Ta Adelia
Ati Gã La Ŋuti Nya Ɣaɣla La Me Ðeɖe
1. Nukae dzɔ ɖe Fia Nebukadnezar dzi, eye biabia kawoe wòfɔ ɖe te?
YEHOWA ɖe mɔ Fia Nebukadnezar va zu xexemedziɖula. Esi wònye Babilon-fiagã ta la, kesinɔnu geɖe nɔ esi, eɖua nu damiwo, eye wònɔ fiasã gã aɖe me—ŋutilãmenu ɖesiaɖe si wòdi nɔ esi. Gake wova bɔbɔe ɖe anyi kpata. Nebukadnezar ƒe tagbɔ gblẽ eye wòwɔ nu abe lã ene! Wonyãe ɖa le fiakplɔ̃ ŋu kple le fiaƒeme wòva nɔ gbedadaƒo eye wòɖu gbe abe nyitsu ene. Nukae he afɔku sia vɛ? Eye nukata wòle be wòaka mí?—Tsɔe sɔ kple Hiob 12:17-19; Nyagblɔla 6:1, 2.
FIA LA DO KƆKƆ DZIƑOƲĨTƆ LA
2, 3. Nukae Babilon-fia la di na eteviwo, eye aleke wòbu Mawu Dziƒoʋĩtɔ lae?
2 Esi Nebukadnezar haya tso eƒe tsukukua me teti la, eɖo nusi dzɔ ŋuti nyatakaka ɖedzesi aɖe ɖe eƒe dziɖuƒea katã. Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Daniel wòŋlɔ nudzɔdzɔ siawo ɖi wòde pɛpɛpɛ. Edze egɔme kple nya siawo be: “Fia Nebukadnezar ƒe nya na dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔ, siwo le anyigba blibo la dzi, enye si: Eme nenyo na mi! Enye nye didi be, matsɔ dzesi kple nukunu, siwo Mawu dziƒoʋĩtɔ la wɔ nam la, aɖe gbeƒãe. Eƒe dzesiwo lolo, eye eƒe [nukunuwo] tri akɔ loo! Eƒe fiaɖuƒe enye fiaɖuƒe mavɔ, eye eƒe dziɖuɖu le ƒomewo katã me!”—Daniel 3:31-33.
3 Nebukadnezar teviwo nɔ “anyigba blibo la dzi”—eƒe fiaɖuƒea xɔ xexeme si ŋu Biblia ƒe nuŋlɔɖi ƒo nu tsoe ƒe akpa gãtɔ. Fia la gblɔ le Daniel ƒe Mawu ŋu be: “Eƒe fiaɖuƒe enye fiaɖuƒe mavɔ.” Aleke gbegbe nya mawo do kɔkɔ Yehowa le Babilonia Fiaɖuƒe bliboa katã mee nye si! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esiae nye zi evelia si woɖee fia Nebukadnezar be Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe nye fiaɖuƒe mavɔ, si “anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.
4. Aleke Yehowa ƒe ‘dzesi kple nukunuwo’ dze egɔmee le Nebukadnezar gome?
4 “Dzesi” kple “nukunu” kawoe “Mawu dziƒoʋĩtɔ” la wɔ? Esia dze egɔme kple nusi dzɔ ɖe fia la ŋutɔ dzi si ŋu wòƒo nu tsoe be: “Nye Nebukadnezar menɔ aƒenye me bɔkɔɔ, eye meɖu agbe le nye fiasã me. Meku drɔ̃e, eye wòna medzo haha, nye tamesusuwo le nye aba dzi kple nye ŋutegawo na dzidzi ƒom.” (Daniel 4:1, 2) Nukae Babilon-fia la wɔ le drɔ̃e ɖefuname sia ŋu?
5. Aleke Nebukadnezar bu Daniel, eye nukatae?
5 Nebukadnezar yɔ Babilon-nunyalawo eye wòlĩ drɔ̃e la na wo. Gake aleke gbegbe wodo kpo nue nye si! Womete ŋu ɖe nusi wòfia me kura o. Nuŋlɔɖia gblɔ kpee be: “Mlɔeba la Daniel, amesi tsɔ nye mawu Beltsazar ŋkɔ, eye mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le eme la, va gbɔnye, eye melĩ drɔ̃e la nɛ.” (Daniel 4:3-5) Daniel ƒe fiaƒemeŋkɔe nye Beltsazar, eye ɖewohĩ alakpamawu si fia la yɔ be “nye mawu” la anye Bel loo alo Nebo alo Marduk. Esi Nebukadnezar subɔa mawu geɖe ta la, ebua Daniel be enye amesi me “mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ” le. Eye esi Daniel nye Babilon-nunyalawo katã ƒe tatɔ ta la, fia la yɔe be “dzotɔwo ƒe tatɔ.” (Daniel 2:48; 4:6; tsɔe sɔ kple Daniel 1:20.) Gake nuteƒewɔla Daniel megblẽ Yehowa ƒe tadedeagu ɖi va sa dzo gbeɖe o.—Mose III, 19:26; Mose V, 18:10-12.
ATI GÃ AÐE
6, 7. Aleke nàgblɔ nusi Nebukadnezar kpɔ le eƒe drɔ̃ea mee?
6 Nukawoe Babilon-fia la kpɔ le eƒe drɔ̃e dziŋɔ la me? Nebukadnezar gblɔ be: “Ŋutega, si mekpɔ le nye aba dzi, enye si: Meɖo ŋku anyi, eye kpɔ ɖa, ati aɖe le anyigba titina, si kɔ ŋutɔ. Ati la lolo, eye wòsesẽ, ekɔ ɖatɔ dziŋgɔli ke, eye wòvu vaseɖe anyigba blibo la ƒe mlɔenu. Eƒe aŋgbawo nyo, eƒe tsetsewo sɔ gbɔ, eye wònye nuɖuɖu na nuwo katã; gbemelãwo nɔ eƒe vɔvɔli te, dziƒoxewo wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me, eye wònyi ŋutilãwo katã.” (Daniel 4:7-9) Wogblɔ be Nebukadnezar kpɔa dzidzɔ ɖe sedati siwo le Lebanon ŋu, eye wòyi ɖakpɔ wo hena wotso eƒe atiwo va Babilon. Gake mekpɔ ati si wòkpɔ le eƒe drɔ̃ea me la tɔgbe ya kpɔ o. Enɔ ɖoƒe vevi aɖe “le anyigba titina,” woate ŋu anɔ anyigba ƒe afisiafi akpɔe, eye eƒe tsetsewo sɔ gbɔ ale gbegbe be wònye nuɖuɖu na ŋutilãwo katã.
7 Nya geɖe gale drɔ̃ea me, elabena Nebukadnezar gagblɔ be: “Meɖo ŋku anyi le ŋutega, si mekpɔ le nye aba dzi la me, kpɔ ɖa, dzɔla kɔkɔe aɖe ɖi tso dziƒo hedo ɣli sesĩe gblɔ bena: Milã ati la, eye mitso eƒe alɔwo, mido dzodzo eƒe aŋgbawo, eye mikaka eƒe tsetsewo hlẽ, minyã gbemelãwo ɖa le ete kple dziƒoxewo ɖa le eƒe alɔwo me! Ke migblẽ eƒe takpoea ɖe to me, eye mide gayibɔ kple akɔbli kɔsɔkɔsɔe ɖe gbe dama me, dziƒo zãmu naƒo, eye eya kple gbemelãwo naɖu anyigba dzi gbe.”—Daniel 4:10-12.
8. Amekae nye “dzɔla” la?
8 Mawusubɔsubɔdzixɔse aɖe nɔ Babilontɔwo si ɖe gbɔgbɔmenuwɔwɔ nyuiwo kple vɔ̃ɖitɔwo ŋu. Gake amekae nye “dzɔla,” alo nudzikpɔla, sia si tso dziƒo? Esi woyɔe be “kɔkɔe” ta la, enye mawudɔla nuteƒewɔla si nɔ Mawu teƒe. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 103:20, 21.) Bu biabia siwo anya tɔtɔ Nebukadnezar ŋu kpɔ! Nukata woalã ati sia? Vi kae eƒe takpoea si wode gayibɔ kple akɔbli kɔsɔkɔsɔe be megadze o la aɖe? Eye nuka tututue woatsɔ ati takpoe dzro awɔe?
9. Nya ka koŋue dzɔla la gblɔ, eye biabia kawoe wòfɔ ɖe te?
9 Nebukadnezar anya tɔtɔ keŋkeŋ esi wòse dzɔla la gagblɔ be: “Woaɖe amegbetɔ ƒe dzi le eme ahatsɔ lã ƒe dzi nɛ, vaseɖe esime azã adre nu nava yi nɛ. Esia nye dzɔlawo ƒe tameɖoɖo, eye kɔkɔetɔ la ƒe se enye nya sia, ne agbagbeawo nadze [sii] be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖu amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, amesi dze eŋu la, wòtsɔa wo nana, eye ate ŋu atsɔ ame tsɛwo aɖo wo nu.” (Daniel 4:13, 14) Amegbetɔ ƒe dzi si tsona mele ati takpoe me o. Ke aleke woatsɔ lã ƒe dzi na ati takpoe? Nukae “azã adre” la fia? Eye aleke esiawo katã do ƒome kple “amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo” ƒe dziɖuɖui? Nebukadnezar adi be yeanya godoo.
FIA LA SE NYA VƆ̃ AÐE
10. (a) Nukawoe atiwo ate ŋu atsi tre ɖi na le Ŋɔŋlɔawo me? (b) Nukae wotsɔ ati gã la wɔ kpɔɖeŋu na?
10 Esi Daniel se drɔ̃ea me nyawo la, eƒe nu tsi tè sẽ, eye ŋɔdzi lée. Esi Nebukadnezar de dzi ƒo na nyagblɔɖila la be wòaɖe eme la, egblɔ be: “Nye aƒetɔ, drɔ̃e la neɖi wò ketɔwo ŋu, eye egɔmeɖeɖe neɖi wò futɔwo ŋu. Ati gã lolo, si nèkpɔ . . . la, enye wò fia, amesi tri akɔ, eye ŋusẽ le ŋuwò, wò gãnyenye ɖatɔ dziŋgɔli, eye wò ŋusẽ de anyigba ƒe mlɔenu ke.” (Daniel 4:15-19) Le Ŋɔŋlɔawo me la, wote ŋu zãa atiwo tsɔ wɔa amewo, dziɖulawo, kple fiaɖuƒewo ƒe kpɔɖeŋui. (Psalmo 1:3; Yeremya 17:7, 8; Xezekiel, ta 31) Nebukadnezar si nye xexemefiaɖuƒe dziɖula la va “tri akɔ, eye ŋusẽ le [eŋu]” abe ati gã si wòkpɔ le eƒe drɔ̃ea me ene. Gake ‘dziɖuɖu si ɖo anyigba ƒe mlɔenu ke,’ eye wòɖu ameƒomea ƒe fiaɖuƒe bliboa dzi lae ati gã la tsi tre ɖi na. Eyata enye Yehowa ƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe kpɔɖeŋu, vevietɔ ku ɖe anyigba ŋu.—Daniel 4:14.
11. Aleke fia la ƒe drɔ̃ea ɖee fia be woava ɖi gbɔ eyama?
11 Woava trɔ Nebukadnezar ƒe nɔnɔme ahaɖi gbɔe. Daniel fia asi nudzɔdzɔ sia esi wògblɔ kpee be: “Esi fia la kpɔ dzɔla kɔkɔe aɖe wòɖi tso dziƒo gblɔ bena: Milã ati la, eye migblẽe; ke mina eƒe takpoea natsi to me, eye mide gayibɔ kple akɔbli kɔsɔkɔsɔe ɖe gbe dama me, dziƒo zãmu naƒoe, eye eya kple gbemelãwo naɖu nu vaseɖe esime azã adre nu nava yi nɛ la, fia, egɔmeɖeɖe enye si, eye dziƒoʋĩtɔ ƒe tameɖoɖo, si le nye aƒetɔ fia dzi va ge la, enye si.” (Daniel 4:20, 21) Ahiã godoo be dzi nanɔ ame ƒo hafi woate ŋu agblɔ gbedasi sia na fia ŋusẽtɔ ma!
12. Nukae wogblɔ be adzɔ ɖe Nebukadnezar dzi?
12 Nukae adzɔ ɖe Nebukadnezar dzi? Bu alesi wòawɔ nui ŋu kpɔ esi Daniel gblɔ kpee be: “Woanyã wò ɖa le amegbetɔwo dome, eye ànɔ gbemelãwo gbɔ, woana gbe wò naɖu abe nyitsu ene, eye woana dziƒo zãmu naƒo wò, vaseɖe esime azã adre nu nayi na wò, ne nadze sii be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔa wo nana.” (Daniel 4:22) Edze abe Nebukadnezar ƒe dziɖuɖumegãwo gɔ̃ hã ‘anyãe ɖa le amegbetɔwo dome’ ene. Gake ɖe lãnyilawo alo alẽkplɔla nublanuikpɔlawo alé be nɛa? Ao, elabena Mawu de se be Nebukadnezar anɔ “gbemelãwo” gbɔ, eye wòaɖu gbe.
13. Nukae ati ŋuti drɔ̃ea ɖe fia le nusi adzɔ ɖe Nebukadnezar ƒe ɖoƒe si nye xexemedziɖula la dzi ŋu?
13 Abe alesi wolã atia ene la, nenema ke woaxɔ Nebukadnezar ƒe xexemedziɖulanyenye le esi—gake vaseɖe ɣeyiɣi aɖe ko. Daniel ɖe eme be: “Esi wode se be, ati la ƒe takpoea nesusɔ la, eyae nye be, wò fiaɖuƒe la atsi anyi na wò, ne nadze sii be, dziƒo si me ŋusẽ le.” (Daniel 4:23) Le Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea me la, wogblẽ ati si wolã la ƒe takpoea, alo kpeme ɖi, gake woblae ale be magadze o. Nenema ke Babilon-fia ƒe “takpoea” atsi anyii, togbɔ be woɖo asi eƒe dɔwɔwɔ dzi “azã adre” hã. Xexemedziɖula ƒe ɖoƒe si le esi la anɔ abe ati ƒe kpeme si wobla ene. Woakpɔ eta wòanɔ dedie vaseɖe esime azã adre nu nava yi. Yehowa akpɔ egbɔ be le ɣeyiɣi ma me la, ame aɖeke mava xɔ ɖe Nebukadnezar si ɖeka koe nye Babilon-dziɖula la teƒe o, togbɔ be ɖewohĩ viaŋutsu si ŋkɔe nye Ewil Merodax anɔ eteƒe awɔ fiadɔwo nɛ hã.
14. Nukae Daniel xlɔ̃ nu Nebukadnezar be wòawɔ?
14 Le nya si wogblɔ ɖi ɖe Nebukadnezar ŋu ta la, Daniel xlɔ̃ nui dzinɔameƒotɔe be: “Eyata fia, na nye adaŋudede nadze ŋuwò: Tsɔ dzɔdzɔenyenye ƒle wò nuvɔ̃wo tae, eye natsɔ dɔmenyowɔwɔ na ame dahewo ƒle wò vodadawo tae; ame aɖe menya nu o àgbɔ ɖe eme eteƒe nadidi hĩ.” (Daniel 4:24) Ne ɖe Nebukadnezar aɖe asi le eƒe nuvɔ̃ siwo nye ameteteɖeanyi kple dada ŋu la, ɖewohĩ awɔe be nuwo natrɔ nɛ. Elabena anɔ ƒe alafa eve do ŋgɔ la, Yehowa ɖoe be yeatsrɔ̃ amesiwo nɔ Asiria-fiadu si nye Niniwe hafi, gake metsrɔ̃ wo o le esi woƒe fia kple eteviwo trɔ dzime ta. (Yona 3:4, 10; Luka 11:32) Ke Nebukadnezar dadala la ya ɖe? Ðe wòatrɔ eƒe nɔnɔmea?
DRƆ̃EA ME VAVA GBÃTƆ
15. (a) Nɔnɔme kae Nebukadnezar yi edzi ɖe fia? (b) Nukae nuŋlɔɖiwo ɖe fia le dɔ siwo Nebukadnezar wɔ ŋu?
15 Nebukadnezar ganɔ dadam kokoko. Le eƒe drɔ̃ekuku le atia ŋu ɣleti 12 megbe, esi wònɔ tsa ɖim le fiasã tame la, eƒo adegbe be: “Ðe menye esia nye Babel gã, si metsɔ nye ŋusẽ triakɔ la tsoe, ne wòanye fia nɔƒe kple nye atsyɔ̃ ƒe bubu oa?” (Daniel 4:25-27) Nimrod ye tso Babilon (Babel), gake Nebukadnezar ye va ɖo atsyɔ̃ nɛ. (Mose I, 10:8-10) Eƒo adegbe le eƒe blemanuŋlɔɖi aɖe me be: “Nebukadrezar, Babilon Fia, amesi gbugbɔ Esagila kple Ezida dzra ɖo, Nabopolassar ƒe vie menye. . . . Medo ŋusẽ Esagila kple Babilon takpɔnuwo eye meɖo nye dziɖuɖu ƒe ŋkɔ anyi be wòanɔ anyi tegbee.” (Archaeology and the Bible, si George A. Barton ŋlɔ, ƒe 1949, axa 478-9) Nuŋlɔɖi bubu ƒo nu tso gbedoxɔ siwo ade 20 siwo wòdzra ɖo alo gbugbɔ tu ŋu. The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Babilon va zu dugã siwo dze ani wu le blemaxexeame la dometɔ ɖeka le Nebukadnezar ƒe dziɖuɖu te. Le eya ŋutɔ ƒe nuŋlɔɖiwo me la, ƒã hafi wòƒoa nu tso eƒe aʋawɔwɔwo ŋu, gake eŋlɔ nu tso eƒe xɔtudɔwo kple alesi wòlé fɔ ɖe Babilonia-mawu ŋui ya ŋu. Ðewohĩ Nebukadnezar ye tu Babilon-bɔ Siwo Wotso ɖe Gli Dzi, si nye Blemaxexeame Nukunu Adreawo dometɔ ɖeka.”
16. Aleke wogblɔe be woava do vlo Nebukadnezar?
16 Togbɔ be Nebukadnezar dadala la ƒo adegbe hã la, woaɖi gbɔe kpuie. Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la gblɔ be: “Esi fia la mekpɔ ɖe nu le nyaa me o la, gbe ɖi tso dziƒo be: Fia Nebukadnezar, xɔ gbe se: Woxɔ fiaɖuƒe la le asiwò; woanyã wò le amegbetɔwo dome, eye ànɔ gbemelãwo gbɔ, woana gbe wò naɖu abe nyitsu ene, vaseɖe esime azã adre nu nava yi na wò, eye nadze sii be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔa wo nana.”—Daniel 4:28, 29.
17. Nukae dzɔ ɖe Nebukadnezar dadala la dzi, eye nɔnɔme kawo mee wòva nɔ emegbe kpuie?
17 Enumake Nebukadnezar ƒe tagbɔ gblẽ. Wonyãe le amegbetɔwo dome eye eɖu gbe “abe nyitsu ene.” Esi wònɔ lãwo dome le gbe me la, edze ƒã be meva nɔ anyi ko ɖe sɔgbe dzi le teƒe aɖe si ɖi paradiso, henɔ ya fafɛ xɔm gbesiagbe o. Le egbeŋkekea me Iraq si nye afisi woke ɖe Babilon ƒe dudoa ŋu le la, yame te ŋu xɔa dzo ɖoa dzidzenu Celsius 50 le dzomeŋɔli ɣletiawo me eye wòfana miamiamia le vuvɔŋɔli me. Esi Nebukadnezar megaléa be na eƒe ɖa kple fewo o eye wònɔ ŋdɔ kple tsidzadza nu ta la, eƒe taɖa si va didi hesa kɔ la nɔ abe hɔ̃fuwo ene eye eƒe asi kple afɔ fe va to abe xewo tɔ ene. (Daniel 4:30) Gbɔɖiame ka gbegbee nye si wònye na xexemedziɖula dadala sia!
18. Nukae dzɔ ɖe Babilon-fiazikpuia dzi le azã adre la me?
18 Le Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea me la, womu ati gã la eye wobla takpoea be megadze o azã adre nava yi hafi. Nenema ke ‘wotutu Nebukadnezar tso eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui’ dzi esime Yehowa na eƒe tagbɔ gblẽ. (Daniel 5:20) Efia be wotrɔ amegbetɔ ƒe dzi si nɔ fiaa si wòzu nyitsu tɔ. Ke hã Mawu kpɔ Nebukadnezar ƒe fiazikpui ta nɛ vaseɖe azã adrea ƒe nuwuwu. Esi anɔ eme be Ewil Merodax va nɔ dziɖuɖua nu ɣeyiɣi aɖe ta la, Daniel kpɔtɔ ‘nɔ Babel-nyigba blibo la nu eye wònye Babel-nunyalawo katã ƒe tatɔ.’ Eƒe zɔhɛ Hebri-vi etɔ̃awo yi edzi kpɔ gome le nuto ma me nyawo gbɔ kpɔkpɔ me. (Daniel 1:11-19; 2:48, 49; 3:30) Aboyomenɔla eneawo lala ɣeyiɣi si woagbugbɔ Nebukadnezar aɖo fiazikpuia dzi wòanye fia si ƒe tagbɔ kɔ, amesi va srɔ̃e be, “dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖu amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, wòtsɔa wo nana.”
WOGBUGBƆ NEBUKADNEZAR ÐO TE
19. Esi Yehowa na Babilon-fia Nebukadnezar ƒe mo kɔ megbe la, nukae wòva de dzesii?
19 Yehowa na Nebukadnezar ƒe mo kɔ le azã adreawo ƒe nuwuwu. Eye fia lɔ̃ ɖe Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ dzi gblɔ be: “Esi azã de la, nye Nebukadnezar mefɔ mo dzi, nye mo gakɔ, eye meda akpe na dziƒoʋĩtɔ la, mekafu amesi le agbe tegbee la, eye mede bubu eŋu, eya amesi ƒe dziɖuɖu li tegbee, eye eƒe fiaɖuƒe le ƒomewo katã me. Anyigbadzitɔwo katã meɖi naneke nɛ o, eye wòwɔa dziƒo ŋu nuwo kple anyigbadzitɔwo alesi dze eŋu, eye ame aɖeke meli alé eƒe asi agblɔ be, nuka nye esi wɔm nèle hã o.” (Daniel 4:31, 32) Ẽ, Nebukadnezar va kpɔe dze sii be Dziƒoʋĩtɔ lae nye Dziɖula Gã le ameƒomea ƒe fiaɖuƒea me nyateƒe.
20, 21. (a) Nukae dzɔ ɖe Nebukadnezar dzi si sɔ kple ga si woɖe le drɔ̃e me tia ƒe takpoea ŋu? (b) Nya ka dzie Nebukadnezar va lɔ̃ ɖo, eye ɖe esia na wòva zu Yehowa subɔlaa?
20 Esime Nebukadnezar gava nɔ eƒe fiazikpui dzi la, enɔ ko abe ɖe wotu ga le ati si wòkpɔ le drɔ̃e me ƒe takpoea ŋu ene. Egblɔ le alesi wogbugbɔe ɖo te ŋu be: “Nye mo gakɔ le ɣemaɣi, eye nye fiaɖuƒe ƒe bubu, nye ŋutikɔkɔe kple nye atsyɔ̃ gasu asinye; nye adaŋudelawo kple nye amegãwo di yonyeme mɔ, wogatsɔm ɖo nye fiaɖuƒe la nu, eye nye gãnyenye sɔ gbɔ ɖe dzi.” (Daniel 4:33) Ne dziɖuɖumegã aɖewo do vlo fia si ƒe tagbɔ gblẽ tsã hã la, fifia ya ‘wodi eyome mɔ’ le ɖokuibɔbɔ blibo me.
21 “Dzesi kple nukunu” kawo gbegbee nye si Mawu Dziƒoʋĩtɔ la wɔ! Mele be wòawɔ nuku na mí o be Babilon-fia si wogbugbɔ ɖo te la gblɔ be: “Nye Nebukadnezar makafu dziƒo fia la, made bubu eŋu, eye mada akpe nɛ; elabena eƒe nuwɔwɔwo katã le eteƒe, eƒe mɔwo dzɔ, eye wòbɔbɔa dadalawo ɖe anyi.” (Daniel 3:32; 4:34) Gake lɔlɔ̃ɖenyadzi alea mena Nebukadnezar va zu Yehowa ƒe tadeagula si nye Dukɔwo me tɔ o.
ÐE XEXEMEGBALẼWO ÐO KPE EDZIA?
22. Dɔléle kae ame aɖewo be Nebukadnezar ƒe tsukukua nye, gake nukae wòle be míade dzesii le nusi gbɔ eƒe tsukukua tso ŋu?
22 Ame aɖewo gblɔ le Nebukadnezar ƒe tsukukua ŋu be ena wòzu abe amegãxi ene. Atikewɔwɔ ƒe nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be: “AMEGÃXIZUDƆ . . . tso [lyʹkos], lupus, amegãxi; kple [anʹthro·pos], homo, amegbetɔ me. Wotsɔ ŋkɔ sia na dɔléle si na amewo buna be yewotrɔ zu lã, eye wosrɔ̃a lã ma ƒe gbe alo eƒe xɔxlɔ̃, eƒe nɔnɔmewo alo eƒe nuwɔnawo. Zi geɖe la, amesiawo bua wo ɖokui be yewotrɔ zu amegãxi, avu, alo dadi; enyea nyitsu hã ɣeaɖewoɣi, abe alesi wònɔ le Nebukadnezar gome ene.” (Dictionnaire des sciences médicales, par une société de médicins et de chirurgiens, Paris, ƒe 1818, Babla 29, axa 246) Dzesi siwo dzena le amesiwo buna be yewotrɔ zu amegãxi ŋu la ɖi Nebukadnezar ƒe tsukukua. Gake esi wònye Mawu gbɔe eƒe tagbɔdɔlélea tso ta la, míate ŋu agblɔe tẽ be dɔléle aɖe si míenya o ye wònye.
23. Aleke xexemegbalẽwo ɖo kpe Nebukadnezar ƒe tsukukua dzii?
23 Agbalẽnyala John E. Goldingay yɔ nuŋlɔɖi vovovo siwo ƒo nu tso Nebukadnezar ƒe tsukuku kple eƒe mokɔkɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me egblɔ be: “Edze abe kpedzinuŋlɔɖi kakɛ aɖe ƒo nu tso Nebukadnezar ƒe tagbɔgbegblẽ, kple ɖewohĩ alesi wògblẽ Babilon ɖi hedzo le afima ŋu ene.” Goldingay yɔ nuŋlɔɖi aɖe si ƒe tanyae nye “Babilontɔwo ƒe Hiob” eye wògblɔ be “eɖo kpe to siwo Mawu he nɛ dzi heƒo nu tso eƒe dɔléle, gbɔɖiɖi, didi be yeanya drɔ̃e dziŋɔ aɖe ƒe gɔmeɖeɖe, alesi womui ƒu anyi abe ati ene, enyanyã ɖa, eƒe gbeɖuɖu, alesi megate ŋu sea nya mee o, alesi wòva nɔ abe nyitsu ene, alesi Marduk na tsi dza ɖe edzi, eƒe fewo ƒe toto, eƒe ɖa ƒe toto, kple alesi wode kɔsɔkɔsɔe, kpakple emegbe eƒe mokɔkɔ si ta wòkafu mawu ɖo la ŋu.”
AZÃ ADRE SI KA MÍ
24. (a) Nukae ati si le drɔ̃ea me tsi tre ɖi na? (b) Nuka dzie woɖo asii azã adre, eye aleke wòva emee?
24 Nebukadnezar si atia tsi tre ɖi na la nye xexemedziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu. Gake ɖo ŋku edzi be atia tsi tre ɖi na dziɖuɖu kple fianyenye si lolo sã wu Babilon-fia la tɔ. Etsi tre ɖi na “dziƒo fia” Yehowa ƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye, vevietɔ ku ɖe anyigba ŋu. Hafi Babilontɔwo natsrɔ̃ Yerusalem la, fiaɖuƒea si ƒe zi nɔ dugã ma si me Dawid kple eƒe domenyilawo nɔ “Yehowa ƒe fiazikpui” dzi le la tsi tre ɖi na Mawu ƒe dziɖulanyenye ɖe anyigba dzi. (Kronika I, 29:23) Mawu ŋutɔ na womu dziɖulanyenye sia ƒu anyi heblae le ƒe 607 D.M.Ŋ. me esime wòzã Nebukadnezar tsɔ tsrɔ̃ Yerusalem. Woɖo asi fiaɖuƒe si tso Dawid ƒe dzidzimea me ƒe fiaɖuɖu ɖe anyigba dzi la dzi gbɔ be azã adre nava yi hafi. Alekee nye azã adre siawo ƒe didime? Ɣekaɣie wodze egɔme, eye nukae de dzesi woƒe nuwuwu?
25, 26. (a) Alekee nye “azã adre” la ƒe didime le Nebukadnezar gome, eye nukae na nèɖo eŋu nenema? (b) Le emevava gãtɔ me la, ɣekaɣie “azã adre” la dze egɔme eye aleke wòdze egɔmee?
25 Esime Nebukadnezar ku tsu la, “eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.” (Daniel 4:30) Esia didi wu ŋkeke adre alo kwasiɖa adre. Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo gblɔ be “ɣeyiɣi adre,” eye bubuwo hã gblɔ be “ɣeyiɣi ɖoɖiwo” alo “ɣeyiɣi didimewo.” (Daniel 4:13, 20, 22, 29) Blema Helagbe me (Septuagint) gblɔe bubui be “ƒe adre.” Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus bu “azã adre” la be wonye “ƒe adre.” (Antiquities of the Jews, Agbalẽ 10 lia, Ta 10, memamã 6) Eye Hebrigbenyala aɖewo bu “azã” siawo be wonye “ƒewo.” Wogblɔ le An American Translation, Today’s English Version, kple James Moffatt ƒe gɔmeɖeɖea me be “ƒe adre.”
26 Edze ƒã be Nebukadnezar ƒe “azã adre” la nye ƒe adre. Le nyagblɔɖi me la, ŋkeke 360 ye nɔa ƒe ɖeka me le mamã dedie nu, alo enye dzinu 12 siwo dometɔ ɖesiaɖe nye ŋkeke 30. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 12:6, 14.) Eyata fia la ƒe “azã adre,” alo ƒe adreawo nye ŋkeke 360 teƒe 7, alo ŋkeke 2,520. Ke eƒe drɔ̃ea me vava gãtɔ ya ɖe? Nyagblɔɖi ƒe “azã adre” la didi wu ŋkeke 2,520 sã. Esia dze le Yesu ƒe nyawo me be: “Trɔ̃subɔlawo latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la nu.” (Luka 21:24) ‘Afɔtutu edzi’ ma dze egɔme le ƒe 607 D.M.Ŋ. me esime wotsrɔ̃ Yerusalem eye Mawu ƒe kpɔɖeŋufiaɖuƒea meganɔ anyi le Yuda o. Ɣekaɣie woatu afɔ edzi ase ɖo? Ava se ɖe “nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi,” esime woagaɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ɖe anyigba dzi afia to kpɔɖeŋu Yerusalem si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi.—Dɔwɔwɔwo 3:21.
27. Nukata nàgblɔ be “azã adre” si dze egɔme le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la mewu enu le ŋkeke 2,520 ŋutɔŋutɔ megbe o?
27 Ne míebu ŋkeke 2,520 tso Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me dzi la, ɖeko wòakplɔ mí ava ɖo ƒe 600 D.M.Ŋ. me, si menye ƒe ɖedzesi aɖeke le Ŋɔŋlɔawo me o. Esime Yudatɔ siwo wona ablɔɖee la trɔ va Yuda le ƒe 537 D.M.Ŋ. me gɔ̃ hã la, womeɖo Yehowa ƒe dziɖulanyenye anyi ɖe anyigba la dzi o. Esia nye nyateƒe elabena woɖo Zerubabel si nye Dawid ƒe fiazikpuia domenyila la wòzu Yuda si nɔ Persia-dziɖuɖu te ƒe anyigbadzikpɔla ko ke menye fia o.
28. (a) Akɔntabubu ƒe mɔnu kae wòle be míatsɔ abu nyagblɔɖi ƒe “azã adre” ƒe ŋkeke 2,520 lae? (b) Alekee nye nyagblɔɖi ƒe “azã adre” la ƒe didime, eye ɣekaɣiwoe nye woƒe gɔmedzedze kple nuwuwu?
28 Esi “azã adre” la nye nyagblɔɖi ta la, ele be míabu ŋkeke 2,520 ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe ɖoɖo sia nu: ‘Ŋkeke ɖeka nanye ƒe ɖeka.’ Wozã akɔntabumɔnu sia le nyagblɔɖi aɖe si ku ɖe Babilontɔwo ƒe toɖeɖe ɖe Yerusalem ŋu me. (Xezekiel 4:6, 7; tsɔe sɔ kple Mose IV, 14:34.) Eyata “azã adre” si Dukɔwo ƒe dziɖuɖuwo atsɔ aɖu anyigba dzi Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe asi manɔmee la nye ƒe 2,520. Wodze egɔme esi wowɔ Yuda kple Yerusalem aƒedoe le ƒe 607 D.M.Ŋ. ƒe dzinu adrelia me (Tishri 15). (Fiawo II, 25:8, 9, 25, 26) Tso ɣemaɣi vaseɖe ƒe 1 D.M.Ŋ. nye ƒe 606. Ƒe 1,914 susɔeawo dze egɔme tso ɣemaɣi vaseɖe ƒe 1914 M.Ŋ. me. Eyata “azã adre,” alo ƒe 2,520 la, va wu enu ɖe Tishri 15, alo October 4/5, 1914 M.Ŋ. dzi.
29. Amekae nye ‘ame tsɛ’ la, eye nukae Yehowa wɔ tsɔ ɖoe fiazikpui dzi?
29 Ƒe ma mee “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi” la wu enu, eye Mawu tsɔ dziɖuɖu de asi na ‘ame tsɛ’—Yesu Kristo—amesi eƒe futɔwo bu ame ɖigbɔ ale gbegbe be wona woklãe ɖe ati ŋu. (Daniel 4:14) Yehowa ɖe kpɔɖeŋu gayibɔ kple akɔbli si wotsɔ bla eya ŋutɔ ƒe dziɖulanyenye ƒe “takpoea” ɖa ale be wòtsɔ Mesia Fia la ɖo fiazikpui dzi. Alea wòdzɔe be Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ɖe mɔ fia aɖe ‘dze’ tso eme wònye Mawu ƒe dziɖulanyenye ɖe anyigba dzi to Dziƒofiaɖuƒe si le Dawid ƒe Domenyila Gãtɔ, Yesu Kristo, si me dzi. (Yesaya 11:1, 2; Hiob 14:7-9; Xezekiel 21:27) Aleke gbegbe míeda akpe na Yehowa enye si be eɖe alesi nuwo va trɔ dzidzɔtɔe kple alesi wòɖe ati gã la ŋuti nya ɣaɣla la me na mí ta!
NUKAWO GƆMEE NÈVA SE?
• Nukae ati si le Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea me nye kpɔɖeŋu na?
• Nukae dzɔ ɖe Nebukadnezar dzi le eƒe drɔ̃e si ku ɖe ati ŋu la me vava zi gbãtɔ me?
• Esi Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea va eme nɛ la, nya ka dzie wòlɔ̃ ɖo?
• Alekee nye “azã adre” la ƒe didime le ati ŋuti drɔ̃e si nye nyagblɔɖi la me vava gãtɔ me, eye ɣekaɣiwoe nye woƒe gɔmedzedze kple nuwuwu?
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 83]
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 91]