INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022 | July
    • 10. (a) Aleke nya si Daniel ƒe agbalẽa gblɔ tso Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ŋu le eme vamee? (b) Mɔ̃ ka ŋue wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo? (Kpɔ aɖaka si nye “Nɔ Ŋudzɔ Ðe Tsu La Ŋu!”)

      10 Gbãa, gayibɔ kple tsu tsaka si wotsɔ ɖɔ Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa mesesẽ abe sika alo klosalo si wotsɔ ɖɔ xexemefiaɖuƒe siwo do ŋgɔ nɛ la ene o. Tsu la le tsitre ɖi na “amegbetɔwo,” alo ame tsɛwo. (Dan. 2:43, etenuŋɔŋlɔ.) Egbea, ale si amewo daa akɔ, lɔa gbɔ, eye woʋlia dukɔmeviwo kple dɔwɔlawo ƒe gomenɔamesiwo ta la nana wòsesẽna na xexemefiaɖuƒe sia be wòawɔ nu si wòdi.

      Nɔ Ŋudzɔ Ðe Tsu La Ŋu!

      Legba gã si Daniel kpɔ le ŋutega me la ƒe afɔbaya siwo nye gayibɔ kple tsu tsaka. Amewo le gbɔ lɔm, asrafowo lé akpoxɔnu ɖe asi, xexemedziɖulawo kpe ta, eye Dukɔ Ƒoƒuawo me tɔwo le takpekpe me.

      Legba gã si le Daniel ƒe nyagblɔɖia mea ƒe afɔbayawo ƒe akpa siwo nye tsu la le tsitre ɖi na ame tsɛwo, alo dukɔmeviwo. Wokpɔa ŋusẽ ɖe dziɖuɖuwo kple woƒe dukplɔɖoɖowo dzi. (Dan. 2:41-43) Ðe ema ate ŋu anye mɔ̃ aɖe mía? Ɛ̃! Ne míedzɔ míaƒe dzi ŋu oa, míava nɔ akpa aɖe dzi dem. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ava da asi ɖe ame siwo lɔa gbɔ alo wɔa nu bubuwo tsɔ tsia tsitre ɖe dziɖuɖua ŋu la ƒe susuwo dzi. (Lod. 4:23; 24:21, etenuŋɔŋlɔ) Aleke míate ŋu aƒo asa na mɔ̃ ma? Míate ŋu awɔ esia ne míeɖoa ŋku edzi be Satanae nye xexea dzi ɖula. (1 Yoh. 5:19) Eye Mawu Fiaɖuƒea koe nye míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia.—Ps. 146:3-5.

  • Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022 | July
    • Nɔ Ŋudzɔ Ðe Tsu La Ŋu!

      Legba gã si Daniel kpɔ le ŋutega me la ƒe afɔbaya siwo nye gayibɔ kple tsu tsaka. Amewo le gbɔ lɔm, asrafowo lé akpoxɔnu ɖe asi, xexemedziɖulawo kpe ta, eye Dukɔ Ƒoƒuawo me tɔwo le takpekpe me.

      Legba gã si le Daniel ƒe nyagblɔɖia mea ƒe afɔbayawo ƒe akpa siwo nye tsu la le tsitre ɖi na ame tsɛwo, alo dukɔmeviwo. Wokpɔa ŋusẽ ɖe dziɖuɖuwo kple woƒe dukplɔɖoɖowo dzi. (Dan. 2:41-43) Ðe ema ate ŋu anye mɔ̃ aɖe mía? Ɛ̃! Ne míedzɔ míaƒe dzi ŋu oa, míava nɔ akpa aɖe dzi dem. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ava da asi ɖe ame siwo lɔa gbɔ alo wɔa nu bubuwo tsɔ tsia tsitre ɖe dziɖuɖua ŋu la ƒe susuwo dzi. (Lod. 4:23; 24:21, etenuŋɔŋlɔ) Aleke míate ŋu aƒo asa na mɔ̃ ma? Míate ŋu awɔ esia ne míeɖoa ŋku edzi be Satanae nye xexea dzi ɖula. (1 Yoh. 5:19) Eye Mawu Fiaɖuƒea koe nye míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia.—Ps. 146:3-5.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe