-
“Yehowa Wò Mawue Nàde Ta Agu Na”Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
-
-
1, 2. Aleke Yesu wɔ va do ɖe Yudea-gbedzi le ƒe 29 K.Ŋ. ƒe kele me, eye nu kae dzɔ ɖe edzi le afi ma? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)
ƑE 29 K.Ŋ. ƒe kele mee, eye Yesu le Yudea-gbedzi, le Ƒu Kukua ƒe dziehe gome. Esi wonyrɔe eye wosi ami nɛ megbe la, gbɔgbɔ kɔkɔea kplɔe yi nuto sia me. Yesu nɔ teƒe sia si agakpewo kple baliwo ƒo xlã la ŋkeke 40, eye wòtsi nu dɔ, do gbe ɖa hede ŋugble le ɖoɖoezizi me. Ðewohĩ le ɣeyiɣi sia me la, Yehowa ɖo dze kple Via tsɔ dzrae ɖo ɖe nu siwo le ŋgɔ la ŋu.
2 Fifia, esi dɔ wu Yesu eye wògbɔdzɔ la, Satana te ɖe eŋu. Nu si gadzɔ kplɔe ɖo la ɖe nya vevi aɖe ɖe go, si ka ame siwo katã lɔ̃ tadedeagu dzadzɛa. Wò hã èle eme.
-
-
“Yehowa Wò Mawue Nàde Ta Agu Na”Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
-
-
3, 4. (a) Nya kawoe Satana gblɔ tsɔ dze tetekpɔ eve gbãtɔawo gɔme, eye nu kae Satana di be Yesu nake ɖii? (b) Aleke Satana gazãa ayemɔ mawo ke egbea?
3 Xlẽ Mateo 4:1-7. Satana dze eƒe tetekpɔ eveawo gɔme kple ayemenya siawo be, “Ne Mawu ƒe vie nènye la.” Ðe Satana ke ɖi be menye Mawu ƒe Vie Yesu nye oa? Ao. Mawudɔla gege ma nya nyuie be Yesue nye Mawu ƒe Ŋgɔgbevi. (Kol. 1:15) Ðikeke mele eme o be Satana nya nya siwo Yehowa gblɔ tso dziƒo le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye” la hã. (Mat. 3:17) Ðewohĩ Satana di be yeana Yesu nake ɖi nenye be Fofoa nye ame si dzi wòate ŋu aka ɖo, eye wòtsɔa ɖe le eme nɛ vavã. Le tetekpɔ gbãtɔ si nye be Yesu natrɔ kpe wòazu abolo me la, nu si Satana nɔ biabiam ye nye be: ‘Esi wònye Mawu ƒe Vie nènye ɖe, nu ka tae Fofowòa mena nuɖuɖu wò le gbedadaƒo sia, afi si nuku aɖeke mewɔna le o la o?’ Le tetekpɔ evelia si nye be wòati kpo tso gbedoxɔa tame me la, Satana nɔ Yesu biam be: ‘Esi Mawu ƒe Vie nènye ɖe, èka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be Fofowòa akpɔ tawòa?’
-