Ale Si Míaƒe Kplɔla La Le Dɔ Dzi Vevie Egbea
“[Edo] go yi ɖale aʋa dzi ɖum, bene yeawu yeƒe aʋadziɖuɖu la nu.”—NYAÐ. 6:2.
1, 2. (a) Aleke woɖɔ dɔ si Kristo le wɔwɔm abe fia ene tso ƒe 1914 me la le Biblia me? (b) Afɔ kawoe Kristo ɖe tso esime woɖoe zi dzi?
YEHOWA ɖo Kristo wòzu Eƒe Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia le ƒe 1914 me. Ne míele ekpɔm le míaƒe susu me la, aleke míebunɛ? Ðe míebunɛ be enye fia si nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi le dziƒo le ŋugble me yim eye sẽe kple sẽe ko la, wòtrɔna kpɔa anyigba dzi be yeakpɔe ɖa be aleke nuwo le edzi yim na yeƒe hamea hã? Ne nenemae la, ekema ele be míatrɔ míaƒe nukpɔsusu. Psalmowo kple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖɔe be enye fia kalẽtɔ si le sɔ dzi do go “yi ɖale aʋa dzi ɖum, bene yeawu yeƒe aʋadziɖuɖu la nu” eye ayi edzi va se ɖe esime wòaɖu aʋa dzi keŋkeŋ.—Nyaɖ. 6:2; Ps. 2:6-9; 45:2-5.
2 Afɔ gbãtɔ si Kristo ɖe abe fia ene esime woɖoe zi dzi megbe lae nye aʋa si wòwɔ kple “ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo” eye wòɖu wo dzi. Abe Mixael, mawudɔlawo ƒe tatɔ si le mawudɔlawo ƒe aʋakɔwo nu ene la, Kristo tsɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒu gbe tso dziƒo kɔkɔe la eye wòna wotsi anyigba ƒe nutowo me. (Nyaɖ. 12:7-9) Esia megbe la, Yesu nɔ Fofoa Yehowa ŋu abe eƒe “nubabla ƒe dɔla” ene wova lé ŋku ɖe gbɔgbɔmegbedoxɔa me. (Mal. 3:1) Edrɔ̃ ʋɔnu Kristodukɔa, si nye “Babilon gã la” ƒe akpa si dze na fɔbubu wu la, eye wòkpɔe be eɖi ʋufɔ eye wòwɔ gbɔgbɔmehasi kple xexe sia ƒe dunyahenuɖoanyia.—Nyaɖ. 18:2, 3, 24.
Kristo Kɔ Eƒe Kluvi Si Le Anyigba Dzi La Ŋu
3, 4. (a) Dɔ kawoe Kristo wɔ de goe abe Yehowa ƒe “dɔla” ene? (b) Esi wolé ŋku ɖe gbedoxɔa me la, nu kae wokpɔ, eye abe hamea ƒe Ta ene la, ɖoƒe kae Yesu tsɔ kluvi la ɖo?
3 Esime Yehowa kple eƒe “dɔla” la va lé ŋku ɖe gbɔgbɔmegbedoxɔ ma ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi ŋu la, wokpɔ Kristotɔ vavãwo ƒe ha aɖe hã, si menye Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo ƒe akpa aɖeke o. Ke hã, ehiã be woakɔ Kristotɔ amesiamina alo ‘Lewi vi’ siawo kura gɔ̃ hã ŋu. Enɔ abe ale si nyagblɔɖila Maleaxi gblɔe ɖi ene be: “[Yehowa] abɔbɔ nɔ anyi alólo klosalo, eye wòadza eŋu, akɔ Lewi-viwo ŋu, eye wòadza wo ŋu abe sika kple klosalo ene, eye woasa vɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me.” (Mal. 3:3) Yehowa zã eƒe “nubabla ƒe dɔla,” Kristo Yesu, wòkɔ gbɔgbɔ me Israel vi siawo ŋu.
4 Togbɔ be enɔ alea hã la, Kristo kpɔe be Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒe siawo nɔ woƒe ŋutete katã wɔm nɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam Kristo ƒe aƒemesubɔviwo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Tso keke ƒe 1879 me va ɖo fifia la, woyi edzi le Biblia me nyateƒe siwo ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu tam ɖe magazine sia me le ɣeyiɣi deamedziwo kple ɣeyiɣi madeamedziwo siaa me. Yesu gblɔ ɖi be, ne “[yetrɔ] gbɔ va” be yealé ŋku ɖe yeƒe aƒemesubɔviwo ŋu le “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la,” yeakpɔ kluvi aɖe wòanɔ “nuɖuɖu [nam] wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” Agblɔ be dzidzɔtɔe kluvi ma nye eye “atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu” le anyigba dzi. (Mat. 24:3, 45-47) Tso ɣemaɣi la, abe Kristo hamea ƒe Ta ene la, Kristo le eƒe “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la zãm tsɔ le Eƒe Fiaɖuƒea ƒe nuwo dzi kpɔm le anyigba dzi. Eto Dziɖuha aɖe dzi na mɔfiame eƒe ‘aƒemesubɔvi’ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo.’—Yoh. 10:16.
Anyigba Dzi Nuwo Ŋeŋe
5. Nu kae apostolo Yohanes kpɔ Mesia Fia la wòwɔ le ŋutega aɖe me?
5 Le ŋutega aɖe me la, apostolo Yohanes kpɔ nu bubu aɖe si Mesia Fia la awɔ le “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la” me le eɖoɖo fiazikpui dzi le ƒe 1914 me megbe. Yohanes ŋlɔ bena: “Mekpɔ, eye kpɔ ɖa! Alilikpo ɣi aɖe, eye ame aɖe bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi abe amegbetɔvi ene, eye sikafiakuku aɖe le eta, eye hɛ gobɛ ɖaɖɛ aɖe le esi.” (Nyaɖ. 1:10; 14:14) Yohanes see mawudɔla aɖe si tso Yehowa gbɔ la gblɔ na Nuŋela sia be wòado eƒe hɛ gobɛ la ɖa, elabena “anyigba la ƒe nukuwo ɖi nyuie.”—Nyaɖ. 14:15, 16.
6. Nu kae Yesu gblɔ be ava dzɔ ne ɣeyiɣiawo va le yiyim?
6 “Anyigba dzi nukuwo” ŋeŋe na míeɖo ŋku Yesu ƒe kpɔɖeŋu siwo ku ɖe lu kple gbe wuwluiawo ŋu la dzi. Le kpɔɖeŋu ma me la, Yesu tsɔ eɖokui sɔ kple ŋutsu aɖe si wu lu ɖe eƒe agble me kple susu be yeava ŋe lu nyui, siwo le tsitre ɖi na “fiaɖuƒe la ƒe viwo,” Kristotɔ vavã siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na be woava ɖu fia kplii le eƒe Fiaɖuƒe la me. Gake esi zã do eye amewo nɔ alɔ dɔm la, futɔ aɖe, si nye “Abosam,” va wu gbe wuwluiwo, “vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo,” ɖe luawo dome. Nukuwula la gblɔ na eƒe dɔwɔlawo be woaɖe asi le luawo kple gbe wuwluiawo ŋu woa kple evea siaa natsi va se ɖe nuŋeɣi, si nye “nuɖoanyi aɖe ƒe nuwuɣi.” Ɣemaɣi la, adɔ eƒe dɔlawo ɖa woava ɖe gbe wuwluiawo ɖe vovo tso luawo dome.—Mat. 13:24-30, 36-41.
7. Alekee Kristo le “anyigba dzi nukuwo” ŋem?
7 Le ŋutega si wona Yohanes kpɔ la me vava me la, Yesu le nuŋeŋedɔ gã aɖe wɔm le anyigba katã dzi fifia. “Anyigba dzi nukuwo” ŋeŋe dɔa dze egɔme kple ame 144,000 la ƒe ame mamlɛawo, siwo nye “fiaɖuƒe la ƒe viwo,” siwo ‘luawo’ le tsitre ɖi na le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la nu ƒoƒo ƒu. Vovototo si le Kristotɔ vavãwo kple aʋatso Kristotɔwo dome la va dze nyuie wu le Xexemeʋa I megbe ale gbegbe be, esia wɔe be “anyigba dzi nukuwo” ŋeŋe dɔa ƒe akpa evelia, si nye alẽ bubuawo nu ƒoƒo ƒu la, hã le edzi yim. Ame siawo menye “fiaɖuƒe la ƒe viwo” o, ke koŋ wonye “ameha gã aɖe” siwo lɔ̃ faa be yewoanye Fiaɖuƒe ma te viwo. Woƒo wo nu ƒu tso “dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo” katã me. Wobɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Mesia Fiaɖuƒea, si me tɔwo nye Kristo Yesu kple ame 144,000 siwo nye ‘ame kɔkɔe’ siwo awɔ ɖeka kplii le dziƒodziɖuɖu ma me la te.—Nyaɖ. 7:9, 10; Dan. 7:13, 14, 18.
Ale Si Kristo Kplɔa Hameawo
8, 9. (a) Nu kae ɖee fia be menye nɔnɔme si hamea ɖena fiana abe ƒuƒoƒo ene la koe Kristo dea dzesii o, ke edea dzesi agbe si ƒomevi hamea me tɔ ɖe sia ɖe nɔna hã? (b) Le ɖekawɔwɔ me kple nɔnɔmetata si le axa 26 la, ‘Satana ƒe nu goglo’ kawoe wòle be míaƒo asa na?
8 Le nyati si do ŋgɔ me la, míekpɔ ale si Kristo léa ŋku ɖe gbɔgbɔmenɔnɔme si me hame ɖe sia ɖe nɔ le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la ŋu. Le míaƒe ŋkekea me la, abe Fia si le dzi ɖum, si wotsɔ “ŋusẽ katã . . . le dziƒo kple anyigba dzi” na ene la, Kristo míaƒe Kplɔla la le dɔ dzi vevie le hame siwo le anyigba katã dzi kple woƒe dzikpɔlawo la kplɔm. (Mat. 28:18; Kol. 1:18) Yehowa tsɔe “ɖo ta na nuwo katã hena hame la,” si me tɔwo nye amesiaminawo. (Ef. 1:22) Abe hamea ƒe ta ene la, ekpɔa nu sia nu si yia edzi le Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu 100,000 la dometɔ ɖe sia ɖe me.
9 Yesu ɖo gbedeasi sia ɖe hame si nɔ Tiatira le blema la be: “Nya siwo Mawu ƒe Vi la, ame si ƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, . . . gblɔ lae nye esi: ‘Menya wò dɔwɔwɔwo.’” (Nyaɖ. 2:18, 19) Eka mo na hame ma me tɔwo ɖe woƒe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ, kple agbe blibaa nɔnɔ ta hegblɔ na wo be: “Nyee nye ame si dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔ, eye maɖo eteƒe na mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu.” (Nyaɖ. 2:23) Nya siawo ɖee fia be menye nɔnɔme si hame ɖe sia ɖe ɖena fiana abe ƒuƒoƒo ene la koe Kristo dea dzesii o, ke edea dzesi agbe si ƒomevi hamea me tɔ ɖe sia ɖe nɔna la hã. Yesu kafu Kristotɔ siwo nɔ Tiatira hamea me, “siwo mesrɔ̃ ‘Satana ƒe nu gogloawo’” o. (Nyaɖ. 2:24) Nenema kee egbea hã, ekpɔa ŋudzedze ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo siaa siwo mekea ŋku ɖe “Satana ƒe nu gogloawo” me, to Internet alo videodzifefe siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo le dzi alo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe mɔɖeɖe ɖe nu ŋu ƒe nuŋububu si xɔ aƒe ɖe xexea me la me o ŋu. Aleke gbegbee wòdzɔa dzi nɛ enye esi ne ekpɔ Kristotɔ geɖe siwo li egbea wole agbagba dzem eye wotsɔa nu geɖewo saa vɔe be yewoawɔ yewoƒe ŋutete katã be yewoadze eyome ahawɔ ɖe eƒe mɔfiafiawo dzi le yewoƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me!
10. Alekee woɖɔ ale si Kristo le hamemetsitsiwo kplɔmee, gake ɖoɖo ka dzie wòle be woalɔ̃ ɖo?
10 Kristo kplɔa eƒe hameawo le anyigba dzi lɔlɔ̃tɔe to hamemetsitsi siwo woɖo la dzi. (Ef. 4:8, 11, 12) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, dzikpɔlawo katã nye ame siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzi. Woɖɔ wo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me be wonye ɣletiviwo le Kristo ƒe nuɖusi me. (Nyaɖ. 1:16, 20) Egbea la, hamemetsitsi akpa gãtɔ nye alẽ bubuawo me tɔwo. Wodoa gbe ɖa hewɔna ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafiawo dzi hafi ɖoa wo, eya ta míate ŋu agblɔ le woawo hã ŋu be Kristo ye le mɔ fiam wo alo eƒe asi le wo kplɔm. (Dɔw. 20:28) Gake hamemetsitsi siawo lɔ̃ ɖe edzi be Kristo le ŋutsu Kristotɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe zãm abe Dziɖuha ene tsɔ le mɔ fiam eƒe nusrɔ̃la siwo le anyigba dzi hele wo kplɔm.—Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 15:6, 28-30.
“Aƒetɔ Yesu, Va”
11. Nu ka tae míele mɔ kpɔm vevie be míaƒe Kplɔla la nava kaba?
11 Le nyaɖeɖefia ƒe gbedeasi si wotsɔ na apostolo Yohanes me la, Yesu gblɔ zi geɖe be yegbɔna kaba. (Nyaɖ. 2:16; 3:11; 22:7, 20) Ðikekemanɔmee la, ale si wòava drɔ̃ ʋɔnu Babilon Gã la kple Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ƒe akpa susɔea ye wòwɔnɛ. (2 Tes. 1:7, 8) Esi apostolo Yohanes, amegãɖeɖi la, di vevie be yeakpɔ nu wɔnuku siwo wogblɔ ɖi la me vava ta la, egblɔ be: “Amen! Aƒetɔ Yesu, va.” Mí ame siwo le agbe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi siawo ƒe nuwuɣi la, míawo hã míele mɔ kpɔm vevie be míaƒe Kplɔla kple Fia la nava le Fiaɖuƒeŋusẽ me ne wòakɔ Fofoa ƒe ŋkɔ ŋu eye wòaʋli Eƒe dziɖulanyenye ta.
12. Dɔ kae Kristo awɔ ade goe hafi woaɖe asi le tsɔtsrɔ̃ ƒe yawo ŋu?
12 Hafi Yesu nava tsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi si wokpɔna la, gbɔgbɔ me Israel vi, ame 144,000 la ƒe ame susɔeawo axɔ woƒe amenutetre mamlɛtɔa. Biblia gblɔe eme kɔ nyuie be womaɖe asi le tsɔtsrɔ̃ ƒe yawo ŋu woatsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyia o, negbe ɖe wowu ame 144,000-awo nu tetre sia nu keŋkeŋ hafi.—Nyaɖ. 7:1-4.
13. Alekee Kristo ana eƒe anyinɔnɔ la nadze ƒãa le “xaxa gã” la ƒe akpa gbãtɔa me?
13 Anyigba dzi tɔ akpa gãtɔ mede dzesi Kristo ƒe “anyinɔnɔ” si dze egɔme tso ƒe 1914 me la o. (2 Pet. 3:3, 4) Ke hã, eteƒe madidi o, ana eƒe anyinɔnɔa nadze ƒãa ne ehe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va Satana ƒe nuɖoanyia ƒe akpa vovovoawo dzi. “Sedzimawɔla” la, si nye Kristodukɔa ƒe sɔlemehakplɔlawo, tsɔtsrɔ̃ anye eƒe “anyinɔnɔ ƒe ɖeɖe fia” si ame aɖeke mate ŋu ake ɖii o. (Mixlẽ 2 Tesalonikatɔwo 2:3, 8.) Esia anye kpeɖodzi si ŋu kakaɖedzi le be Kristo tso ɖe dɔ ŋu abe Ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa ɖo ene. (Mixlẽ 2 Timoteo 4:1.) Babilon Gã la ƒe akpa si dze na fɔbubu wu la tsɔtsrɔ̃ ɖa anye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe vɔ̃ɖi ma tsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ ƒe gɔmedzedze. Yehowa adee dunyahedziɖulawo ƒe dzi me be woatsrɔ̃ mawusubɔsubɔ me gbolo sia ɖa keŋkeŋ. (Nyaɖ. 17:15-18) Nudzɔdzɔ mae anye “xaxa gã” la ƒe akpa gbãtɔ.—Mat. 24:21.
14. (a) Nu ka tae woatso xaxa gã la ƒe akpa gbãtɔa ƒe ŋkekewo dzi? (b) Nu kae “Amegbetɔvi la ƒe dzesi” la afia na Yehowa ƒe amewo?
14 Yesu gblɔ be woatso xaxa ma ƒe ŋkekeawo dzi “le ame tiatiawo,” Kristotɔ amesiamina susɔe siwo gakpɔtɔ le anyigba dzi la ta. (Mat. 24:22) Yehowa maɖe mɔ be Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo hã natsrɔ̃ le alakpasubɔsubɔhawo dzi dzedze sia me o. Yesu gblɔ kpee be “le ŋkeke mawo ƒe xaxa la megbe” la, dzesiwo adze le ɣe, ɣleti, kple ɣletiviwo me, eye emegbe “Amegbetɔvi la ƒe dzesi adze le dziƒo.” Esia awɔe be anyigba dzi ƒomewo katã “aƒo akɔta le konyifafa ta.” Manɔ alea le amesiaminawo, ame siwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le, kple woƒe zɔhɛwo, ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le, ya gome o. Ke boŋ ‘woafɔ woƒe tawo dzi, elabena woƒe ɖeɖekpɔkpɔ le gogom.’—Mat. 24:29, 30; Luka 21:25-28.
15. Dɔ kae Kristo awɔ ne eva?
15 Hafi Amegbetɔvi la nawu eƒe aʋadziɖuɖua nu la, ava le gɔmesese bubu aɖe hã nu. Egblɔ ɖi be: “Ne Amegbetɔvi la va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye mawudɔlawo katã kpe ɖe eŋuti la, ekema abɔbɔ anɔ anyi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe fiazikpui la dzi. Eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eŋkume, eye wòama amewo me tso wo nɔewo gbɔ, abe ale si ko alẽkplɔla maa alẽwo me tso gbɔ̃wo gbɔe ene. Eye wòatsɔ alẽawo aɖo eƒe ɖusi me, gake atsɔ gbɔ̃awo ya aɖo eƒe mia me.” (Mat. 25:31-33) Esia ku ɖe Kristo ƒe vava abe Ʋɔnudrɔ̃la ene be yeama “dukɔwo katã” me tɔwo ɖe ƒuƒoƒo eve me ŋu: “alẽawo,” ame siwo kpe asi ɖe eƒe gbɔgbɔmenɔviwo (Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi) ŋu, kple “gbɔ̃awo,” ame “siwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu ŋuti nya nyui la o.” (2 Tes. 1:7, 8) Ana alẽawo, siwo woyɔ be “ame dzɔdzɔewo” la, nakpɔ “agbe mavɔ” le anyigba dzi, ke gbɔ̃awo ya ‘woayi ɖe ɖeɖeɖa mavɔ la,’ alo tsɔtsrɔ̃ me.—Mat. 25:34, 40, 41, 45, 46.
Yesu Awu Eƒe Aʋadziɖuɖua Nu
16. Alekee Kristo míaƒe Kplɔla la awu eƒe aʋadziɖuɖua nu?
16 Ne wotre nunɔla siwo anye fiawo akpe ɖe Kristo ŋu la ƒe xexlẽme bliboa nu eye wode dzesi alẽawo heƒo wo nu ƒu ɖe eƒe ɖusime hena ɖeɖekpɔkpɔ vɔ la, ekema Kristo ate ŋu ‘awu eƒe aʋadziɖuɖu la nu.’ (Nyaɖ. 5:9, 10; 6:2) Anɔ ŋgɔ na mawudɔlawo ƒe aʋakɔ sesẽ aɖe, eye ɖikeke mele eme o be, nɔvia siwo wofɔ ɖe tsitre la hã akpe ɖe eŋu wòatsrɔ̃ Satana ƒe dunyahehe, asrafo, kple asitsatsa nuɖoanyia katã ɖa le anyigba dzi. (Nyaɖ. 2:26, 27; 19:11-21) Kristo awu eƒe aʋadziɖuɖua nu keŋkeŋ ne etsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ɖa. Esia megbe la, ade Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo aʋli me ƒe akpe ɖeka.—Nyaɖ. 20:1-3.
17. Nu ka gbɔe Kristo akplɔ alẽ bubuawo ayi le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me, eye nu kae wòle be míaɖoe kplikpaa be míawɔ?
17 Esime apostolo Yohanes nɔ nu ƒom tso “ameha gã,” siwo nye alẽ bubuawo me tɔwo, siwo atsi agbe le xaxa gãa me ŋu la, egblɔ ɖi be “Alẽvi la, si le fiazikpui la titina la, akplɔ wo, eye wòafia mɔ wo ayi agbetsidzɔƒewo gbɔ.” (Nyaɖ. 7:9, 17) Ɛ̃, le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua katã me la, ayi edzi anɔ alẽ bubuawo, siwo ɖoa to eƒe gbe ŋutɔŋutɔ la kplɔm, eye wòakplɔ wo ayi agbe mavɔ me. (Mixlẽ Yohanes 10:16, 26-28.) Mina míadze míaƒe Fia kple mía Kplɔla la yome nuteƒewɔwɔtɔe—tso fifia, yi ɖe xexe yeye si ŋugbe Yehowa do la me!
Numetoto
• Afɔ kae Kristo ɖe le eɖoɖo fiazikpui dzi megbe?
• Ame kawo zãm Kristo le tsɔ le hameawo kplɔm?
• Mɔ kawo nue Kristo míaƒe Kplɔla la le vava ge le?
• Alekee Kristo ayi edzi anɔ mía kplɔm le xexe yeyea me?
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia tsɔtsrɔ̃ ɖa ana amewo katã nade dzesi Kristo ƒe anyinɔnɔa