. (a) Nukae du si le Xezekiel ƒe ŋutegaa me tsi tre ɖi na? (b) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi agbowo le dua ƒe gowo katã dzi me?
22 Mlɔeba la, nukae du si le ŋutegaa me fia? Menye du si le dziƒo ye wònye o, elabena ele anyigba “makɔmakɔ” (NW) titina. (Xezekiel 48:15-17) Eyata anyigbadzidu wòanye. Ke nukae du nye ya? Ðe mena míese egɔme be amewoe ƒo ƒu eye wozu habɔbɔ si le ɖoɖo nu oa? Ẽ. Eyata edze abe dua tsi tre ɖi na anyigba dzi dudzikpɔƒe si aɖe vi na ame dzɔdzɔe siwo katã anɔ anyigba dzi ene. Awɔ eƒe dɔwo katã ade goe le “anyigba yeye” si gbɔna dzi. (Petro II, 3:13) Dua ƒe agbo siwo le eƒe go ɖesiaɖe dzi, to ɖesiaɖe kple etɔ, la ɖe nuwɔwɔ gaglãa fia wòsɔ. Egbea la, Mawu ƒe amewo mele kplɔla siwo le adzame hewɔa vivimenu aɖeke te o. Ele be nɔviŋutsu siwo si agbanɔamedziwo le la nanye amesiwo ŋu woate ŋu ate ɖo; amesiame nya gɔmeɖose siwo kplɔa wo. Alesi toawo katã me tɔwo dea agble le anyigbaa dzi tsɔ doa alɔ dua na míeɖo ŋku edzi be alẽ bubuawo doa alɔ hakplɔɖoɖo siwo wowɔ na Mawu ƒe amewo le xexeame godoo le ŋutilãmenuwo hã gome.—Xezekiel 48:19, 30-34.
23. Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?
23 Ke nukae tɔsisi si tsa tso gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒe fia? Nusi wòfia egbea kple le keke etsɔme ke anye nya si me míadzro le nyati siawo ƒe etɔ̃lia si nye mamlɛtɔ me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, axa 64, memamã 22, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.
Numetotobiabiawo
◻ Nukae Xezekiel ƒe ŋutegaa me gbedoxɔa tsi tre ɖi na?
◻ Amekawoe nunɔla siwo nɔ subɔsubɔm le gbedoxɔa me tsi tre ɖi na?
◻ Amekawoe nye amegã hatsotsoa, eye woƒe agbanɔamedziwo dometɔ aɖewo ɖe?
◻ Nukae Xezekiel ƒe ŋutegaa me nyigba la tsi tre ɖi na, eye gɔmesese ka nue womãe na to 12 la le?
◻ Nukae dua tsi tre ɖi na?
[Nuwo ƒe nɔnɔme/Anyigbatata si le axa 15]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Anyigbamamãawo le alesi wogblɔe le Xezekiel ƒe ŋutegaa me nu
TO WUIEVEAWO
Ƒu Gã La
Galilea Ƒu
Yordan Tɔsisi
Dzeƒu
DAN
ASER
NAFTALI
MANASE
EFRAYIM
RUBEN
YUDA
AMEGÃ LA
BENYAMIN
SIMEON
ISAXAR
ZEBULON
GAD
[Nuwo ƒe nɔnɔme]
ADZƆ KƆKƆEA ƑE NƆNƆMETATA GÃ
A. “Yehowa Le Afima” (Yehowa-Shammah); B. dua ƒe agbledeƒe
Lewi-viwo ƒe Anyigba
Yehowa ƒe Gbedoxɔ
Nunɔlawo ƒe Anyigba
B A B