Mawumeŋutifafa ƒe Dɔlawo Nye Dzidzɔtɔwo
“Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ agbɔ, eye woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me.” —YESAYA 35:10.
1. Nukae hiã ameƒomea vevie?
AMEƑOMEA hiã dɔla si si du nyui le egbea wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Ehiã kpata be ame aɖe nagblɔ Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti nyateƒea, wòanye ɖasefo si mevɔ̃na o si axlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖiwo le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ŋu eye wòakpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be woakpɔ mawumeŋutifafa.
2, 3. Aleke Yehowa ƒe ŋugbedodo si woŋlɔ ɖe Amos 3:7 va emee le Israel-viwo gome?
2 Le Israel-dukɔa ƒe ɣeyiɣiwo me la, Yehowa do ŋugbe be yeaɖo dɔla siawo tɔgbe ɖa. Le ƒe alafa asieke D.M.Ŋ. ƒe nuwuwu la, nyagblɔɖila Amos gblɔ be: “Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.” (Amos 3:7) Le ƒe alafa siwo kplɔ ɣeyiɣi si wogblɔ nya sia ɖo me la, Yehowa wɔ ŋusẽdɔ geɖe. Le kpɔɖeŋu me le ƒe 607 D.M.Ŋ. la, ehe to na eƒe dukɔ tiatia la vevie elabena wodze aglã eye woɖi ʋufɔ. Ehe to na dukɔ siwo ƒo xlã wo siwo kpɔ dzidzɔ ɖe Israel ƒe fukpekpe ŋu la hã. (Yeremya, ta 46-49) Emegbe le ƒe 539 D.M.Ŋ. me la, Yehowa na Babilon xexemefiaɖuƒe sesẽ la mu, eye esia na Israel-viwo ƒe ame susɔeawo trɔ yi woƒe anyigba dzi le ƒe 537 D.M.Ŋ. me be woagbugbɔ gbedoxɔa atu.—Kronika II, 36:22, 23.
3 Nudzɔdzɔ gãwoe esiawo nye, eye le ɖekawɔwɔ me kple Amos ƒe nyawo la, Yehowa ɖe wo fia nyagblɔɖila siwo nye dɔlawo do ŋgɔ eye woxlɔ̃ nu Israel-viwo le nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ŋu. Edɔ Yesaya le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. ƒe domedome. Edɔ Yeremya le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. ƒe domedome. Eyome le ƒe alafa ma ƒe nuwuwu lɔƒo la, edɔ Xezekiel. Amesiawo kpakple nyagblɔɖila nuteƒewɔla bubuwo ɖi ɖase tsitotsito tso Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋu.
Sidzedze Mawu ƒe Dɔlawo Egbea
4. Nukae fia be ameƒomea hiã ŋutifafa ƒe dɔlawo?
4 Ke egbea ya ɖe? Ame geɖe siwo le xexeame senɛ le wo ɖokui me be afɔku aɖe gbɔna esi wole alesi gbegbe nuwo le gbegblẽm ɖe edzii le ameƒomea me la teƒe kpɔm ta. Etena ɖe amesiwo lɔ̃a dzɔdzɔenyenye dzi ne wokpɔ Kristodukɔa ƒe alakpanuwɔna kple ŋutasẽnuwɔna vɔ̃ɖiwo. Abe alesi Yehowa gblɔe ɖi to Xezekiel dzi ene la, wole “hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm le eme ŋuti.” (Xezekiel 9:4) Gake ame geɖe menya Yehowa ƒe tameɖoɖowo o. Ehiã be woagblɔe na wo.
5. Aleke Yesu ɖee fiae be dɔlawo anɔ anyi le míaƒe ŋkekea me?
5 Ðe ame aɖe ƒoa nu egbea vɔvɔ̃manɔmee abe Yesaya, Yeremya, kple Xezekiel enea? Yesu ɖee fia be ame aɖe aƒo nu nenema. Esi wònɔ nusiwo adzɔ le míaƒe ŋkekea me gblɔm ɖi la, egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Amekae nye dɔla kple nyanyuigbeƒãɖela si na nyagblɔɖi sia le eme vam egbea? Míaƒe ŋkekea kple blema Israel ƒe ɣeyiɣia me nudzɔdzɔ siwo ɖi wo nɔewo akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia ma ŋu.
6. (a) Ƒo nu tso nusiwo me “Mawu ƒe Israel” la to le xexemeʋã gbãtɔ wɔɣi ŋu. (b) Aleke Xezekiel 11:17 va eme na blema Israel-viwoe?
6 Le Xexemeʋa I ƒe ɣeyiɣi dziŋɔwo me la, Yehowa ƒe ame siwo li egbea, “Mawu ƒe Israel” ƒe amesiamina susɔeawo yi ɖe aboyo si sɔ kple esi me Israel nɔ le Babilon la me. (Galatiatɔwo 6:16) Wonɔ gbɔgbɔmeboyo me le Babilon Gã si nye xexeame katã ƒe alakpasubɔsubɔhawo ƒe ƒuƒoƒo si ƒe akpa vevi aɖe si ɖi fɔ wue nye Kristodukɔa la me. Gake Yehowa ƒe nya siwo wògblɔ na Xezekiel ɖee fia be womegblẽ wo ɖi o. Egblɔ be: “Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo dome, eye maƒo mia nu ƒu tso anyigba, siwo dzi miekaka ɖo la dzi ahatsɔ Israel-nyigba na mi.” (Xezekiel 11:17) Be nyagblɔɖi ma nava eme na blema Israel la, Yehowa na ŋusẽ Persiatɔ Kores wòmu Babilon Xexemefiaɖuƒea eye wòʋu mɔ na Israel-vi susɔeawo be woagbugbɔ ayi woƒe anyigba dzi. Ke egbea ya ɖe?
7. Nukae dzɔ le ƒe 1919 me si ɖee fia be Yesu tso ɖe Babilon Gã la ŋu? Ðe eme.
7 Le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze la, kpeɖodzi sẽŋu aɖe nɔ anyi be Kores Gãtɔ nɔ dɔ wɔm. Amekae wònye? Menye ame bubu aɖeke tsɔ wu Yesu Kristo, amesi woɖo zi dzi tso ƒe 1914 me le Dziƒofiaɖuƒea me la o. Fia gã sia ve nɔvia amesiamina siwo le anyigba dzi nu esime woɖe Kristotɔ amesiaminawo tso gbɔgbɔmeboyo me eye wogbugbɔyi woƒe “anyigba” dzi, si nye woƒe gbɔgbɔ me nɔnɔme me le ƒe 1919 me. (Yesaya 66:8; Nyaɖeɖefia 18:4) Nenemae Xezekiel 11:17 va eme egbea. Le blemaɣeyiɣiwo me la, ehiã be woamu Babilon bene mɔ naʋu ɖi na Israel-viwo be woatrɔ ayi woƒe anyigba dzi. Le egbeɣeyiɣiwo me la, Mawu ƒe Israel ƒe gbugbɔgaɖoanyi nye kpeɖodzi be Babilon Gã la mu to Kores Gãtɔ ƒe asi me. Mawudɔla evelia si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ta 14 la ɖe gbeƒã eƒe anyidzedze sia esi wòdo ɣli be: “Babilon gã la mu! Du, si na dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la.” (Nyaɖeɖefia 14:8) Dzɔgbevɔ̃e kae nye si wònye na Babilon Gã la, vevietɔ na Kristodukɔa! Eye yayra ka gbegbee nye si wònye na Kristotɔ vavãwo!
8. Aleke Xezekiel ƒe agbalẽa ɖɔ dzidzɔ si Mawu ƒe amewo kpɔ esi woɖe ga wo le ƒe 1919 megbe?
8 Le Xezekiel 11:18-20 la, míexlẽ alesi nyagblɔɖila la ƒo nu tso dzidzɔ si Mawu ƒe amewo kpɔ esi wogbugbɔ wo ɖo anyi megbe ŋu. Eƒe nyawo me vava gbãtɔ fia Israel ŋu kɔkɔ le Ezra kple Nexemya ƒe ŋkekeawo me. Emevava egbegbetɔ fia nane si sɔ kplii. Mina míakpɔ alesi wòdzɔe ɖa. Yehowa gblɔ be: “Woayi [woƒe anyigba dzi] eye woaɖe eƒe legbawo katã kple eƒe ŋunyɔnuwo katã ɖa le edzi.” Abe alesi tututu wogblɔe ɖi ene la, Yehowa dze eƒe amewo ŋu kɔkɔ gɔme tso ƒe 1919 me eye wògbugbɔ do ŋusẽ wo be woasubɔ ye. Wodze egɔme nɔ Babilon ƒe nuwɔnawo kple eƒe nufiafia siwo ƒo ɖi wo le eŋkume la ɖem ɖa le woƒe gbɔgbɔmenɔƒea.
9. Yayra ɖedzesi kae Yehowa na eƒe amewo tso ƒe 1919 me?
9 Azɔ le kpukpui 19 me nyawo nu la, Yehowa gblɔ yi edzi be: “Mana dzi [ɖeka] wo, eye made gbɔgbɔ yeye wo me, maɖe kpedzi le dɔ me na wo, eye mana lãkusidzi wo.” Le ɖekawɔwɔ me kple nya siawo la, Yehowa ƒo esubɔla amesiaminawo nu ƒu le ƒe 1919 me eye wòna ‘dzi ɖeka’ wo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, ale be woate ŋu atsɔ “nusɔsɔ asubɔe.” (Zefanya 3:9) Hekpe ɖe eŋu la, Yehowa na gbɔgbɔ kɔkɔe eƒe amewo be wòado ŋusẽ wo le ɖaseɖiɖidɔa me eye be woatse ku nyui siwo ŋu woƒo nu tsoe le Galatiatɔwo 5:22, 23. Eye le esi teƒe be dzi kuatri si le abe kpe ene nanɔ wo si la, Yehowa na dzi bɔbɔe, si te ŋu trɔna, si sea nu, dzi si awɔ eƒe lɔlɔ̃nu, la wo.
10. Nukata Yehowa yra eƒe dukɔ si wògaɖo anyi la tso ƒe 1919 me?
10 Nukata wòwɔ nusia? Yehowa ŋutɔ ɖe eme. Míexlẽ le Xezekiel 11:20 be: “Ne woazɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye woalé nye sewo me ɖe asi ahawɔ wo dzi, woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo.” Mawu ƒe Israel srɔ̃ alesi woawɔ Yehowa ƒe sewo dzi tsɔ wu be woawɔ ɖe woawo ŋutɔ ƒe nukpɔsusuwo dzi. Wosrɔ̃ alesi woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu amegbetɔvɔvɔ̃ manɔmee. Eyata woɖe dzesi be woto vovo tso Kristodukɔa ƒe yeaɖi Kristotɔwo gbɔ. Yehowa ƒe amewoe wonye. Le esia ta Yehowa nɔ klalo be yeazã wo woanye yeƒe dɔla, yeƒe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela.”—Mateo 24:45-47.
Mawu ƒe Dɔlawo ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ
11. Aleke Yesaya ƒe agbalẽa ɖɔ Yehowa ƒe amewo ƒe dzidzɔkpɔkpɔe?
11 Àte ŋu akpɔ dzidzɔ si gbegbe wokpɔ esime wode dzesi mɔnukpɔkpɔ si su wo si la le susu mea? Wo katã wotsɔ gbe ɖeka gblɔ nya siwo le Yesaya 61:10 be: “Mele dzidzɔ kpɔm ɖe Yehowa ŋu, nye luʋɔ le aseye tsom ɖe nye Mawu ŋu.” Ŋugbedodo si le Yesaya 35:10 va eme na wo be: “Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ agbɔ, eye woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.” Nenemae Yehowa ƒe mawumeŋutifafa ƒe dɔlawo kpɔ dzidzɔe le ƒe 1919 me esi wodo yi be woaɖaɖe gbeƒã nyanyuia na ameƒomea katã. Tso ɣemaɣi vaseɖe egbea la, womedzudzɔ dɔ sia wɔwɔ o, eye woƒe dzidzɔ gba go geɖe wu. Le Yesu ƒe Todzimawunya me la, egblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo lɔ̃a ŋutifafa, elabena woayɔ wo be ‘Mawu ƒe viwo’ ” (Mateo 5:9, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ.) Amesiamina susɔe siwo nye “Mawu ƒe viwo” kpɔ nya ma ƒe nyateƒenyenye teƒe tso ƒe 1919 me vaseɖe egbea.
12, 13. (a) Amekawoe va kpe ɖe Mawu ƒe Israel ŋu le Yehowa subɔm, eye dɔ ka wɔwɔ mee wokpɔ gome le? (b) Dzidzɔ gã kae Yehowa subɔla amesiaminawo kpɔ?
12 Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, Mawu ƒe Israel la nɔ dzidzim ɖe edzi vaseɖe ƒe 1930-awo me esime amesiaminawo ƒe ame mamlɛawo nu ƒoƒo ƒu gogo eƒe nuwuwu. Ðe nyanyuigbeƒãɖelawo ƒe dzidziɖedzia tɔ te ɣemaɣia? Kura o. Kristotɔwo ƒe ameha gã aɖe siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la nɔ dodom xoxo, eye amesiawo va kpe asi ɖe wo nɔvi amesiaminawo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Apostolo Yohanes kpɔ ameha gã sia le ŋutega me, eye enyo be míade dzesi alesi wòƒo nu tso wo ŋui: “Wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔnɛ zã kple keli.” (Nyaɖeɖefia 7:15) Ẽ, ameha gã la ƒe ŋku biã ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu. Ewɔe be esi amesiaminawo ƒe xexlẽme dze egɔme nɔ to yim tso ƒe 1935 megbe la, woƒe kpeɖeŋutɔ nuteƒewɔla siawo yi ɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ dzi sesĩe wu tsã.
13 Alea wɔ Yesaya 60:3, 4 va eme be: “Anyigba dzi dukɔwo azɔ le wò kekeli nu kple fiawo le wò keklẽ ƒe dzedze nu. Fɔ kɔ dzi nakpɔ nu godoo va kpe, wo katã woƒo ta kpli gbɔna gbɔwò! Wò ŋutsuviwo atso didiƒe ava, eye woakpa wò nyɔnuviwo ɖe axada me.” Woɖɔ dzidzɔ si nudzɔdzɔ siawo he vɛ na Mawu ƒe Israel la nyuie le Yesaya 60:5, afisi míexlẽ le be: “Ekema àkpɔe, eye àko atsemenu, wò dzi adzo kpo, eye wòavu eɖokui; elabena atsiaƒu me nu xɔasiwo do agbogbo ɖe dziwò, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo va na wò.”
Yehowa ƒe Habɔbɔa Le Zɔ Ðem
14. (a) Dziƒonuwo ŋuti ŋutega kae Xezekiel kpɔ, eye gbe kae woɖe nɛ? (b) Nukae Yehowa ƒe ame siwo li le egbeɣeyiɣiwo me kpɔ dze sii, eye dɔ kae wokpɔ be ele yewo dzi?
14 Le ƒe 613 D.M.Ŋ. la, Xezekiel kpɔ Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔ si le abe tasiaɖam ene wònɔ zɔzɔm le ŋutega aɖe me. (Xezekiel 1:4-28) Emegbe Yehowa gblɔ nɛ be: “Amevi, yi Israel ƒe aƒe la gbɔ nagblɔ nye nyawo na wo.” (Xezekiel 3:4) Le ƒe 1997 sia me la, míekpɔe dze sii be Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔa kpɔtɔ le zɔ ɖem madzudzɔmadzudzɔe be wòana Mawu ƒe tameɖoɖowo nava eme. Eyata egaʋãa mí be míagblɔ tameɖoɖo mawo na ame bubuwo. Xezekiel gblɔ nya siwo tso Yehowa ƒe gbɔgbɔ me tẽ le eƒe ŋkekea me. Egbea la, míaƒe nyawo tso Yehowa ƒe Nya, Biblia si tso gbɔgbɔ me la me. Eye gbedasi ka gbegbee nye si le agbalẽ ma me na ameƒomea! Esime ame geɖe tsi dzi ɖe etsɔme ŋu la, Biblia fia be nuwo vloe kura wu—eye le ɣeyiɣi ma ke me la, eganyo kura—wu alesi wosusui.
15. Nukata nɔnɔmea vloe wu alesi ame geɖe susui egbea?
15 Nɔnɔmea vloe ɖe edzi elabena abe alesi míekpɔe le nyati siwo do ŋgɔ me ene la, eteƒe madidi o woatsrɔ̃ Kristodukɔa kple alakpasubɔsubɔ bubuawo katã keŋkeŋ abe alesi wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me ene. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woatsrɔ̃ xexeame katã ƒe dunyahenuɖoanyi si wotsɔ lã wɔadã si ta adre kple dzo ewo li na wɔ eƒe kpɔɖeŋui le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la hã ɖa kpuie abe alesi wònɔ le dukɔ trɔ̃subɔla geɖe siwo te ɖe Yerusalem ŋu gome ene. (Nyaɖeɖefia 13:1, 2; 19:19-21) Le Xezekiel ƒe ŋkekea me la, Yehowa ƒo nu tso alesi Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ si nɔ aƒe tum la dzi ŋɔe ŋu eme kɔ ƒã. Gake gɔmesese geɖe wu anɔ eƒe nyawo ŋu ne amewo kpɔ xexeme sia ƒe tsɔtsrɔ̃ si gogo la dze sii. Yehowa gblɔ na Xezekiel be: “Ke wò amevi, nɔ hũ ɖem! Nɔ hũ ɖem abe amesi ali le ɖuɖum la ene, eye nanɔ hũ ɖem le vevesese heliheli ta le wo ŋku me. Eye ne wova gblɔ na wò be: Nukata nèle hũ ɖem ɖo hã la, ekema ɖo ŋu na wo bena: Le nya la tae, elabena ele eme va ge, dziwo katã alolo gbanaa, eye asiwo katã ado agblɔ, dzi aɖe le amewo katã ƒo, eye klowo katã alólo azu tsi. Kpɔ ɖa, egbɔna, eye wòle eme va ge, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!” (Xezekiel 21:11, 12; Mateo 24:30) Nudzɔdzɔ dziŋɔwo le ŋgɔ gbɔna kpuie. Alesi míetsɔ ɖe le eme na mía havi amegbetɔwoe ʋãa mí be míagblɔ nuxlɔ̃amea, be míagblɔ Yehowa ƒe dziku si gbɔna la ŋuti “nya.”
16. Le ame fafawo gome la, nukata nɔnɔmea nyo wu alesi ame geɖe susui?
16 Le ɣeyiɣi ma ke me la, eme nyo na dzianukwaretɔwo sã wu alesi ame akpa gãtɔ susui. Le mɔ ka nu? Eyae nye be Yesu Kristo ku ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ta eye fifia enye Fia le dzi ɖum le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me. (Timoteo I, 1:15; Nyaɖeɖefia 11:15) Dziƒofiaɖuƒe ma akpɔ ameƒomea ƒe kuxi siwo dze abe nusi gbɔ womate ŋu akpɔ o ene la gbɔ kpuie. Ku, dɔléle, nufitifitiwɔwɔ, dɔwuame, kple hlɔ̃dodo azu gbaɖegbenyawo, eye Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖu paradisonyigba la dzi tsitretsiɖeŋu manɔmee. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ameƒomea akpɔ mawumeŋutifafa—ŋutifafa ƒe ƒomedodo anɔ wo kple Yehowa Mawu kpakple wo nɔewo dome.—Psalmo 72:7.
17. Dzidziɖedzi kawoe na mawumeŋutifafa ƒe dɔlawo ƒe dzi kpɔa dzidzɔ?
17 Le xexeame ƒe akpa aɖewo la, ɖokuibɔbɔlawo ƒe ameha gã aɖe le mawumeŋutifafa ƒe gbedasi sia xɔm. Eƒe kpɔɖeŋu ʋee aɖewo nye be le ƒe si va yi me la, Ukraine kpɔ gbeƒãɖelawo ƒe dzidziɖedzi 17 le alafa me. Mozambique kpɔ dzidziɖedzi 17 le alafa me, eye Lithuania hã kpɔ dzidziɖedzi 29 le alafa me. Russia kpɔ dzidziɖedzi 31 le alafa me, eye Albania kpɔ gbeƒãɖelawo ƒe dzidziɖedzi 52 le alafa me. Dzidziɖedzi siawo nye dzianukwaretɔ akpe alafa geɖe siwo di be yewoase vivi le mawumeŋutifafa me eye wova le dzɔdzɔenyenye ƒe akpa dzi. Dzidziɖedzi kabakaba alea nyea dzidzɔ na Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa katã.
18. Amewo see alo womeɖasee o, nukae anye míaƒe nɔnɔme?
18 Ðe amewo xɔa nya la kabakaba le mia gbɔa? Ne woxɔnɛ la, ke míekpɔa dzidzɔ kpli wò. Gake le anyigbamamã aɖewo me la, ebiana be woatsɔ gaƒoƒo gbogbo aɖewo awɔ dɔ kutrikukutɔe hafi woake ɖe ɖetsɔlemetɔ ɖeka ŋu. Ðe amesiwo le anyigbamamã siawo me wɔa alɔgblɔdɔ alo ɖe dzi ɖena le wo ƒoa? Ao. Yehowa Ðasefowo ɖoa ŋku Mawu ƒe nya siwo wògblɔ na Xezekiel esi Wòde dɔ asi na sɔhɛ nyagblɔɖila ma zi gbãtɔ be wòaɖe gbeƒã na eƒe dumevi Yudatɔwo la dzi be: “Ke wosee o, womeɖasee o, woanyae be, nyagblɔɖila aɖe nɔ yewo dome kpɔ; elabena ƒome sẽto wonye.” (Xezekiel 2:5) Abe Xezekiel ene la, míeyia edzi ƒoa nu tso mawumeŋutifafa ŋu na amewo ne wosee alo womeɖasee o. Ne wosee la, dzi dzɔa mí. Gake ne womesee o, woɖu fewu le mía ŋu, alo woti mía yome gɔ̃ hã la, míeyia dɔa dzi. Míelɔ̃ Yehowa, eye Biblia gblɔ be: “Lɔlɔ̃ . . . doa dzi le nuwo katã me.” (Korintotɔwo I, 13:4, 7) Esi míetsɔa dzidodo ɖea gbeƒãe ta la, amewo nya amesiwo Yehowa Ðasefowo nye. Wonya míaƒe gbedasia. Ne nuwuwua va la, woanyae be Yehowa Ðasefowo dze agbagba be woakpe ɖe yewo ŋu ne yewoakpɔ mawumeŋutifafa hafi.
19. Esi míenye Mawu vavã la subɔlawo ta la, mɔnukpɔkpɔ gã ka ŋue míedea asixɔxɔe?
19 Ðe mɔnukpɔkpɔ aɖe li si galolo wu Yehowa subɔsubɔa? Ao! Míaƒe dzidzɔ gbogbotɔ tsoa ƒomedodo si le mía kple Mawu dome kpakple sidzedzee be míele eƒe lɔlɔ̃nu wɔm me. ‘Dzidzɔtɔwoe nye dukɔ, si nya aseyetsotso! Yehowa, woazɔ le wò ŋku me kekeli me.’ (Psalmo 89:16) Mina míade asixɔxɔ dzidzɔ si míekpɔna be míenye Mawu ƒe ŋutifafa ƒe dɔlawo na ameƒomea la ŋu. Mina míawɔ míaƒe akpa dzi veviedodotɔe le dɔ sia wɔwɔ me vaseɖe esime Yehowa nagblɔ be dɔa wu enu.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Amekawoe nye Mawu ƒe ŋutifafa ƒe dɔlawo egbea?
◻ Aleke míewɔ nya be Babilon Gã la dze anyi le ƒe 1919 me?
◻ Nuka ŋue “ameha gã” la ƒe ŋku biã ɖo vevie?
◻ Nukata etsɔme avloe wu alesi ame akpa gãtɔ susui egbea?
◻ Nukata etsɔme ate ŋu anyo na dzianukwaretɔwo wu alesi wobui?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]
Ne ame geɖe kpɔ alesi nuwo le gbegblẽm ɖe edzi le amegbetɔƒomea me la, wokpɔnɛ be afɔku aɖe gbɔna
[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]
Mawumeŋutifafa ƒe dɔlawoe nye dzidzɔtɔwo wu le anyigba dzi egbea