-
Ame Kawoe Nye “Nunyala Etɔ̃awo”? Mawue Na Betlehem Ƒe “Ɣletivi” La Fia Mɔ Woa?Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
-
-
Ame Kawoe Nye “Nunyala Etɔ̃awo”? Mawue Na Betlehem Ƒe “Ɣletivi” La Fia Mɔ Woa?
Ale si Biblia ɖo eŋui
Ame geɖe gblɔna be “nunyala etɔ̃” alo “fia etɔ̃” ye va kpɔ Yesu ɖa esime wodzii, abe ale si wòdzena le Kristmas ɖuɖu ŋuti kɔnuwo me ene, gake Biblia megblɔ be “nunyala etɔ̃” alo “fia etɔ̃” ye va kpɔe ɖa o. (Mateo 2:1) Ke boŋ, Nyanyuigbalẽŋlɔla Mateo zã Helagbe me nya ma’goi tsɔ ɖɔ ame siwo va kpɔ Yesu ɖa. Anɔ eme be nyagbe ma ku ɖe ame siwo bi ɖe ɣletivimefakaka kple gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔna bubuwo me ŋu.a Biblia gɔmeɖeɖe geɖe yɔ wo be “ɣletivimefakalawo” alo “akunyawɔlawo.”b
-
-
Ame Kawoe Nye “Nunyala Etɔ̃awo”? Mawue Na Betlehem Ƒe “Ɣletivi” La Fia Mɔ Woa?Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
-
-
‘Nunyala’ nenie wonye?
Biblia megblɔe o, gake susu vovovowoe le amewo si ku ɖe woƒe xexlẽme ŋu. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ame geɖe siwo le Asia nutowo me xɔe se be wonye Akunyawɔla [alo nunyala] 12, gake ame siwo le Europa kple Amerika dukɔwo me la xɔe se be ame etɔ̃e, ɖewohĩ le esi wotsɔ nunana etɔ̃, siwo nye ‘sika, lifi kple mire’ (Mateo 2:11) vɛ na ɖevi sue la ta.”—Encyclopedia Britannica.
Fiawoe “nunyalawo” nyea?
Togbɔ be nenemae wòdzena le nutatawo me le Kristmas ɖuɣi hã la, Biblia ƒe akpa aɖeke megblɔ be fiawoe wonye o. Numekugbalẽ ma ke gblɔ be ƒe alafa geɖe le Yesu dzidzi megbe la, amewo va “kpa nyawo” kpe ŋutinya si ku ɖe Yesu ƒe dzidzi ŋu, eye ame geɖe va nɔ gbɔgblɔm be ame siwo va kpɔe ɖa la nye fiawo.
“Nunyalawo” ƒe ŋkɔwo ɖe?
Biblia meyɔ ɣletivimefakalaawo ƒe ŋkɔwo o. Numekugbalẽ bubu gblɔ be: “Ŋkɔ siwo amewo dze agbagba tsɔ na wo, (abe Gaspar, Melchior, kple Balthasar ene) la nye ŋkɔ kpakpawo ko.”—The International Standard Bible Encyclopedia.
-
-
Ame Kawoe Nye “Nunyala Etɔ̃awo”? Mawue Na Betlehem Ƒe “Ɣletivi” La Fia Mɔ Woa?Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
-
-
a Herodotus, si nye Helatɔ ŋutinyaŋlɔla si nɔ anyi le ƒe alafa atɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la gblɔ be ma’goi siwo nɔ anyi le yeƒe ŋkekea me la tso Mediatɔwo (Persiatɔwo) ƒe to aɖe si me tɔwo xɔ ŋkɔ ɖe ɣletivimefakaka kple drɔ̃ewo gɔmeɖeɖe me la me.
b Kpɔ Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo abe New American Standard Bible, The New American Bible, The New English Bible kple New International Version Study Bible ene. Eʋegbe Biblia yɔ ame siwo va kpɔ Yesu ɖa la be “nunyalawo,” gake megblɔ be ame etɔ̃e wonye o.
-