Kristo Le Eƒe Hamea Kplɔm
“Kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.”—Mateo 28:20.
1, 2. (a) Esime Yesu si wofɔ ɖe tsitre nɔ se dem be woawɔ nusrɔ̃lawo la, ŋugbe kae wòdo na eyomedzelawo? (b) Alekee Yesu kplɔ Kristo-hame gbãtɔa moveviɖeɖotɔe?
HAFI Yesu Kristo, mía Kplɔla, si wofɔ ɖe tsitre, nadzo ayi dziƒo la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ bena: “Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam. Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.”—Mateo 28:18-20, NW.
2 Menye agbeɖeɖedɔ si nye nusrɔ̃la geɖewo wɔwɔ koe Yesu de asi na eƒe nusrɔ̃lawo o ke edo ŋugbe hã be yeanɔ anyi kpli wo. Kristotɔ gbãtɔwo ƒe ŋutinya, ɖo kpe edzi kɔte be Kristo zã ŋusẽ si wotsɔ nɛ la tsɔ kplɔ hame si woɖo yeye lae, abe alesi woŋlɔe ɖe Biblia-gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo me ene. Eɖo “nyaxɔɖeakɔla”—gbɔgbɔ kɔkɔe—si ƒe ŋugbe wòdo la ɖa be wòava do ŋusẽ ye yomedzelawo ahafia mɔ wo le woƒe agbagbadzedzewo me. (Yohanes 16:7; Dɔwɔwɔwo 2:4, 33; 13:2-4; 16:6-10) Yesu si wofɔ ɖe tsitre la zã mawudɔla siwo le eƒe kpɔkplɔ te la be woakpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu. (Dɔwɔwɔwo 5:19; 8:26; 10:3-8, 22; 12:7-11; 27:23, 24; Petro I, 3:22) Gawu la, mía Kplɔla la fia mɔ hame la to ɖoɖo wɔwɔ be ŋutsu siwo dze nanye dziɖuha la dzi.—Dɔwɔwɔwo 1:20, 24-26; 6:1-6; 8:5, 14-17.
3. Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?
3 Ke míaƒe ŋkekea, si nye ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu,’ ya ɖe? Aleke Yesu Kristo le Kristo-hamea kplɔm egbeae? Eye aleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ ɖe eƒe amekpɔkplɔa dzi?
Dɔla Nuteƒewɔla le Aƒetɔa Si
4. (a) Amekawo nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la? (b) Nukae Aƒetɔ la tsɔ de dɔla la si?
4 Esi Yesu nɔ eƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi ŋu nya gblɔm ɖi la, egblɔ be: “Amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã? Woayra dɔla ma, si, ne eƒe aƒetɔ ava la, akpɔe be, ewɔ nenema. Vavã mele egblɔm na mi bena, aɖoe eƒe nuwo katã dzi.” (Mateo 24:45-47) “Aƒetɔ” lae nye mía Kplɔla, Yesu Kristo, eye eɖo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela”—si nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe ha si le anyigba dzi—eƒe nu siwo katã le anyigba dzi la nu.
5, 6. (a) Le ŋutega si apostolo Yohanes kpɔ me la, amekawoe “sikakaɖiti adreawo” kple “ɣletivi adreawo” tsi tre ɖi na? (b) Nukae “ɣletivi adreawo” ƒe Yesu ƒe nuɖusi me nɔnɔ fia?
5 Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ɖee fia be dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la le Yesu Kristo ƒe ŋusẽ te tẽ. Le “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la” ŋuti ŋutega aɖe me la, apostolo Yohanes kpɔ “sikakaɖiti adre, eye le sikakaɖiti adreawo titina la ame aɖe li, si ɖi amegbetɔvi” la, eye “ɣletivi adre le eƒe nuɖusi me.” Esime Yesu nɔ ŋutegaa me ɖem na Yohanes la, egblɔ be: “Ɣletivi adre, siwo nèkpɔ le nye nuɖusi me kple sikakaɖiti adre la ƒe nya ɣaɣla enye si: Ɣletivi adreawo nye hame adreawo ƒe dɔlawo, eye akaɖiti adreawo nye hame adreawo.”—Nyaɖeɖefia 1:1, 10-20.
6 “Sikakaɖiti adre la” tsi tre ɖi na Kristo-hame vavã siwo katã li le “Aƒetɔ ƒe ŋkekea,” si dze egɔme le ƒe 1914 me. Ke “ɣletivi adreawo” ya ɖe? Gbã la, wotsi tre ɖi na dzikpɔla siwo katã wotsɔ gbɔgbɔ dzii siwo nɔ ƒe alafa gbãtɔ me hameawo dzi kpɔm la.a Dzikpɔlaawo nɔ Yesu ƒe nuɖusi me—le eƒe ŋusẽ kple mɔfiafia te. Ẽ, Kristo Yesu kplɔ dɔla ƒe ha la. Gake fifia la, dzikpɔla amesiaminawo dzi ɖe kpɔtɔ. Aleke Kristo wɔna kplɔa Yehowa Ðasefowo ƒe hame 93,000 kple edzivɔ siwo le xexeame katã lae?
7. (a) Aleke Yesu toa Dziɖuhaa dzi kplɔa hamewo le anyigba dzi godoo? (b) Nukatae wòate ŋu agblɔ be gbɔgbɔ kɔkɔeae ɖo Kristotɔ dzikpɔlawo?
7 Abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, ŋutsu siwo dze ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe siwo wotia tso dzikpɔla amesiaminawo dome, le dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha bliboa teƒe, le dɔ wɔm fifia abe Dziɖuha ene. Mía Kpɔla la toa Dziɖuha sia dzi tiaa ŋutsu siwo dze—woɖanye amesiaminawo alo womeɖanyee o—be woanye hamemegãwo le hamewo me. Gbɔgbɔ kɔkɔea, si Yehowa na ŋusẽ Yesu be wòazã la, wɔa akpa vevi aɖe le esia wɔwɔ me. (Dɔwɔwɔwo 2:32, 33) Gbã la, ele be dzikpɔla siawo naɖo nudidi siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe Nya, si tso gbɔgbɔ kɔkɔea me, la gbɔ. (Timoteo I, 3:1-7; Tito 1:5-9; Petro II, 1:20, 21) Gbedodoɖa kple gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia tee wotia amesiawo heɖoa wo le. Gakpe ɖe eŋu la, amesiwo wotiana la ɖea gbɔgbɔ ma ƒe kutsetsewo fiana. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Ekema Paulo ƒe nuxlɔ̃amea ku ɖe hamemegãwo katã, woɖanye amesiaminawo alo womeɖanyee o, ŋu be: “Eyaŋuti mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo [gbɔgbɔ kɔkɔe] la ɖo mi la dzi.” (Dɔwɔwɔwo 20:28) Ŋutsu siawo siwo woɖo la xɔa mɔfiafia tso Dziɖuhaa gbɔ helɔ̃na faa kplɔa hamea. To mɔ sia nu la, Kristo li kpli mí fifia eye wòle hamea kplɔm moveviɖoɖotɔe.
8. Aleke Kristo toa mawudɔlawo dzi kplɔa eyomedzelawoe?
8 Yesu toa mawudɔla ŋutɔŋutɔwo hã dzi kplɔa eyomedzelawo egbea. Le lu kple gbewo ƒe lododoa me la, nukuawo ŋeɣi anye ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu.’ Amekawoe Aƒetɔa azã be woaŋe nukuawo? Kristo gblɔ be, “nuŋelawo nye mawudɔlawo.” Egblɔ kpee be: “Amegbetɔvi la ladɔ eƒe dɔlawo ɖa, eye woaƒo amenuɖianuwo katã kple amesiwo le nu madzɔmadzɔ wɔm la, nu ƒu tso eƒe fiaɖuƒe la me.” (Mateo 13:37-41) Gawu la, abe alesi mawudɔla aɖe fia mɔ Filipo yi ɖe Etiopiatɔ aƒedzikpɔla gbɔe ene la, nenema kee kpeɖodzi geɖewo li egbea be Kristo toa eƒe mawudɔlawo dzi fiaa mɔ nyateƒe Kristotɔwo le woƒe dɔa me yia dzianukwaretɔwo gbɔe.—Dɔwɔwɔwo 8:26, 27; Nyaɖeɖefia 14:6.
9. (a) Mɔ kawo nue Kristo kplɔa Kristo-hamea le egbea? (b) Biabia kawo ŋue wòle be míade ŋugble le ne míedi be Kristo ƒe kplɔlanyenye naɖe vi na mí?
9 Dzideƒonamenya kae nye si wònye be woanya be Yesu Kristo kplɔa eƒe nusrɔ̃lawo to Dziɖuhaa, gbɔgbɔ kɔkɔea, kple mawudɔlawo dzi egbea! Nenye be yometiti alo etɔgbe aɖe ma Yehowa subɔlawo dometɔ aɖewo ɖa tso Dziɖuha la gbɔ hena ɣeyiɣi aɖe gɔ̃ hã la, Kristo ayi edzi akplɔ wo to gbɔgbɔ kɔkɔea kple mawudɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu dzi. Gake ne míelɔ̃ ɖe eƒe amekpɔkplɔ dzi ko hafi wòaɖe vi na mí. Aleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ ɖe Kristo ƒe amekpɔkplɔ dzi?
‘Miɖo To, Mi Bɔbɔ Mia Ðokui’
10. Aleke míate ŋu ade bubu hamemegã siwo wotia le hamea me ŋui?
10 Mía Kplɔla la na ‘nunana siwo nye amewo’ la hameawo—‘ame aɖewo nye nyanyuigblɔlawo, eye ame aɖewo nye kplɔlawo kple nufialawo.’ (Efesotɔwo 4:8, 11, 12) Míaƒe nɔnɔme kple nuwɔna ɖe wo ŋu ɖenɛ fiana kɔte ne míelɔ̃ ɖe Kristo ƒe amekpɔkplɔ dzi. Enye nusi sɔ be ‘míada akpe’ ɖe ŋutsu siwo dze le gbɔgbɔ me siwo Kristo na la ta. (Kolosetɔwo 3:15) Edze hã be míade bubu wo ŋu. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Hamemegã, siwo kpɔa ha la dzi nyuie la, edze be, woatsɔ bubu teƒe eve abu wo.” (Timoteo I, 5:17) Aleke míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple asixɔxɔ si míedena hamemegãwo alo dzikpɔla siwo le hamea me ŋu la afiae? Paulo ɖo eŋu be: ‘Miɖo to amesiwo le ŋgɔ xɔm le mia dome eye mibɔbɔ mia ɖokui na wo.’ (Hebritɔwo 13:17) Ẽ, wobia tso mía si be míaɖo to wo ahabɔbɔ mía ɖokui, aɖe mɔ, na wo.
11. Nukatae bubu dede hamemegã ƒe ɖoɖoa ŋu nye agbenɔnɔ ɖe míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ nu ƒe akpa aɖe?
11 Mía Kplɔla la de blibo. Amesiwo wòna abe nunanawo ene la mede blibo o. Eyata wowɔa vodada ɣeaɖewoɣi. Ke hã ele vevie be míayi edzi alé Kristo ƒe ɖoɖoa me ɖe asi. Le nyateƒe me la, be míanɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ nu fia be míelɔ̃ ɖe ŋusẽtɔ siwo gbɔgbɔa tia le hamea me dzi eye míelɔ̃ faa be míabɔbɔ mía ɖokui na wo. Míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ‘ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋkɔ me’ nye gaglãgbe gbeƒãɖeɖe be míenya nusi gbɔgbɔ kɔkɔea nye helɔ̃ ɖe akpa si wòwɔna le Yehowa ƒe tameɖoɖowo me dzi. (Mateo 28:19) Nyɔnyrɔxɔxɔ sia fia be míewɔa nu aduadu kple gbɔgbɔa eye míewɔa naneke tsɔ doa kplamatse eƒe dɔwɔwɔ le Kristo yomedzelawo dome o. Esi gbɔgbɔ kɔkɔea wɔa akpa vevi aɖe le hamemegãwo tiatia kple wo ɖoɖo me ta la, ɖe míanye míaƒe adzɔgbeɖeɖe dzi wɔlawo ne míegbe be míawɔ nu aduadu kple hamemegãwo ƒe ɖoɖo si le hamea me oa?
12. Bubumademade ŋusẽ ŋu ƒe kpɔɖeŋu kawoe Yuda na, eye nukae wofia mí?
12 Kpɔɖeŋuwo le Ŋɔŋlɔawo me siwo fia asixɔxɔ si le toɖoɖo kple ɖokuibɔbɔ ŋu mí. Esime nusrɔ̃la Yuda nɔ nu ƒom tso amesiwo ƒo nu tsi tre ɖe ŋutsu siwo woɖo le hamea me ŋu la, eyɔ ame etɔ̃ tsɔ wɔ nuxlɔ̃ame kpɔɖeŋui be: “Baba na wo! Elabena wodze Kain ƒe mɔ dzi yina, eye wohe wo ɖokui ɖe Bileam ƒe beblefetu la me, eye wotsrɔ̃ le Kora ƒe aglãdzedze la me.” (Yuda 11) Kain ŋe aɖaba ƒu Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame si me lɔlɔ̃ le dzi hetia fuléle ƒe mɔ si kplɔe de hlɔ̃dodo me. (Mose I, 4:4-8) Togbɔ be Mawu xlɔ̃ nu Bileam enuenu hã la, edze agbagba be yeaƒo fi ade Mawu ƒe amewo le ga ta. (Mose IV, 22:5-28, 32-34; Mose V, 23:5) Bubunɔƒe aɖe nɔ Korax si le Israel, gake medze eŋu o. Edze aglã ɖe Mawu ƒe subɔla Mose, si fa wu amesiwo katã nɔ anyigba dzi, la ŋu. (Mose IV, 12:3; 16:1-3, 32, 33) Afɔkue dzɔ ɖe Kain, Bileam, kple Korax dzi. Aleke kpɔɖeŋu siawo fia mí be míaɖo to amesiwo zãm Yehowa le le agbanɔamedzinɔƒewo ƒe nuxlɔ̃ame ahade bubu wo ŋui enye si!
13. Yayra kawoe nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ɖi na amesiwo abɔbɔ ɖe hamemegã ƒe ɖoɖoa te?
13 Amekae madi be dzikpɔkpɔ ƒe ɖoɖo nyui si mía Kplɔla la wɔ le Kristo-hamea me la naɖe vi na ye o? Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ eme yayrawo be: “Kpɔ ɖa, fia aɖu fia ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye amegãwo aɖu dzi ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu. Amesiame anɔ abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.” (Yesaya 32:1, 2) Hamemegã siawo dometɔ ɖesiaɖe anye ‘teƒe’ si ametakpɔkpɔ kple dedienɔnɔ le. Ne ɖokuibɔbɔ ɖe ŋusẽ te nye nu sesẽ na mí gɔ̃ hã la, mina míatsɔ gbedodoɖa aɖo to ahabɔbɔ ɖe ŋusẽ si Mawu ɖo le hamea me la te.
Alesi Hamemegãwo Bɔbɔna Ðe Kristo ƒe Amekpɔkplɔ Tee
14, 15. Aleke amesiwo le ŋgɔ xɔm le hamea me la ɖenɛ fiana be yewo bɔbɔna ɖe Kristo ƒe kplɔlanyenye tee?
14 Ele be Kristotɔ ɖesiaɖe—vevietɔ hamemegãwo—nadze Kristo ƒe kpɔkplɔ yome. Wona ŋusẽ dzikpɔlawo, alo hamemegãwo, le hamea me va ɖo afi aɖe. Gake womedina be ‘yewoaɖu aƒetɔ ɖe haxɔsetɔwo ƒe xɔse dzi’ to ŋusẽkpɔkpɔ ɖe woƒe agbe dzi me o. (Korintotɔwo II, 1:24) Hamemegãwo wɔna ɖe Yesu ƒe nyawo dzi be: “Mienya bena, dukɔwo ƒe dziɖulawo nye aƒetɔwo ɖe wo dzi, eye amegãwo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. Neganɔ nenema le mia dome o.” (Mateo 20:25-27) Ne hamemegãwo le woƒe agbanɔamedziwo tsɔm la, wodzea agbagba vevie be yewoasubɔ ame bubuwo.
15 Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Miɖo ŋku amesiwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la dzi, . . . eye mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.” (Hebritɔwo 13:7, NW ) Menye le esi hamemegãwo nye kplɔlawo tae wona nuxlɔ̃ame sia ɖo o. Yesu gblɔ be: “Ame ɖekae nye miaƒe kplɔla, eyae nye Kristo.” (Mateo 23:10) Hamemegãawo ƒe xɔsee wodi be míasrɔ̃ elabena wonye mía Kplɔla ŋutɔŋutɔ, Kristo, srɔ̃lawo. (Korintotɔwo I, 11:1) Bu mɔ aɖewo siwo nu hamemegãwo dzea agbagba le be yewoasrɔ̃ Kristo le le woƒe ƒomedodo kple ame bubuwo me le hamea me ŋu kpɔ.
16. Togbɔ be ŋusẽ nɔ Yesu si hã la, aleke wòwɔ nu kple eƒe nusrɔ̃lawoe?
16 Togbɔ be Yesu de ŋgɔ wu amegbetɔ madeblibowo le mɔ sia mɔ nu eye ŋusẽ si Fofoa nɛ la ƒo ɖesiaɖe ta hã la, egbɔ dzi ɖi le nuwɔwɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo me. Metsɔ nunya gbogbo si su esi la ƒo adegbee le eƒe nyaselawo gbɔ o. Yesu ɖe veveseseɖeamenu kple nublanuikpɔkpɔ fia eƒe nusrɔ̃lawo, eye wòbu woƒe nuhiahiãwo abe amegbetɔwo ene la ŋu. (Mateo 15:32; 26:40, 41; Marko 6:31) Mebia nu geɖe fũ akpa tso eƒe nusrɔ̃lawo si wu esi woate ŋu ana o, eye meda nusi awu tsɔtsɔ na wo ɖe wo dzi gbeɖegbeɖe o. (Yohanes 16:12) Yesu ƒe ‘dɔme fa eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzime.’ Eyata mewɔ nuku o be ame geɖe kpɔe be egbɔ nɔnɔ naa gbɔɖeme ame.—Mateo 11:28-30.
17. Aleke wòle be hamemegã naɖe Kristo ƒe ɖokuibɔbɔ afia le woƒe ƒomedodo kple ame bubuwo me le hamea mee?
17 Nenye be Kplɔla Kristo ɖe ɖokuibɔbɔ fia la, ekema aleke gbegbee wòle be amesiwo le ŋgɔ xɔm le hamea me la naɖee afia wue nye si! Ẽ, woɖɔa ŋu ɖo be yewoagazã ŋusẽ ɖesiaɖe si wona yewo la ɖe mɔ gbegblẽ nu o. Eye womedina be yewoatsɔ “nya gã gbɔgblɔ” adze ame ŋui o. (Korintotɔwo I, 2:1, 2) Ke boŋ wodzea agbagba be yewoagblɔ Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea wòanɔ bɔbɔe tso dzime. Gawu la, hamemegãwo dzea agbagba be yewoada sɔ le nusiwo wokpɔa mɔ be amewo nawɔ me eye be woabu ameawo ƒe nuhiahiãwo ŋu. (Filipitɔwo 4:5) Esi wonya be gbɔdzɔgbɔdzɔ le amesiame ŋu ta la, woɖea mɔ ɖe esia ŋu lɔlɔ̃tɔe le nuwɔwɔ kple nɔviwo me. (Petro I, 4:8) Ekema ɖe hamemegã siwo bɔbɔa wo ɖokui eye woƒe dɔme fa la menye akɔfafalawo oa? Wonyee nyateƒe.
18. Nukae hamemegãwo ate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yesu wɔ nu kple ɖeviwoe me?
18 Yesu nye amesi ŋu amewo te ŋu tena ɖo, ɖeviwo gɔ̃ hã te ŋu tena ɖe eŋu. De ŋugble le ŋuɖoɖo si wòna esime eƒe nusrɔ̃lawo blu ɖe amesiwo le ‘ɖevi suewo tsɔm vɛ’ ta la ŋu kpɔ. Yesu gblɔ be: “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o.” Emegbe ‘ekɔ ɖeviawo ɖe akɔ heyra wo, eye wòda asi ɖe wo dzi.’ (Marko 10:13-16) Yesu ɖe ɖetsɔleme kple dɔmenyo fia, eye amewo dina be yewoanɔ eŋu. Amewo mevɔ̃ Yesu o. Ðeviwo gɔ̃ hã ɖe dzi ɖi le egbɔ. Míate ŋu ate ɖe hamemegãwo hã ŋu, eye ne wole ɖetsɔleme kple dɔmenyonyo ɖem fia la, amewo—ɖeviwo gɔ̃ hã—ɖea dzi ɖi le wo gbɔ.
19. Nukae “Kristo ƒe tamesusu” ƒe amesi nɔnɔ lɔ ɖe eme, eye agbagbadzedze kae esia bia?
19 Afisi hamemegãwo ate ŋu asrɔ̃ Kristo Yesu ƒe kpɔɖeŋua ase ɖo la nɔ te ɖe alesi gbegbe wodze sii dzi. Paulo bia be: “Ameka dze si Aƒetɔ la ƒe tamesusu, ne wòafia nui mahã?” Emegbe egblɔ kpee be: “Ke míawo la Kristo ƒe tamesusu le mía si.” (Korintotɔwo I, 2:16) Kristo ƒe tamesusu ƒe amesinɔnɔ bia be woanya alesi wòbua tamee eye woanya eƒe amenyenye blibo la ale be míanya nusi wòawɔ le nɔnɔme aɖe tututu me. Kpɔ alesi wòanɔ ne míenya mía Kplɔla la nyuie ɖa! Ẽ, esia bia ŋkuléle ɖe Nyanyuiawo ŋu nyuie kple nana be Yesu ƒe agbenɔnɔ kple kpɔɖeŋu gɔmesese naxɔ míaƒe susuwo me. Ne hamemegãwo dze agbagba be yewoadze Kristo ƒe kplɔlanyenye yome le mɔ siawo nu la, hamea me tɔwo adi be yewoasrɔ̃ woƒe xɔse. Eye hamemegãwo ƒe dzi adze eme ne wokpɔ ame bubuwo wotsɔ dzidzɔ le Kplɔla la ƒe afɔtoƒewo tom.
Yi Edzi Nànɔ Kristo ƒe Kpɔkplɔ Te
20, 21. Esi míele mɔ kpɔm na xexeme yeye si ƒe ŋugbe wodo la, tame kplikpaa kae wòle be míaɖo?
20 Ele vevie be mí katã míanɔ Kristo ƒe kpɔkplɔ te. Esi míele nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwu ɖom la, míate ŋu atsɔ nɔnɔme si me míele asɔ kple Israel-viwo tɔ esime wonɔ Moab-tagba le ƒe 1473 D.M.Ŋ. me. Wonɔ Ŋugbedodonyigbaa ƒe agbo nu, eye Mawu gblɔ to nyagblɔɖila Mose dzi be: “[Wò Yosuae] le dukɔ sia kplɔ ge ayi anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na wo fofowo be, yeatsɔ na wo la dzi.” (Mose V, 31:7, 8) Yosuae woɖo kplɔlae. Be Israel-viawo nage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, ele be woabɔbɔ wo ɖokui ɖe Yosua ƒe kpɔkplɔ te.
21 Biblia gblɔ na míawo ya be: “Ame ɖekae nye miaƒe kplɔla, eyae nye Kristo.” Kristo koe akplɔ mí ayi ɖe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ, esi ƒe ŋugbe wodo la me. (Petro II, 3:13) Eyata mina míaɖoe kplikpaa be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe eƒe kpɔkplɔ te le agbe ƒe akpa sia akpa me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a “Ɣletivi” siwo wozã le afisia menye kpɔɖeŋu na mawudɔlawo ŋutɔŋutɔ o. Yesu mazã amegbetɔ be wòaŋlɔ nyatakakawo ɖi na gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo womekpɔna o. Eyata ‘ɣletiviawo’ atsi tre ɖi na amegbetɔ dzikpɔla, alo hamemegã, siwo le hameawo me, siwo Yesu bu dɔtsɔlawoe. Woƒe xexlẽme si nye adre fia blibodede le Mawu gbɔ.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
• Aleke Kristo kplɔ hame gbãtɔae?
• Aleke Kristo kplɔa eƒe hamea egbeae?
• Nukatae wòle be míabɔbɔ mía ɖokui na amesiwo le ŋgɔ xɔm le hamea me?
• Mɔ kawo nue hamemegãwo ate ŋu aɖee afia le be Kristo enye yewo Kplɔla?
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Kristo le eƒe hame la kplɔm eye wòléa dzikpɔlawo ɖe eƒe nuɖusi me
[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]
‘Miɖo to amesiwo le ŋgɔ xɔm le mia dome eye mibɔbɔ mía ɖokui’
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Yesu tsɔ ɖe le eme na amewo eye wotena ɖe eŋu. Kristotɔ hamemegãwo dzea agbagba be yewoanɔ abe eyama ene