‘Miwɔ Dukɔwo Katã me Nɔlawo ne Woanye Nusrɔ̃lawo’
“MIHEYI ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me.” Aleae New World Translation ɖe Yesu ƒe sedede si le Mateo 28:19 gɔmee. Ke hã amewo ƒo nu tsi tre ɖe gɔmeɖeɖe sia ŋu. Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔha aɖe ƒe agbalẽvi aɖe gblɔ be: “Gɔmeɖeɖe si ko dzi Helagbe me kpukpuia da asi ɖoe nye: ‘Miwɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo!’” Ðe esia nye nyateƒea?
Gɔmeɖeɖe si nye, “Miwɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo,” dze le Biblia gɔmeɖeɖe geɖewo me eye enye Helagbea gɔmeɖeɖe nya ɖe nya dzi. Ke gɔmeɖokpe ka dzie wotu “Miwɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo” la ɖo? Nya siwo ƒo xlãe dzie. Edze kɔte be nyagbɔgblɔ “mianyrɔ wo” la fia ame ɖekaɖekawo, menye dukɔwo o. Germanytɔ agbalẽnyala Hans Bruns gblɔ be: “Nya si nye ‘wo’ la mefia dukɔwo o (Helagbea na vovototoa dze nyuie), ke boŋ efia dukɔawo me nɔlawo.”
Gakpe ɖe eŋu la, ele be míalé ŋku ɖe alesi wowɔ Yesu ƒe sededea dzii ŋu. Míexlẽ le Paulo kple Barnaba ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le Derbe si nye dugã aɖe si le Asia Sue ŋu be: “Esi wogblɔ nyanyui la fia du ma, eye wowɔ ame geɖewo zu nusrɔ̃lawo la, wogbugbɔ va Listra kple lkonio kpakple Antioxia.” (Dɔwɔwɔwo 14:21) De dzesii be Paulo kple Barnaba mewɔ Derbe dugã la wòzu nusrɔ̃lawo o, ke boŋ Derbe dua me tɔ aɖewoe.
Nenema ke Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ tso nuwuɣia ŋu be menye dukɔ bliboawoe asubɔ Mawu o, boŋ “ameha gã, si ... tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ sia [mee]” asubɔe. (Nyaɖeɖefia 7:9) Eyata, New Wold Translation ŋu kɔ be enye ‘Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me’ ƒe gɔmeɖeɖe si dzi woka ɖo.—2 Timoteo 3:16.