INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ŋudzɔnɔnɔ Ŋuti Nufiame—Ðetugbui Leaƒeawo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Yesu le nya si eƒe apostoloawo biae ku ɖe eƒe anyinɔɣi kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ƒe dzesia ŋu la ŋu ɖom na wo. Esi nya sia le susu me nɛ la, egado lo bubu tsɔ na nuxlɔ̃ame nyui aɖe wo. Ame siwo anɔ agbe le eƒe anyinɔɣi la akpɔ ale si lododo sia ava emee.

      Edze lododoa gɔme ale: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ɖetugbui leaƒe ewo, siwo tsɔ woƒe akaɖiwo, eye wodo go be yewoaɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ ene. Wo dometɔ atɔ̃ nye bometsilawo, eye atɔ̃ nye aɖaŋudzelawo.”—Mateo 25:1, 2.

      Yesu mele gbɔgblɔm be yeƒe nusrɔ̃la siwo anyi Dziƒofiaɖuƒea dome la ƒe afã anye bometsilawo, eye afã mamlɛa anye aɖaŋudzelawo o. Ke boŋ nya si gblɔm wòlee nye be, le Fiaɖuƒea me yiyi gome la, yeƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖe sia ɖee atiae nenye be yeanɔ ŋudzɔ ɖe eŋu loo alo be yemanɔ ŋudzɔ o. Gake Yesu ka ɖe edzi be yeƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ nuteƒe ale be ye Fofo nayrae.

      Le lododoa me la, ɖetugbui ewoawo katã do go be yewoaɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ la ale be yewoakpɔ gome le eƒe srɔ̃ɖeɖea me. Ne eva ɖo la, ɖetugbuiawo asi woƒe akaɖiawo ale be wòaklẽ ɖe mɔa dzi, eye esia anye bubudede eŋu esime wòkplɔ eƒe ŋugbetɔ la yina aƒe si wodzra ɖo ɖi nɛ me. Gake aleke nuwo va yii?

  • Ŋudzɔnɔnɔ Ŋuti Nufiame—Ðetugbui Leaƒeawo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Apostoloawo akpɔe adze sii be ŋugbetɔsrɔ̃ si Yesu wɔnɛ lae nye eya ŋutɔ. Do ŋgɔ la, etsɔ eɖokui sɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃. (Luka 5:34, 35) Ke ɖetugbui dzeaɖaŋuawo ya ɖe? Esi Yesu nɔ nu ƒom tso “alẽha sue” si woatsɔ Fiaɖuƒea ana ŋu la, egblɔ be: “Midzra ɖo, minɔ klalo, eye miaƒe akaɖiwo nenɔ bibim.” (Luka 12:32, 35) Eya ta le ɖetugbuiawo ŋuti lododo sia me la, apostoloawo ase egɔme be Yesu le nu ƒom tso yewo kple amesiamina bubuwo ŋu. Ke nu ka gɔmee Yesu di be woase to lododo sia dzi?

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe