-
‘Nukae Anye Wò Anyinɔnɔ Ƒe Dzesi?’Gbetakpɔxɔ—1994 | February 15
-
-
“EKEMA” Nuwuwu Aɖo
10. Nukatae wòle be míade dzesi Helagbe me nya si nye toʹte, eye nukae wòfia?
10 Le Yesu ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa aɖewo la, egblɔ etsɔ me nudzɔdzɔwo ɖi le alesi woadzɔ akplɔ wo nɔewo ɖoe nu. Egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia . . . , eye ekema nuwuwu aɖo.” Zi geɖe la, Eŋlisigbe me Bibliawo zãa nya “ekema” si ƒe gɔmesese kpuie nye “eyata” alo “ke.” (Marko 4:15, 17; 13:23) Gake “ekema” si dze le Mateo 24:14 la tso Helagbe me dɔwɔnyaɖɔnya si nye toʹte me.c Helagbenyala bibiwo gblɔ be toʹte nye “dɔwɔnyaɖɔnya si fiaa asi ɣeyiɣi” si wozãna “tsɔ fiaa nane si adzɔ le ɣeyiɣi si le ŋgɔ gbɔna me” alo “wotsɔ fiaa nane si adzɔ akplɔ nane ɖo.” Eyata Yesu gblɔ ɖi be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe la eye ekema (‘ema megbe’ alo ‘eyome’) “nuwuwu la” ava. Nuka ƒe nuwuwue ava?
-
-
‘Nukae Anye Wò Anyinɔnɔ Ƒe Dzesi?’Gbetakpɔxɔ—1994 | February 15
-
-
c Toʹte dze zi 80 kple edzivɔ le Mateo me (zi 9 le ta 24 me) kple zi 15 le Luka ƒe agbalẽa me. Marko zã toʹte zi ade ko, gake wo dometɔ ene ku ɖe ‘dzesia’ ŋu.
-