-
Nusi Koŋ Nana Dzi Dzɔa AmeGbetakpɔxɔ—2004 | September 1
-
-
Gake awɔ nuku na wò be woayɔ amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum alo amesiwo le konyi fam la be dzidzɔtɔwo. Xexeame ƒe nɔnɔmewo ŋuti nukpɔsusu si sɔ le amesiawo si. ‘Woɖea hũ hexaa nu ɖe ŋunyɔnu siwo katã wole wɔwɔm’ le míaƒe ŋkekea me ŋu. (Xezekiel 9:4) Medoa dzidzɔ na wo o. Gake esi wòse tame si Mawu ɖo be yeava he dzɔdzɔenyenye ava anyigba dzi eye woawɔ nu kple amesiwo wote ɖe anyi la le dzɔdzɔenyenye me la, woƒe dzidzɔa gbã go.—Yesaya 11:4.
-
-
Nusi Koŋ Nana Dzi Dzɔa AmeGbetakpɔxɔ—2004 | September 1
-
-
Amesiwo faa konyi, siwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ wuna, eye wotsia dzi ɖe woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu la nya alesi ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Wɔla la le vevie. Ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple amegbetɔwo nana wokpɔa dzidzɔ, gake ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu nana wogakpɔnɛ wu. Ẽ, esɔ be woayɔ amesiwo lɔ̃a dzɔdzɔenyenye vevie, amesiwo lɔ̃na faa xɔa Mawu ƒe mɔfiame, la be dzidzɔtɔwo.
-