“Milɔ̃ Nyateƒe Kple Ŋutifafa!”
“Yehowa Zebaot ƒe gbe va nam bena: . . . Milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa!”—ZAXARYA 8:18, 19.
1, 2. (a) Nuŋlɔɖi kae le ameƒomea si le ŋutifafa gome? (b) Nukata ŋutifafa ŋutɔŋutɔ mava fifi ƒe xexeame akpɔ gbeɖe o?
“ŊUTIFAFA menɔ xexeame kpɔ o. Le teƒe aɖewo—eye zi geɖe le ɣeyiɣi ɖeka ma me le teƒe geɖe—la, wowɔa aʋa ɣesiaɣi.” Nenemae Nufialagã Milton Mayer si le Massachusetts Yunivɛsiti, U.S.A., la gblɔ. Amegbetɔ ƒe nɔnɔme ŋuti nya wɔnublanui kae nye si! Nyateƒee, amewo di ŋutifafa hafi. Dunyahelawo to mɔ ɖesiaɖe dzi be yewoana wòanɔ anyi, tso Pax Romana (Romatɔwo ƒe Ŋutifafa) si nɔ anyi le Romatɔwo ƒe ɣeyiɣiwo me dzi vaseɖe “Ame Nɔewo Tsɔtsrɔ̃ si Ŋu Kakaɖedzi Le” ƒe ɖoɖo si nɔ anyi le Dukɔwo Dome Hoʋiʋlia me. Gake woƒe agbagbadzedzewo katã do kpo nu mlɔeba. Abe alesi Yesaya gblɔ ƒe alafa geɖee nye sia ene la, “du nyui xɔlawo le avi fam hehehe.” (Yesaya 33:7) Nukata wòle alea?
2 Elabena fuléle kple ŋukeklẽ ƒe anyimanɔmanɔ mee wòle be ŋutifafa si anɔ anyi ɖaa la natso; ele be woatui ɖe nyateƒe dzi. Womate ŋu atu ŋutifafa ɖe aʋatsonyawo dzi o. Ema tae Yehowa gblɔe esime wònɔ gbugbɔɖoanyi kple ŋutifafa ŋugbe dom na Israel-dukɔa be: “Kpɔ ɖa, matrɔ ŋutifafa ɖe eŋu abe tɔsisi ene kple dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eŋu abe tɔʋu, si gba go ene.” (Yesaya 66:12) Satana Abosam, nuɖoanyi sia ƒe mawu la, nye “amewula,” hlɔ̃dola, kple “aʋatsokala kple aʋatsokafofo.” (Yohanes 8:44; Korintotɔwo II, 4:4) Aleke ŋutifafa ate ŋu anɔ xexe si dzi ɖum mawu sia tɔgbe le la me?
3. Nunana ɖedzesi kae Yehowa tsɔ na eƒe amewo togbɔ be xaxa ƒe xexemee wole hã?
3 Gake eɖe dzesi be Yehowa naa ŋutifafa eƒe amewo togbɔ be Satana ƒe xexe si aʋawɔwɔ gblẽ la mee wole hã. (Yohanes 17:16) Le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me la, ewɔ ɖe ŋugbe si wòdo to Yeremya dzi la dzi eye wòna “ŋutifafa kple nyateƒe” eƒe dukɔ tɔxɛ la esime wògakplɔ wo va wo denyigba dzi. (Yeremya 33:6) Eye le ŋkeke mamle siawo me la, ena “ŋutifafa kple nyateƒe” eƒe ame siwo le woƒe “anyigba” dzi, alo gbɔgbɔmenɔƒe, togbɔ be woto xaxa ƒe ɣeyiɣi vɔ̃ɖitɔ kekeake si teƒe xexe sia kpɔ kpɔ vaseɖe fifia me hã. (Yesaya 66:8; Mateo 24:7-13; Nyaɖeɖefia 6:1-8) Esi míeyi edzi le Zaxarya ta 8 lia me dzrom la, míava kpɔ ŋudzedze deto ɖe Mawu ƒe ŋutifafa kple nyateƒe siawo ŋu wu eye míakpɔ nusi wòle be míawɔ be míayi edzi anɔ mía tɔ gome wɔm.
“Agbe Neɖo Miaƒe Asiwo Me”
4. Aleke Zaxarya de dzi ƒo na Israel-dukɔa be woawɔ nui hafi akpɔ ŋutifafa?
4 Míese nya dodzidzɔname sia si tso Yehowa gbɔ zi adelia le Zaxarya ta 8 lia me be: “Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Agbe neɖo miaƒe asiwo me, mi amesiwo se nya siawo tso nyagblɔɖilawo nu le ŋkeke siawo me, nya, siwo wogblɔ na mi le gbesigbe woɖo Yehowa Zebaot ƒe xɔ la gɔme anyi, be woagatu gbedoxɔ la. Hafi ŋkeke siawo naɖo la, fetu menɔ anyi na amegbetɔwo kple lãwo o; amesi do alo va eme la ŋu mefa o, le futɔ ta, eye mede adã ta me na amegbetɔwo katã ɖe wo nɔewo ŋu.”—Zaxarya 8:9, 10.
5, 6. (a) Aleke nuwo nɔ le Israel esi dzi ɖe le Israel-viwo ƒo ta? (b) Tɔtrɔ ka ŋugbee Yehowa do na Israel-dukɔa ne etsɔ eƒe tadedeagu ɖo nɔƒe gbãtɔ?
5 Zaxarya gblɔ nya siawo esime wogbugbɔ nɔ gbedoxɔa tum le Yerusalem. Do ŋgɔ la, dzi ɖe le Israel-vi siwo trɔ gbɔ tso Babilon la ƒo eye wodzudzɔ gbedoxɔtutudɔa. Esi wodi woa ŋutɔwo ƒe dzidzeme ta la, womekpɔ yayra kple ŋutifafa aɖeke tso Yehowa gbɔ o. Togbɔ be wode woƒe agblewo helé fɔ ɖe woƒe weingblewo ŋu hã la, nu medze edzi na wo o. (Xagai 1:3-6) Enɔ abe ɖe wonɔ dɔ wɔm ‘fetu maxɔmaxɔe’ ene.
6 Fifia esi Yudatɔawo gbugbɔ nɔ gbedoxɔa tum la, Zaxarya de dzi ƒo na wo be ‘woasẽ ŋu,’ eye woatsɔ Yehowa ƒe tadedeagu aɖo nɔƒe gbãtɔ dzideƒotɔe. Nukae adzɔ ne wowɔe nenema? “Azɔ la nyemele na dukɔ sia ƒe susɔea abe tsã ene o, Yehowa Zebaot ye gblɔe; ke boŋ nuku ŋu afa, eye weinka atse, anyigba aʋã nu, eye dziƒo adza zãmu, eye mana nusiawo katã nazu dukɔ sia ƒe susɔea tɔ. Yuda ƒe aƒe kple Israel ƒe aƒe, alesi mienye fiƒode le dukɔwo domee la, nenema maxɔ na mi, be miazu yayra; migavɔ̃ o, agbe neɖo miaƒe asiwo me!” (Zaxarya 8:11-13) Ne Israel-dukɔa do vevie nu la, akpɔ dzidzedze. Tsã la, ne dukɔwo di be yewoagblɔ fiƒode ƒe kpɔɖeŋu la, wofiaa asi Israel. Fifia Israel-dukɔa anye yayra ƒe kpɔɖeŋu boŋ. Susu nyui si ta wòle be ‘agbe naɖo woƒe asiwo me’ ka gbegbee nye si!
7. (a) Tɔtrɔ dodzidzɔname kawoe Yehowa ƒe amewo kpɔ si ƒe taƒoƒoe nye 1995 subɔsubɔƒea me tɔ? (b) Ne èlé ŋku ɖe ƒea ƒe akɔntabubua ŋu la, dukɔ kawoe nèkpɔ be woƒe gbeƒãɖelawo, mɔɖelawo, kple gaƒoƒowo le mamã dedie nu ɖe dzesi?
7 Ke egbea hã ɖe? Le ƒe siwo do ŋgɔ na ƒe 1919 me la, dzo menɔ Yehowa ƒe amewo me tututu o. Woƒe akpaɖekedzimademade mede blibo le xexemeʋa gbãtɔa me o, eye wolɔ̃ amegbetɔ yomedzedze wu be woadze woƒe Fia, Yesu Kristo, yome. Nusi do tso emee nye be tsitretsiɖeŋu si tso habɔbɔa me kple egodo ɖe dzi le wo dometɔ aɖewo ƒo. Emegbe le ƒe 1919 me la, wodo ŋusẽ woƒe asiwo to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me. (Zaxarya 4:6) Yehowa na wokpɔ ŋutifafa, eye wokpɔ dzidzedze geɖe eteƒe mekɔ o. Esia dze le woƒe nuŋlɔɖi le ƒe 75 siwo va yi me, si ƒe taƒoƒoe nye ƒe 1995 subɔsubɔƒea me tɔ. Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔa ƒoa asa na dulɔlɔ̃, vovototo dede gbevovodolawo dome, nazãbubu, kple nu bubu siwo katã hea fuléle vɛ. (Yohanes I, 3:14-18) Wotsɔa dzonɔameme vavãtɔ subɔa Yehowa le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me. (Hebritɔwo 13:15; Nyaɖeɖefia 7:15) Le ƒe si va yi ɖeɖeko me la, wozã gaƒoƒo si wu biliɔn ɖeka tsɔ ƒo nu tso woƒe Dziƒofofoa ŋu na ame bubuwo! Wowɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ 4,865,060 ɣleti sia ɣleti. Amesiwo ade 663,521 le mamã dedie nu wɔ mɔɖeɖedɔa ɣleti sia ɣleti. Ne Kristodukɔa ƒe osɔfowo di be yewoagblɔ amesiwo tsɔa dzo ɖe woƒe tadedeagu ŋu vavã ƒe kpɔɖeŋu la, wofiaa asi Yehowa Ðasefowo ɣeaɖewoɣi.
8. Aleke ‘ŋutifafa ƒe nuku’ ate ŋu aɖe vi na Kristotɔ ɖesiaɖee?
8 Le Yehowa ƒe amewo ƒe veviedodo ta la, enaa ‘ŋutifafa ƒe nuku’ wo. Amesiame si ƒãa nuku ma la akpɔe be ŋutifafa atsi ɖe edzi le yeƒe dzi kple agbenɔnɔ me. Kristotɔ xɔsetɔ ɖesiaɖe si dina be ŋutifafa nanɔ ye kple Yehowa kpakple ye hati Kristotɔwo dome la kpɔa gome le amesiwo ŋu Yehowa ƒe ŋkɔ le ƒe nyateƒe kple ŋutifafa me. (Petro I, 3:11; tsɔe sɔ kple Yakobo 3:18.) Ðe menye dzidzɔnya ŋutɔe wònye oa?
“Migavɔ̃ O!”
9. Ŋugbe kae Yehowa do le tɔtrɔ si ava alesi wòwɔa nu kple eƒe amewo mee ŋu?
9 Fifia míexlẽ nya adrelia si tso Yehowa gbɔ. Nya kae wònye? “Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Alesi meɖo ta me be, mawɔ vɔ̃ mi, eye mevem o, le esi mia fofowo do dziku nam ta la, Yehowa ye gblɔe, nenemae megaɖo ta me le ŋkeke siawo me be, mawɔ nyui na Yerusalem kple Yuda ƒe aƒe la; migavɔ̃ o!”—Zaxarya 8:14, 15.
10. Yehowa Ðasefowo ŋuti nuŋlɔɖi kae ɖee fia be womevɔ̃na o?
10 Togbɔ be wokaka Yehowa ƒe amewo le xexemeʋa gbãtɔ me le gbɔgbɔmegɔmesese nu hã la, le woƒe dzime la, wodi be yewoawɔ nu dzɔdzɔe. Eyata esi Yehowa he to na wo vaseɖe afi aɖe la, etrɔ alesi wòwɔa nu kple woe. (Maleaxi 3:2-4) Egbea míetrɔ kpɔa megbe hedaa akpe nɛ vevie ɖe nusi wòwɔ la ta. Nyateƒee, ‘dukɔwo katã lé fu mí.’ (Mateo 24:9) Wode ame geɖe gaxɔ me, eye ame aɖewo ku gɔ̃ hã le woƒe xɔse ta. Míedzea ŋgɔ ɖekematsɔleme alo fuléle zi geɖe. Gake míevɔ̃na o. Míenya be Yehowa sẽ wu tsitretsiɖeŋu ɖesiaɖe, eɖanye esi míekpɔna alo esi míekpɔna o. (Yesaya 40:15; Efesotɔwo 6:10-13) Míadzudzɔ nya siawo dzi wɔwɔ o be: “Kpɔ mɔ na Yehowa, sẽ ŋu, eye nalé dzi ɖe ƒo!”—Psalmo 27:14.
“Amesiame Neto Nyateƒe na Ehavi”
11, 12. Nukae wòle be mía dometɔ ɖesiaɖe nalé ɖe susu me ne míedi be míakpɔ gome le yayra siwo Yehowa naa eƒe amewo me bliboe?
11 Hafi yayra siwo tso Yehowa gbɔ nasu mía si bliboe la, nanewo li siwo dzi wòle be míaɖo ŋkui. Zaxarya gblɔ be: “Nusiwo miawɔ la, wonye esi: Amesiame neto nyateƒe na ehavi, midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe le ŋutifafa me le miaƒe ablɔwo me! Migaɖo vɔ̃ ɖe dzi me ɖe mia nɔewo ŋu o, eye alakpatamkaka megavivi mia nu o, elabena melé fu nusiawo katã, Yehowa ye gblɔe.”—Zaxarya 8:16, 17.
12 Yehowa ƒoe ɖe mia nu be míato nyateƒe. (Efesotɔwo 4:15, 25) Meɖoa to amesiwo ɖoa tame vɔ̃, woɣlaa nyateƒea ɖe woa ŋutɔwo ƒe viɖe ta, alo kaa alakpatam la ƒe gbedodoɖawo o. (Lododowo 28:9) Esi wòtsri xɔsegbegbe ta la, edi be míaku ɖe Biblia me nyateƒea ŋu goŋgoŋ. (Psalmo 25:5; Yohanes II, 9-11) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, abe alesi ame tsitsi siwo nɔ dua ƒe agbowo nu le Israel wɔ ene la, ele be hamemegã siwo le ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ kpɔm la natu woƒe aɖaŋuɖoɖo kple nyametsotsowo ɖe Biblia me nyateƒea dzi, ke menye ɖe woa ŋutɔwo ƒe nukpɔsusu dzi o. (Yohanes 17:17) Yehowa di be ‘woadrɔ̃ ʋɔnu le ŋutifafa me,’ eye esi wonye Kristotɔ alẽkplɔlawo ta la, woadze agbagba ana ŋutifafa nanɔ amesiwo dome nyaʋiʋli ɖo dome eye woakpe ɖe nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo ŋu be ŋutifafa nagaɖo wo kple Mawu dome. (Yakobo 5:14, 15; Yuda 23) Le ɣeyiɣi ma ke me la, wokpɔa hamea ƒe ŋutifafa ta, eye wotsɔa dzideƒo nyaa amesiwo gblẽa ŋutifafa ma dome to nu gbegblẽ si woaɖo koŋ anɔ wɔwɔm atraɖii me la ɖa.—Korintotɔwo I, 6:9, 10.
“Dzidzɔkpɔkpɔ Kple Aseyetsotso”
13. (a) Tɔtrɔ kae Zaxarya gblɔ ɖi le nutsitsidɔ ŋu? (b) Nutsitsidɔ kae wowɔ le Israel?
13 Fifia míese nya enyilia si wogblɔ le moveviɖoɖo me be: “Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Nutsitsidɔ le dzinu enelia kple atɔ̃lia dzi, le dzinu adrelia kple ewolia dzi azu dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso kpakple ŋkekenyui na Yuda ƒe aƒe la; ke milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa!” (Zaxarya 8:19) Le Mose ƒe Sea te la, Israel-viwo tsia nu dɔna le Avuléŋkekea dzi tsɔ xaa nu ɖe woƒe nuvɔ̃wo ta. (Mose III, 16:29-31) Edze ƒã be wowɔa nutsitsidɔ ene siwo Zaxarya yɔ la tsɔ xaa nu ɖe nusiwo dzɔ le Yerusalem dzi ɖuɖu kple eƒe tsɔtsrɔ̃ me la ta. (Fiawo II, 25:1-4, 8, 9, 22-26) Gake fifia wogbugbɔ gbedoxɔa nɔ tutum eye amewo gava nɔ Yerusalem. Wotrɔ nuxaxa wònɔ dzikpɔkpɔ zum, eye nutsitsidɔawo te ŋu zu azãɖuɣiwo.
14, 15. (a) Aleke Ŋkuɖodzia ɖuɖu na amewo kpɔ dzidzɔe, eye nuka dzie wòle be esia nana míaɖo ŋkui? (b) Abe alesi míekpɔe le ƒea ƒe akɔntabubu me ene la, dukɔ kawo ƒe Ŋkuɖodzivalawo ƒe xexlẽmee ɖe dzesi wu?
14 Egbea míewɔa nutsitsidɔ siwo Zaxarya yɔ alo nutsitsidɔ si Sea bia la o. Esi Yesu tsɔ eƒe agbe na ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ta ta la, míele yayrawo kpɔm le Avuléŋkeke gãtɔ aɖe me. Wotsyɔ̃ nu míaƒe nuvɔ̃wo dzi, menye le gotagome ko o, ke woatsɔ wo ake mí keŋkeŋ. (Hebritɔwo 9:6-14) Míewɔa ɖe Nunɔlagã, Yesu Kristo, si le dziƒo ƒe sededea dzi heɖua eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi si nye azã ɖeka kolia si Kristotɔwo ɖuna le moveviɖoɖo me. (Luka 22:19, 20) Ðe ‘míekpɔa dzidzɔ hetsoa aseye’ ne míekpe ta ɖekae ƒe sia ƒe hena azã ma ɖuɖua?
15 Le ƒe si va yi me la, ame 13,147,201 ƒo ƒu ɖu Ŋkuɖodzia, si sɔ gbɔ ame 858,284 wu ƒe 1994 tɔ. Ameha gã ka gbegbee nye si! Kpɔ alesi amewo kpɔ dzidzɔe le Yehowa Ðasefowo ƒe hame 78,620 me esime ame gbogbo aɖewo nyè zi va woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me hena azã la ɖuɖu le susu me ɖa. Kakaɖedzitɔe la, eʋã amesiwo katã nɔ eteƒe la be ‘woalɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa’ esi woɖo ŋku Amesi nye “mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la” eye wòle dzi ɖum fifia hezu Yehowa ƒe “Ŋutifafafia” gã la ƒe ku dzi! (Yohanes 14:6; Yesaya 9:5) Gɔmesese vevi aɖe nɔ azã ma ɖuɖu ŋu na amesiwo de le dukɔ siwo me zitɔtɔ kple aʋawɔwɔ gblẽ nu le me. Mía nɔvi aɖewo kpɔ ŋɔdzinu manyagblɔwo teƒe le ƒe 1995 me. Ke hã la, ‘Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo gɔmesesewo katã ta la dzɔ woƒe dziwo kple woƒe tamesusuwo ŋu le Kristo Yesu me.’—Filipitɔwo 4:7.
‘Mina Míaƒo Koko na Yehowa’
16, 17. Aleke dukɔwo me tɔwo ate ŋu ‘aƒo koko na Yehowae’?
16 Gake afikae ame miliɔn gbogbo mawo siwo de Ŋkuɖodzia la tso? Nya asiekelia si Yehowa gblɔ la ɖe eme be: “Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Dukɔwo kple du geɖewo me nɔlawo agava. Eye du si me nɔlawo atso aɖagblɔ na ekeme me nɔlawo bena: Mitso, ne míayi aɖaƒo koko le Yehowa ŋku me, eye míadi Yehowa Zebaot. Nye hã mayi! Eye dukɔ geɖewo kple anyigba dzi dukɔ gãwo ava di Yehowa Zebaot le Yerusalem, eye woaƒo koko le Yehowa ŋku me.”—Zaxarya 8:20-22.
17 Amesiwo de Ŋkuɖodzia di be yewoava “di Yehowa Zebaot.” Amesiawo dometɔ geɖe nye esubɔla ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ̃wo. Vavala miliɔn geɖe bubuwo meyi ŋgɔ ɖo afima haɖe o. Le dukɔ aɖewo me la, Ŋkuɖodzivalawo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ wu Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme zi gbɔ zi ene alo atɔ̃. Ðetsɔlemetɔ gbogbo siawo hiã kpekpeɖeŋu be woayi edzi awɔ ŋgɔyiyi. Mina míafia wo be woatso aseye le sidzedze sia me be Yesu ku ɖe mía ta eye ele fia ɖum fifia le Mawu ƒe Fiaɖuƒe me. (Korintotɔwo I, 5:7, 8; Nyaɖeɖefia 11:15) Eye mina míade dzi ƒo na wo be woaɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu eye woabɔbɔ ɖe Fia si wòɖo la te. Woato mɔ sia dzi ‘aƒo koko na Yehowa.’—Psalmo 116:18, 19; Filipitɔwo 2:12, 13.
“Ŋutsu Ewo Atso Dukɔwo ƒe Gbegbɔgblɔwo Katã Me”
18, 19. (a) Le Zaxarya 8:23 me vava me la, amekawoe nye “Yuda-ŋutsu” la egbea? (b) Amekawoe nye “ŋutsu ewo” siwo “alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga” egbea?
18 Míexlẽ le Zaxarya ƒe ta enyilia me zi mamlea be: “Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi.” Nya kae Yehowa gblɔ mlɔeba? “Ɣemaɣi la ŋutsu ewo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.” (Zaxarya 8:23) Dzɔdzɔme Israel-viwoe nye Mawu ƒe dukɔ tiatia le Zaxarya ƒe ŋkekea me. Gake le ƒe alafa gbãtɔ me la, Israel-dukɔa gbe Yehowa ƒe Mesia la. Eyata mía Mawu tia “Yuda-ŋutsu ɖeka”—Israel yeye—wozu eƒe ame tɔxɛwo, si nye “Mawu ƒe Israel” si me gbɔgbɔ me Yudatɔwo le. (Galatiatɔwo 6:16; Yohanes 1:11; Romatɔwo 2:28, 29) Amesiawo ƒe xexlẽme bliboa anye ame 144,000 siwo wotia tso ameƒomea dome be woaɖu fia kple Yesu le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me.—Nyaɖeɖefia 14:1, 4.
19 Ame 144,000 siawo dometɔ akpa gãtɔ ku le nuteƒewɔwɔ me xoxo eye woxɔ woƒe dziƒofetu la. (Korintotɔwo I, 15:51, 52; Nyaɖeɖefia 6:9-11) Wo dometɔ ʋee aɖewo kpɔtɔ le anyigba dzi eye edzɔa dzi na amesiawo be wokpɔ be “ŋutsu ewo” siwo tiae be yewoayi kple ‘Yudatɔ’ lae nye “amehã gã, . . . tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.”—Nyaɖeɖefia 7:9; Yesaya 2:2, 3; 60:4-10, 22.
20, 21. Esi xexe sia ƒe nuwuwu le aƒe tum wu ta la, aleke wòle be míanɔ ŋutifafa me kple Yehowae?
20 Esi xexe sia ƒe nuwuwu le aƒe tum wu kokoko la, Kristodukɔa va le abe alesi Yerusalem nɔ le Yeremya ƒe ŋkekea me ene: “Míele mɔ kpɔm na ŋutifafa, ke nu nyui aɖeke meva o, míele mɔ kpɔm na hayahayaɣi, ke ŋɔdzi li!” (Yeremya 14:19) Ŋɔdzi ma aɖo eƒe sesẽaƒe esime dukɔwo atrɔ ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu eye woawɔ fui ahee va nuwuwu. Ema megbe kpuie la, tsɔtsrɔ̃ ava dukɔwo ŋutɔ dzi le Harmagedon, Mawu ƒe aʋawɔwɔ mamletɔ, me. (Mateo 24:29, 30; Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 17:16-18; 19:11-21) Zitɔɣi gã kae nye si wòanye!
21 Yehowa akpɔ amesiwo lɔ̃ nyateƒe eye wotua ‘ŋutifafa ƒe nuku’ ɖo la ta to nusiawo katã me. (Zaxarya 8:12; Zefanya 2:3) Ekema mina míanɔ anyi dedie le eƒe amewo ƒe anyigba la dzi, míatsɔ veviedodo akafui le gaglãgbe eye míakpe ɖe ame geɖe ŋu alesi míate ŋui be ‘woaƒo koko na Yehowa.’ Ne míewɔ nenema la, míakpɔ Yehowa ƒe ŋutifafa ɣesiaɣi. Ẽ, “Yehowa atsɔ ŋusẽ na eƒe dukɔ; Yehowa atsɔ ŋutifafa ayra eƒe dukɔ!”—Psalmo 29:11.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
◻ Aleke Mawu ƒe amewo ‘na agbe ɖo woƒe asiwo me’ le Zaxarya ƒe ŋkekea mee? Egbea hã ɖe?
◻ Aleke míewɔa nu ɖe yometiti, fuléle, kple ɖekematsɔleme ŋui?
◻ Nukae ‘nyateƒetoto na mía nɔewo’ bia?
◻ Aleke ame ‘aƒo koko na Yehowae’?
◻ Nu vevi kae míekpɔ le Zaxarya 8:23 me vava me si ta wòle be dzi nadzɔ mí?
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Le ƒe si va yi me la, Yehowa Ðasefowo zã gaƒoƒo 1,150,353,444 tsɔ ƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu na amewo