Alekee Dziƒo Le?
AME aɖewo susuna be míate ŋu anya ale si dziƒo le gbeɖe o, elabena ame aɖeke meɖi tso afi ma va gblɔ eŋu nya na mí o. Ðewohĩ woŋlɔ be be Yesu gblɔ be: “Meɖi tso dziƒo va.” (Yohanes 6:38) Egblɔ na subɔsubɔhakplɔla aɖewo hã be: “Miawo mietso anyigba; nye ya metso dzi.” (Yohanes 8:23) Nu kae Yesu gblɔ tso dziƒo ŋu?
Yesu ɖo kpe edzi be dziƒoe Yehowa le. Eyɔ Mawu be: “Fofonye si le dziƒo.” (Mateo 12:50) Gake Yesu zã nya “dziƒo” le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, eyɔ yamenutowo me hã be “dziƒo” esi wògblɔ be: “Milé ŋku ɖe dziƒoxewo ŋu nyuie.” (Mateo 6:26) Ke hã, menye yamenutowo mee Yehowa ya le o. Biblia gblɔ be: “Eya, ame si le xexea me godoo ta me.”—Yesaya 40:22.
Ɣletiviwo domee “Fofo si le dziƒo la” lea? Woyɔ dziŋgɔli si míekpɔna hã be “dziƒo” le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me. Le kpɔɖeŋu me, hakpala aɖe gblɔ be: “Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo nèwɔ la, nu ka nye amegbetɔ, be nèɖoa ŋku edzi?”—Psalmo 8:4, 5.
Ao, Yehowa Mawu mate ŋu anɔ dziƒo si míekpɔna, si eya ŋutɔ wɔ la me o, abe ale si ko kapita mate ŋu anɔ aɖakago si eya ŋutɔ kpa la me o ene. Esia tae esi Fia Salomo nɔ Yerusalem ƒe gbedoxɔa ŋu kɔm na Yehowa la, egblɔ be: “Ke nyateƒee, Mawu anɔ anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o.” (1 Fiawo 8:27) Ne Yehowa mele dziƒo si míekpɔna o la, ke dziƒo kae wòle?
Togbɔ be amewo zã didiƒekpɔmɔ̃ gãgãwo tsɔ srɔ̃ nu tso dziƒo si míekpɔna ŋu, eye wo dometɔ aɖewo yi dziƒo nutowo me hã la, Biblia ƒe nya sia kpɔtɔ nye nyateƒe be: “Ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o.” (Yohanes 1:18) Yesu ɖe nu si ta wòle alea la me esi wògblɔ be: “Mawu nye Gbɔgbɔ.”—Yohanes 4:24.
Gbɔgbɔ nye agbe ƒomevi aɖe si kɔ boo wu amegbetɔwo tɔ. Gbɔgbɔ menye nane si amegbetɔwo ate ŋu akpɔ alo aka asi eŋu, abe ale si míaƒe ŋutilã kple ʋu le ene o. Eya ta esi Yesu gblɔ be yenɔ ye Fofo gbɔ le “dziƒo” la, nu si wòwɔnɛ ye nye be, yenɔ agbe ƒomevi aɖe si de ŋgɔ sãsãsã wu amegbetɔwo tɔ. (Yohanes 17:5; Filipitɔwo 3:20, 21) Gbɔgbɔmenuto si me Yesu nɔ le Fofoa gbɔe nye nu si Biblia yɔ be “dziƒo.” Alekee afi ma le? Nu kawoe yia edzi le afi ma?
Dɔ Dodzidzɔnamewo Wɔƒe
Biblia ƒo nu tso dziƒo ŋu be enye afi si wowɔa dɔ geɖe le. Eƒo nu tso gbɔgbɔmenuwɔwɔ wɔnuteƒe miliɔn akpe geɖe siwo le afi ma la ŋu. (Daniel 7:9, 10) Gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo dometɔ ɖe sia ɖe to vovo na nɔvia. Aleke míewɔ nya? Le nu wɔwɔ siwo katã wokpɔna dome la, nu eve aɖeke mesɔ kple wo nɔewo pɛpɛpɛ o, eye esia na míeka ɖe edzi be nenema kee wòle le nuwɔwɔ siwo le dziƒo hã gome. Nukutɔe la, dziƒo nuwɔwɔ siawo siwo si nɔnɔme vovovowo le la katã wɔa nu le ɖekawɔwɔ me, si to vovo sãa na nɔnɔme wɔnublanui si le anyigba dzi egbea, afi si, ƒãa hafi amewo te ŋu wɔa nu kple wo nɔewo aduadu.
Kpɔ ale si Biblia ƒo nu tso nu siwo yia edzi le dziƒo ŋui ɖa. “Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo, mi kalẽtɔ sesẽ, siwo wɔa eƒe nya dzi hesea eƒe nya ƒe gbe! Mikafu Yehowa, mi eƒe aʋakɔwo katã, mi eƒe subɔla, siwo wɔa nu si dzea eŋu!” (Psalmo 103:20, 21) Eya ta dɔ geɖewo le edzi yim le dziƒo. Míate ŋu aka ɖe edzi be dɔ dodzidzɔnamewo sɔŋ ye wonye.
Mawudɔlawo kpɔa gome le dɔ dodzidzɔnamewo wɔwɔ me xoxoxo hafi wova wɔ míaƒe anyigbaa. Ŋɔŋlɔawo na míenya be esi Yehowa wɔ anyigba la, Mawu viwo ‘tso aseye hegli kple dzidzɔ.’ (Hiob 38:4, 7) Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ su Mawu ƒe vi siwo le dziƒo la dometɔ ɖeka si wòwɔ dɔ kple Mawu le nu bubuwo katã wɔwɔ me gɔ̃ hã. (Kolosetɔwo 1:15-17) Dɔ dodzidzɔname siawo siwo ŋu woƒo nu tsoe be wole edzi yim le dziƒo la ate ŋu ana nyabiase aɖewo nava susu me na wò ku ɖe dziƒo kple ameƒomea ŋu.
Ðe Wowɔ Amegbetɔwo Be Woava Nɔ Agbe Le Dziƒoa?
Esi wònye mawudɔlawo subɔa Mawu le dziƒo xoxoxo hafi wova wɔ anyigbaa ta la, edze ƒãa be menye ɖe wowɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔa be woadzi ne woa kple woƒe dzidzimeviwo woava nɔ agbe le dziƒo emegbe o. Ke boŋ Mawu gblɔ na atsu kple asi gbãtɔa be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi.” (1 Mose 1:28; Dɔwɔwɔwo 17:26) Adam ye nye nu gbagbe ƒomevi bubu gbãtɔ si ate ŋu anya Mawu ahasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe le anyigba dzi. Eƒe dzidzimeviwoe ava nye ame siwo anɔ agbe le anyigba dzi. “Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.”—Psalmo 115:16.
Le dzɔdzɔme nu la, ame aɖeke medina be yeaku o. Mawu gblɔ na Adam be ne meɖo to o ko hafi wòaku. Ne ɖe Adam ɖo to Mawu la, anye ne maku gbeɖe o.—1 Mose 2:17; Romatɔwo 5:12.
Mawu megblɔ dziƒoyiyi ŋu nya aɖeke na Adam o. Eya ta menye ɖe wowɔ anyigbaa be wòanye teƒe si woadzra amegbetɔwo ɖo le bene woava dze na agbenɔnɔ le dziƒo emegbe o. Ðe Mawu wɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe le anyigba dzi tegbee, eye eteƒe madidi o eƒe tameɖoɖo ma ava eme. Biblia do ŋugbe be “ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Eme kɔ ƒãa be womewɔ amegbetɔwo be woava nɔ agbe le dziƒo o. Ke nu ka tae Yesu do dziƒoyiyi ŋugbe na eƒe apostolowo? Ðe Yesu ƒe ŋugbedodoa fia be ame nyuiwo katã ayi dziƒoa?