Wodrɔ̃ Toheʋɔnu Le Nyametsobali La Me
“Dukɔwo [neva] Yosafat ƒe bali la me; elabena afima mabɔbɔ nɔ anyi ɖo adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã godoo.”—YOEL 4:12.
1. Nukatae Yoel kpɔ be amehawo va ƒo ƒu ɖe “nyametsobali la me”?
“AMEHAWO kplɔ amehawo ɖo [va ƒo ƒu ɖe] nyametsobali la me”! Nya ʋãme mawoe míexlẽ le Yoel 4:14. Nukatae ameha siawo va ƒo ƒu ɖo? Yoel ɖo eŋu be: “Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe.” Enye ŋkeke gã si dzi Yehowa akɔ eɖokui ŋu—ŋkeke si dzi woadrɔ̃ toheʋɔnu ameha siwo gbe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo wòle Kristo Yesu te la. Ɣeyiɣia de azɔ be “mawudɔla ene” siwo woyɔ le Nyaɖeɖefia ta 7 naɖe asi le “anyigba ƒe yaƒoƒo eneawo” siwo wolé ɖe asi sesĩe la ŋu ale be ‘xaxa gã si meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o’ la nava.—Nyaɖeɖefia 7:1; Mateo 24:21.
2. (a) Nukatae wòsɔ be woyɔ teƒe si Yehowa adrɔ̃ toheʋɔnu le la be “Yosafat ƒe bali me”? (b) Esi woho aʋa ɖe Yosafat ŋu la, afɔ nyui kae wòɖe?
2 Woyɔ afisi woadrɔ̃ toheʋɔnu sia le le Yoel 4:12 be “Yosafat ƒe bali la me.” Esɔ be esime nuwo ɖo ŋkubiã me le Yuda ƒe ŋutinya me la, Yehowa drɔ̃ toheʋɔnu le teƒe sia ɖe Fia Yosafat, ame nyui si ƒe ŋkɔ gɔmee nye “Yehowa Enye Ʋɔnudrɔ̃la” la nu. Nusi dzɔ ɣemaɣi me dzodzro akpe ɖe mía ŋu be míase nusi gbɔna dzɔdzɔ ge le míaƒe ɣeyiɣia me gɔme nyuie wu. Nuŋlɔɖia le Kronika Evelia ta 20. Míexlẽ le ta ma ƒe kpukpui 1 be, “Moab-viwo kple Amon-viwo ho aʋa ɖe Yosafat ŋu, eye Meunitetɔwo kpe ɖe wo ŋu.” Aleke Yosafat wɔ nui? Nusi Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo wɔna ne woɖo afɔku mee wòwɔ. Etrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòafia mɔ ye esi wòdo gbe ɖa vevie be: “Mía Mawu, màdrɔ̃ ʋɔnu wo oa? Elabena ŋusẽ aɖeke mele mía ŋu ɖe ameha gbogbo sia, si ho ɖe mía ŋu la ŋuti o. Míenya nuka wɔ ge míala o, negbe ŋuwò ko míaƒe ŋku le.”—Kronika II, 20:12.
Yehowa Ðo Gbedodoɖa Ŋu
3. Mɔfiame kawoe Yehowa na Yuda esime dukɔ siwo ƒo xlã wo la ho aʋa ɖe wo ŋu?
3 Yehowa ɖo eŋu esime “Yuda blibo la tsi tre ɖe Yehowa ŋku me, keke woƒe [vidzĩwo], wo srɔ̃wo kple woƒe viŋutsuwo ke hã le eme.” (Kronika II, 20:13) Abe alesi Gbedodoɖasela la zãa eƒe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la egbeae ene la, nenema ke wòʋã Lewi-nyagblɔɖila Yexaziel be wògblɔ Eƒe ŋuɖoɖo na amesiwo va kpe tae. (Mateo 24:45) Míexlẽ be: “Ale Yehowa le gbɔgblɔm na mi enye si: Migavɔ̃ o, eye ameha gã sia megadzi ŋɔ na mi o, elabena aʋa la menye miaƒe nya o, ke boŋ Mawu tɔe. . . . Miele asi de ge aʋa la me o, ke boŋ mitsi tre ɖi, ne miakpɔ, alesi Yehowa le xɔxɔ ge na mi! . . . Migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo o! Etsɔ la miho ɖe wo ŋu, Yehowa li kpli mi!”—Kronika II, 20:15-17.
4. Esime futɔwo tso ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu la, dɔ kae wòbia tso wo si be woawɔ tsɔ wu be woaɖo asi glã anɔ nu kpɔm ko?
4 Yehowa bia nu geɖe tso Fia Yosafat kple eƒe amewo si wu be woaɖo asi glã ko anɔ mɔ kpɔm be woaxɔ na yewo nukutɔe. Wobia tso wo si be woayi aɖakpe kple futɔawo. Fia la kple ‘Yuda blibo, keke woƒe vidzĩwo, wo srɔ̃wo kple woƒe viŋutsuwo’ ke hã ɖe xɔse sesẽ fia ale be wowɔ gbe dzi fɔ ŋdi kanya hezɔ yi be yewoado go ameha siwo gbɔna wo dzi dze ge la. Fia la yi edzi nɔ teokrasi mɔfiame nam wo le mɔa dzi eye wònɔ dzi dem ƒo na wo be: “Ne miexɔ Yehowa, mia Mawu dzi se la, ekema mianɔ te, eye ne miexɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se la, ekema adze edzi na mi!” (Kronika II, 20:20) Yehowa dzixɔxɔse! Eƒe nyagblɔɖilawo dzixɔxɔse! Wɔna mawoe ana woakpɔ dzidzedze. Nenema ke egbea hã, esi míele dɔ dzi kple ŋkubiã le Yehowa ƒe subɔsubɔ me la, migana míake ɖi le alesi wòana míaƒe xɔse naɖu aʋa dzi ŋu gbeɖe o!
5. Dɔ ka wɔm Yehowa Ðasefowo le esi wole Yehowa kafum?
5 Abe Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yosafat ŋɔli ene la, ele be “[míakafu] Yehowa, elabena eƒe amenuveve li tegbee!” Aleke míakafui? Ne míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒea veviedodotɔe! Abe alesi Yudatɔ mawo “[de] asi aseyetsotso me, eye wole kafukafuha dzim” ene la, nenema ke míawo hã míatsɔ dɔwɔwɔwo akpe ɖe míaƒe xɔse ŋui. (Kronika II, 20:21, 22) Ẽ, esi Yehowa le dzadzram ɖo be yeaho ɖe yeƒe futɔwo ŋu la, mina míaɖe xɔse sesẽ afia nenema ke! Togbɔ be awɔ abe ɖe egbɔ le didim ene hã la, mina míaɖoe kplikpaa ado dzi, míaƒe xɔse nasẽ ŋu, abe alesi eƒe amewo le aʋa dzi ɖum le anyigba ƒe akpa siwo nɔnɔmewo sesẽ le ŋutɔ egbea ene. Mawusubɔla nuteƒewɔlawo le dzidziɖedzi ɖedzesi kpɔm le dukɔ siwo me yometiti, ŋutasẽnuwɔwɔ, dɔwuame, kple ganya sesẽwo le nu gblẽm le, abe alesi 1998 Yearbook of Jehovah’s Witnesses ka nya tae ene.
Yehowa Ðe Eƒe Amewo
6. Aleke xɔse sesẽ kpena ɖe mía ŋu míewɔa nuteƒe egbeae?
6 Dukɔ mavɔ̃mawu siwo ƒo xlã Yuda te kpɔ be yewoatsrɔ̃ Mawu ƒe amewo, gake woƒe xɔse si nye kpɔɖeŋu wɔe be woho ɖe wo ŋu nɔ kafukafuhawo dzim na Yehowa. Míate ŋu aɖe xɔse afia egbea nenema ke. Ne míena dɔ siwo kafua Yehowa xɔ míaƒe agbe me la, ado ŋusẽ míaƒe gbɔgbɔmekpoxɔnua ale be mɔ aɖeke maganɔe na Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo be woato eme o. (Efesotɔwo 6:11) Xɔse sesẽ axe mɔ be xexe sia si me míele si ava tsrɔ̃ la ƒe modzakaɖeɖe gbegblẽ, ŋutilãmenudidi, kple ɖekematsɔleme si bɔ la mahe míaƒe susu o. Xɔse like sia ana míayi edzi anɔ subɔsubɔm kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la nuteƒewɔwɔtɔe esi wole edzi tsɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu le mía nyim “le ɣeyiɣi nyui dzi.”—Mateo 24:45.
7. Esi wotso ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le mɔ vovovo nu la, aleke wowɔ nui?
7 Míaƒe xɔse si míetu ɖe Biblia dzi ado ŋusẽ mí be míanɔ te ɖe amesiwo ɖea “dɔla vɔ̃ɖi” si woyɔ le Mateo 24:48-51 ƒe gbɔgbɔ fiana eye wodea zi amewo me be woalé fu mí la nu. Xɔsegbelawo le dɔ dzi le alakpanyawo kple ameŋugblẽnyawo kakam egbea, eye wowɔa babla kple dumegãwo le dukɔ geɖe me gɔ̃ hã, si wɔe be nyagblɔɖi sia le eme vam le mɔ ɖedzesi aɖe nu. Le afisiwo wòhiã le la, Yehowa Ðasefowo wɔ nu wòsɔ ɖe nya siwo wogblɔ le Filipitɔwo 1:7 nu ale be ‘woʋli nyanyuia ta eye woɖoe anyi.’ Le kpɔɖeŋu me, wodrɔ̃ nya aɖe le Greece le September 26, 1996 dzi, si me ʋɔnudrɔ̃la asieke siwo le Europa ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea me le Strasbourg la tsɔ nusɔsɔe ɖo kpe edzi be “Yehowa Ðasefowo hã nye ‘subɔsubɔha si wonya,’” eye tamesusu, dzitsinya, kple dzixɔse ƒe ablɔɖe le wo si eye be wokpɔ mɔ agblɔ woƒe dzixɔsewo na amewo. Ke Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃nya gblɔ le xɔsegbelawo ŋu be: “Eva me na wo le nyateƒe lododo la nu bena: ‘Avũ gbugbɔ yi ɖe ye ŋutɔ ƒe xeɖeɖe la gbɔ,’ eye ‘ha, si wole tsi na la, le mimlim yina ba me.’”—Petro II, 2:22.
8. Le Yosafat ŋɔli la, aleke Yehowa drɔ̃ toheʋɔnu Eƒe amewo ƒe futɔwoe?
8 Yehowa drɔ̃ fɔbuʋɔnu amesiwo di be yewoawɔ nuvevi Eƒe amewo la le Yosafat ƒe ŋkekea me. Míexlẽ be: “Yehowa kplɔ xadelawo de Amon-viwo kple Moab-viwo kpakple amesiwo tso Seir-towo dzi, amesiwo ho ɖe Yuda ŋu la, eye wowu wo nɔewo. Tete Amon-viwo kple Moab-viwo tso ɖe amesiwo tso Seir-towo dzi la ŋuti, wodza wo ƒu anyi, eye wotsrɔ̃ wo. Eye esi wotsrɔ̃ Seir-to dzi nɔlawo vɔ la, wotsrɔ̃ wo nɔewo.” (Kronika II, 20:22, 23) Yuda-viwo tsɔ ŋkɔ na teƒea be Beraxa ƒe Bali Me, eye Beraxa gɔmee nye “Yayra.” Le egbeŋkekeawo me hã ne Yehowa drɔ̃ toheʋɔnu eƒe futɔwo la, anye yayra na eƒe amewo.
9, 10. Amekawo ƒe nuwɔnae fia be wodze Yehowa nadrɔ̃ toheʋɔnu wo?
9 Míate ŋu abia be, Amekawoe Yehowa adrɔ̃ toheʋɔnui le míaƒe ŋkekea me? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, ele be míagatrɔ ɖe Yoel ƒe nyagblɔɖia ŋu. Yoel 4:3 ƒo nu tso eƒe amewo ƒe futɔ siwo “[tsɔ] ŋutsuvi ɖɔ li gboloe, eye wotsɔ nyɔnuvi dze wein heno” ŋu. Ẽ, wobua Mawu-subɔlawo be wonye ame tsɛwo kura, eye be wo viwo mexɔ asi wu gbolo ƒe fetu alo wein kplu ɖeka o. Ele be woabia hlɔ̃ wo ɖe eta.
10 Gbɔgbɔ me gbolowɔlawo hã dze na fɔbuʋɔnudɔdrɔ̃. (Nyaɖeɖefia 17:3-6) Eye amesiwo woabia hlɔ̃e vevietɔe nye amesiwo dea gbe to me na dunyaheŋusẽwo ale be wotia Yehowa Ðasefowo yome eye woxea mɔ na woƒe dɔwɔwɔ, abe alesi subɔsubɔhakplɔla zideamedomelawo wɔna le Ɣedzeƒe Europa le egbeŋkekeawo me ene. Yehowa ɖee fia be yeatso ɖe ŋutasẽnuwɔla mawo ŋu kokoko.—Yoel 4:4-8.
“Mibla Akpa Ðe Aʋa Kɔkɔe Ŋu”
11. Aleke Yehowa tɔ gbe eƒe futɔwo be woava yewoawɔ aʋae?
11 Azɔ Yehowa bia tso eƒe amewo si be woaɖe gbeƒã gbetɔamenya sia le dukɔwo dome be: “Mibla akpa ɖe aʋa kɔkɔe ŋu, minyɔ kalẽtɔwo, eye aʋawɔlawo katã neho va!” (Yoel 4:9) Aʋa tɔxɛ aɖee wole gbeƒã ɖemi—aʋa dzɔdzɔe ye. Gbɔgbɔmeʋawɔnuwoe Yehowa ƒe Ðasefo nuteƒewɔlawo zãna ɖe ameŋugblẽnyawo ŋu, ale be wotsɔa nyateƒe tsia aʋatso nui. (Korintotɔwo II, 10:4; Efesotɔwo 6:17) Madidi o, Mawu akɔ “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” la ŋu. Atsrɔ̃ amesiwo katã tsia tre ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu ɖa le anyigba dzi. Eƒe ame siwo le anyigba dzi makpɔ gome le eme ŋutɔŋutɔ o. ‘Wotsɔ woƒe yiwo tu kodziwoe eye wotsɔ woƒe akplɔwo tu hɛ gobɛwoe’ ŋutɔŋutɔ kple le kpɔɖeŋumɔ nu. (Yesaya 2:4) Gake Yehowa tɔ gbe dukɔwo be woawɔ nusi to vovo na nu ma be: “Mitsɔ miaƒe agblenuwo tu yiwoe, eye mitsɔ miaƒe hɛ gobɛwo tu akplɔwoe!” (Yoel 4:10) Ele gbɔgblɔm na wo be woalɔ woƒe aʋawɔnuwo katã kple esiwo le tsia dzi fifia ava wɔ aʋae. Gake makpa wo o, elabena aʋa la kple aʋadziɖuɖu nye Yehowa tɔ!
12, 13. (a) Togbɔ be Dukɔwo Dome Nyaʋiʋli la wu enu hã la, aleke dukɔ geɖe ɖee fia be yewolɔ̃a aʋawɔwɔ kokoko? (b) Nukae dukɔwo mele dzadzraɖoɖi na o?
12 Dukɔwo ɖe gbeƒã le ƒe 1990 ƒeawo ƒe gɔmedzedze be Dukɔwo Dome Nyaʋiʋli la wu enu. Gake ɖe esia na Dukɔ Ƒoƒuawo ɖo eƒe taɖodzinu vevitɔ si nye ŋutifafa kple dedienɔnɔ gbɔa? Kura o! Nukae nusiwo dzɔ le Burundi, Democratic Republic of Congo, Iraq, Liberia, Rwanda, Somalia, kple Yugoslavia si nɔ anyi tsã la fia mí? Wole nya siwo le Yeremya 6:14 gblɔm be: “Ŋutifafa, ŋutifafa! evɔ ŋutifafa meli o hafi.”
13 Togbɔ be aʋa ŋutɔŋutɔ ke le teƒe aɖewo hã la, dukɔ siwo le Dukɔ Ƒoƒuawo me la gale ho ʋlim kple wo nɔewo kokoko le aʋawɔnu siwo de ŋgɔ wu wɔwɔ me. Wo dometɔ aɖewo gale kɔ lim nukliaʋawɔnuwo ɖi gleglegle. Wo dometɔ aɖewo wɔa aʋawɔnu siwo me aɖiya alo dɔlékuiwo le siwo ate ŋu awu ame gbogbo aɖewo. Esi dukɔwo le ƒu ƒom ɖe kpɔɖeŋuteƒe si woyɔna be Harmagedon la, etɔ gbe wo be: “Ame beli negblɔ be: Míawoe nye kalẽawo! Mi dukɔwo katã, miƒo zi tso goawo katã me, miva ƒo mia ɖokui nu ƒu.” Yoel ŋutɔ tsɔ eƒe nya de eme ɖe kuku be: “Yehowa, ɖiɖi wò kalẽtɔwo ɖe anyi ɖe gama!”—Yoel 4:10, 11, míawoe te gbe ɖe edzi.
Yehowa Kpɔa Etɔwo Ta
14. Amekawoe nye Yehowa ƒe kalẽtɔwo?
14 Amekawoe nye Yehowa ƒe kalẽtɔwo? Woyɔ Mawu vavã la ade zi 280 le New World Translation Biblia me be, “aʋakɔwo ƒe Yehowa.” (Fiawo II, 3:14) Aʋakɔ siawo nye dziƒodɔlawo ƒe ha gã si le klalo be yewoawɔ nusi Yehowa ɖe gbe be woawɔ la. Esi Aramtɔwo dze agbagba be yewoalé Elisa la, mlɔeba Yehowa ʋu ŋku na Elisa ƒe subɔvi be wòkpɔ nusita woado kpo nu ɖo: “Kpɔ ɖa, dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le to la ŋu kpaŋkpaŋ ƒo xlã Elisa.” (Fiawo II, 6:17) Yesu gblɔ be yeate ŋu aɖe kuku na ye Fofo be wòadɔ ‘mawudɔlawo wu aʋakɔ wuieve’ ɖo ɖa hafi. (Mateo 26:53) Nyaɖeɖefia gblɔ Yesu ƒe sɔdodo ayi be yeadrɔ̃ toheʋɔnu le Harmagedon be: “Aʋakɔ, siwo le dziƒo la, do sɔ ɣiwo dze eyome, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu ɣi dzadzɛ, siwo le dzo sim. Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsɔe adza dukɔwo, eye wòatsɔ gatikplɔ akplɔ wo, eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me.” (Nyaɖeɖefia 19:14, 15) Wotsɔ nya siwo me kɔ keŋ la ɖɔ kpɔɖeŋuweinfiãnu ma be enye “Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe weinfiãnu gã la.”—Nyaɖeɖefia 14:17-20.
15. Aleke Yoel ƒo nu tso aʋa si Yehowa awɔ kple dukɔwo ŋui?
15 Ke aleke Yehowa ɖo Yoel ƒe biabia be wòana Mawu ŋutɔ ƒe kalẽtɔwo naɖi ava la ŋui? Edze le nya siawo siwo me kɔ me be: “Dukɔwo netso, ne woava Yosafat ƒe bali la me; elabena afima mabɔbɔ nɔ anyi ɖo adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã godoo. Minyẽ hɛ gobɛwo, elabena nukuwo ɖi! Miva miafanya nu, elabena weinfiãƒe yɔ, eye weinfiãnu gbagba; elabena woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ do agbogbo. Amehawo kplɔ amehawo ɖo [va ƒo ƒu ɖe] nyametsobali la me; elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe le nyametsobali [la me]. Ɣe kple ɣleti ado viviti, eye ɣletiviwo ƒe keklẽ nu atsi. Yehowa le gbe ɖem tso Zion, eye wòna wose eƒe gbe tso Yerusalem, ale be dziƒo kple anyigba ʋuʋu.”—Yoel 4:12-16.
16. Amekawo hãe anɔ amesiwo Yehowa adrɔ̃ toheʋɔnui la dome?
16 Abe alesi tututu ŋkɔ Yosafat gɔme nye “Yehowa Enye Ʋɔnudrɔ̃la” ene la, nenemae Mawu, Yehowa, aʋli eƒe dziɖulanyenye ta kokoko ne wòdrɔ̃ toheʋɔnu. Nyagblɔɖia ƒo nu tso amesiwo wodrɔ̃ fɔbuʋɔnui ŋu be wonye ‘ameha siwo kplɔ amehawo ɖo va ƒo ƒu ɖe nyametsobalia me.’ Alakpasubɔsubɔhawo yomenɔla ɖesiaɖe si susɔ la anɔ ameha siawo dome. Amesiwo ŋu woƒo nu tsoe le Psalmo evelia me—dukɔwo, anyigba dzi dukɔwo, anyigba dzi fiawo, kple amegãwo—amesiwo lɔ̃ xexe sia ƒe nuɖoanyi gblẽkua tsɔ wu be ‘woasubɔ Yehowa kple vɔvɔ̃’ la hã anɔ eme. Amesiawo gbe be ‘yewomagbugbɔ nu na vi la o.’ (Psalmo 2:1, 2, 11, 12) Womebu Yesu be eyae nye Fia si kpe ɖe Yehowa ŋu o. Gakpe ɖe eŋu la, amesiwo katã Fia si wodo ŋutikɔkɔe na adrɔ̃ ʋɔnui be wonye “gbɔ̃wo” la anɔ ameha siwo wode dzesii na tsɔtsrɔ̃ dome. (Mateo 25:33, 41) Ne ɣeyiɣi de be Yehowa naɖe gbe tso dziƒo Yerusalem la, fiawo dzi Fia si wòtia la ado sɔ ayi aɖadrɔ̃ toheʋɔnu. Dziƒo kple anyigba aʋuʋu vavã! Gake woka ɖe edzi na mí be: “Yehowa [anye] sitsoƒe na eƒe dukɔ kple mɔ̃ sesẽ na Israel-viwo.”—Yoel 4:16.
17, 18. Amekawoe wode dzesi be wotsi agbe le xaxa gã la me, eye nɔnɔme kawo mee woase vivi le?
17 Nyaɖeɖefia 7:9-17 tɔ asi “ameha gã” aɖe dzi be wonye amesiwo do go tso xaxa gã la me le esi woxɔ Yesu ƒe ʋu ƒe tafeŋusẽ dzi se ta. Woakpɔ amesiawo ta le Yehowa ƒe ŋkeke gã la dzi, gake woadrɔ̃ toheʋɔnu ameha gbogbo siwo ŋu nya wogblɔ le Yoel ƒe nyagblɔɖia me ya. Yoel gblɔ na agbetsilaawo be: “Miadze sii be, nyee nye Yehowa, mia Mawu la, amesi le nye to kɔkɔe Zion dzi,” si nye Yehowa ƒe dziƒonɔƒe.—Yoel 4:17a.
18 Nyagblɔɖia gagblɔ na mí be Mawu ƒe dziƒo Fiaɖuƒea ƒe dziɖuƒe “azu kɔkɔeƒe, eye ame tutɔwo magato eme azɔ o.” (Yoel 4:17b) Ame tutɔ aɖeke maganɔ dziƒo Fiaɖuƒe ma me le dziƒo kple eƒe anyigba dzi dziɖuƒea me o, elabena wo katã woawɔ ɖeka le tadedeagu dzadzɛ me.
19. Aleke Yoel ƒo nu tso paradiso ƒe dzidzɔkpɔkpɔ si me Mawu ƒe amewo le egbea ŋui?
19 Fifia gɔ̃ hã, ŋutifafa gba go le Yehowa ƒe amewo dome le anyigba dzi afisia. Wotsɔ ɖekawɔwɔ le gbeƒã ɖem eƒe ʋɔnudrɔ̃nyawo le dukɔ 230 kple edzivɔ me eye wogblɔnɛ le gbe vovovo siwo ade 300 me. Yoel ƒo nu tso alesi nu dze edzi na woe ŋu wònya se be: “Le ɣemaɣi la towo atsyɔ aha yeye, eye togbɛwo aɖuɖu notsi, tsi ayɔ Yuda-tɔʋuwo katã agbagba.” (Yoel 4:18) Ẽ, Yehowa ayi edzi anɔ dzidzɔ ƒe yayra kple nudzedziname gbagowo kpakple nyateƒe xɔasi gbogbo aɖewo ƒe tsi kɔm ɖe ekafula siwo le anyigba dzi la dzi. Woaʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta keŋkeŋ le nyametsobali la me ɣemaɣi, eye dzidzɔ agba go esi wòanɔ amesiwo wòxɔ na la dome tegbee.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Aleke Yehowa xɔ na eƒe amewo le Yosafat ŋɔli?
◻ Amekawoe Yehowa drɔ̃ ʋɔnui be wodze na tsɔtsrɔ̃ le “nyametsobali la me”?
◻ Amekawoe nye Mawu ƒe kalẽtɔwo eye akpa kae woawɔ le aʋa mamlɛa me?
◻ Nuka ƒe dzidzɔe tadeagula wɔnuteƒewo kpɔna?
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Wogblɔ na Yuda be: ‘Migavɔ̃ o, elabena aʋa la menye miaƒe nya o ke boŋ Mawu tɔe’
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Yehowa tɔ gbe eƒe futɔwo be ‘woatsɔ woƒe agblenuwo atu yiwoe’
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Biblia tɔ asi ameha gã aɖe dzi be woatsi agbe le xaxa gã la me