Esime Yesu Ava le Fiaɖuƒe Ŋutikɔkɔe Me
“Ame aɖewo le amesiwo le tsi tre ɖe afisia la dome, siwo maɖɔ ku akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna.”—MATEO 16:28.
1, 2. Nukae dzɔ le ƒe 32 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea megbe teti, eye nukae nye nudzɔdzɔ ma ƒe taɖodzinu?
ƔEYIƔI kpui aɖe le ƒe 32 M.Ŋ. me ƒe Pentekoste-ŋkekea megbe la, Yesu Kristo ƒe apostolowo dometɔ etɔ̃ kpɔ ŋutega aɖe si womaŋlɔ be akpɔ o. Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me gblɔ be, “Yesu tsɔ Petro kple Yakobo kple nɔvia Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòkplɔ wo yi to kɔkɔ aɖe dzi, woawo ɖeɖe. Eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me.”—Mateo 17:1, 2.
2 Wokpɔ Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe ŋutega la le ɣeyiɣi vevi aɖe me. Yesu nɔ gbɔgblɔm na eyomedzelawo be yegbɔna fu kpe ge ahaku le Yerusalem, gake eƒe nyawo gɔmesese sesẽ na wo. (Mateo 16:21-23) Ŋutega la do ŋusẽ Yesu ƒe apostolo etɔ̃awo ƒe xɔse bene woanɔ dzadzraɖoɖi ɖe alesi wògbɔna kuku gee kple ƒe siwo me Kristo-hamea awɔ dɔ geɖe le kpakple dodokpɔ sesẽ siwo me woato la ŋu. Ðe mí amesiwo li egbea míate ŋu asrɔ̃ nane tso ŋutega ma mea? Ẽ, elabena nusi ƒe vɔvɔli wònye la le eme vam ŋutɔŋutɔ le míaƒe ɣeyiɣia me.
3, 4. (a) Nya kae Yesu gblɔ ŋkeke ade do ŋgɔ na nɔnɔmetɔtrɔ la? (b) Gblɔ nusi dzɔ le nɔnɔmetɔtrɔa me.
3 Ŋkeke ade do ŋgɔ na nɔnɔmetɔtrɔa la, Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.” Nya siawo ava eme le ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi.’ Yesu gagblɔ kpee be: “Vavã mele egblɔm na mi bena, ame aɖewo le amesiwo le tsi tre ɖe afisia la dome, siwo mele ku ɖɔ ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna.” (Mateo 16:27, 28; 24:3; 25:31-34, 41; Daniel 12:4) Nɔnɔmetɔtrɔ la nye nya mamlɛ siawo siwo wògblɔ la ƒe emevava.
4 Nuka tututue apostolo etɔ̃awo kpɔ? Alee Luka ƒo nu le nudzɔdzɔa ŋui enye esi: “Esime [Yesu le] gbe dom ɖa la, eƒe mo ƒe dzedzeme trɔ, eye eƒe awu fu tititi hele dzo dam kaŋkaŋ. Eye kpɔ ɖa, ŋutsu eve wole dze ɖom kplii, amesiwo nye Mose kple Eliya; amesiawo ɖe wo ɖokui fia le ŋutikɔkɔe me, eye woƒo nu le eƒe gododo, si nu wu ge wòala le Yerusalem la ŋuti.” Tete “alilikpo va, eye wòdo vɔvɔli ɖe [apostoloawo] dzi; ke wovɔ̃, esi woyi ɖe alilikpo la me. Eye gbe ɖi tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye tiatia, miɖo to eyama!”—Luka 9:29-31, 34, 35.
Edo Ŋusẽ Xɔse
5. Dɔ kae nɔnɔmetɔtrɔa wɔ ɖe apostolo Petro dzi?
5 Apostolo Petro gblɔ le Yesu ŋu va yi xoxo be eyae nye “Kristo, Mawu gbagbe la ƒe vi!” (Mateo 16:16) Nya siwo Yehowa gblɔ tso dziƒo la ɖo kpe nya ma ƒe nyateƒenyenye dzi, eye Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ la nye alesi Kristo ava le Fiaɖuƒeŋusẽ kple ŋutikɔkɔe me bene yeadrɔ̃ ʋɔnu ameƒomea la kpɔkpɔ do ŋgɔ. Le nɔnɔmetɔtrɔa kpɔkpɔ ƒe 30 kple edzivɔ megbe la, Petro ŋlɔ be: “Menye gli, siwo wokpa kple aɖaŋu la, yome míedze, esime míena mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava la o; ke boŋ míenye eƒe gãnyenye, si míekpɔ kple ŋku la, ƒe ɖaseɖilawo. Elabena exɔ bubu kple ŋutikɔkɔe tso Mawu Fofo la gbɔ, esime nenem gbe sia ɖi tso ŋutikɔkɔe gã nyui la me va egbɔ bena: ‘Amesia nye Vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye!’ Eye mía ŋutɔwo míese gbe sia tso dziƒo, esime míeli kplii le to kɔkɔe la dzi.”—Petro II, 1:16-18; Petro I, 4:17.
6. Aleke nuwo dzɔ kplɔ nɔnɔmetɔtrɔa ɖoe?
6 Nusi apostolo etɔ̃awo kpɔ la gadoa ŋusẽ míawo hã míaƒe xɔse egbea. Nyateƒee, nudzɔdzɔwo kplɔ wo nɔewo ɖo tso ƒe 32 M.Ŋ. me. Esi ƒe trɔ la, Yesu ku eye wofɔe ɖe tsitre, eye wòyi dziƒo va le Fofoa ƒe nuɖusime. (Dɔwɔwɔwo 2:29-36) Le ƒe ma ƒe Pentekoste-ŋkeke dzi la, wodzi “Mawu ƒe Israel” yeye la, eye gbeƒãɖeɖedɔ aɖe dze egɔme, tso Yerusalem eye emegbe wòkeke ɖe enu ɖo anyigba ƒe seƒewo ke. (Galatiatɔwo 6:16; Dɔwɔwɔwo 1:8) Wodo Yesu yomedzelawo ƒe xɔse kpɔ le ema megbe teti. Wolé apostoloawo eye woƒo wo vevie le esi wogbe be yewomadzudzɔ gbeƒãɖeɖe o ta. Eteƒe medidi o wowu Stefano. Eyome wowu Yakobo, nɔnɔmetɔtrɔa teƒekpɔlawo dometɔ ɖeka. (Dɔwɔwɔwo 5:17-40; 6:8–7:60; 12:1, 2) Gake Petro kple Yohanes ya ganɔ agbe subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe yi ŋgɔ ƒe geɖe. Le nyateƒe me, esi ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. yina ɖe eƒe nuwuwu la, Yohanes gaŋlɔ Yesu ƒe dziƒo ŋutikɔkɔe ƒe ŋutega me nukpɔkpɔ bubuwo.—Nyaɖeɖefia 1:12-20; 14:14; 19:11-16.
7. (a) Ɣekaɣie nɔnɔmetɔtrɔ ŋutega la dze emevava gɔme? (b) Ɣekaɣie Yesu ɖo eteƒe na ame aɖewo le woƒe nuwɔwɔ nu?
7 Tso “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la” ƒe gɔmedzedze le ƒe 1914 me la, ŋutega siwo Yohanes kpɔ la dometɔ geɖe va eme. (Nyaɖeɖefia 1:10) Ke Yesu ƒe ‘vava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me’ si ƒe vɔvɔli nɔnɔmetɔtrɔa nye hã ɖe? Ŋutega sia dze emevava gɔme le Mawu ƒe dziƒo Fiaɖuƒea dzidzi me le ƒe 1914 me. Esime Yesu, Fia si woɖo zi dzi yeyee, do le xexeame katã abe ŋukeɣletivi ene la, ɖeko wòwɔ abe ŋu yeye aɖee le kekem ene. (Petro II, 1:19; Nyaɖeɖefia 11:15; 22:16) Ðe Yesu ɖo eteƒe na ame aɖewo le woƒe nuwɔwɔ nua? Ẽ. Kpeɖodzi siwo me kɔ ƒã li be Kristotɔ amesiaminawo ƒe dziƒo tsitretsitsi la dze egɔme ɣeyiɣi kpui aɖe le ema megbe.—Timoteo II, 4:8; Nyaɖeɖefia 14:13.
8. Nudzɔdzɔ kawoe aƒo nɔnɔmetɔtrɔ ŋutega la mevava ta?
8 Gake esusɔ vie ko Kristo ado “le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti” bene wòadrɔ̃ ʋɔnu ameƒomea katã. (Mateo 25:31) Ɣemaɣi la, aɖe eɖokui afia le eƒe ŋutikɔkɔe gã la me bliboe eye wòaɖo eteƒe na “amesiame” alesi dze ɖe eƒe nuwɔwɔ nu. Alẽawo anyi agbe mavɔ si wodzra ɖo ɖi na wo le Fiaɖuƒea me la ƒe dome, eye gbɔ̃wo ayi ɖe ‘tsɔtsrɔ̃ mavɔ’ la me. Nɔnɔmetɔtrɔa ƒe ŋutega mevava ƒe taƒoƒo nyui kae nye si wòanye!—Mateo 25:34, 41, 46; Marko 8:38; Tesalonikatɔwo II, 1:6-10.
Yesu Hati Siwo Wodo Ŋutikɔkɔe Na
9. Ðe wòle be míakpɔ mɔ be Mose kple Eliya akpe ɖe Yesu ŋu le nɔnɔmetɔtrɔ ŋutega la mevava mea? Ðe eme.
9 Menye Yesu ɖeɖekoe wokpɔ le nɔnɔmetɔtrɔa me o. Wokpɔ Mose kple Eliya hã kplii. (Mateo 17:2, 3) Ðe wonɔ afima ŋutɔŋutɔa? Ao, elabena ame eve siawo ku xoxoxo eye wole alɔ̃ me le tsiẽƒe le tsitretsitsia lalam. (Nyagblɔla 9:5, 10; Hebritɔwo 11:35) Ðe woava kple Yesu ne eva le dziƒo ŋutikɔkɔe mea? Ao, elabena Mose kple Eliya nɔ agbe do ŋgɔ na ɣeyiɣi si me woʋu dziƒomɔkpɔkpɔ la ƒe mɔnu na amewo. Woanɔ ‘ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi’ si ava eme le anyigba dzi la me. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Eyata wo kpɔkpɔ le ŋutega me nɔnɔmetɔtrɔa me nye kpɔɖeŋunu. Nuka ƒe kpɔɖeŋue?
10, 11. Amekawoe Eliya kple Mose nye kpɔɖeŋu na le nɔnɔme vovovowo me?
10 Wozã Mose kple Eliya le teƒe bubuwo wonye nyagblɔɖimemewo. Esi Mose nye Se ƒe nubabla la ƒe avuléla ta la, enye vɔvɔli na Yesu, nubabla yeyea ƒe Avuléla. (Mose V, 18:18; Galatiatɔwo 3:19; Hebritɔwo 8:6) Eliya nye vɔvɔli na Yohanes Amenyrɔɖetsimela si nye mɔtala na Mesia la. (Mateo 17:11-13) Eye le nya siwo wogblɔ le Nyaɖeɖefia ta 11 me hã la, Mose kple Eliya nye vɔvɔli na amesiaminawo ƒe ame susɔeawo le nuwuɣia me. Aleke míewɔ nya?
11 Enyo, ʋu Nyaɖeɖefia 11:1-6. Kpukpui 3 lia xlẽ be: “Mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve, bena woagblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka kple alafa eve kple blaade, eye woanɔ akpanya me.” Nyagblɔɖi sia va eme ɖe Kristotɔ amesiamina susɔeawo dzi le Xexemeʋa I wɔɣi.a Nukata wònye ɖaseɖila eve ye? Esi amesiamina susɔeawo le dɔ siwo ɖi Mose kple Eliya tɔ le gbɔgbɔ me gome wɔm tae. Kpukpui 5 kple 6 yi edzi be: “Ne ame aɖe di be, yeawɔ vɔ̃ ɖe [ɖaseɖila eveawo] ŋu la, dzo dona tsoa woƒe nu me, eye wòfiãa woƒe ketɔwo; eye ne ame aɖe di be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, ele be, woawui nenema ke. Ŋusẽ le amesiawo si be, woatu dziƒo nu, bena tsi magadza le woƒe nyagblɔɖiŋkekeawo me o, eye ŋusẽ le wo si ɖe tɔwo dzi, be woatrɔ wo woazu ʋu, eye woatsɔ fuwɔame tsyo ƒomevi aƒo anyigba la zi geɖe, alesi wolɔ̃.” Esia na míeɖo ŋku nukunu siwo Eliya kple Mose wɔ dzi.—Mose IV, 16:31-34; Fiawo I, 17:1; Fiawo II, 1:9-12.
12. Le nɔnɔmetɔtrɔa me la, amekawoe Mose kple Eliya nye kpɔɖeŋu na?
12 Ke amekawoe Mose kple Eliya nye vɔvɔli na le nɔnɔmetɔtrɔa me? Luka gblɔ be woawo kple Yesu wodze “le ŋutikɔkɔe me.” (Luka 9:31) Eme kɔ ƒã be wonye vɔvɔli na Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na be woanye “hadomenyilawo” kple Yesu eye woto esia me xɔ mɔkpɔkpɔ wɔnuku si nye be ‘woakɔ wo ŋuti kplii.’ (Romatɔwo 8:17) Amesiamina siwo wofɔ ɖe tsitre akpe ɖe Yesu ŋu ne eva le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me be “[yeaɖo eteƒe] na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.”—Mateo 16:27.
Ðasefo Siwo Le abe Mose Kple Eliya Ene
13. Nukawoe fia be Mose kple Eliya nye nyagblɔɖi me kpɔɖeŋu siwo sɔ na Yesu ƒe hadomenyila amesiamina siwo ŋuti wokɔ kpe ɖe eŋu?
13 Nu vevi aɖewo li siwo de dzesi Mose kple Eliya be wonye Yesu ƒe hadomenyila amesiaminawo ƒe nyagblɔɖi me kpɔɖeŋuwo. Mose kple Eliya siaa nye Yehowa ƒe nyanuɖelawo ƒe geɖe. Fia aɖe do dɔmedzoe ɖe wo ame evea siaa ŋu. Dutatɔwo ƒe ƒomewo kpɔ wo dometɔ ɖesiaɖe dzi esime hiã tu wo. Wo ame evea ɖi ɖase dzideƒotɔe na fiawo eye wotsi tre ɖe alakpanyagblɔɖilawo ŋu sesĩe. Mose kple Eliya siaa kpɔ Yehowa ƒe ŋusẽ ɖeɖefiawo le Sinai-toa (si wogayɔna be Xoreb) dzi. Wo ame evea siaa tia wo teƒenɔlawo le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome. Eye Mose (kple Yosua) kpakple Eliya (kple Elisa) ƒe ɣeyiɣiawo mee wowɔ nukunu gbogbotɔ le, ne míeɖe esiwo wowɔ le Yesu ƒe agbenɔɣi le eme.b
14. Aleke amesiaminawo nye Yehowa ƒe nyanuɖelae, abe Mose kple Eliya ene?
14 Ðe nusiawo katã mena míeɖo ŋku Mawu ƒe Israel la dzi oa? Ẽ, ena míeɖo ŋkui vavã. Yesu gblɔ na eyomedzela wɔnuteƒewo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la dzi. Eye, kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:19, 20, NW) Le wɔwɔ ɖe nya mawo dzi me la, Kristotɔ amesiaminawo zu abe nyanuɖela ene na Yehowa tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi vaseɖe fifia. Wodze ŋgɔ dziɖulawo ƒe dɔmedzoe abe Mose kple Eliya ene eye woɖi ɖase na wo. Yesu gblɔ na eƒe apostolo 12 la be: “Woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo.” (Mateo 10:18) Eƒe nyaawo va eme zi geɖe le Kristo-hamea ƒe ŋutinya me.—Dɔwɔwɔwo 25:6, 11, 12, 24-27; 26:3.
15, 16. Nusiwo ɖi wo nɔewo kawoe li le amesiaminawo, kpakple Mose kple Eliya dome (a) le nyateƒea ƒe akpa dzi nɔnɔ vɔvɔ̃manɔmee me? (b) le kpekpeɖeŋu xɔxɔ tso amesiwo menye Israel-viwo o gbɔ me?
15 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dzi le Kristotɔ amesiaminawo ƒo abe Mose kple Eliya ene wotsi tre ɖe subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafiawo ŋu eye wonɔ nyateƒea ƒe akpa dzi. Ðo ŋku alesi Paulo bu fɔ Yudatɔ alakpanyagblɔɖila Baryesu eye wòtsɔ ŋuɖɔɖɔɖo klo nu le Atenetɔwo ƒe mawuwo ƒe alakpanunyenye ŋu gake wògblɔe kple dzideƒo la dzi. (Dɔwɔwɔwo 13:6-12; 17:16, 22-31) Gaɖo ŋku edzi hã be le míaƒe ŋkekeawo me la, amesiamina susɔeawo klo nu le Kristodukɔa ƒe nuwɔnawo dzi dzideƒotɔe eye ɖaseɖiɖi ma wɔ fui vevie.—Nyaɖeɖefia 8:7-12.c
16 Esime Mose si le Farao ƒe dɔmedzoe nu la, ekpɔ sitsoƒe le ŋutsu aɖe si menye Israel-vi o si ŋkɔe nye Reguel, si wogayɔna hã be Yetro, ƒeme. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Reguel, amesi viŋutsu Hobab fia mɔ Israel le gbeadzi, gaɖo ɖoɖowɔwɔɖaŋu nyuiwo na Mose.d (Mose II, 2:15-22; 18:5-27; Mose IV, 10:29) Ðe amesiwo menye Mawu ƒe Israel la me tɔ amesiaminawo o kpe ɖe Mawu ƒe Israel la me tɔwo hã ŋu nenemaa? Ẽ, ‘alẽ bubuawo’ ƒe “ameha gã” la, amesiwo va dze le ŋkeke mamlɛ siawo me, kpe ɖe wo ŋu. (Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16; Yesaya 61:5) Esi Yesu nɔ alesi “alẽ” siawo atsɔ xɔlɔ̃wɔwɔ kple lɔlɔ̃ akpe ɖe nɔvia amesiaminawo ŋu ƒe nya gblɔm ɖi la, egblɔ na wo le nyagblɔɖi me be: “Dɔ wum, eye miena nuɖuɖum; tsikɔ wum, eye miena tsim; amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ. Mele amama, eye miedo awu nam; nye lãme gblẽ, eye mieva kpɔm ɖa, mele gaxɔ me, eye mieva gbɔnye. . . . Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.”—Mateo 25:35-40.
17. Aleke amesiaminawo to nɔnɔme si ɖi Eliya tɔ le Xoreb-toa dzi mee?
17 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe Israel la to nusiwo sɔ kple esiwo me Eliya to le Xoreb-toa dzi la me.e Abe alesi wònɔ na Eliya esime wònɔ sisim le Fianyɔnu Izebel nu ene la, amesiamina susɔea siwo me vɔvɔ̃ nɔ hã susu be yewoƒe dɔa wu enu le Xexemeʋa I ƒe nuwuwu. Eye abe Eliya ene la, woawo hã do go Yehowa, amesi va ʋɔnu drɔ̃ ge habɔbɔ siwo gblɔna be yewonye “Mawu ƒe aƒe” la. (Petro I, 4:17; Maleaxi 3:1-3) Togbɔ be Kristodukɔa mete ŋu ɖo nusi wodi tso wo si gbɔ o hã la, wokpɔe dze sii le amesiamina susɔeawo ya ŋu be woawoe nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la eye wotsɔe ɖo Yesu ƒe nusiwo katã le anyigba dzi la nu. (Mateo 24:45-47) Le Xoreb la, Eliya se ‘gbe fafɛ bɔbɔe aɖe’ si nye Yehowa ƒe gbe, si nɔ dɔ bubuwo dem asi nɛ be wòawɔ. Le aʋamegbeƒe siwo me nuwo zi ɖoɖoe le me la, Yehowa subɔla amesiamina wɔnuteƒewo se eƒe gbe tso Biblia la me. Woawo hã kpɔe dze sii be wode dɔ aɖe asi na yewo be yewoawɔ.—Fiawo I, 19:4, 9-18; Nyaɖeɖefia 11:7-13.
18. Aleke woɖe Yehowa ƒe ŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ ɖedzesiwo fia to Mawu ƒe Israel la dzii?
18 Mlɔeba la, ɖe woɖe Yehowa ƒe ŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ ɖedzesiwo fia to Mawu ƒe Israel la dzia? Le Yesu ƒe ku megbe la, apostoloawo wɔ nukunu geɖewo, gake vivivi la, wova tɔ te. (Korintotɔwo I, 13:8-13) Fifia míegakpɔa nukunuwo le nya la ƒe gɔmesese ŋutɔŋutɔ nu o. Gake Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gãtɔwo wu esiawo wòawɔ.” (Yohanes 14:12) Esia va eme zi gbãtɔ esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒã nyanyuia le Roma Fiaɖuƒea katã me le ƒe alafa gbãtɔ me. (Romatɔwo 10:18) Wowɔ dɔ siwo galolo wu kura egbea esi amesiamina susɔeawo xɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me “le xexe blibo la katã me bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mateo 24:14) Nukae do tso eme? Ƒe alafa 20 lia mee woƒo Yehowa subɔla adzɔgbeɖela wɔnuteƒewo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake nu ƒu le ŋutinya me le. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 7:9, 10) Yehowa ƒe ŋusẽ ɖeɖefia wɔnuku kae nye si!—Yesaya 60:22.
Yesu Nɔviwo Va le Ŋutikɔkɔe Me
19. Ɣekaɣie woakpɔ Yesu nɔvi amesiaminawo le ŋutikɔkɔe me kplii?
19 Ne Yesu nɔvi amesiamina susɔeawo wu woƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu la, wokɔa wo ŋuti kpakplii. (Romatɔwo 2:6, 7; Korintotɔwo I, 15:53; Tesalonikatɔwo I, 4:14, 17) Esia naa wozua fia kple nunɔla makumakuwo le dziƒo Fiaɖuƒea me. Woakpe ɖe Yesu ŋu ɣemaɣi ‘atsɔ gatikplɔ akplɔ dukɔwo eye woagbã wo gudugudu abe zemela ƒe ze ene.’ (Nyaɖeɖefia 2:27; 20:4-6; Psalmo 110:2, 5, 6) Woanɔ fiazikpuiwo dzi kple Yesu adrɔ̃ ʋɔnu “Israel ƒome wuieveawo.” (Mateo 19:28) Nuwɔwɔ siwo le ŋeŋem la le mɔ kpɔm vevie na nudzɔdzɔ siawo, siwo nye “mawuviwo ƒe ɖeɖefia” la ƒe akpa aɖe.—Romatɔwo 8:19-21; Tesalonikatɔwo II, 1:6-8.
20. (a) Mɔkpɔkpɔ ka ŋue nɔnɔmetɔtrɔa do ŋusẽ Petro ƒe xɔse ɖo? (b) Aleke nɔnɔmetɔtrɔa doa ŋusẽ Kristotɔwoe egbea?
20 Paulo ƒo nu tso Yesu ƒe ɖeɖefia le “xaxa gã” la me ŋu esi wòŋlɔ be: “Ava, bena wòakpɔ ŋutikɔkɔe le eƒe ame kɔkɔewo me, eye wòawɔ nuku na amewo le dzixɔsetɔwo katã ŋuti le ŋkeke ma dzi.” (Mateo 24:21; Tesalonikatɔwo II, 1:10) Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae nye si wònye na Petro, Yakobo, Yohanes, kple Kristotɔ siwo katã wotsɔ gbɔgbɔ si amii na! Nɔnɔmetɔtrɔa do ŋusẽ Petro ƒe xɔse. Kakaɖedzitɔe la, exexlẽ doa ŋusẽ míawo hã míaƒe xɔse eye wònaa míekana ɖe edzi be eteƒe madidi o Yesu ‘aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔ nu.’ Kristotɔ amesiamina siwo gale agbe va ɖo fifia la kpɔ be wogaɖo kpe yewoƒe kakaɖedzi be woakɔ yewo ŋuti akpe ɖe Yesu ŋu la dzi. Edo ŋusẽ alẽ bubuawo ƒe xɔse be woanyae be aɖe yewo le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu ayi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe xexe yeyea mee. (Nyaɖeɖefia 7:14) Dzideƒo kae nye si wònye be míanɔ tsitre sesĩe halase nuwuwu! Eye míagate ŋu asrɔ̃ nu bubu geɖe le ŋutega la me, abe alesi míakpɔe le nyati si gbɔna mee ene.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ agbalẽ siwo nye “Let Your Name Be Sanctified,” axa 313-14, kple Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, axa 164-5, siwo Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.
b Mose II, 2:15-22; 3:1-6; 5:2; 7:8-13; 8:14; 19:16-19; Mose V, 31:23; Fiawo I, 17:8-16; 18:21-40; 19:1, 2, 8-18 Fiawo II, 2:1-14.
c Kpɔ agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! ƒe axa 133-41.
d Kpɔ agbalẽ si nye You May Survive Armageddon Into God’s New World si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe axa 281-3.
e Kpɔ “Let Your Name Be Sanctified,” axa 317-20.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Amekawoe wokpɔ le nɔnɔmetɔtrɔa me kple Yesu?
◻ Aleke nɔnɔmetɔtrɔa do ŋusẽ apostoloawo ƒe xɔsee?
◻ Esi Mose kple Eliya dze “le ŋutikɔkɔe me” kple Yesu le nɔnɔmetɔtrɔa me la, amekawoe wotsi tre ɖi na?
◻ Nusiwo ɖi wo nɔewo kawoe li le Mose kple Eliya, kpakple Mawu ƒe Israel dome?
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Nɔnɔmetɔtrɔ ŋutega la do ŋusẽ Kristotɔwo ƒe xɔse le blema kple egbea siaa