Ta 2
Biblia ƒe Tanya Vevi La
Ŋɔŋlɔawo Me Ðeɖe Nya ɣaɣla siwo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la gɔme sese ɖe fu na Biblia-srɔ̃la anukwaretɔwo ɣeyiɣi didi aɖe. Le Mawu ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi me la ele be nya ɣaɣla mawo ƒe gɔmesese nava, gake le mɔ ka nu, ɣekaɣie, eye na amekawo? Mawu ƒe gbɔgbɔ la koe ate ŋu ana woase egɔme esime ɣeyiɣi ɖoɖia le aƒe tum. (Nyaɖeɖefia 1:3) Aɖe nya ɣaɣla mawo afia Mawu ƒe dɔla dovevienu siwo le anyigba dzi la be ŋusẽ naɖo wo ŋu ne woagblɔ eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo afia. (Tsɔe sɔ kple Mateo 13:10, 11.) Menye ɖe míele gbɔgblɔm be vodada mate ŋu anɔ numeɖeɖe siwo le agbalẽ sia me la me o. Abe Yosef si nɔ anyi le blema la ene la, míele gbɔgblɔm be: “Alo . . . gɔmeɖeɖe la menye Mawu tɔe oa?” (Mose I, 40:8) Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, míexɔe se vevie be numeɖeɖe siwo le eme la wɔ ɖeka kple Biblia bliboa katã heɖe alesi Mawu ƒe nyagblɔɖiwo va eme nukutɔe le xexemenudzɔdzɔwo me le míaƒe dzɔgbevɔ̃eɣi siawo me la fia.
1. Nukae nye Yehowa ƒe tameɖoɖo wɔnuku la?
BIBLIA me lododo aɖe gblɔ be: “Nu ƒe nuwuwu nyo wu eƒe gɔmedzedze.” (Nyagblɔla 7:8) Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa mee míexlẽa nu tso Mawu ƒe tameɖoɖo wɔnuku be yeakɔ yeƒe ŋkɔ ŋu le nuwɔwɔwo katã ŋkume la ƒe nuwuwu wɔnuku la ŋuti le. Abe alesi Mawu gblɔe to eƒe nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ la dometɔ ɖeka dzi enuenu ene la: “Woadze sii be, nyee nye Yehowa.”—Xezekiel 25:17; 38:23.
2. Sidzedze si nana dzidzeme kae Nyaɖeɖefia kple Biblia ƒe agbalẽ siwo do ŋgɔ nɛ la kpena ɖe mía ŋu be wòasu mía si?
2 Alesi Nyaɖeɖefia gblɔ nyawo ƒe nuwuwu aʋadziɖuɖutɔe na míe la, nenema kee woƒo nu tso woƒe gɔmedzedze ŋu na mí le Biblia ƒe agbalẽ siwo do ŋgɔ la me. To nuŋlɔɖi sia me dzodzro dzi la, míete ŋu sea nya siwo wòlɔ ɖe eme la gɔme eye míekpɔa Mawu ƒe tameɖoɖowo bliboe. Aleke esia henana dzidzeme enye si! Gakpe ɖe eŋu la, ele be wòaʋã mí be míawɔ nu be míakpɔ gome le etsɔ me wɔnuku si le ameƒomea ŋgɔ la me. (Psalmo 145:16, 20) Le afisia la, edze abe nusi sɔ ene be míadzro nusi le megbe na Biblia bliboa ŋɔŋlɔ kple eƒe tanya me, be nya vevitɔ kekeake si dze ŋgɔ amegbetɔƒomea katã kpakple Mawu ƒe tameɖoɖo si wòɖe gblɔ kɔte be yeakpɔ nya ma gbɔ la nanɔ susu me na mí.
3. Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me nyagblɔɖi kae ɖo Biblia bliboa si ŋu Nyaɖeɖefia kpe ɖo la ƒe tanya ɖi?
3 Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ la ƒo nu tso “gɔmedzedzea” kple Mawu ƒe nuwɔwɔ siwo dome amegbetɔ si wòtsɔ ƒo anyigba dzi nuwɔwɔwo tae le la ŋu. Mose I gblɔ Mawu ƒe nyagblɔɖi gbãtɔ si eya ŋutɔ gblɔ ɖi le Eden-bɔ me anɔ abe ƒe 6,000 ene enye sia la hã. Ðeko woto da aɖe dzi ble nyɔnu gbãtɔ Xawa tetie nye ma; eya hã na srɔ̃a Adam wɔ ɖeka kplii woda le Yehowa ƒe se dzi esi wóɖu “ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la” ƒe tsetse. Le ʋɔnu dɔdrɔ̃ atsu kple asi si wɔ nuvɔ̃ la me la, Mawu gblɔ na da la bena: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.” (Mose I, 1:1; 2:17; 3:1-6, 14, 15) Nyagblɔɖi mae ɖo Biblia bliboa si ŋu Nyaɖeɖefia kpe ɖo la ƒe tanya ɖi.
4. (a) Esi Mawu gblɔ nyagblɔɖi gbãtɔa vɔ la, nukae dzɔ ɖe mía dzila gbãtɔwo dzi? (b) Nyabiabia kawoe fɔ ɖe te ku ɖe nyagblɔɖi gbãtɔa ŋu, eye nukatae wòhiã be míanya ŋuɖoɖoawo?
4 Le nya la gbɔgblɔ ɖi megbe teti la, Mawu nyã mía dzila gbãtɔwo le Eden. Womagate ŋu akpɔ mɔ na agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me o; ele be woanɔ egodo le anyigba si womedzra ɖo o la dzi le woƒe agbe me ŋkeke mamleawo me. Esi wotso kufia na wo ta la, woadzi vi siwo nuvɔ̃ yɔ taŋ. (Mose I, 3:23–4:1; Romatɔwo 5:12) Gake nukae nya si wogblɔ ɖi le Eden la fia? Amekawoe wòlɔ ɖe eme? Aleke wòdo ƒome kple Nyaɖeɖefiae? Gbedasi kae le eme na mí egbea? Be mía ŋutɔwo míakpɔ gbɔdzɔe tso dzɔgbevɔ̃e si na Yehowa gblɔ nya ma ɖi ƒe emetsonuwo me la, ele vevie be míanya nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo.
Amesiwo Nya la Lɔ Ðe Eme Koŋ
5. Esime da la ble Xawa la, nukae dzɔ ku ɖe Mawu ƒe fianyenye kple eƒe ŋkɔ ŋu, eye aleke woakpɔ nyaʋiʋlia gbɔe?
5 Wogblɔ nyagblɔɖi si le Mose I, 3:15 la na da si ka aʋatso na Xawa hegblɔ nɛ be maku le eƒe tomaɖomaɖoa ta o ke boŋ anɔ eɖokui si, anye mawu nyɔnutɔ la. Da la to ema dzi gblɔ be Yehowa nye alakpatɔ, eye wòfia be nu anyo na amegbetɔwo wu ne wogbe Eƒe dziɖuɖu si ƒo ɖesiaɖe ta la. (Mose I, 3:1-5) Wotɔ gbe Yehowa ƒe fianyenye eye wogblẽ eƒe ŋkɔ nyui la. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tso alesi Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe Yehowa awɔ Via Yesu Kristo ƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖua ŋudɔ atsɔ akɔ eƒe fianyenye ŋu ahaɖe vlododo katã ɖa le eƒe ŋkɔ ŋu la ŋuti.—Nyaɖeɖefia 12:10; 14:7.
6. Aleke Nyaɖeɖefia ɖe amesi to da dzi ƒo nu na Xawa la fiae?
6 Ke ŋkɔ “da” la ɖe, da ŋutɔŋutɔ ŋu ko wòku ɖoa? Kura o! Nyaɖeɖefia ɖe amesi gbɔgbɔmenuwɔwɔ ŋkɔgbegblẽxɔla si ƒo nu to da ma dzi nye la fia mí. Eyae nye “ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la,” amesi “tsɔ eƒe aɖaŋu vɔ̃ ble Xawa.”—Nyaɖeɖefia 12:9; Korintotɔwo II, 11:3.
7. Nukae ɖee fia be nyɔnu si ŋu Mose I, 3:15 ƒo nu le la le gbɔgbɔ me nutowo me?
7 Azɔ Mose I, 3:15 ƒo nu tso “nyɔnu la” ŋu. Xawa yea? Anye be esusui nenema. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 4:1.) Gake adikã si anɔ Xawa kple Satana dome ɣeyiɣi didi la zu nusi mate ŋu anɔ anyi o esime Xawa ku ƒe 5,000 kple vɔe nye sia. Gakpe ɖe eŋu la, esi wònye Da si Yehowa ƒo nu na la nye gbɔgbɔ si womekpɔna o ta la, ele be míakpɔ mɔ be nyɔnu la hã anɔ gbɔgbɔ me nutowo me. Nyaɖeɖefia 12:1, 2 ɖo kpe esia dzi heɖee fia be kpɔɖeŋunyɔnu siae nye Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔ si me gbɔgbɔmenuwɔwɔwo le.—Kpɔ Yesaya 54:1, 5, 13 hã.
Dzidzimevi Eve siwo Tsi Tre Ðe Wo Nɔewo Ŋu
8. Nukatae wòle be míatsɔ ɖe le nusi wogblɔ azɔ le dzidzime evea ŋu la me vevie?
8 Dzidzimevi eve va dze azɔ le Mose I, 3:15 me. Ele be esiawo ŋu nya nanɔ vevie na mí ŋutɔ elabena amesi dze be wòaɖu anyigba sia dzi ƒe nya gã la ku ɖe wo ŋu. Esia lɔ mía dometɔ ɖesiaɖe ɖe eme, míeɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o. Dzidzimevi siawo dometɔ kae nèlɔ̃ wu?
9. Amekawo hãe Da la ƒe dzidzimevia lɔ ɖe eme kokoko?
9 Gbãtɔe nye Da la ƒe dzidzimevi alo dzidzime. Nukae esia nye? Gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubu siwo va kpe ɖe Satana ŋu le eƒe aglãdzedzea me eye mlɔeba la wotsɔ wo “ƒu gbe ɖe anyigba . . . hekpe ɖe eŋuti” la le eme godoo. (Nyaɖeɖefia 12:9) Esi wònye Satana alo Beelzebul ye nye “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la” ta la, edze ƒã be woawoe nye eƒe habɔbɔ si womekpɔna o la.—Marko 3:22; Efesotɔwo 6:12.
10. Aleke Biblia la ɖee fiae be ame bubuwo hã le Satana ƒe dzidzimevia me?
10 Hekpe ɖe eŋu la, Yesu gblɔ na eƒe ŋkekea me subɔsubɔhaŋgɔnɔla Yudatɔwo be: “Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ.” (Yohanes 8:44) To tsitre tsitsi ɖe Mawu ƒe Vi Yesu ŋu dzi la, subɔsubɔhaŋgɔnɔla mawo ɖee fia be yewo hã yewonye Satana ƒe dzidzimeviwo. Wonye Satana ƒe dzidzime la ƒe akpa aɖe eye wole esubɔm abe wo fofo le kpɔɖeŋumɔ nu ene. Amegbetɔ geɖe bubuwo ɖe amesiwo wonye la fia nenema ke le ŋutinya me to Satana ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi, vevietɔ le tsitre tsitsi ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋu kple wo yome titi me. Woate ŋu ayɔ amegbetɔ siawo le ƒuƒoƒo me be wonye Satana ƒe habɔbɔ si wokpɔna le anyigba dzi la.—Kpɔ Yohanes 15:20; 16:33; 17:15.
Woɖe Nyɔnu la ƒe Dzidzimevi la Fia
11. Le ƒe alafa geɖewo me la, nukae Mawu ɖe fia ku ɖe nyɔnua ƒe dzidzimevia ŋu?
11 Ame mamlea si ŋu nyagblɔɖi si le Mose I, 3:15 la ƒo nu le lae nye nyɔnu la ƒe dzidzimevi. Esime Satana nɔ asi trɔm le eƒe dzidzimevia ŋu la, Yehowa nɔ eƒe “nyɔnu” alo dziƒohabɔbɔ si le abe srɔ̃a ene la dzram ɖo be dzidzimevi nado tso eme. Ƒe 4,000 sɔŋ ye Yehowa yi edzi nɔ nya siwo ku ɖe dzidzimevia ƒe vava ŋu la ɖem fia amegbetɔ toɖola siwo vɔ̃a Mawu la vivivi. (Yesaya 46:9, 10) Eyata Abraham, Isak, Yakob kple ame bubuwo te ŋu xɔ ŋugbedodo be dzidzimevia ava le woƒe ƒome me la dzi se. (Mose I, 22:15-18; 26:4; 28:14) Satana kple eŋutimewo ti Yehowa ƒe subɔla mawo yome zi geɖe le woƒe xɔse maʋãmaʋã la ta.—Hebritɔwo 11:1, 2, 32-38.
12. (a) Ɣekaɣie nyɔnu la ƒe dzidzimevia ƒe akpa vevitɔ do, eye le nudzɔdzɔ ka me? (b) Tameɖoɖo ka tae wosi ami na Yesu?
12 Mlɔeba le ƒe 29 Mía Ŋɔli me la, Yesu ame deblibo la va Yordan-tɔsisia to eye wòxɔ nyɔnyrɔ̃. Yehowa tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe dzi Yesu le afima hegblɔ be: “Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!” (Mateo 3:17) Woɖee fia le afima be ɖe wodɔ Yesu ɖo ɖa tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me habɔbɔ si le dziƒo la me. Wosi ami nɛ hã abe Dziƒofiaɖuƒe si agbugbɔ anyigba la dzi ɖuɖu aɖo anyi le Yehowa ƒe ŋkɔ me eye wòato ema dzi akpɔ nya si lɔ dziɖuɖu alo fianyenye ɖe eme la gbɔ keŋkeŋ la ƒe Fia si Wotia ene. (Nyaɖeɖefia 11:15) Ekema Yesue nye nyɔnu la ƒe dzidzimevi la me Ame vevitɔ, si nye Mesia si ƒe nya wogblɔ ɖi la.—Tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 3:16; Daniel 9:25.
13, 14. (a) Nukatae mele be wòawɔ nuku na mí o be míakpɔe be nyɔnua ƒe dzidzimevia manye ame vevi ɖeka ko o? (b) Ame nenie Mawu tia tso ameƒomea me be woazu dzidzimevia ƒe akpa evelia, eye habɔbɔ kae woƒo ƒu nye? (d) Amekawo hãe subɔna kple dzidzimevia le ɖekawɔwɔ me?
13 Ame ŋkuta ɖeka aɖe koe anye nyɔnu la ƒe dzidzimevia? Ke Satana ƒe dzidzimevia ya ɖe? Biblia ɖee fia be mawudɔla vɔ̃ɖi gbogbo aɖewo kple amegbetɔ siwo doa vlo Mawue nye Satana ƒe dzidzimevia. Eyata mele be wòawɔ nuku na mí o be míakpɔe be enye Mawu ƒe tameɖoɖo be yeatia nuteƒewɔla 144,000 tso ameƒomea me be woazu Yesu Kristo, Dzidzimevi si nye Mesia la, ƒe hatidziɖulawo kple nunɔlawo. Amesiawo ŋue Nyaɖeɖefia ƒo nu le esime wògblɔ be le Abosam ƒe fu si wòlé Mawu ƒe habɔbɔ si le abe nyɔnu ene la me la, edzo “yi aʋa wɔ ge kple nyɔnua ƒe ƒome, siwo susɔ” la.—Nyaɖeɖefia 12:17; 14:1-4.
14 Woyɔ Kristotɔ amesiaminawo le Biblia me be Yesu nɔviwo, eye abe nɔviawo ene la, Fofo kple dada ɖekae le wo si. (Hebritɔwo 2:11) Wo Fofoe nye Yehowa Mawu. Eyata ele be wo dada nanye “nyɔnu la,” si nye Mawu ƒe dziƒohabɔbɔ si le abe srɔ̃a ene. Wova zua dzidzimevi ma ƒe akpa evelia, eye Yesu Kristoe nye akpa vevitɔ. Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzi le anyigba dzi ƒe habɔbɔ siae nye Mawu ƒe habɔbɔ si wokpɔna si le subɔsubɔm le eƒe habɔbɔ si le abe nyɔnu ene le dziƒo afisi woawɔ ɖeka kple Kristo Yesu le le woƒe tsitretsitsi me la te. (Romatɔwo 8:14-17; Galatiatɔwo 3:16, 29) Wona alẽ bubu miliɔn geɖe siwo tso dukɔwo katã me la le ɖeka wɔm be woasubɔ kple Mawu ƒe habɔbɔ si le anyigba dzi la, togbɔ be womenye dzidzimevi la me tɔwo o gake. Alẽ bubu siawo dometɔ ɖekae nenyea? Ekema wò mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname lae nye be àkpɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi.—Yohanes 10:16; 17:1-3.
Alesi Fulélea Va Xɔ Aƒe Ðie
15. (a) Ƒo nu tso alesi Satana ƒe dzidzimevi si me amegbetɔwo kple mawudɔlawo le la wɔ va li ŋuti. (b) Nukae dzɔ ɖe Satana ƒe dzidzimevia dzi le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa me?
15 Satana ƒe dzidzimevi la ƒe akpa si nye amegbetɔwo la va te dzedze kaba ŋutɔ le ameƒomea ƒe ŋutinya me. Le kpɔɖeŋu me, Kain si nye amegbetɔ gbãtɔ si wodzi la, “tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia” Habel. (Yohanes I, 3:12) Emegbe la Henox gblɔ be Yehowa “kple eƒe ame kɔkɔe akpe nanewo gbɔna, bene wòadrɔ̃ ʋɔnu wo katã, eye woaka mo na wo dome amesiwo katã mevɔ̃a Mawu o la, le woƒe dɔwɔwɔ vlo, siwo katã wowɔ mawumavɔ̃mavɔ̃e kple nya sesẽ, siwo katã nuvɔ̃wɔla mavɔ̃mawuwo gblɔ ɖe eŋuti la ta.” (Yuda 14, 15) Gawu la, mawudɔla dzeaglãwo va wɔ ɖeka kple Satana eye wozu eƒe dzidzimevi la ƒe akpa aɖe. “Wogblẽ woa ŋutɔwo ƒe nɔƒe” si dze le dziƒo la ɖi be woado amegbetɔ ƒe ŋutilã eye woaɖe amegbetɔvi nyɔnuwo. Wodzi dzidehlɔ̃mevi ŋutasẽla siwo sesẽ wu amegbetɔ. Nuvlowɔwɔ kple vɔ̃ɖinyenye va xɔ aƒe ɖe xexe ma me ale gbegbe be Mawu tsrɔ̃e le Tsiɖɔɖɔa me, eye Noa nuteƒewɔla la kple eƒe ƒomea koe nye amegbetɔ siwo tsi agbe. Eva zu dzizizi na mawudɔla sẽtoawo—amesiwo zu gbɔgbɔ vɔ̃wo le Satana ƒe ŋusẽ te azɔ la—be woagblẽ wo srɔ̃ amegbetɔawo kple woƒe dzidehlɔ̃mevi siwo le tsɔtsrɔ̃ ge la ɖi. Woɖe ŋutilã da ɖi, eye wotrɔ yi gbɔgbɔmenutowo me, afisi wole Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si le aƒe tum kabakaba si wòahe va Satana kple eƒe dzidzimevia dzi lalam le.—Yuda 6; Mose I, 6:4-12; 7:21-23; Petro II, 2:4, 5.
16. (a) Ŋutasẽla kae va nɔ anyi le Tsiɖɔɖɔa megbe, eye aleke wòɖee fiae be yenye Satana ƒe dzidzimevia ƒe akpa aɖe? (b) Aleke Mawu gblẽ nu mee na Babilon-mɔ̃ la tulawo?
16 Ɣeyiɣi kpui aɖe le Tsiɖɔɖɔ gã la megbe la, ŋutasẽla aɖe si ŋkɔe nye Nimrod nɔ anyigba dzi. Biblia ƒo nu tso eŋuti be enye ‘adela kalẽtɔ si tsi tre ɖe Yehowa ŋu’—enye Da la ƒe dzidzimevia ƒe akpa aɖe vavã. Abe Satana ene la, eɖe aglãdzegbɔgbɔ fia eye wòtso du si nye Babel alo Babilon le tsitre tsitsi ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo be ameƒomea nakaka ayɔ anyigba dzi la ŋu me. Babilon ƒe teƒe vevitɔ anye mɔ̃ kɔkɔ aɖe “si tame natɔ dziƒo.” Mawu gblẽ nu me na mɔ̃ ma tulawo. Etɔtɔ gbe na wo hena “wokaka tso afima ɖe anyigba blibo la katã dzi” gake eɖe mɔ Babilon ŋutɔ ya nɔ anyi.—Mose I, 9:1; 10:8-12; 11:1-9.
Dunyaheŋusẽwo Do
17. Esi ameƒomea nɔ dzidzim ɖe edzi la, amegbetɔwo ƒe habɔbɔ ƒe akpa gbegblẽ kae va do mo ɖa, eye abe emetsonu ene la, fiaɖuƒe gã kawoe va do?
17 Amegbetɔƒomea ƒe nɔnɔme aɖewo do mo ɖa le Babilon, esiwo yi edzi hetsi tre ɖe Yehowa ƒe fianyenye ŋu. Esiawo dometɔ ɖeka nye dunyahehe tɔ. Esi ameƒomea nɔ dzidzim ɖe edzi la, amegbetɔ nugãdila bubuwo srɔ̃ Nimrod ƒe kpɔɖeŋua hezu dziɖulawo akpasesẽtɔe. Amegbetɔ va nɔ ehavi amegbetɔ dzi ɖum wògblẽ nu le eŋu. (Nyagblɔla 8:9) Le kpɔɖeŋu me le Abraham ƒe ŋkekeawo me la, Sodom kple Gomora kple du siwo te ɖe wo ŋu la va ge ɖe fia siwo tso Sinear kple anyigba bubu siwo gbɔ didi la ƒe ŋusẽ te. (Mose I, 14:1-4) Mlɔeba la, amesiwo bi ɖe asrafonyawo kple ɖoɖowɔwɔ me ɖo fiaɖuƒe gãwo anyi hena woa ŋutɔwo ƒe kesinɔnukpɔkpɔ kple ŋutikɔkɔe. Biblia yɔ esiawo dometɔ aɖewo be Egipte, Asur, Babilon, Medo-Persia, Hela, kple Roma.
18. (a) Nɔnɔme kae Mawu ƒe amewo ɖena fiana ɖe dunyahedziɖulawo ŋu? (b) Aleke dunyahedziɖulawo wɔ dɔ na Mawu ɣeaɖewoɣie? (d) Aleke dziɖula geɖewo ɖee fiae be yewonye Da la ƒe dzidzimevia ƒe akpa aɖe?
18 Yehowa ɖe mɔ dunyaheŋusẽ mawo nɔ anyi, eye eƒe amewo ɖo to wo vaseɖe afi aɖe esime wonɔ anyigba siwo le woƒe ŋusẽ te la dzi. (Romatɔwo 13:1, 2) Ɣeaɖewoɣi la dunyaheŋusẽwo wɔ nu hedo Mawu ƒe tameɖoɖowo ɖe ŋgɔ alo kpɔ eƒe amewo ta. (Ezra 1:1-4; 7:12-26; Dɔwɔwɔwo 25:11, 12; Nyaɖeɖefia 12:15, 16) Togbɔ be ele nenema hã la, dunyahedziɖula geɖewo tsi tre ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu heɖee fia be yewonye Da la ƒe dzidzimea ƒe akpa aɖe.—Yohanes I, 5:19.
19. Nukae wotsɔ wɔ xexemeŋusẽwo ƒe kpɔɖeŋue le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me?
19 Nublanuitɔe la, amegbetɔ ƒe dziɖuɖu akpa gãtɔ do kpo dzidzɔkpɔkpɔ hehe vɛ na mí amegbetɔwo alo míaƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ. Yehowa ɖe mɔ ameƒomea te dziɖuɖu ɖesiaɖe ƒomevi kpɔ, gake medaa asi ɖe gbegblẽ alo alesi dziɖuɖuwo ɖu amewo dzi le mɔ gbegblẽ nu la dzi o. (Lododowo 22:22, 23) Nyaɖeɖefia ɖɔ xexemeŋusẽ ameteɖeanyilawo be wonye lã wɔadã dadala klitsu aɖe.—Nyaɖeɖefia 13:1, 2.
Asitsala Ðokuitɔdilawo
20, 21. Habɔbɔ evelia kae wòle be woatsɔ akpe ɖe “aʋafiawo” kple “ame sesẽwo” ŋu be wonye Satana ƒe dzidzimevi vɔ̃ɖia ƒe akpa aɖe, eye nukatae?
20 Le xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli kple dunyahehe me kplɔlawo me la, ŋutilãmenuwo ƒe asitsala maɖianukwarewo va do. Nuŋlɔɖi siwo wokpɔ le to me le Babilon ƒe anyiglãgowo me la ɖee fia be asitsatsa si nye ame havi tafatafa esime nuwo mele edzi dzem nɛ o la bɔ ŋutɔ ɣemaɣi. Xexeame ƒe asitsalawo yi edzi le viɖe dim ɖokuitɔdiditɔe vaseɖe egbea, esi le dukɔ geɖewo me la, ame ʋee aɖewo va zu kesinɔtɔwo ale gbegbe eye ame akpa gãtɔ le fu kpem le ahedada me. Le ƒe alafa 20 lia ƒe nuwo wɔwɔ le agbɔsɔsɔ me ƒe azã sia me la, asitsalawo kple amesiwo wɔa nuwo le agbɔsɔsɔ me la wɔ ga geɖe tso asrafowo ƒe aʋawɔnu vɔ̃ɖiwo dzadzra na dunyaheŋusẽawo le agbɔsɔsɔ me la me, esiwo dome nukliaʋawɔnu siwo woli kɔ ɖi eye wotsɔ tsɔtsrɔ̃ le ŋɔdzi dom na ameƒomea fifia la le. Ele be woatsɔ asitsala gã ŋuklẽla mawo kple ame bubu siwo le abe woawo ene la akpe ɖe “aʋafiawo” kple ‘ame sesẽawo’ ŋu be wole Satana ƒe dzidzime vɔ̃ɖi la me. Wo katã wonye anyigba dzi habɔbɔ si Mawu kple Kristo drɔ̃ ʋɔnui be edze na tsɔtsrɔ̃ la ƒe akpa aɖe.—Nyaɖeɖefia 19:18.
21 Ele be woatsɔ amegbetɔƒomea ƒe nu etɔ̃lia aɖe si dze be Mawu nadrɔ̃ ʋɔnui vevie la akpe ɖe dunyahehe gbegblẽ kple ŋukeklẽ ƒe asitsatsa ŋu. Emae nye nuka? Nusi Nyaɖeɖefia gblɔ tso xexeame katã ƒe nu sia si wonya nyuie ŋu la awɔ nuku na wò.
Babilon Gã La
22. Subɔsubɔ ka ƒomevie woto vɛ le blema Babilon?
22 Babilon gbãtɔ tsotso menye dunyahehe ƒe nuwɔwɔ ko o. Esi wònye wotso du ma le tsitre tsitsi ɖe Yehowa ƒe fianyenye ŋu me ta la, mawusubɔsubɔ nɔ nya la me. Le nyateƒe me la, blema Babilon va zu trɔ̃subɔsubɔtsoƒe. Eƒe nunɔlawo fia nusiwo doa vlo Mawu, abe amegbetɔ ƒe luʋɔ ƒe agbe nɔnɔ le ku megbe, kpakple be teƒe si woyina le ku megbe la nye ŋɔdzi kple funyafunyawɔwɔ mavɔ ƒe teƒe si dzi gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔna la ene. Wodo ta dede agu na nuwɔwɔwo kple mawu kpakple mawunɔ gbogbo aɖewo ɖe ŋgɔ. Wokpa gliwo tsɔ ɖe anyigba kple amegbetɔ si le edzi ƒe dzɔtsoƒe me eye wowɔ kɔnu kple vɔsa ɖigbɔamewo be woana amewo nadzi vi, nukuwo naʋã eye woaɖu aʋa dzi.
23. (a) Esi amewo ka hlẽ tso Babilon la, nukae wotsɔ ɖe asi yii, eye nukae do tso eme? (b) Ŋkɔ kae Nyaɖeɖefia yɔ na alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea? (d) Nuka ŋue alakpasubɔsubɔ wɔa avu tsia tre ɖo ɣesiaɣi?
23 Esi gbe vovovo dolawo kaka ɖe anyigba dzi tso Babilon la, wotsɔ Babilon ƒe mawusubɔsubɔ ɖe asi yii. Eyata kɔnu kple dzixɔse siwo ɖi blema Babilon tɔwo bɔ ɖe amesiwo nɔ Europa, Afrika, Amerika-nyigbawo, Ɣedzeƒe Ʋĩ, kple Dzieheƒukpowo dzi gbã la dome; eye dzixɔse mawo dometɔ geɖe kpɔtɔ li vaseɖe egbea. Ekema esɔ be Nyaɖeɖefia ƒo nu tso alakpasubɔsubɔ ƒe fiaɖuƒe si kpe xexeame katã ɖo la ŋuti be enye du si woyɔ be Babilon Gã. (Nyaɖeɖefia ta 17, 18) Afisiafi si woƒã alakpasubɔsubɔ ɖo la, nunɔla ameteɖeanyilawo, aʋatsodzixɔsewo, vivitimenɔnɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ ye do tso eme. Enye dɔwɔnu sesẽ aɖe le Satana si me. Babilon Gã la tsi tre ɖe Aƒetɔ Fiagã Yehowa ƒe tadedeagu vavãtɔ ŋu adãtɔe ɣesiaɣi.
24. (a) Aleke Da la te ŋu ɖu “afɔkpodzi” na nyɔnua ƒe Dzidzimevi lae? (b) Nukatae woƒo nu tso nusi wowɔ na nyɔnua ƒe dzidzimevia ŋu be afɔkpodziɖuɖu ko wònye?
24 Abe Da la ƒe dzidzimevi la ƒe akpa aɖe si ŋu nya ku ɖo vevie ene la, ƒe alafa gbãtɔ me Yuda-subɔsubɔ me agbalẽfialawo kple Farisitɔwo xɔ ŋgɔ le nyɔnu la ƒe dzidzimevi la teƒenɔla vevitɔ la yome titi kple ewuwu mlɔeba me. To ema dzi la, Da la te ŋu ‘ɖu afɔkpodzi na dzidzimevi la.’ (Mose I, 3:15; Yohanes 8:39-44; Dɔwɔwɔwo 3:12, 15) Nukatae wogblɔ be esia nye afɔkpodzibi ko? Nusitae nye be ɣeyiɣi kpui aɖe koe abidede eŋu sia wɔ dɔ ɖe edzi le anyigba dzi afisia. Menye nusi nɔ anyi ɖaa o elabena Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe eye wòdoe ɖe dzi yi gbɔgbɔmegbenɔnɔ me.—Dɔwɔwɔwo 2:32, 33; Petro I, 3:18.
25. (a) Aleke Yesu si le ŋutikɔkɔe me la wɔ nu ɖe Satana kple eƒe dziƒodɔlawo ŋu xoxoe? (b) Ɣekaɣie woaɖe Satana ƒe dzidzimevi si le anyigba dzi la ɖa? (d) Ne Mawu ƒe nyɔnu la ƒe Dzidzimevia ‘gbã ta na’ Da si nye Satana la, nukae wòafia?
25 Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na fifia la le subɔsubɔm le Mawu ƒe nuɖusi me hele ʋɔnu drɔ̃m Yehowa ƒe futɔwo. Ewɔ nu ɖe Satana kple eƒe dziƒodɔlawo ŋu xoxo esime wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba dzi afisia hewɔe be afisia koe woate ŋu awɔ nu le la—esiae na fukpekpewo sɔ gbɔ ɖe edzi le ƒe alafa 20 lia sia me. (Nyaɖeɖefia 12:9, 12) Gake Satana ƒe dzidzimevi si le anyigba dzi la ɖeɖe ɖa ava eme ne Mawu he ʋɔnudɔdrɔ̃ va Babilon Gã la kple Satana ƒe habɔbɔa ƒe akpa bubu siwo katã le anyigba dzi la dzi. Mlɔeba la, Mawu ƒe nyɔnu la ƒe Dzidzimevi Yesu Kristo “agbã ta” na Satana, Da xoxo ayetɔ ma, eye ema afia be wotsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ heɖee ɖa le ameƒomea ƒe nyawo me keŋkeŋ.—Romatɔwo 16:20.
26. Nukatae wòle vevie ŋutɔ be míadzro nyagblɔɖi si le Nyaɖeɖefia me la me?
26 Aleke esia katã ava emee? Emae nye nusi woɖe ɖe go na mí le Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia la me. Woɖee fia mí le ŋutega siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu eye dzesi kple kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedziwo dze le wo me la me. Mina míatsɔ dzonɔameme adzro nyagblɔɖi sẽŋu sia me. Míakpɔ dzidzɔ nyateƒe ne míese Nyaɖeɖefia me nyawo hewɔ ɖe wo dzi! To ema wɔwɔ dzi la, míakpɔ gome le bubu dede Aƒetɔ Fiagã Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu me eye míanyi eƒe yayra mavɔwo ƒe dome. Taflatse yi nuxexlẽa dzi eye nawɔ nusi nasrɔ̃ la ŋudɔ nunyatɔe. Ate ŋu ana nakpɔ ɖeɖe le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe ɣeyiɣi vevi sia me.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 13]
Asitsatsa ŋuti nuŋlɔɖi siwo woŋlɔ ɖe blemanuŋɔŋlɔwo me
Agbalẽ si nye Ancient Near Eastern Texts, si me James B. Pritchard to la ɖo se 300 kloe siwo Hammurabi ŋlɔ le Babilon ƒe ŋkekeawo me la ɖe ɖoɖo nu. Esiawo ɖee fia be ehiã be woade se ɖe anukwaremaɖimaɖi si gbɔ eme akpa, si edze ƒã be exɔ aƒe ɖe asitsalawo dome ɣemaɣi la nu. Kpɔɖeŋu ɖeka enye si: “Ne aƒetɔ aɖe ƒle alo xɔ klosalo alo sika alo kluvi alo kosi alo nyi alo alẽ alo tedzi alo nu ɖesiaɖe ƒomevi tso aƒetɔ aɖe ƒe viŋutsu alo aƒetɔ aɖe ƒe kluvi gbɔ hena dzadzraɖo esime ɖasefowo kple nubablawo mele eŋu o la, esi wònye fiafie aƒetɔ ma nye ta la, ele be woawui.”