Mawu Kple Kaisaro
“Eyaŋuti mitsɔ nusi nye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu!”—LUKA 20:25.
1. (a) Ðoƒe kɔkɔ kae le Yehowa si? (b) Nukae wòle be míatsɔ na Yehowa si míate ŋu atsɔ na Kaisaro gbeɖe o?
ESIME Yesu Kristo na mɔfiame ma la, ɖikeke aɖeke menɔ eƒe susu me o be nusiwo Mawu di tso Eƒe subɔlawo si la xɔa ŋgɔ na nusianu si Kaisaro, alo Dziɖuɖua, abia tso wo si. Yesu nya gbe si hakpala la do ɖa na Yehowa ƒe nyateƒenyenye wu amesiame, be: “Wò fiaɖuƒe enye fiaɖuƒe mavɔ, eye wò fiaɖuɖu [fianyenye]a anɔ dzidzimewo katã me.” (Psalmo 145:13) Esime Abosam gblɔ be yeatsɔ anyigba dzi fiaɖuƒewo katã ana Yesu la, Yesu ɖo eŋu be: “Woŋlɔ ɖi bena: ‘Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.’” (Luka 4:5-8) Womate ŋu ade ta agu na “kaisaro” gbeɖe o, eɖanye Roma-fia, amegbetɔ dziɖula bubu aɖe, alo Dziɖuɖua ŋutɔe Kaisaro nye o.
2. (a) Nukae nye Satana ƒe ɖoƒe le xexe sia me? (b) Amekae ɖe mɔ be Satana nanɔ eƒe ɖoƒea?
2 Yesu megbe be xexemefiaɖuƒewo menye Satana tɔ o. Emegbe eyɔ Satana be “xexe sia me fia.” (Yohanes 12:31; 16:11) Apostolo Yohanes ŋlɔ le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo be: “Míenyae bena, Mawu me míetso, eye xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Esia mefia be Yehowa ɖe asi le eƒe fianyenye ɖe anyigba dzi ŋu o. Ðo ŋku edzi be esime Satana gblɔ be yeatsɔ dunyahehe ƒe fiaɖuƒewo dzi ɖuɖu ade asi na Yesu la, egblɔ be: “Wòe matsɔ ŋusẽ sia katã . . . ana; elabena nyee wotsɔe de asi na.” (Luka 4:6) Mawu ƒe mɔɖeɖe nu koe Satana ɖua xexemefiaɖuƒewo dzi le.
3. (a) Ðoƒe kae le dukɔwo ƒe dziɖuɖuwo si le Yehowa ƒe ŋkume? (b) Nukata míate ŋu agblɔ be ɖokuibɔbɔ na xexe sia me dziɖuɖuwo mefia be míebɔbɔ mía ɖokui na Satana si nye xexe sia me mawu la o?
3 Nenema ke Dziɖuɖua hã wɔa eƒe ŋusẽ ŋudɔ le esi Mawu si nye Dziɖula Gã la ɖe mɔ be wòawɔ nenema ta. (Yohanes 19:11) Eyata míate ŋu agblɔ be “dziɖuɖu, siwo li la, Mawue ɖo wo anyi.” Ne míetsɔ wo sɔ kple Yehowa ƒe fianyenye ƒe ŋusẽ gã la, woƒe ŋusẽ le sue ŋutɔ. Gake “Mawu ƒe subɔla,” “Mawu ƒe dɔtsɔlawo,” wonye le gɔmesese sia nu be wowɔa dɔ siwo hiã, wokpɔa egbɔ be amewo wɔ ɖe se kple ɖoɖo dzi, eye wohea to na nuvɔ̃ɖiwɔlawo. (Romatɔwo 13:1, 4, 6) Eyata ele be Kristotɔwo nase egɔme be togbɔ be Satanae nye xexe, alo nuɖoanyi, sia dzi ɖula makpɔmakpɔ hã la, ɖokuibɔbɔ na Dziɖuɖua vaseɖe afi aɖe mefia be wobɔbɔ wo ɖokui ɖe eyama te o. Mawu ƒe nya dzi wɔm wole. Le ƒe 1996 sia me la, Dunyahedziɖuɖua kpɔtɔ nye “Mawu ƒe nuɖoanyi” ƒe akpa aɖe, si nye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe ɖoɖo si Mawu ɖe mɔ wòli, eye ele be Yehowa subɔla siwo le anyigba dzi nade bubu eŋu nenema.—Romatɔwo 13:2.
Yehowa Subɔla Siwo Nɔ Anyi le Blema Kple Dziɖuɖu La
4. Nukata Yehowa ɖe mɔ Yosef va zu ame ŋkuta le Egipte-dziɖuɖua me?
4 Do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣiawo la, Yehowa ɖe mɔ esubɔla aɖewo nɔ nɔƒe kɔkɔwo le Dukɔa ƒe dziɖuɖuwo me. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa 18 lia D.M.Ŋ. me la, Yosef zu Egipte-dudɔdzikpɔlagã si kplɔ Farao si nɔ dzi ɖum la ɖo. (Mose I, 41:39-43) Nusiwo gava dzɔ na wòdze ƒã be Yehowae na esia va eme ale be wòazã Yosef atsɔ akpɔ ‘Abraham ƒe dzidzimevi,’ si nye emegbeviwo, ta be Eƒe tameɖoɖowo nava eme. Gake ele be míaɖo ŋku edzi be ɖe wodzra Yosef wòva zu kluvi le Egipte, eye ɣeyiɣi si me Mose ƒe Sea alo “Kristo ƒe se la” menɔ Mawu subɔlawo si o mee wònɔ agbe le.—Mose I, 15:5-7; 50:19-21; Galatiatɔwo 6:2.
5. Nukata wode se na Yudatɔ aboyomewo be ‘woadi nyui’ na Babilon?
5 Ƒe alafa geɖe megbe la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Yeremya nuteƒewɔla la wògblɔ na Yudatɔ aboyomewo be woabɔbɔ wo ɖokui na dziɖulawo esime wole aboyo me le Babilon eye woado gbe ɖa abia ŋutifafa gɔ̃ hã na dugã ma. Eŋlɔ ɖe lɛta si wòŋlɔ na wo me be: “Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ na aboyomeawo katã . . . enye si: . . . Midi du, si me mena woɖe aboyo mi yi la ƒe nyuie, eye mido gbe ɖa na Yehowa ɖe eta; elabena ne eme nyo nɛ la, eme anyo na miawo hã.” (Yeremya 29:4, 7) Susu si ta Yehowa ƒe amewo ‘dia ŋutifafa’ na wo ɖokui kple dukɔ si me wole, ale be woakpɔ ablɔɖe ade ta agu na Yehowa, la nɔa wo si ɣesiaɣi.—Petro I, 3:11.
6. Togbɔ be wona dziɖuɖunɔƒe kɔkɔwo Daniel kple eƒe zɔhɛ etɔ̃awo hã la, mɔ kawo nue wogbe tanana le Yehowa ƒe Sewo dzi wɔwɔ me?
6 Le Babilon ƒe aboyomenɔɣia la, Daniel kple Yudatɔ nuteƒewɔla etɔ̃ bubu siwo nye aboyome kluviwo le Babilon la xɔ hehe si Dziɖuɖua na wo eye wova zu dziɖuɖudɔwɔla deŋgɔwo le Babilonia. (Daniel 1:3-7; 2:48, 49) Gake le woƒe hehexɔɣi gɔ̃ hã la, wonɔ te sesĩe le nuɖunya siwo ate ŋu ana woada le Se si woƒe Mawu, Yehowa, de to Mose dzi hafi la me. Woyra wo ɖe esia ta. (Daniel 1:8-17) Esime Fia Nebukadnezar li Dukɔa ƒe legba aɖe anyi la, edze ƒã be eva hiã be Daniel ƒe zɔhɛ Hebri-vi etɔ̃awo nayi wɔna la teƒe kple wo hati siwo nye Dukɔa ƒe amegãwo. Gake wogbe be ‘yewomabɔbɔ ade ta agu’ na Dukɔa ƒe legba la o. Yehowa gaɖo eteƒe na wo ake ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ ta. (Daniel 3:1-6, 13-28) Nenema ke egbea hã Yehowa Ðasefowo dea bubu dukɔ si me wole ƒe aflaga ŋu, gake womewɔa nu tsɔ dea ta agu nɛ o.—Mose II, 20:4, 5; Yohanes I, 5:21.
7. (a) Tenɔnɔ nyui kae Daniel ɖe fia, togbɔ be ɖoƒe kɔkɔ nɔ esi le Babilon-dziɖuɖua me hã? (b) Tɔtrɔ kawoe va le Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣiawo me?
7 Le Babilonia-dziɖuŋusẽ Yeyea ƒe anyidzedze megbe la, wona dziɖuɖunɔƒe kɔkɔ aɖe Daniel le Medo-Persia dziɖuɖu yeye si xɔ ɖe eteƒe la me le Babilon. (Daniel 5:30–6:1; 6:2-5) Gake eƒe nɔƒe kɔkɔa mena wòna ta le eƒe nuteƒewɔwɔ me o. Esime Dziɖuɖua ƒe se aɖe bia be wòade ta agu na Fia Dario ɖe Yehowa teƒe la, egbe. Esia ta wotsɔe ƒu gbe ɖe dzatawo, gake Yehowa ɖee. (Daniel 6:5-25) Le nyateƒe me la, esia dzɔ do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣiwo. Esime woɖo Kristo-hamea anyi ko la, Mawu subɔlawo va nɔ “Kristo ƒe se la te.” Ele be woabu nusiwo ŋu woɖe mɔ ɖo le Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia te la le mɔ bubu nu, le alesi Yehowa nɔ nu wɔm kple eƒe amewo ɣemaɣi nu.—Korintotɔwo I, 9:21; Mateo 5:31, 32; 19:3-9.
Yesu ƒe Nɔnɔme ɖe Dziɖuɖu Ŋu
8. Nudzɔdzɔ kae ɖee fia be Yesu ɖoe be yemakpɔ gome le dunyahehe me o?
8 Esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, eɖo dzidzenu kɔkɔtɔwo ɖi na eyomedzelawo, eye eɖe eɖokui ɖa le dunyahehe alo asrafonyawo me keŋkeŋ. Esi Yesu tsɔ abolo sue aɖewo kple tɔmelã vi eve nyi ame akpe geɖe nukutɔe la, Yudatɔwo di be yewoalée atsɔ aɖo fiae. Gake Yesu wɔ kaba si le wo gbɔ yi toawo dzi. (Yohanes 6:5-15) The New International Commentary on the New Testament gblɔ le nudzɔdzɔ sia ŋu be: “Dulɔlɔ̃ ƒe dzodzro sẽŋuwo nɔ Yudatɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi la me, eye ɖikeke mele eme o be amesiwo kpɔ nukunua teƒe la dometɔ geɖe bui be yewokpɔ kplɔla si dzi Mawu da asi ɖo, amesi tututu anɔ ŋgɔ na yewo atsi tre ɖe Romatɔwo ŋu. Eyata woɖoe be yewoatsɔe aɖo fiae.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be Yesu “gbe” dunyahehe me kplɔlanyenye sia si wodo ɖe egbɔ la “gbidii.” Kristo medo alɔ Yudatɔwo ƒe aglãdzedze ɖe Roma-dziɖuɖua ŋu kura o. Le nyateƒe me la, egblɔ nusi ado tso aglãdzedze si ado mo ɖa le eƒe ku megbe me ɖi—si nye fu manyagblɔ si Yerusalem-nɔlawo kpe kple du ma ƒe tsɔtsrɔ̃.—Luka 21:20-24.
9. (a) Aleke Yesu ƒo nu tso ƒomedodo si le eƒe Fiaɖuƒea kple xexeame dome ŋui? (b) Mɔfiame kae Yesu na eyomedzelawo le woƒe nuwɔwɔ kple xexe sia me dziɖuɖuwo me?
9 Do ŋgɔ teti na Yesu ƒe ku la, egblɔ na Roma-fiagã teƒenɔla tɔxɛ si le Yudea be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o; nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womagadem asi na Yudatɔwo o; ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o.” (Yohanes 18:36) Vaseɖe esime Kristo ƒe Fiaɖuƒe naɖe dunyahedziɖuɖuwo ɖa la, eƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃a eƒe kpɔɖeŋua. Woɖoa to dziɖuɖu mawo siwo woɖo anyi gake womedea nu woƒe dunyahenuwɔnawo me o. (Daniel 2:44; Mateo 4:8-10) Yesu na mɔfiame eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Mateo 22:21) Yesu gblɔ do ŋgɔ le eƒe Todzimawunya la me be: “Amesi ke azi dzi wò be, nazɔ kplii gaƒoƒo ɖeka la, zɔ eve kplii.” (Mateo 5:41) Gɔmeɖose si nye be woalɔ̃ faa abɔbɔ ame ɖokui ɖe nudidi siwo le se nu te, eɖanye le amegbetɔ ƒe kadodo me alo nusiwo dziɖuɖu bia siwo sɔ ɖe Mawu ƒe se nu o, ƒe kpɔɖeŋu wɔmee Yesu nɔ le eƒe mawunyagbɔgblɔ sia me.—Luka 6:27-31; Yohanes 17:14, 15.
Kristotɔwo Kple Kaisaro
10. Le ŋutinyaŋlɔla aɖe ƒe nya nu la, nukae Kristotɔ gbãtɔwo ƒe dzitsinya ɖe mɔ na wo wowɔ na Kaisaro?
10 Ðe woɖoe be mɔfiame kpui siawo nakplɔ ƒomedodo si le Kristotɔwo kple Dziɖuɖua dome. Ŋutinyaŋlɔla E. W. Barnes ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye The Rise of Christianity me be: “Le ƒe alafa geɖe siwo kplɔe ɖo me, ne Kristotɔ menya dɔ si tututu wòawɔ na Dziɖuɖua o la, etrɔna ɖe Kristo ƒe nufiafia sẽŋua ŋu. Axe adzɔwo: ga si wodzɔ le wo si la anya lolo—meganya nɔ xexem hafi Ɣetoɖoƒefiaɖuƒea mu o—gake Kristotɔ adze agbagba axee. Alɔ̃ axɔ Dziɖuɖua ƒe agbanɔamedzi bubuwo katã nenema ke, ne womebia tso esi be wòatsɔ nusiwo nye Mawu tɔ ana Kaisaro o ko.”
11. Aleke Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be woawɔ nu kple xexemedziɖulawoe?
11 Gɔmeɖose sia nue apostolo Paulo gblɔe ɖo le Kristo ƒe ku ƒe 20 kple edzivɔ megbe be: “Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na.” (Romatɔwo 13:1) Anye ƒe ewo megbe, do ŋgɔ na Paulo ƒe gaxɔmenɔnɔ zi evelia kple ewuwu le Roma teti la, eŋlɔ agbalẽ na Tito be: “Ðo ŋu nusiawo na wo [Kristotɔ siwo le Kreta] bena, woabɔbɔ wo ɖokui na [dziɖulawo] kple ŋusẽwo, eye woaɖo to wo, eye woasu te hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ: Woagagblɔ busunya ɖe ame aɖeke ŋuti o, woaganye dzrehelawo o; woanye ame [fatuwo], woatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã.”—Tito 3:1, 2.
Alesi Wose “Dziɖuɖu, Siwo Ŋusẽ Li Na” Gɔme Vivivii
12. (a) Nukae Charles Taze Russell bu be enye ɖoƒe si sɔ si Kristotɔ anɔ na dziɖuɖuwo? (b) Aleke Kristotɔ amesiaminawo ƒe nukpɔsusu to vovo na wo nɔewo tɔ le asrafodɔwɔwɔ gome le Xexemeʋa I me?
12 Le ƒe 1886 me ke la, Charles Taze Russell ŋlɔ ɖe agbalẽ si nye The Plan of the Ages me be: “Yesu alo Apostoloawo mede nu anyigba dzi dziɖulawo ƒe nyawo me le mɔ aɖeke nu o. . . . Wofia Hamea be woawɔ ɖe seawo dzi, eye be woade bubu amesiwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu le woƒe ɖoƒe ta, . . . be woaxe adzɔ si woɖo na wo la, eye negbe ɖeko seawo tsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu la, (Dɔw. 4:19; 5:29) womegagbe sedede aɖeke dzi wɔwɔ o. (Rom. 13:1-7; Mat. 22:21) Yesu kple Apostoloawo kpakple hame gbãtɔ la katã nye sedziwɔlawo, togbɔ be woɖe wo ɖokui ɖa tso xexe sia me dziɖuɖuwo me eye womekpɔa gome aɖeke le eme o hã.” Agbalẽ sia de dzesi “ŋusẽ kɔkɔwo,” alo “dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na” si apostolo Paulo yɔ la wòsɔ be enye amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo. (Romatɔwo 13:1) Agbalẽ si nye The New Creation gblɔ le ƒe 1904 me be “ele be woakpɔ” Kristotɔ vavãwo “le amesiwo wɔa se dzi wu le fifi ƒe ɣeyiɣia me la dome—womanye amesiwo hea zitɔtɔ vɛ, dzrewɔlawo, kple vodadadilawo o.” Ame aɖewo se esia egɔme be efia be woabɔbɔ ame ɖokui na dziɖuɖuwo keŋkeŋ, ale gbegbe be wolɔ̃ wɔ asrafodɔ gɔ̃ hã le Xexemeʋa I me. Gake ame bubuwo kpɔe be etsi tre ɖe Yesu ƒe nya siawo ŋu be: “Amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe.” (Mateo 26:52) Edze ƒã be ehiã be woana gɔmesese si le Kristotɔwo ƒe ɖokuibɔbɔ na dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na ŋu me nakɔ nyuie wu.
13. Tɔtrɔ kae va le gɔmesese si le nusi ŋusẽ kɔkɔtɔwo nye ŋu le ƒe 1929 me, eye vi kae esia ɖe?
13 Le ƒe 1929 me, esime dziɖuɖu vovovowo ƒe sewo va nɔ mɔ xem ɖe nusiwo Mawu de se be woawɔ nu alo wobia nusiwo tsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu la, wobui be anye Yehowa Mawu kple Yesu Kristoe nye ŋusẽ kɔkɔawo.b Gɔmesese siae nɔ Yehowa subɔlawo si le ɣeyiɣi sesẽ siwo do ŋgɔ na xexemeʋa II kple ewɔɣia me tsɔ yi ɖe Dukɔwo Dome Nyaʋiʋli, si me dukɔwo vɔ̃ na wo nɔewo le eye woƒe asrafowo nɔ dzadzraɖo ɖi me, la me. Ne míekpɔ megbe la, míate ŋu agblɔ be nuwo ŋuti nukpɔsusu sia si do Yehowa kple eƒe Kristo ƒe gãnyenye ɖe dzi la kpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu be wote ŋu lé woƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asi tamanamanatɔe le ɣeyiɣi sesẽ sia katã me.
Ðokuibɔbɔ si Se Ðe Afi Aɖe
14. Aleke wokɔ Romatɔwo 13:1, 2 kple ŋɔŋlɔ bubu siwo do ƒome kplii me nyuie wu le ƒe 1962 me?
14 Wowu New World Translation of the Holy Scriptures ƒe gɔmeɖeɖe la nu le ƒe 1961 me. Ewɔwɔ bia be woasrɔ̃ gbe si me woŋlɔ Ŋɔŋlɔawo ɖo la nyuie. Alesi woɖe nya siwo wozã, menye le Romatɔwo ta 13 ko me o ke le teƒe bubuwo abe Tito 3:1, 2 kple Petro I, 2:13, 17 ene, gɔme wòsɔ pɛpɛpɛ na wòdze ƒã be nyagbɔgblɔ “dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na” mefia Ŋusẽtɔ Gãtɔ Yehowa kple Via Yesu o, ke boŋ enye amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo. Le ƒe 1962 ƒe nuwuwu la, wota nyatiwo ɖe Gbetakpɔxɔ me siwo ɖe Romatɔwo ta 13 me nyuie wòsɔ eye wòna nukpɔsusu si me kɔ wu esi nɔ amewo si le C. T. Russell ƒe ɣeyiɣia me la su amewo si. Nyati siawo ɖee fia be Kristotɔ ƒe ɖokuibɔbɔ na dziɖuɖuwo mate ŋu anye le nusianu me o. Ele be wòase ɖe afi aɖe, eye mele be wòana Mawu subɔlawo nawɔ nu wòatsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu o. Gbetakpɔxɔ me nyati bubuwo gava te gbe ɖe nya vevi sia dzi.c
15, 16. (a) Dadasɔ kae Romatɔwo ta 13 ƒe gɔmesese yeyea he vɛ? (b) Biabia kawo ŋue wòle be míagaɖo?
15 Nusia si na Romatɔwo ta 13 ƒe gɔmesese nyuitɔ su ame si la wɔe be Yehowa ƒe amewo te ŋu da sɔ le bubu si dze tsɔtsɔ na dunyahedziɖuɖuwo kple wɔwɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose veviwo dzi tamanamanatɔe me. (Psalmo 97:11; Yeremya 3:15) Ena woƒe ƒomedodo kple Mawu kple alesi woawɔ nu ɖe Dziɖuɖua ŋui la ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ su wo si. Ena be togbɔ be wotsɔa nusi nye Kaisaro tɔ naa Kaisaro hã la, womeŋea aɖaba ƒua nusi nye Mawu tɔ tsɔtsɔ na Mawu dzi o.
16 Gake nukawo tututue nye Kaisaro tɔ? Nukawoe Dziɖuɖua ate ŋu abia tso Kristotɔ si wòasɔ? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ Psalmo 103:22, Reference Bible ƒe etenuŋɔŋlɔ.
b Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, June 1 kple 15, 1929.
c Kpɔ Gbetakpɔxɔ siwo nye November 1 kple 15, December 1, 1962; November 1, 1990; February 1, 1993; July 1, 1994.
Enya se be esime Nufialagã F. F. Bruce nɔ nu ƒom tso Romatɔwo ta 13 ŋu la, eŋlɔe bena: “Edze ƒã le nya siwo kplɔe ɖo me, abe alesi wòdze le apostoloawo ƒe agbalẽwo katã me ene, be dziɖuɖu ate ŋu abia be woawɔ yeƒe sedede dzi le nusiwo ta Mawu ɖoe anyi la ɖeɖeko me—vevietɔ, ne dziɖuɖua bia ɖokuitsɔtsɔna si wòle be woatsɔ na Mawu ɖeka ko la, menye ɖeko woate ŋu agbe ewɔwɔ o, ke ele be woagbe hã.”
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
◻ Nukata ɖokuibɔbɔ na dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na mefia ɖokuibɔbɔ na Satana o?
◻ Nukae nye Yesu ƒe nɔnɔme ɖe eƒe ŋkekea me dunyahehe ŋu?
◻ Aɖaŋu kae Yesu ɖo na eyomedzelawo le alesi woawɔ nu ɖe Kaisaro ŋu la ŋuti?
◻ Aleke Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be woawɔ nu ɖe dukɔwo ƒe dziɖulawo ŋui?
◻ Aleke nusi dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na nye ŋuti gɔmesesea me kɔ ɖe edzi le ƒeawo mee?
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Esi Satana do dunyaheŋusẽ ɖe Yesu gbɔ la, egbe
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Russell ŋlɔe bena “ele be woakpɔ” Kristotɔ vavãwo “le amesiwo wɔa se dzi wu le fifi ƒe ɣeyiɣia me la dome”