INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Wosu Te Aɖe Gbeƒã Le Yometitiwo Gɔ̃ Hã Me
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Ɛ̃, Yesu yomedzelawo adze ŋgɔ yometiti sesẽwo, ke hã edo ŋugbe na wo kple kakaɖedzi be: “Ne wode mi asi la, migatsi dzimaɖi le ale si miaƒo nui alo nya si miagblɔ ŋuti o, elabena woatsɔ nya si miagblɔ la ana mi le gaƒoƒo ma me, elabena menye miawo ɖeɖee aƒo nu o, ke boŋ mia Fofo ƒe gbɔgbɔ la aƒo nu to mia dzi.” Yesu yi edzi be: “Nɔvi ade nɔvi asi be woawu, eye fofo ade via asi, viwo atsi tsitre ɖe wo dzilawo ŋu ahana woawu wo. Eye amewo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta, ke ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.”—Mateo 10:19-22.

  • Wosu Te Aɖe Gbeƒã Le Yometitiwo Gɔ̃ Hã Me
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Mɔfiame, nuxlɔ̃ame kple dzideƒonamenya nyui kawo gbegbee nye esi Yesu na eƒe apostolo 12-awo! Gake àkpɔe be nya siawo aɖe vi na ame siwo ava wɔ gbeƒãɖeɖedɔa le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe la hã. Esia dze le ale si wògblɔ be “amewo katã alé fu” yeƒe nusrɔ̃lawo, ke menye ame siwo gbɔ yedɔ apostoloawo ɖo be woaɖe gbeƒã na la ɖeɖe ko o la me. Gakpe ɖe eŋu la, nuŋlɔɖi aɖeke meli be wokplɔ apostoloawo yi nutodziɖulawo kple dufiawo ŋkume le gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔ le Galilea hena ɣeyiɣi kpui aɖe la me loo alo be ƒometɔwo de wo asi be woawu o.

      Edze ƒãa be esi Yesu nɔ nya siawo gblɔm na apostoloawo la, nu siwo ava dzɔ le etsɔme la hã nɔ susu me nɛ. De ŋugble le nya si wògblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo makpe duawo katã ɖo “hafi Amegbetɔvi la nava ɖo o” la ŋu kpɔ. Nya si gblɔm Yesu le ye nye be yeƒe nusrɔ̃lawo mawu gbeƒãɖeɖe tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu la nu hafi Fia Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na la nava abe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃la ene o.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe