-
Nukae Ʋãa Wò Nèsubɔa Mawu?Gbetakpɔxɔ—1995 | June 15
-
-
17. Gblɔ talentoawo ŋuti lododoa kpuie le wò ŋutɔ wò nyagbewo me.
17 Bu Yesu ƒe talento ŋuti lododo si woŋlɔ ɖe Mateo 25:14-30 ŋuti kpɔ. Ŋutsu aɖe si di be yeayi nugbe yɔ eƒe dɔlawo hetsɔ eƒe nuwo de asi na wo. “[Ena] talento atɔ̃ ame ɖeka, eye eve ame ɖeka, ke ɖeka ame ɖeka, wo dome amesiame le eƒe ŋutete nu.” Esi aƒetɔ la gbɔ be yeabu akɔnta kple eƒe dɔlawo la, nukae wòkpɔ? Dɔla si wotsɔ talento atɔ̃ na la kpɔ talento atɔ̃ ɖe edzi. Nenema ke dɔla si wotsɔ talento eve na la hã kpɔ talento eve ɖe edzi. Ke dɔla si wotsɔ talento ɖeka na ya yi ɖaɖii ɖe do me eye mewɔ dɔ aɖeke tsɔ dzi eƒe aƒetɔ ƒe nuwo ɖe edzii o. Aleke aƒetɔ la da nɔnɔmeawo kpɔe?
18, 19. (a) Nukata aƒetɔa metsɔ dɔla si xɔ talento eve sɔ kple dɔla si xɔ talento atɔ̃ o? (b) Nukae talentoawo ŋuti lododoa fia mí le ame kafukafu kple ame tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo ŋuti? (d) Nukata wodrɔ̃ fɔbuʋɔnu dɔla etɔ̃lia?
18 Mina míade ŋugble le dɔla siwo wotsɔ talento atɔ̃ kple eve de asi na la ŋu gbã. Aƒetɔ la gblɔ na dɔla siawo dometɔ ɖesiaɖe be: “Ehɛ̃, dɔla nyui kple nuteƒewɔla!” Ðe wòagblɔ nya sia na dɔla si xɔ talento atɔ̃ la ne talento eve ko wòkpɔ ɖe edzia? Mate ŋu agblɔe nɛ o! Azɔ hã megblɔ na dɔla si kpɔ talento eve ɖe dzi hã be: ‘Nukata mèkpɔ talento atɔ̃ o? Aleke, kpɔ wò hadɔwɔla ɖa eye nàkpɔ ga si gbegbe wòwɔ nam ɖa, o!’ Ao, aƒetɔ veveseɖeamenula si tsi tre ɖi na Yesu la metsɔ wo sɔ kple wo nɔewo o. Etsɔ talentoa na “wo dome amesiame ɖe eƒe ŋutete nu,” eye mekpɔ mɔ be woatsɔ nusi wu ema vɛ o, negbe nusi wo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu akpɔ ko. Wokafu dɔla eveawo sɔsɔe elabena ɖesiaɖe tsɔ luʋɔ blibo wɔ dɔ na woƒe aƒetɔ. Mí katã míate ŋu asrɔ̃ nu tso esia me.
-
-
Nukae Ʋãa Wò Nèsubɔa Mawu?Gbetakpɔxɔ—1995 | June 15
-
-
20. Aleke Yehowa bua nɔnɔme sesẽ siwo me míetonae?
20 Yehowa kpɔ mɔ be mía dometɔ ɖesiaɖe natsɔ ŋusẽ blibo alɔ̃ yee, gake aleke gbegbe wòhefaa dzi na ame enye si be “enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye”! (Psalmo 103:14) Lododowo 21:2 gblɔ be “Yehowa ye daa dziwo kpɔna”—ke menye akɔntabubuwo o. Esea nɔnɔme sesẽ ɖesiaɖe si dzi míate ŋu aɖu o la gɔme, eɖanye ganya, lãmesẽnya, seselelãmenya, alo nu bubu aɖe o. (Yesaya 63:9) Le ɣeyiɣi ma ke me la, ekpɔa mɔ be míazã míaƒe nunɔamesiwo katã alesi míate ŋui. Ame debliboe Yehowa nye gake ne ele nu wɔm kple esubɔla madeblibowo la, mebiaa blibodede tso wo si o. Menye nuŋumabula le eƒe nuwɔnawo me o eye mebia nusi womate ŋu awɔ o tso ame si o.
-