INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • “Mana Dzi Si To Mɔ Ðeka Wo”
    Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
    • 11 Le ɣeyiɣi siwo me Kristodukɔa kpɔ ŋusẽ me la, Kristotɔ wɔnuteƒe aɖewo siwo nye “lu” siwo le Yesu ƒe lododoa me la, kpɔtɔ nɔ anyi. Abe Yudatɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Ezekiel 6:9 ene la, woɖo ŋku Mawu vavã la dzi. Wo dometɔ aɖewo tsi tsitre ɖe Kristodukɔa ƒe alakpanufiafiawo ŋu. Gake woɖu fewu le wo ŋu eye woti wo yome. Ðe Yehowa aɖe asi le eƒe amewo ŋu kura be alakpasubɔsubɔ naɖu wo dzia? Ao! Abe ale si Yehowa he to na Israel-vi siwo nɔ anyi le blema ene la, nenema kee wòhe to na Kristotɔ vavãwo ale si dze eye mewɔe wògbɔ eme o. (Yer. 46:28) Azɔ hã, Yehowa na mɔkpɔkpɔ eƒe amewo. Na míagatrɔ ɖe Yudatɔ siwo woɖe aboyoe yi blema Babilon la ŋu ne míakpɔ ale si Yehowa ka ɖe edzi na wo be woana ablɔɖe woe la ɖa.

      Subɔsubɔhakplɔlawo gbɔna dzo tɔ ge Kristotɔ vavã aɖe ɖe nakekpowo dzi le ɣeyiɣi siwo me Kristodukɔa kpɔ ŋusẽ.

      Ƒe alafa geɖee nye esia si Babilon Gã la ti Kristotɔ vavãwo yome (Kpɔ Memama 10, 11)

  • “Mana Dzi Si To Mɔ Ðeka Wo”
    Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
    • 13 Wokplɔ Yudatɔ wɔnuteƒe aɖewo kpe ɖe ame mawɔnuteƒe siwo woɖe aboyoe la ŋu. Azɔ hã, Mawu gblɔ to Ezekiel dzi be yeƒe ame aɖewo atrɔ dzi me esi wokpɔtɔ le aboyo me. Yudatɔ mawo siwo trɔ dzi me la, aɖo ŋku ŋukpenanu siwo wowɔ tsɔ dze aglã ɖe woƒe Mawua ŋu la dzi eye woaɖe kuku na Yehowa be wòatsɔe ake yewo ne wòave yewo nu. (Eze. 6:8-10; 12:16) Ezekiel, nyagblɔɖila Daniel kple exɔlɔ̃ etɔ̃awo le nuteƒewɔlaawo dome. Le nyateƒe me la, Daniel nɔ agbe didi eye wòkpɔ eteƒe esime woɖe aboyo wo kple esime wotrɔ gbɔ. Gbe si wòdo ɖa tso dzi me ku ɖe Israel-viwo ƒe dzimetɔtrɔ ŋu la dze le Daniel ta 9 lia me. Ðikeke mele eme o be nya siwo wògblɔ la ɖe ale si aboyome gbogbo siwo nɔ mɔ kpɔm be Yehowa natsɔ yewoƒe nu vɔ̃ ake yewo eye wòagayra yewo la nɔ sesem le wo ɖokuiwo me la fia. Eya ta bu ale si dzi adzɔ wo ne wobu ŋugbe siwo Mawu to Ezekiel dzi do na wo ŋu kpɔ!

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe