-
“De Dzesi Ŋgonu Na Wo”Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
-
-
16. Mí Yehowa ƒe amewoe dea dzesi ame siwo atsi agbe la? Ðe eme.
16 Menye Yehowa subɔlawoe dea dzesi ŋgonu na ame siwo atsi agbe la o. Ðo ŋku edzi be womegblɔ na Ezekiel be eya ŋutɔ natsa le Yerusalem dua me eye wòade dzesi ame siwo atsi agbe la o. Le mɔ sia ke nu la, womede dɔ asi na Yehowa subɔla siwo li egbea be woade dzesi ame siwo dze na agbetsitsi la o. Ke boŋ míenye Kristo ƒe gbɔgbɔ me aƒemesubɔvi siwo si wode dɔe be míaɖe gbeƒã. Ne míeɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia kutrikukutɔe eye míexlɔ̃a nu amewo be xexe sia le eƒe nuwuwu gogom la, ke míele eɖem fia be dɔ sia le vevie na mí. (Mat. 24:14; 28:18-20) Míetoa esia dzi kpena ɖe ame siwo si dzi nyui le la ŋu be woava tsɔ tadedeagu dzadzɛ ana Mawu.—1 Tim. 4:16.
17. Nu kae wòle be ame siwo di be yewoatsi agbe la nawɔ fifia be woade dzesi wo le etsɔme?
17 Ne ame aɖe di be yeatsi agbe le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna me la, ke ele be wòaɖee afia fifia be xɔse le ye si. Abe ale si míekpɔe va yi ene la, ame siwo tsi agbe esi wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.Y. me la, ɖee fia do ŋgɔ tso dzi me be yewolé fu nu vɔ̃ɖi eye yewolɔ̃ tadedeagu dzadzɛa. Nenemae wòle egbea hã. Hafi tsɔtsrɔ̃a nava la, ele be amewo naɖee afia tso dzi me be yewole “hũ ɖem hele nu xam” vevie le nu vɔ̃ɖi siwo le edzi yim le xexea me la ta. Eye mele be woaɣla woƒe seselelãmewo o, ke boŋ ele be woaɖee afia le woƒe nuƒoƒo kple nuwɔna me be yewolɔ̃ tadedeagu dzadzɛa. Aleke woawɔe? Ele be woawɔ ɖe gbeƒã si ɖem wole egbea la dzi, eye woayi edzi anɔ Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo ɖem fia, axɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me atsɔ aɖo kpe edzi be yewoɖe adzɔgbe na Yehowa, eye ele be woado alɔ Kristo nɔviwo nuteƒewɔwɔtɔe. (Eze. 9:4; Mat. 25:34-40; Ef. 4:22-24; 1 Pet. 3:21) Ame siwo nɔa agbe alea, siwo tso xaxa gã la ɖo eye wotsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Mawu koe woade dzesii be wodze na agbetsitsi.
18. (a) Aleke Yesu ade dzesi ame siwo dze la, eye ɣekaɣie wòawɔe? (b) Ðe wòahiã be woade dzesi amesiamina wɔnuteƒewoa? Ðe eme.
18 Yesue ade dzesi amewo. Le Ezekiel ŋɔli la, wode dɔ asi na mawudɔlawo be woade dzesi nuteƒewɔlawo na agbetsitsi. Le míaƒe ŋkekea me la, ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi lae nye Yesu Kristo, ne ‘eva ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me’ be yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã. (Mat. 25:31-33) Yesu ava le xaxa gã la me, ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo vɔ megbe.c Le ɣeyiɣi vevi sia me, hafi Armagedon-ʋaa nadze egɔme la, Yesu adrɔ̃ ʋɔnu amewo be wonye alẽwo alo gbɔ̃wo. Woadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo nye “ameha gã” la me tɔwo alo ade dzesi wo be wonye alẽwo, si fia be ‘woayi ɖe agbe mavɔ me.’ (Nyaɖ. 7:9-14; Mat. 25:34-40, 46) Ke nu kae adzɔ ɖe amesiamina wɔnuteƒewo dzi? Mehiã be woade dzesi wo be woatsi agbe le Armagedon-ʋaa me o. Ke boŋ woatre wo nu zi mamlɛtɔ do ŋgɔ na woƒe ku loo alo hafi xaxa gã la nadze egɔme. Eye ɣeyiɣi aɖe hafi Armagedon-ʋaa nadze egɔme la, woafɔ wo dometɔ siwo gakpɔtɔ ɖe anyigba dzi la ɖe tsitre woayi dziƒo.—Nyaɖ. 7:1-3.
-
-
Le Hũ Ðem Hele Nu Xam, De Dzesi, Tsrɔ̃—Ɣekaɣie Eye Aleke?Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
-
-
“De dzesi”
ƔEKAƔIE: Le xaxa gã la me
ALEKEE: Ne Yesu Kristo va be yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã la, ɣemaɣie wòanɔ tsitre ɖi na ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi la. Adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo nye ameha gã la me tɔwo alo ade dzesi wo be wonye alẽwo, si fia be woatsi agbe le Armagedon-ʋaa me
-