Ta Wuiadelia
Fia Siwo Le Ho Ʋlim Ƒe Nuwuwu Gogo
1, 2. Aleke dziehefia ƒe nɔnɔme trɔe le xexemeʋa evelia megbe?
ESI Fransetɔ xexemenunyala kple ŋutinyaŋlɔla Alexis de Tocqueville bu United States kple Russia ƒe dunyahehe ƒe nɔnɔme ŋu la, eŋlɔ le ƒe 1835 me be: “Ablɔɖemɔ nu koŋue ɖeka wɔa nu le; evelia kpɔa ŋusẽ ɖe nunɔamesiwo dzi. Woƒe . . . mɔwo to vovo; gake ewɔ abe wo dometɔ ɖesiaɖe wɔna ɖe Mawu ƒe ɖoɖo ɣaɣla aɖe dzi ene ale be gbeɖeka wo dometɔ ɖesiaɖe ava kpɔ ŋusẽ ɖe alesi nuwo yia edzii le xexeame ƒe afã dzi.” Aleke nya sia va emee le Xexemeʋa II megbe? Ŋutinyaŋlɔla J. M. Roberts ŋlɔ bena: “Esi Xexemeʋa evelia ke la, eva nɔ dzedzem ŋutɔŋutɔ mlɔeba abe ɖe fiaɖuƒe sẽŋu eve siwo ƒe dziɖuɖoɖowo to vovo tso wo nɔewo gbɔ sã va le ŋusẽ kpɔm ɖe alesi nuwo yia edzii le xexeame dzi ene, ɖeka nɔ afisi nye Russia tsã, eye evelia le United States of America.”
2 Le xexemeʋa eveawo me la, Germany zu futɔ gãtɔ na anyiehefia—Anglo-Amerika Xexemefiaɖuƒea—eye eyae zu dziehefia. Gake le Xexemeʋa II megbe la, dukɔ ma me mã. Ɣetoɖoƒe Germany va wɔ ɖeka kple anyiehefia, eye Ɣedzeƒe Germany wɔ ɖeka kple ƒuƒoƒo sẽŋu bubu—si nye Kɔmiunist-dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo si Soviet Union nɔ ŋgɔ na. Dukɔwo, alo dunyahehe, ƒe ƒuƒoƒo sia va zu dziehefia, si tsi tre ɖe Anglo-Amerika ƒe ɖekawɔwɔa ŋu vevie. Eye adikã si le fia eve siawo dome va zu Dukɔwo Dome Nyaʋiʋli si yi edzi tso ƒe 1948 vaseɖe ƒe 1989 me. Tsã la, dziehefia si nye Germany la ɖo tame “[ɖe] nubabla kɔkɔe la ŋu.” (Daniel 11:28, 30) Aleke Kɔmiunist-dukɔwo awɔ nu ɖe nubabla la ŋui?
KRISTOTƆ VAVÃWO KLI NU GAKE WOÐU DZI
3, 4. Amekawoe nye amesiwo “to vo ɖe nubablaa ŋu,” eye ƒomedodo kae va le wo kple dziehefia dome?
3 Mawudɔla la gblɔ be: “[Dziehefia] atsɔ numevivi able amesiwo to vo ɖe nubablaa ŋu la [ade xɔsegbegbe me, NW ].” Mawudɔla la gagblɔ be: “Ke amesiwo dze si woƒe Mawu la, alé dzi ɖe ƒo awɔ nu ade goe. Dukɔ la ƒe ame nyanuwo afia nunya ame geɖewo; eye woatsi yi, dzo, gaxɔ kple nuxaxa si me eteƒe nadidi ʋee.”—Daniel 11:32, 33.
4 Kristodukɔa ƒe kplɔla siwo gblɔ be yewonye Kristotɔwo gake wotsɔ woƒe nuwɔnawo ƒo ɖi Kristotɔnyenye ŋutɔŋutɔ koe amesiwo “to vo ɖe nubablaa ŋu” la anye. Walter Kolarz gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Religion in the Soviet Union (Subɔsubɔhawo le Soviet Union) me be: “[Le xexemeʋa evelia wɔɣi la] Soviet Dziɖuɖua dze agbagba be yeana Sɔlemehawo nazã woƒe nunɔamesiwo kple woƒe nuwɔna atsɔ ana kpekpeɖeŋu le wo denyigba ta ʋiʋli me.” Le aʋaa megbe la, sɔlemehakplɔlawo dze agbagba be yewoalé xɔlɔ̃wɔwɔ ma me ɖe asi, togbɔ be Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi maxɔse ƒe ɖoɖoe nɔ fiaɖuƒe ma si va zu dziehefia la si hã. Esia na Kristodukɔa va zu xexe sia ƒe akpa aɖe wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe—si nye xɔsegbegbe nyɔŋu le Yehowa ŋkume.—Yohanes 17:16; Yakobo 4:4.
5, 6. Amekawoe nye “amesiwo dze si woƒe Mawu,” eye aleke wònɔ na wo le dziehefia ƒe dziɖuɖu te?
5 Ke nyateƒe Kristotɔwo—“amesiwo dze si woƒe Mawu” kple “ame nyanuwo”—ya ɖe? Togbɔ be Kristotɔ siwo nɔ dziehefia ƒe dziɖuɖu te ‘bɔbɔ wo ɖokui na dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na’ alesi dze hã la, womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o. (Romatɔwo 13:1; Yohanes 18:36) Wokpɔa egbɔ be yewotsɔ ‘nusi nye Kaisaro tɔ naa Kaisaro’ eye wotsɔa ‘nusi nye Mawu tɔ hã naa Mawu.’ (Mateo 22:21) Esia na wotsi tre ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ ŋu.—Timoteo II, 3:12.
6 Esia wɔe be Kristotɔ vavãwo ‘kli nu’ eye ‘woɖu dzi’ hã. Wokli nu le mɔ sia nu be woti wo yome vevie, eye wowu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. Gake woɖu dzi le mɔ sia nu be wo dometɔ akpa gãtɔ yi edzi wɔ nuteƒe. Woɖu xexeame dzi abe Yesu ene. (Yohanes 16:33) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, womedzudzɔ gbeƒãɖeɖe gbeɖe o, ne wole gaxɔ alo fuwɔamesaɖawo me gɔ̃ hã. Woto esia wɔwɔ me ‘fia nunya ame geɖe.’ Togbɔ be yometiti nɔ dukɔ siwo dzi dziehefia ɖu ƒe akpa gãtɔ me hã la, Yehowa Ðasefowo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi. Le “ame nyanuwo” ƒe nuteƒewɔwɔ ta la, “ameha gã” la me tɔwo le dzidzim ɖe edzi gbesiagbe le dukɔ mawo me.—Nyaɖeɖefia 7:9-14.
WOKƆ YEHOWA ƑE AMEWO ŊU
7. Aleke ‘woxɔ na’ Kristotɔ amesiamina siwo nɔ dziehefia ƒe dziɖuɖu te la ‘vie’?
7 Mawudɔla la gblɔ be: “Le [Mawu ƒe amewo ƒe] toyiyi me la woaxɔ na wo vie.” (Daniel 11:34a) Anyiehefia ƒe aʋadziɖuɖu le xexemeʋa evelia me na Kristotɔ siwo nɔ fia kemɛ si nye eƒe adikãtɔ te la kpɔ gbɔdzɔe vie. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 12:15, 16.) Nenema ke amesiwo yome fia si va xɔ ɖe eteƒe ti hã kpɔ gbɔdzɔe le ɣeyiɣi aɖewo me. Esi Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia nɔ enu wum la, dukplɔla geɖe va kpɔe dze sii be Kristotɔ nuteƒewɔlawo menye afɔku na yewo o eye le esia ta woda asi ɖe wo dzi le se nu. Wokpɔ kpekpeɖeŋu tso ameha gã si me tɔwo le dzidzim ɖe edzi hã gbɔ, amesiwo wɔ ɖe amesiaminawo ƒe gbeƒãɖeɖe nuteƒewɔwɔtɔe dzi eye wova na kpekpeɖeŋu wo.—Mateo 25:34-40.
8. Aleke ame aɖewo tsɔ ‘numevivi ku ɖe’ Mawu ƒe amewo ‘ŋui’?
8 Le Dukɔwo Dome Nyaʋiʋli ƒe ɣeyiɣia me la, menye amesiwo katã gblɔ be yewodi be yewoasubɔ Mawu la sie susu nyui nɔ o. Mawudɔla la gblɔ be: “Ame geɖewo atsɔ numevivi aku ɖe wo ŋu.” (Daniel 11:34b) Ame geɖe ɖee fia be yewotsɔ ɖe le nyateƒea me gake womelɔ̃ be yewoaɖe adzɔgbe na Mawu o. Wo dometɔ bubu siwo wɔ abe ɖe woxɔ nyanyuia ene hã nye dziɖuɖua ƒe ŋkutsalawo koŋ. Nyatakaka si tso dukɔ aɖe me xlẽ be: “Ame gbegblẽ siawo dometɔ aɖewo nye Kɔmiunisttɔ akuaku siwo va be ɖe Aƒetɔ la ƒe habɔbɔa me, woɖe dzonɔameme geɖe fia, eye wona subɔsubɔ ƒe ɖoƒe kɔkɔ wo gɔ̃ hã.”
9. Nukata Yehowa ɖe mɔ Kristotɔ nuteƒewɔla aɖewo ‘tsi aʋa’ to amesiwo va tra ɖe eme ƒe asi dzi?
9 Mawudɔla la yi edzi be: “Nunyalawo dometɔ aɖewo atsi aʋa, ne woado wo akpɔ kple dzo, woakɔ wo ŋuti, ne wo me nadza vaseɖe nuwuɣi, si woɖo ɖi la.” (Daniel 11:35) Amesiwo va tra ɖe eme la na dziɖuɖuwo ƒe asi su nuteƒewɔla aɖewo dzi. Yehowa ɖe mɔ nusiawo dzɔ be wòatsɔ akɔ eƒe amewo ŋu ne wo ŋu nadza. Abe alesi Yesu ‘srɔ̃ toɖoɖo le fu, siwo wòkpe me’ ene la, nenema ke nuteƒewɔla siawo hã srɔ̃ dzidodo tso woƒe xɔse dodokpɔ me. (Hebritɔwo 5:8; Yakobo 1:2, 3; tsɔe sɔ kple Maleaxi 3:3.) Woto esia me ‘do wo kpɔ kple dzo, wokɔ wo ŋu, eye wona wo ŋu dza.’
10. Nukae nyagbɔgblɔ si nye “vaseɖe nuwuɣi” la fia?
10 Wogblɔ be Yehowa ƒe amewo akli nu eye woadza wo ŋu “vaseɖe nuwuɣi.” Wonɔ mɔ kpɔm be woati yewo yome vaseɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu ya. Gake wogblɔ be Mawu ƒe amewo ŋu kɔkɔ kple wo wɔwɔ dzadzɛ si dziehefia ƒe amedzidzedzea ahe vɛ la adzɔ le ‘ɣeyiɣi ɖoɖia’ me. Eyata “nuwuɣi” si wogblɔ le Daniel 11:35 la aku ɖe ɣeyiɣi si hiã woatsɔ akɔ Mawu ƒe amewo ŋu le dziehefia ƒe amedzidzedze te la ƒe nuwuwu ŋu. Edze ƒã be woƒe nukiklia wu enu le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi.
FIA LA DO KƆKƆ EÐOKUI
11. Nya kae mawudɔla la gblɔ le alesi dziehefia awɔ nu ɖe Yehowa ƒe fianyenye ŋui la ŋuti?
11 Mawudɔla la gagblɔ le dziehefia ŋu be: “Fia la awɔ nusi dze eŋu, ado eɖokui ɖe dzi, eye wòatɔ asi akɔ ɖe mawu sia mawu ŋu, [eye esi melɔ̃ ɖe Yehowa ƒe fianyenye dzi o ta] agblɔ ɖiŋudonyawo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋu, eye wòadze edzi nɛ, vaseɖe esime dziku la nu natso, elabena wole nusi woɖo la wɔ ge. Malé ŋku ɖe fofoawo ƒe mawuwo ŋu o, eye malé ŋku ɖe nyɔnuwo ƒe nu malɔ̃nugbɔa kple mawu sia mawu ŋu o, ke boŋ atɔ asi akɔ ɖe nusianu ŋu.”—Daniel 11:36, 37.
12, 13. (a) Mɔ ka nue dziehefia gbe “fofoawo ƒe mawuwo” le? (b) Amekawoe nye “nyɔnuwo ƒe nu malɔ̃nugbɔa” si ŋu dziehefia melé ŋku ɖo o? (d) “Mawu” kae dziehefia kafu?
12 Dziehefia na nyagblɔɖinya siawo va eme esi wògbe ‘fofoawo ƒe mawu’ siwo ƒe ɖee nye Kristodukɔa ƒe Mawuɖekaetɔ̃. Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi maxɔse koŋue Kɔmiunist-dukɔwo do ɖe ŋgɔ. Eyata dziehefia wɔ eɖokui mawui ‘hetɔ asi akɔ ɖe amesiame ŋu.’ Fia la melé ŋku ɖe “nyɔnuwo ƒe nu malɔ̃nugbɔa”—si nye dukɔ siwo nɔ ete hekpe ɖe eƒe dziɖuɖua ŋu, siwo dometɔ ɖekae nye Dziehe Vietnam la—ŋu o eye ewɔ “nusi dze eŋu.”
13 Mawudɔla yi nyagblɔɖia dzi be: “Asubɔ mawu, si le mɔ sesẽwo me la, ɖe wo teƒe, eye wòatsɔ sika kple klosalo, kpe xɔasiwo kple nu veviwo asubɔ mawu, si fofoawo menya o.” (Daniel 11:38) Le nyateƒe me la, dziehefia ɖo ŋu ɖe egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya si wozãna le asrafonyawo me, si nye “mawu, si le mɔ sesẽwo me,” la ŋu. Edi be yeato “mawu” sia dzi akpɔ ɖeɖe, eye wòtsɔ kesinɔnu gbogbo aɖewo sa vɔ nɛ le eƒe vɔsamlekpui dzi.
14. ‘Dzidzedze’ kae dziehefia kpɔ?
14 “Atsɔ mawu tutɔ ƒe dukɔ ade mɔ sesẽwo me [dzidzedzetɔe, NW ]; ade bubu gã amesiwo xɔ ɖe edzi la ŋu, atsɔ wo aɖo amegã ɖe ame geɖewo nu, eye wòamã anyigba wòanye fetu na wo.” (Daniel 11:39) Esi dziehefia ɖo ŋu ɖe eƒe asrafoŋusẽ ƒe “mawu tutɔ” la ŋu ta la, ewɔ nu “dzidzedzetɔe,” eye eɖee fia be asrafoŋusẽ gã aɖe le ye si le ‘ŋkeke mamlɛawo’ me. (Timoteo II, 3:1) Wotsɔ dunyahehe, ga, kple ɣeaɖewoɣi asrafoŋusẽ ɖo eteƒe na amesiwo de eƒe susua dzi.
‘WOAKPE’ LE NUWUƔIA ME
15. Aleke anyiehefia ‘kpe kple’ dziehefiae?
15 Mawudɔla la gblɔ na Daniel be: “Le nuwuɣi la [anyiehefia, NW ] akpe kplii.” (Daniel 11:40a) Ðe anyiehefia ‘kpe kple’ dziehefia le “nuwuɣi” la mea? (Daniel 12:4, 9) Ẽ, ekpe kplii. Le xexemeʋa gbãtɔ megbe la, ŋutifafa ƒe nubabla si wotsɔ he to na dziehefia si nɔ anyi ɣemaɣi—Germany—la nye ‘kpekpe kplii’ nyateƒe, nusi ana eya hã nawɔ nu aɖo eteƒe. Esi anyiehefia ɖu aʋa dzi le xexemeʋa evelia me la, eɖo nukliaʋawɔnu dziŋɔwo ɖi ɖe eƒe adikãtɔa ŋu eye wòwɔ ɖoɖo ɖe asrafowo ƒe ɖekawɔwɔ sẽŋu aɖe ŋu ɖe eyama ŋu, si woyɔ be Dziehe Atlantik Nubabla Habɔbɔ (NATO). Britaintɔ ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ le NATO ƒe dɔwɔwɔ ŋu be: “Enye dɔwɔnu si woɖo anyi koŋ be woatsɔ ‘aɖo asi’ USSR si wobuna fifia be enye ŋɔdzi gãtɔ na Europa ŋutifafa la ‘dzi.’ Enɔ dɔ dzi ƒe 40 sɔŋ, eye ekpɔ dzidzedze ɖikekemanɔmee.” Esi Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia ƒe ƒeawo va nɔ yiyim la, anyiehefia ƒe ‘kpekpe kplii’ va zu mɔ̃ɖaŋununya deŋgɔ si wòtsɔna sea nyatakakawo tso eŋu kpakple edzidzedze le dukɔwo dome nyagbɔkpɔkpɔ kple asrafoŋusẽ me.
16. Aleke dziehefia wɔ nu ɖe anyiehefia ƒe kpekpe kplii ŋui?
16 Aleke dziehefia wɔ nu ɖe enui? “[Dziehefia, NW ] atsɔ tasiaɖamwo, sɔdolawo kple ʋu geɖewo aho ɖe eŋu, eye wòava aƒo ɖe anyigbawo dzi bibibi.” (Daniel 11:40b) Nusi dze le ŋkeke mamlɛawo ƒe ŋutinya mee nye dziehefia ƒe anyigbawo keke ɖe enu. Le xexemeʋa evelia me la, Nazitɔwo ƒe ‘fia’ la gbɔ eƒe dukɔa ƒe liƒowo ŋu xɔ dukɔ siwo do liƒo kplii. Esi aʋa ma ke la, ‘fia’ si va xɔ ɖe eteƒe ɖo fiaɖuƒe sẽŋu aɖe anyi. Esime Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia nɔ edzi yim la, dziehefia wɔ aʋa kple eƒe adikãtɔ to megbenɔnɔ na dukɔ bubuwo dome ʋawo kple aglãdzedzewo me le Afrika, Asia, kple Latin Amerika. Eti Kristotɔ vavãwo yome hedo kplamatse woƒe dɔa—gake mete ŋu tɔ tee o. Eye eƒe ŋusẽ le asrafonya kple dunyahenyawo me na wòɖu dukɔ geɖe dzi. Esia tututue mawudɔlaa gblɔ ɖi be: “Ava anyigba nyo la dzi [Yehowa ƒe amewo ƒe gbɔgbɔmenɔƒe la], eye ame nanewo atsi aʋa.”—Daniel 11:41a.
17. Afikae dziehefia ƒe takekedɔwo va se ɖo?
17 Gake dziehefia la mete ŋu ɖu xexeame katã dzi o. Mawudɔla la gblɔ ɖi be: “Edom, Moab kple Amon-viwo ƒe ame ŋkutawo asi le enu.” (Daniel 11:41b) Le blema la, Edom, Moab, kple Amon nɔ anyiehefia si nye Egipte kple Siria si nye dziehefia ƒe dziɖuƒewo dome. Le egbeɣeyiɣiwo me la, woawoe nye dukɔ kple habɔbɔ siwo dzi dziehefia ɖo tame be yeakpɔ ŋusẽ ɖo gake mete ŋui o la.
EGIPTE MEDO LE EME O
18, 19. Mɔ kawo nue anyiehefia ƒe adikãtɔ kpɔa ŋusẽ ɖe edzi le?
18 Yehowa ƒe dɔla la yi edzi be: “[Dziehefia] ado eƒe asi ɖa ɖe anyigbawo ŋu, eye womaɖe Egipte-nyigba o. Egipte ƒe sikanuwo kple klosalonuwo kpakple nu veviwo katã anɔ esi me, eye [Libiatɔwo kple Etiopiatɔwo, NW ] anɔ eyome.” (Daniel 11:42, 43) Anyiehefia si nye “Egipte” gɔ̃ hã mete ŋu si le dziehefia ƒe takeke ƒe ɖoɖowo nu o. Le kpɔɖeŋu me, woɖu anyiehefia dzi vevie le Vietnam. Ke “Libiatɔwo kple Etiopiatɔwo” ya ɖe? Ðewohĩ dukɔ siawo siwo nɔ blema Egipte gbɔ la anye kpɔɖeŋu na dukɔ siwo do liƒo kple egbegbe “Egipte” (anyiehefia) le nuto ɖeka me. Ɣeaɖewoɣi la, wokplɔa dziehefia ɖo—‘wonɔa eyome.’
19 Ðe dziehefia ɖu ‘Egiptetɔwo ƒe kesinɔnu ɣaɣlawo’ dzia? Ekpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe alesi anyiehefia wɔa eƒe kesinɔnuwo ŋudɔe dzi nyateƒe. Vɔvɔ̃ na eƒe adikãtɔa wɔe be anyiehefia zã ga gbogbo aɖe tsɔ do ŋusẽ eƒe asrafowo, ƒudzisrafowo, kple yamesrafowo. Le go sia me la, dziehefia ‘ɖu’ anyiehefia ƒe kesinɔnuwo ‘dzi,’ alo kpɔ ŋusẽ ɖe wo zazã dzi.
AƲAHOHO MAMLƐTƆ
20. Aleke mawudɔla la ƒo nu tso aʋa mamlɛtɔ si dziehefia aho ŋui?
20 Adikã si le dziehefia kple anyiehefia dome—eɖanye le asrafoŋusẽ me, le ganya gome, alo le mɔ bubu aɖe nu o—gogo eƒe nuwuwu. Esi Yehowa ƒe dɔla nɔ nu ƒom tso ʋiʋli si agaɖo wo dome le etsɔme ŋu la, egblɔ be: “[Dziehefia] ase nya tso ɣedzeƒe kple [dziehe, NW ] wòado ŋɔdzi nɛ, eye wòaho kple dziku gã, be wòagblẽ ame geɖewo atsrɔ̃ wo. Atu eƒe fiasã ƒe agbadɔ ɖe atsiaƒu kple to kɔkɔe nyo la dome; ke eƒe nuwuwu aɖo, eye ame aɖeke maxɔ nɛ o.”—Daniel 11:44, 45.
21. Nukae míagava nya le dziehefia ŋu emegbe?
21 Esi Soviet Union gbã le December 1991 me la, egblẽ nu le dziehefia ŋu vevie. Amekae fia sia anye ne Daniel 11:44, 45 me nyawo va eme? Ðe wòanye dukɔ siwo nye tsã Soviet Union ƒe akpa aɖe dometɔ aɖea? Alo ɖe wòatrɔ nɔnɔme keŋkeŋ abe alesi wòwɔ zi geɖe va yi enea? Ðe alesi dukɔ bubuwo ali kɔ nukliaʋawɔnuwo ɖi ana aʋawɔnuwo wɔwɔ ƒe hoʋiʋli yeye aɖe nadze egɔme eye wòakpɔ ŋusẽ ɖe amesi fia ma anye dzia? Ne ɣeyiɣia va le yiyim ko hafi míate ŋu aɖo biabia siawo ŋu. Nunya le eme be míagasusu nya aɖe ko agblɔ o. Ne dziehefia ho eƒe aʋa mamlɛtɔ la, amesiwo katã si Biblia me nugɔmesese le akpɔ nyagblɔɖia me vava si adze ƒã.—Kpɔ “Fia Siwo Ŋu Daniel Ta 11 Ƒo Nu Tsoe,” le axa 284.
22. Biabia kawoe fɔ ɖe te le dziehefia ƒe amedzidzedze mamlɛtɔa ŋu?
22 Ke hã míenya nusi dziehefia le wɔwɔ ge kpuie. Nya siwo wòase “tso ɣedzeƒe kple [dziehe, NW ]” ana wòaho aʋa ‘be yeatsrɔ̃ ame geɖe.’ Ameka ŋue wòaho aʋa sia ɖo? Eye “nya” kawoe ana wòaho aʋa sia?
NYA ÐEFUNAME SIWO NA VƆVƆ̃ ÐOE
23. (a) Nu ɖedzesi kae adzɔ do ŋgɔ na Harmagedon? (b) Amekawoe nye “ɣedzeƒefiawo”?
23 Bu nusi Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ le Babilon Gã si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la ƒe nuwuwu ŋu kpɔ. Hafi Harmagedon si nye “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” nava la, ‘woatɔ dzo’ tadedeagu vavãtɔ ƒe futɔ sia “wòafiã keŋkeŋ.” (Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 18:2-8) Wotsɔ Mawu ƒe dziku ƒe kplu adelia si wokɔ ɖe kpɔɖeŋu Frat-tɔsisia me la wɔ eƒe tsɔtsrɔ̃ ƒe kpɔɖeŋui. Wona tɔsisia me tsi mie “bene woadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo.” (Nyaɖeɖefia 16:12) Amekawoe nye fia siawo? Womenye ame bubu aɖeke tsɔ wu Yehowa Mawu kple Yesu Kristo o!—Tsɔe sɔ kple Yesaya 41:2; 46:10, 11.
24. Ðewohĩ Yehowa ƒe nuwɔna kae aɖe fu na dziehefia?
24 Woƒo nu tso Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu tsitotsito le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me be: “Dzo ewo, siwo nèkpɔ [fia siwo le dzi ɖum le nuwuɣia] kple lã la [Dukɔ Ƒoƒuawo], woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.” (Nyaɖeɖefia 17:16) Nukatae dziɖulawo atsrɔ̃ Babilon Gã la? Elabena ‘Mawu atsɔe ade woƒe dzime be woawɔ yeƒe tameɖoɖo dzi.’ (Nyaɖeɖefia 17:17) Dziehefia anɔ fia siawo dome. Ate ŋu anye be Yehowa ƒe nuwɔna sia ŋue nya si “tso ɣedzeƒe” la ku ɖo, esime wòatsɔe ade dzime na kplɔla siwo nye amegbetɔwo be woatsrɔ̃ mawusubɔsubɔ me gbolo gã la gbidigbidi.
25. (a) Nu tɔxɛ kae dziehefia atɔ ŋkui? (b) Afikae dziehefia ‘atu eƒe fiasã ƒe agbadɔ ɖo’?
25 Gake nu tɔxɛ aɖe li si ŋu dziehefia aɖe eƒe dziku ɖo. Mawudɔla la gblɔ be: “Atu eƒe fiasã ƒe agbadɔ ɖe atsiaƒu kple to kɔkɔe nyo la dome.” Le Daniel ŋɔli la, atsiaƒua nye Mediterranea eye to kɔkɔe lae nye Zion, afisi wotu Mawu ƒe gbedoxɔa ɖo tsã. Eyata le nyagblɔɖia me vava me la, dziehefia si do dɔmedzoe la aho ɖe Mawu ƒe amewo ŋu. Le gbɔgbɔ me gɔmesese nu la, “atsiaƒu kple to kɔkɔe la dome” tsi tre ɖi na Yehowa subɔla amesiaminawo ƒe gbɔgbɔmenɔƒe. Wodo go tso ameƒomea si te ɖa tso Mawu gbɔ ƒe “atsiaƒu” la me eye woƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoaɖu fia kple Yesu Kristo le dziƒo Zion To la dzi.—Yesaya 57:20; Hebritɔwo 12:22; Nyaɖeɖefia 14:1.
26. Abe alesi Xezekiel ƒe nyagblɔɖia ɖee fia ene la, ameka gbɔe nya si “tso dziehe” la ate ŋu atso?
26 Xezekiel si nɔ agbe le Daniel ŋɔli hã gblɔe ɖi be woadze Mawu ƒe amewo dzi “le ŋkekeawo ƒe nuwuwu.” Egblɔ be Gog si tso Magog, si nye Satana Abosam, la gbɔe fuléle sia atso. (Xezekiel 38:14, 16) Afikae Gog atso ava le kpɔɖeŋumɔ nu? Yehowa gblɔ to Xezekiel dzi be: ‘Atso keke dziehe ke ava.’ (Xezekiel 38:15) Aleke ke amedzidzedze sia avɔ̃ɖii o, matsrɔ̃ Yehowa ƒe amewo o. Aʋahoho gã sia nye ɖoɖo si Yehowa wɔ aɖaŋutɔe be yeatsɔ atsrɔ̃ Gog ƒe aʋakɔwo. Eyatae Yehowa gblɔ na Satana be: “Made ga alɔgo na wò ahakplɔ [wò vɛ].” “[Makplɔ] wò atso [dziehe] kekeake ava Israel-towo dzi.” (Xezekiel 38:4; 39:2) Eyata Yehowa gbɔe nya si “tso dziehe” si ado dziku na dziehefia la atso. Gake Mawu koe afia nusi tututu nya si “tso ɣedzeƒe kple dziehe” la anye mlɔeba eye míava nya ne ɣeyiɣia de.
27. (a) Nukata Gog ana dukɔwo kple dziehefia hã naho ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu? (b) Nukae ado tso Gog ƒe amedzidzedzea me?
27 Gog awɔ ɖoɖo ɖe amedzidzedze gãtɔ sia ŋu le dzidzedze si kpɔm “Mawu ƒe Israel,” amesiwo kple ‘alẽ bubuawo’ ƒe “ameha gã” la me tɔwo meganye eƒe xexeame ƒe akpa aɖeke o le la ta. (Galatiatɔwo 6:16; Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16; 17:15, 16; Yohanes I, 5:19) Gog fi ŋku le ‘dukɔ si woƒo ƒu tso dukɔwo dome, siwo si gbɔgbɔ me kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo le’ la kpɔm vlodoametɔe. (Xezekiel 38:12) Esi Gog bu Kristotɔwo ƒe gbɔgbɔmenɔƒe sia be enye “anyigba, si le nuvo” si woate ŋu axɔ bɔbɔe ta la, adze agbagba vevie be yeaɖe kplamatsedonu sia ɖa ne yeate ŋu aɖu ameƒomea katã dzi bliboe. Gake ado kpo nu. (Xezekiel 38:11, 18; 39:4) Ne anyigbadzifiawo, kple dziehefia hã, ho ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu la, wo katã ‘woava woƒe nuwuwu.’
‘FIA LA AÐO EƑE NUWUWU’
28. Nukae míenya le dziehefia kple anyiehefia ƒe etsɔme ŋu?
28 Womegblɔ be anyiehefia ŋue dziehefia aho eƒe aʋa mamlɛtɔa ɖo o. Eyata menye dziehefia ƒe adikãtɔ gã la si mee eƒe nuwuwu ato ava o. Nenema ke menye dziehefia ye atsrɔ̃ anyiehefia o. Mawu ƒe Fiaɖuƒea ye atsrɔ̃ anyiehefia la “ame ƒe asi manɔmee.”a (Daniel 8:25) Le nyateƒe me la, Mawu ƒe Fiaɖuƒea atsrɔ̃ anyigbadzifiawo katã le Harmagedon-ʋa la me, eye edze ƒã be nusiae adzɔ ɖe dziehefia hã dzi. (Daniel 2:44) Nusiwo adzɔ do ŋgɔ na aʋakpekpe mamlɛ ma ŋue Daniel 11:44, 45 ƒo nu tsoe. Mewɔ nuku o be ne dziehefia ƒe nuwuwu ɖo la, “ame aɖeke maxɔ nɛ o”!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ agbalẽ sia ƒe Ta 10 lia.
NUKAWO GƆMEE NÈVA SE?
• Aleke dziehefia ƒe nɔnɔme trɔe le xexemeʋa evelia megbe?
• Nukae adzɔ ɖe dziehefia kple anyiehefia dzi mlɔeba?
• Viɖe kae nèkpɔ tso Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe adikã si le fia eveawo dome ŋu me dzodzro me?
[Nɔnɔmetata si le axa 284]
FIA SIWO ŊU DANIEL TA 11 ƑO NU TSOE
Dziehefia Anyiehefia
Daniel 11:5 Seleucus I Nicator Ptolemy I
Daniel 11:6 Antiochus II Ptolemy II
(srɔ̃a Laodice) (vianyɔnu Berenice)
Daniel 11:7-9 Seleucus II Ptolemy III
Daniel 11:10-12 Antiochus III Ptolemy IV
Daniel 11:13-19 Antiochus III Ptolemy V
(vianyɔnu Cleopatra I) Edomenyila:
Edomenyilawo: Ptolemy VI
Seleucus IV kple
Antiochus IV
Daniel 11:20 Augusto
Daniel 11:21-24 Tiberio
Daniel 11:25, 26 Aurelian Fianyɔnu Zenobia
Roma Fiaɖuƒea
gbã
Daniel 11:27-30 Germany Fiaɖuƒe Britain, eye
(Xexemeʋa I) Anglo-Amerika
Xexemefiaɖuƒe kplɔe ɖo
Daniel 11:30b, 31 Hitler ƒe Fiaɖuƒe Anglo-Amerika
Etɔ̃lia (Xexemeʋa II) Xexemefiaɖuƒe
Daniel 11:32-43 Kɔmiunist-dukɔwo Anglo-Amerika
(Dukɔwo Dome Nyaʋiʋli) Xexemefiaɖuƒe
Daniel 11:44, 45 Ado le etsɔmeb Anglo-Amerika
Xexemefiaɖuƒe
[Etenuŋɔŋlɔwo]
b Daniel ta 11 ƒe nyagblɔɖia meyɔ dunyahedziɖuɖu siwo nye dziehefia kple anyiehefia le ɣeyiɣi vovovoawo me ƒe ŋkɔwo ɖi o. Ne nyaawo te dzɔdzɔ ko hafi míedea dzesi wo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi ɣeyiɣi aɖewo me koe ʋiʋlia yia edzi ta la, ɣeyiɣi aɖewo nɔ anyi siwo me ʋiʋli menɔ wo dome o—ŋusẽ nɔa fia ɖeka si eye evelia ŋkɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 278]
Nusiwo anyiehefia zã tsɔ ‘kpe kplii’ ƒe ɖewoe nye eƒe nyatakakaxɔmɔ̃ deŋgɔwo kple asrafoŋusẽ ƒe ŋɔdzidoname
megaɖina o.
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 271]
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 279]