Ta Wuiadrelia
Sidzedze Tadeagula Vavãwo Le Nuwuɣia Me
1. Nu dziŋɔ kawoe Daniel ta 7 lia gblɔ be adzɔ ɖe ame beliwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe dzi le míaƒe ŋkekea me?
XEXEMEFIAÐUƑE sẽŋu aɖe dze ƒuƒoƒo sue aɖe si mate ŋu aʋli eɖokui ta o dzi vɔ̃ɖitɔe. Ƒuƒoƒo suea te ŋu to eme dedie eye ŋusẽ yeye gaɖo wo ŋu gɔ̃ hã—menye le woa ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me o ke boŋ esi woxɔ asi na Yehowa Mawu tae. Wogblɔ nudzɔdzɔ siawo siwo va eme le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze ŋu nya ɖi le Daniel ta 7 lia me. Gake amekawoe amesiawo nye? Daniel ƒe ta ma ke yɔ wo be “dziƒoʋĩtɔ,” Yehowa Mawu, “ƒe ame kɔkɔewo.” Eɖee fia hã be amesiawo ava nye hatidziɖulawo le Mesia Fiaɖuƒea me mlɔeba!—Daniel 7:13, 14, 18, 21, 22, 25-27.
2. (a) Aleke Yehowa buna le esubɔla amesiaminawo ŋu? (b) Nuka mee nunya le be míawɔ le ɣeyiɣi siawo me?
2 Abe alesi míekpɔe le Daniel ta 11 me ene la, dziehefia aɖo eƒe nuwuwu mlɔeba ne ete kpɔ be yeatsrɔ̃ nuteƒewɔla siawo ƒe gbɔgbɔmenyigba si le dedie la. (Daniel 11:45; tsɔe sɔ kple Xezekiel 38:18-23.) Ẽ, Yehowa kpɔa eƒe amesiamina nuteƒewɔlawo ta ŋutɔ. Psalmo 105:14, 15 gblɔ na mí be: “[Yehowa he] to na fiawo le wo ta. Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o, eye migawɔ vɔ̃ aɖeke nye nyagblɔɖilawo o!” Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be nunya le eme be “ameha gã” si le dzidzim ɖe edzi la nade ha kple ame kɔkɔe siawo kplikplikpli alesi woate ŋui le ɣeyiɣi sia si me fuɖenamenuwo bɔ ɖo me oa? (Nyaɖeɖefia 7:9; Zaxarya 8:23) Nusia tututue Yesu Kristo de dzi ƒo na ame fafawo be woawɔ—be woade ha kple yeƒe gbɔgbɔmenɔvi amesiaminawo ahado alɔ wo le woƒe dɔa wɔwɔ me.—Mateo 25:31-46; Galatiatɔwo 3:29.
3. (a) Nukata wòsesẽ be woakpɔ Yesu yomedzela amesiaminawo ahanɔ wo ŋu kplikplikpli? (b) Aleke Daniel ta 12 lia akpe ɖe ame ŋu le go sia mee?
3 Gake Mawu ƒe Futɔ, Satana, zã eƒe ŋutete katã tsɔ ho aʋa ɖe amesiaminawo ŋu. Edo alakpasubɔsubɔ ɖe ŋgɔ, eye ete ŋu tsɔ alakpa Kristotɔwo yɔ xexeamee. Esia na wokplɔ ame geɖe trae. Dzi ɖe le ame bubuwo hã ƒo le esi womenya ne yewoate ŋu ava ke ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu gbaɖegbe o ta. (Mateo 7:15, 21-23; Nyaɖeɖefia 12:9, 17) Ele be amesiwo te ŋu ke ɖe “ha sue” la ŋu hedea ha kpli wo gɔ̃ hã naʋli sesĩe be woalé xɔse me ɖe asi, elabena xexe sia dina ɣesiaɣi be yeagblẽ woƒe xɔse dome. (Luka 12:32) Ke wò ya ɖe? Ðe nèke ɖe “dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame [kɔkɔeawo]” ŋua, eye èle ha dem kpli woa? Ðe nènya be kpeɖodzi sẽŋu li be amesiwo ŋu nèke ɖo lae nye amesiwo Mawu tia ŋutɔŋutɔa? Kpeɖodzi sia ate ŋu ado ŋusẽ wò xɔse. Ate ŋu adzra wò ɖo hã be nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu woate ŋu akpɔ nyateƒea togbɔ be wotɔtɔ mawusubɔsubɔ le egbe xexeame hã. Sidzedze sia si xɔa ame ɖe agbe la bɔ ɖe Daniel ta 12 lia me.
AMEGÃWO ƑE TATƆ TSO ÐE DƆ ŊU
4. (a) Nu vovovo eve kawoe Daniel 12:1 gblɔ ɖi le Mixael ŋu? (b) Le Daniel ƒe agbalẽa me la, nukae wòfiana zi geɖe ne wogblɔ be fiagã aɖe ‘le amewo nu’?
4 Daniel 12:1 xlẽ be: “Le ɣemaɣi la amegãwo ƒe tatɔ Mixael, amesi le mia deviwo nu la, ado.” Mawunyakpukpui sia gblɔ nya vovovo eve ɖi le Mixael ŋu: gbã, egblɔ be ‘ele amewo nu,’ si fia nusi ayi edzi le ɣeyiɣi ƒe didime aɖe me; evelia, be “ado,” si fia nane si adzɔ ɣemaɣi. Gbã la, míedi be míanya ɣeyiɣi si me Mixael “le [Daniel] deviwo nu.” Ðo ŋku edzi be Mixael nye ŋkɔ si wotsɔ na Yesu le Dziɖula ƒe ɖoƒe si wòle le dziƒo ta. Alesi woƒo nu tso eƒe ‘amewo nu nɔnɔ’ ŋu na míeɖo ŋku alesi wozã nyagbɔgblɔ sia le teƒe bubuwo le Daniel ƒe agbalẽa me dzi. Zi geɖe la, enyea fia ƒe nuwɔna, si ƒe ɖee nye fiaɖuŋusẽ xɔxɔ.—Daniel 11:2-4, 7, 20, 21.
5, 6. (a) Ɣekaɣie Mixael le amewo nu? (b) Ɣekaɣie Mixael “ado” eye le mɔ ka nu, eye nukae ado tso eme?
5 Edze ƒã be ɣeyiɣi ƒe didime aɖe si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia ƒe nyagblɔɖi bubu mee mawudɔla la wɔnɛ. Yesu yɔe be yeƒe ‘anyinɔnɔ’ (Helagbe, pa·rou·siʹa), esime yeazu Fia aɖu dzi le dziƒo. (Mateo 24:37-39) Woyɔ ɣeyiɣi sia hã be ‘ŋkeke mamlɛawo’ kple “nuwuɣi.” (Timoteo II, 3:1; Daniel 12:4, 9) Tso esime ɣeyiɣi ma dze egɔme le ƒe 1914 me ke la, Mixael le amewo nu hezu Fia le dziƒo.—Tsɔe sɔ kple Yesaya 11:10; Nyaɖeɖefia 12:7-9.
6 Gake ɣekaɣie Mixael “ado”? Eyae nye esime wòatso ɖe dɔ tɔxɛ aɖe wɔwɔ ŋu. Yesu awɔ esia le etsɔme. Nyaɖeɖefia 19:11-16 ƒo nu tso Yesu ŋu le nyagblɔɖi me be enye Mesia Fia sẽŋu aɖe si le sɔ dom le mawudɔlawo ƒe aʋakɔ aɖe kplɔm eye wòhe tsɔtsrɔ̃ va Mawu ƒe futɔwo dzi. Daniel 12:1 yi edzi gblɔ be: “Xaxaɣi, si meva kpɔ tso esime dukɔwo li vaseɖe ɣemaɣi o la, anɔ anyi.” Kristo si nye Yehowa ƒe Ametsrɔ̃la Gãtɔ ahe nuɖoanyi vɔ̃ɖi bliboa ava nuwuwu le “xaxa gã” si wogblɔ ɖi la me.—Mateo 24:21; Yeremya 25:33; Tesalonikatɔwo II, 1:6-8; Nyaɖeɖefia 7:14; 16:14, 16.
7. (a) Mɔkpɔkpɔ kae li na nuteƒewɔlawo katã le “xaxaɣi” si gbɔna me? (b) Nukae nye Yehowa ƒe agbalẽ la, eye nukata wòle vevie be woakpɔ míaƒe ŋkɔ le eme?
7 Aleke wòanɔ na amesiwo ɖea xɔse fiana le ɣeyiɣi vɔ̃ɖi sia me? Wogagblɔ na Daniel be: “Woaɖe wò dukɔ ɣemaɣi, amesiame, si woŋlɔ ɖe agbalẽa me.” (Tsɔe sɔ kple Luka 21:34-36.) Agbalẽ kae esia nye? Le gɔmesese vevitɔ nu la, etsi tre ɖi na Yehowa Mawu ƒe ŋkuɖoɖo amesiwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu dzi. (Maleaxi 3:16; Hebritɔwo 6:10) Amesiwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbegbalẽ sia mee le dedie wu le xexeame, elabena Mawu kpɔa wo ta. Nuvevi ɖesiaɖe si woawɔ wo la, woate ŋu aɖɔe ɖo eye woaɖɔe ɖo hã. Ne woku do ŋgɔ na “xaxaɣi” sia si gbɔna gɔ̃ hã la, woakpɔtɔ anɔ dedie le Yehowa ƒe susu si seɖoƒe meli na o me. Aɖo ŋku wo dzi afɔ wo ɖe tsitre le Yesu Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me.—Dɔwɔwɔwo 24:15; Nyaɖeɖefia 20:4-6.
AME KƆKƆEWO “ANYƆ”
8. Mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname kae Daniel 12:2 na ame?
8 Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa faa akɔ na ame ŋutɔ. Daniel 12:2 ƒo nu tso eŋu be: “Amesiwo le alɔ̃ dɔm le anyigba ƒe ke me la dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo hena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo hena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ.” (Tsɔe sɔ kple Yesaya 26:19.) Ðewohĩ nya siawo ana míaɖo ŋku Yesu Kristo ƒe ŋugbedodo ʋãme si ku ɖe ame geɖe ƒe tsitretsitsi ŋu la dzi. (Yohanes 5:28, 29) Mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname kae nye si! Wò ya bu míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo nye xɔlɔ̃ kple ƒometɔ—siwo ku fifia—si woagana mɔnukpɔkpɔ wo be woagava nɔ agbe ake le etsɔme la ŋu kpɔ! Gake tsitretsitsi bubu ƒomevi aɖe koŋ ŋue ŋugbedodo sia si le Daniel ƒe agbalẽa me la ku ɖo—esi dzɔ va yi xoxo. Aleke wòate ŋu adzɔ nenema?
9. (a) Nukata wòsɔ be míakpɔ mɔ be Daniel 12:2 ava eme le ŋkeke mamlɛawo me? (b) Tsitretsitsi ka ƒomevie nyagblɔɖia wɔnɛ, eye aleke míewɔ nya?
9 Lé ŋku ɖe nya siwo ƒo xlãe ŋu kpɔ. Míekpɔe be menye nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ŋu koe ta 12 lia ƒe kpukpui gbãtɔ ku ɖo o ke eku ɖe ŋkeke mamlɛawo ƒe ɣeyiɣi bliboa katã ŋu. Le nyateƒe me la, ta sia me nyawo ƒe akpa gãtɔ va eme le nuwuɣia me, ke menye le anyigba dzi paradiso si gbɔna me o. Ðe tsitretsitsi aɖe yi edzi le ɣeyiɣi sia mea? Apostolo Paulo ŋlɔ nu le “amesiwo nye Kristo tɔ” ƒe tsitretsitsi ŋu be ava eme ‘le eƒe anyinɔɣi.’ Gake wofɔa amesiwo anɔ agbe le dziƒo ɖe tsitre le “magblẽmagblẽ” me. (Korintotɔwo I, 15:23, 52) Womefɔa wo dometɔ aɖeke “hena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ” abe alesi Daniel 12:2 gblɔe ɖi ene o. Ðe tsitretsitsi bubu ƒomevi aɖe lia? Le Biblia me la, wote ŋu ƒoa nu tso tsitretsitsi ŋu le gbɔgbɔmegɔmesese nu ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖinyawo dze le Xezekiel kple Nyaɖeɖefia siaa me si ku ɖe agbegbɔgbɔ, alo tsitretsitsi, le gbɔgbɔ me ŋu.—Xezekiel 37:1-14; Nyaɖeɖefia 11:3, 7, 11.
10. (a) Gɔmesese ka nue wofɔ amesiamina susɔeawo ɖe tsitre le le nuwuɣia me? (b) Gake aleke wofɔ amesiaminawo dometɔ aɖewo ɖe “ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ” mee?
10 Ðe wogbɔ agbe Mawu subɔla amesiaminawo alea le nuwuɣia mea? Ẽ! Enye nusi dzɔ ŋutɔŋutɔ le ŋutinya me be le ƒe 1918 me la, wodze Kristotɔ nuteƒewɔlawo ƒe ame susɔeawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe dzi vɔ̃ɖitɔe ale be wògblẽ woƒe dutoƒosubɔsubɔdɔ si le ɖoɖo nu la me. Ke hã togbɔ be edze abe ɖe manya wɔ ene o hã la, wogbɔ agbe wo le gbɔgbɔmegɔmesese nu le ƒe 1919 me. Nya siawo sɔ ɖe tsitretsitsi si wogblɔ ɖi le Daniel 12:2 la nu. Ame aɖewo ‘nyɔ’ le gbɔgbɔ me ɣemaɣi kple emegbe ya. Gake nublanuitɔe la, wo dometɔ aɖewo meyi edzi nɔ agbe le gbɔgbɔ me o. Amesiwo wogbɔ agbee eye emegbe wotiae be yewoagbe Mesia Fia la eye woɖe asi le Mawu subɔsubɔ ŋu lae kpɔ “ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ” si ŋu woƒo nu tsoe le Daniel 12:2. (Hebritɔwo 6:4-6) Gake amesiamina nuteƒewɔlawo wɔ woƒe agbe si wogbɔ wo le gbɔgbɔ me la ŋudɔ nyuie, eye wodo alɔ Mesia Fia la. Woƒe nuteƒewɔwɔ kplɔa wo yia “agbenɔnɔ mavɔmavɔ” me mlɔeba, abe alesi nyagblɔɖia gblɔe ene. Gbɔgbɔmeŋusẽ si wotsɔ nɔa te ɖe tsitretsiɖeŋu nu na míete ŋu dea dzesi wo egbea.
‘WOKLẼNA ABE DZINUVIWO ENE’
11. Amekawoe nye “nunyalawo” egbea, eye gɔmesese ka nue woklẽna le abe ɣletiviwo ene?
11 Daniel ta 12 lia ƒe kpukpui eve siwo kplɔe ɖo gakpe ɖe mía ŋu geɖe wu be míade dzesi amesiwo nye “dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo.” Mawudɔla la gblɔ na Daniel le kpukpui 3 lia be: “Nunyalawo aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene, eye amesiwo fia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ nu ame geɖewo la, abe dzinuviwo ene ɖaa tegbee.” Amekawoe nye “nunyalawo” egbea? Kpeɖodziwo gaɖee fia be ‘dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔe’ mawo kee. Ne èbu eŋu kpɔ la, amekawo hã sie nunya le si na wokpɔe be Mixael, Amegãwo ƒe Tatɔ la, le amewo nu hezu Fia tso ƒe 1914 me ne menye amesiamina susɔe nuteƒewɔlawoe o? Woto gbeƒãɖeɖe nyateƒenya siawo tɔgbe—kple woƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ—me ‘klẽ abe akaɖiwo ene’ le xexe sia si do viviti le gbɔgbɔ me la me. (Filipitɔwo 2:15; Yohanes 8:12) Yesu gblɔ ɖi le wo ŋu be: “Ame dzɔdzɔeawo laklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me.”—Mateo 13:43.
12. (a) Aleke amesiaminawo te ŋu ‘fia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ nu ame geɖe’ le nuwuɣia mee? (b) Aleke amesiaminawo afia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ ame geɖe eye ‘woaklẽ abe ɣletiviwo ene’ le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua mee?
12 Daniel 12:3 gblɔ dɔ si ŋu Kristotɔ amesiamina siawo abiã ŋku ɖo le nuwuɣia me gɔ̃ hã na mí. ‘Woafia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ nu ame geɖewo.’ Amesiamina susɔeawo dze ame 144,000 siwo nye Kristo ƒe hadomenyilawo la ƒe xexlẽme si susɔ la nu ƒoƒo ƒu gɔme. (Romatɔwo 8:16, 17; Nyaɖeɖefia 7:3, 4) Esi wowu dɔ sia wɔwɔ nu—edze abe le ƒe 1930 ƒeawo ƒe domedome ene—la, wote ‘alẽ bubuawo’ ƒe “ameha gã” la nu ƒoƒo ƒu. (Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16) Amesiawo hã xɔ Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzi se. Eyata tenɔnɔ dzadzɛ le wo si le Yehowa ŋkume. Amesiawo siwo ƒe xexlẽme ɖo miliɔn geɖe la le mɔ kpɔm dzidzɔtɔe be yewoatsi agbe le xexe vɔ̃ɖi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ si gbɔna me. Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, Yesu kple ehati fia kple nunɔla 144,000 awɔ tafea ƒe viɖewo ŋudɔ na ameƒomea toɖola siwo le anyigba dzi la bliboe, eye woato esia me akpe ɖe amesiwo katã si xɔse le ŋu be woaɖe nuvɔ̃ si dome wonyi tso Adam gbɔ ƒe nɔnɔme ɖesiaɖe ɖa. (Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 7:13, 14; 20:5, 6) Ɣemaɣi amesiaminawo akpɔ gome le ‘dzɔdzɔenyenye fiafia amewo’ me bliboe eye ‘woaklẽ abe dzinuviwo ene’ le dziƒo. Ðe nèdea asixɔxɔ agbenɔnɔ le anyigba dzi le Kristo kple eƒe hatidziɖulawo ƒe ŋutikɔkɔe dziƒodziɖuɖua te ƒe mɔkpɔkpɔa ŋua? Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye be nàwɔ ɖeka kple ‘ame kɔkɔeawo’ aɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui sia!—Mateo 24:14.
‘WOADZRO EME’
13. Gɔmesese ka nue wotre Daniel ƒe agbalẽa nu wònye nya ɣaɣla le?
13 Nya si mawudɔla la gblɔ na Daniel, si dze egɔme tso Daniel 10:20 la wu enu azɔ kple nya dodzidzɔname siawo be: “Ke wò Daniel, dzra nya siawo ɖo, eye natre agbalẽ la nu vaseɖe nuwuɣi; ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze adzi ɖe edzi.” (Daniel 12:4) Woɣla nya siwo gbɔgbɔ ʋã Daniel wòŋlɔ la ƒe akpa geɖe ŋutɔŋutɔ eye wotre enu si ana amegbetɔ mate ŋu ase egɔme o. Daniel ŋutɔ ŋlɔ emegbe be: “Mesee, ke nyemese egɔme o.” (Daniel 12:8) Wotre Daniel ƒe agbalẽa nu le gɔmesese sia nu ƒe alafa geɖe. Ke egbea ya ɖe?
14. (a) Amekawoe ‘dzro’ nu me le ‘nuwuɣia’ me, eye nuka mee wodzro? (b) Kpeɖodzi kae li be Yehowa yra ɖe ‘numedzodzro’ sia dzi?
14 Mɔnukpɔkpɔ wònye na mí be míele “nuwuɣi” si wogblɔ ɖi le Daniel ƒe agbalẽa me la me. Abe alesi wogblɔe ɖi ene la, nuteƒewɔla geɖe ‘dzro’ Mawu ƒe Nya la me. Nukae do tso eme? Yehowa ƒe yayra wɔe be sidzedze vavãtɔ va su ame geɖe si. Wotsɔ sidzedze yra Yehowa ƒe Ðasefo amesiamina wɔnuteƒewo wòna wote ŋu se egɔme be Amegbetɔvi la va zu Fia le ƒe 1914 me, wode dzesi nusi lã siwo ŋu woƒo nu tsoe le Daniel ƒe nyagblɔɖia me nye, woxlɔ̃ nu le ‘aƒedo ƒe ŋunyɔnu’ la ŋu—eye esiawo nye kpɔɖeŋu ʋee aɖewo ko. (Daniel 11:31) Eyata sidzedze sia si dzi ɖe edzi hã nye nu bubu si dea dzesi “dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo.” Gake wogana kpeɖodzi bubu Daniel.
‘WOAGBÃ WO GUDUGUDU’
15. Nya kae mawudɔla aɖe bia azɔ, eye amekawo dzie biabia sia ana míaɖo ŋkui?
15 Míeɖo ŋku edzi be Xidekel “tɔsisi gã,” si wogayɔna hã be Tigris, la toe Daniel nɔ hafi mawudɔla la tsɔ gbedasi siawo nɛ. (Daniel 10:4) Fifia ekpɔ nuwɔwɔ etɔ̃ siwo nye mawudɔlawo eye wògblɔ be: “Nye Daniel mekpɔ ame bubu eve wole tsitre ɖi, ɖeka le tɔsisi la ƒe go si me, eye evelia le tɔsisi la ƒe go kemɛ. Eye wo dometɔ ɖeka gblɔ na ŋutsu, si le aklalawu me tsi tre ɖe tɔsisi la ƒe dzigbe gome bena: Ɣekaɣie nu manyatanuwo ƒe nuwuwu la ase ɖo?” (Daniel 12:5, 6) Nya si mawudɔla la bia le afisia ana míagaɖo ŋku “dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo” dzi ake. Le “nuwuɣi” la ƒe gɔmedzedze le ƒe 1914 me la, wotsi dzi vevie ɖe ɣeyiɣi ƒe didime si ava yi hafi Mawu ƒe ŋugbedodowo nava eme ŋu. Nyateƒe si wònye be woawo ŋue nyagblɔɖi sia ku ɖo la dze ƒã le alesi woɖo biabia sia ŋui me.
16. Nya kae mawudɔla la gblɔ ɖi, eye aleke wòte gbe ɖe kakaɖedzi si le emevava ŋu dzii?
16 Daniel ƒe nuŋlɔɖia yi edzi be: “Tete mese amesi le aklalawu me tsi tre ɖe tɔsisia ƒe dzigbe gome la, kɔ ɖusi kple mia dzi hetà amesi le agbe tegbee la be: Le ɣeyiɣi ɖeka, ɣeyiɣi eve kple ɣeyiɣi afã megbe, ne dukɔ kɔkɔe la ƒe [ŋusẽ, NW ] kaka vɔ la, ekema nusiawo katã ava me.” (Daniel 12:7) Ŋkubiãnyae esia nye. Mawudɔla la kɔ asi eve dzi heka atam, ɖewohĩ kple susu be mawudɔla eve siwo le tɔsisi gã la ƒe akpa eveawo dzi nakpɔe. Eto esia me ɖo kpe kakaɖedzi blibo si le nyagblɔɖi sia me vava ŋu dzi. Gake ɣekaɣie ɣeyiɣi ɖoɖi siawo nye? Ŋuɖoɖoa kpɔkpɔ mesesẽ abe alesi ɖewohĩ nàbui ene o.
17. (a) Nya kawoe ɖi wo nɔewo le nyagblɔɖi siwo le Daniel 7:25, Daniel 12:7, kple Nyaɖeɖefia 11:3, 7, 9 me? (b) Alekee nye ɣeyiɣi etɔ̃ kple afã la ƒe didime?
17 Nyagblɔɖi sia ɖi nyagblɔɖi eve bubuwo wòɖe dzesi. Ðeka si me míedzro le agbalẽ sia ƒe Ta 9 lia me la dze le Daniel 7:25; evelia le Nyaɖeɖefia 11:3, 7, 9. De dzesi wo me nya siwo ɖi wo nɔewo la dometɔ aɖewo. Ŋkeke mamlɛawo mee ɖesiaɖe ava eme le. Nyagblɔɖi eveawo siaa ku ɖe Mawu subɔla kɔkɔeawo ŋu, eye woɖee fia be woti wo yome eye womete ŋu yi woƒe dutoƒogbeƒãɖeɖedɔa dzi gɔ̃ hã o le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Nyagblɔɖiawo dometɔ ɖesiaɖe ɖee fia be wogbɔ agbe Mawu subɔlawo eye wodze dɔwɔwɔ gɔme, si na wo yometilawo do kpo nu. Eye nyagblɔɖiawo dometɔ ɖesiaɖe yɔ ɣeyiɣi ƒe didime si ame kɔkɔeawo ƒe xaxaɣi sia axɔ. Nyagblɔɖi eveawo siwo le Daniel ƒe agbalẽa me (7:25 kple 12:7) ƒo nu tso “ɣeyiɣi ɖeka, ɣeyiɣi eve kple ɣeyiɣi afã” ŋu. Agbalẽnyalagã geɖe lɔ̃ ɖe edzi be esia fia ɣeyiɣi etɔ̃ kple afã. Nyaɖeɖefia yɔ ɣeyiɣi ma ke be ɣleti 42, alo ŋkeke 1,260. (Nyaɖeɖefia 11:2, 3) Esia ɖo kpe edzi be ɣeyiɣi etɔ̃ kple afã si woyɔ le Daniel ƒe agbalẽa me fia ƒe etɔ̃ kple afã siwo dometɔ ɖesiaɖe nye ŋkeke 360. Gake ɣekaɣie ŋkeke 1,260 la dze egɔme?
18. (a) Nukae Daniel 12:7 gblɔ be ade dzesi ŋkeke 1,260 la ƒe nuwuwu? (b) Ɣekaɣie “dukɔ kɔkɔe la ƒe ŋusẽ” kaka mlɔeba, eye aleke esia dzɔe? (d) Ɣekaɣie ŋkeke 1,260 la dze egɔme, eye aleke amesiaminawo ‘nɔ akpanya me gblɔ nya ɖi’ ɣemaɣii?
18 Nyagblɔɖia gblɔ ɣeyiɣi si ŋkeke 1,260 la awu enu wòdze ƒã—eyae nye esime “dukɔ kɔkɔe la ƒe ŋusẽ kaka vɔ.” Le ƒe 1918 ƒe domedome la, wotso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔnunɔlawo kple eƒe zimenɔla J. F. Rutherford nu aʋatsotɔe hede wo gaxɔ me be woanɔ afima ƒe geɖe. Mawu ƒe ame kɔkɔewo kpɔe nyateƒe be ‘wokaka’ yewoƒe dɔ hegblẽ yewoƒe ŋusẽ me. Ne míexlẽ ƒe etɔ̃ kple afã tso ƒe 1918 ƒe domedome yi megbemegbee la, akplɔ mí va ɖo ƒe 1914 ƒe nuwuwu. Ɣemaɣi la, amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue la nɔ wo ɖokui dzram ɖo na yometiti sesẽ si nɔ wo ŋgɔ. Xexemeʋa I dze egɔme, eye wova nɔ tsitre tsim ɖe woƒe dɔa ŋu geɖe wu. Le ƒe 1915 me la, wotu woƒe ƒea ƒe mawunyakpukpuia gɔ̃ hã ɖe nya sia si Kristo bia eyomedzelawo la dzi be: “Miate ŋu ano kplu, si no ge malaa?” (Mateo 20:22) Abe alesi wogblɔe ɖi le Nyaɖeɖefia 11:3 ene la, ŋkeke 1,260 siwo kplɔe ɖo la nye blanuiléɣi na amesiaminawo—enɔ abe ɖe wota akpanya nɔ nya gblɔm ɖi ene. Yometitia me va sẽ ɖe edzi. Wode wo dometɔ aɖewo gaxɔ me, nuvlowɔhawo dze wo dometɔ bubuwo dzi, eye wowɔ funyafunya ame aɖewo hã. C. T. Russell si nye Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ ƒe ku le ƒe 1916 me na ame geɖe lulu. Gake nukae wogblɔ be adzɔ le ɣeyiɣi sesẽ sia si ƒe nuwuwu wowu ame kɔkɔeawo ƒe habɔbɔ si ɖea gbeƒã le la megbe?
19. Aleke nyagblɔɖi si le Nyaɖeɖefia ta 11 ka ɖe edzi na mí be womamiã nu na amesiaminawo eteƒe nadidi o?
19 Nyagblɔɖi si sɔ kplii si le Nyaɖeɖefia 11:3, 9, 11 ɖee fia be esi wowu ‘ɖaseɖila eveawo’ megbe la, woku ɣeyiɣi kpui aɖe—ŋkeke etɔ̃ kple afã—vaseɖe esime wogbɔ agbe wo. Nenema ke nyagblɔɖi si le Daniel ta 12 lia hã ɖee fiae be womamiã nu na ame kɔkɔeawo ɖaa o ke boŋ be dɔ geɖe ganɔ wo ŋgɔ.
‘WOTIA WO ME, WOKƆ WO ŊU, HEDO WO KPƆ KPLE DZO’
20. Yayra kawoe Daniel 12:10 gblɔ be amesiaminawo akpɔ ne woto nɔnɔme sesẽawo me vɔ?
20 Abe alesi míekpɔe va yi ene la, Daniel ŋlɔ nya siawo ɖi gake mete ŋu se wo gɔme o. Ke hã anya bu eŋu kpɔ ne ame kɔkɔeawo atsrɔ̃ keŋkeŋ le wo yometilawo si me, elabena ebia be, “Nusiawo ƒe nuwuwu ɖe?” Mawudɔla la ɖo eŋu be: “Daniel, heyi, elabena nya siawo le ɣaɣla, eye wotre wo nu vaseɖe nuwuɣi. Woatia ame geɖewo [me], woakɔ wo ŋuti, eye woado wo akpɔ kple dzo; ame vɔ̃ɖiwo awɔ nu vɔ̃ɖi, eye ame vɔ̃ɖiwo katã mase egɔme o, ke nunyalawo ase egɔme.” (Daniel 12:8-10) Mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le kae nye si wònye na ame kɔkɔeawo! Le esi teƒe be woatsrɔ̃ wo la, woana wo ŋu nadza, eye woatsɔ tenɔnɔ dzadzɛ le Yehowa Mawu ŋkume ayra woe. (Maleaxi 3:1-3) Alesi wose gbɔgbɔmenyawo gɔmee ana woanɔ dzadzɛ le Mawu ŋkume. Gake ame vɔ̃ɖiwo ya agbe be yewomase gbɔgbɔmenyawo gɔme o. Gake ɣekaɣie nusiawo katã ava eme?
21. (a) Nɔnɔme kawoe ado mo ɖa hafi ɣeyiɣi si ƒe nya wogblɔ ɖi le Daniel 12:11 la nadze egɔme? (b) Nukae nye “gbesiagbe vɔsa” la, eye ɣekaɣie woɖee ɖa? (Kpɔ aɖaka si le axa 298.)
21 Wogblɔ na Daniel be: “Tso ɣeyiɣi, si dzi wotsi gbesiagbe vɔsa nu, eye woɖo ŋunyɔnu, si teƒe mekɔ o anyi la, le ŋkeke akpe ɖeka alafa eve kple blaasieke.” Eyata ɣeyiɣi ƒe didime sia adze egɔme ne nɔnɔme aɖewo do mo ɖa. Woatsi “gbesiagbe vɔsa”—alo “vɔsa si yia edzi ɖaa”a—la nu. (Daniel 12:11, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Vɔsa kae mawudɔla la wɔnɛ? Menye lãwo ƒe vɔsa siwo yi edzi le anyigba dzi gbedoxɔ aɖe mee o. Elabena gbedoxɔ si nɔ Yerusalem tsã gɔ̃ hã nye ‘kpɔɖeŋu na vavãtɔ’—si nye Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã, si te dɔwɔwɔ esime Kristo va zu eƒe Nunɔlagã le ƒe 29 M.Ŋ. me! Nuvɔ̃vɔsa si wowɔna ɖaa megahiã le gbɔgbɔmegbedoxɔ sia si tsi tre ɖi na Mawu ƒe tadedeagu dzadzɛ ƒe ɖoɖo la me o, elabena “Kristo [tsɔ] eɖokui na zi ɖeka, bena wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa.” (Hebritɔwo 9:24-28) Ke hã Kristotɔ vavãwo katã saa vɔwo le gbedoxɔ sia me. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mina míato [Kristo] dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.” (Hebritɔwo 13:15) Eyata nɔnɔme gbãtɔ sia si ŋu nyagblɔɖia ƒo nu tsoe—alesi woatsi “gbesiagbe vɔsa” nui—la do mo ɖa le ƒe 1918 ƒe domedome esime wodzudzɔ gbeƒãɖeɖedɔa keŋkeŋ kloe.
22. (a) Nukae nye ‘aƒedo ƒe ŋunyɔnu’ la, eye ɣekaɣie woɖoe anyi? (b) Ɣekaɣie ɣeyiɣi si wogblɔ ɖi le Daniel 12:11 la dze egɔme, eye ɣekaɣie wòwu enu?
22 Ke nɔnɔme evelia—‘aƒedo ƒe ŋunyɔnu la ɖoɖo anyi,’ alo eƒe anyinɔnɔ—ya ɖe? Abe alesi míedzro Daniel 11:31 me kpɔe ene la, ŋunyɔnu sia nye Dukɔwo ƒe Nubabla gbã eye emegbe egado va zu Dukɔ Ƒoƒuawo. Evea katã nyɔ ŋu le gɔmesese sia nu be wodo wo ɖe dzi be wonye ŋutifafa ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia le anyigba dzi. Eyata le ame geɖe ƒe dzime la, habɔbɔ siawo va xɔ ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea teƒe ŋutɔŋutɔ! Woɖo Nubabla la anyi koŋ le January 1919 me. Ekema ɣemaɣie nɔnɔme eve siwo ŋu woƒo nu tsoe le Daniel 12:11 la va eme. Eyata ŋkeke 1,290 la dze egɔme le ƒe 1919 ƒe gɔmedzedze eye wòva wu enu le ƒe 1922 ƒe kele me (le Anyigba ƒe Dziehe gome).
23. Aleke Mawu ƒe ame kɔkɔewo yi ŋgɔ ɖo ta tenɔnɔ dzadzɛ gbɔe le ŋkeke 1,290 si wogblɔ ɖi le Daniel ta 12 lia la me?
23 Ðe ame kɔkɔeawo wɔ ŋgɔyiyi ɣemaɣi be wo ŋu nakɔ eye woanɔ dzadzɛ le Mawu ŋkumea? Ẽ, wowɔ ŋgɔyiyi! Le March 1919 me la, woɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla kple eƒe zɔhɛ kplikplikpliwo le gaxɔ me. Wokɔ wo ŋu le aʋatsonutsotso siwo wotsɔ ɖe wo ŋu la me. Esi wonya be yewoƒe dɔ mewu enu haɖe o ta la, wotso ɖe dɔ ŋu enumake, eye wowɔ ɖoɖo ɖe takpekpe aɖe ŋu le September 1919 me. Le ƒe ma ke me la, wota magazine evelia tsɔ kpe ɖe Gbetakpɔxɔ ŋu zi gbãtɔ. Magazine sia si woyɔna tsã be The Golden Age (si nye Nyɔ! fifia) la wɔ ɖeka kple Gbetakpɔxɔ woklo nu le xexe sia me nugbegblẽwɔwɔ dzi dzinɔameƒotɔe kple le kpekpeɖeŋu nana Mawu ƒe amewo be woanɔ dzadzɛ me. Kaka ŋkeke 1,290 si wogblɔ ɖi nava yi la, tenɔnɔ dzadzɛ nɔ ame kɔkɔeawo si sum eye wogaɖo wo te. Le September 1922 me, esime ɣeyiɣi ƒe didime sia wu enu tututu lɔƒo la, wowɔ takpekpe ɖedzesi aɖe le Cedar Point, Ohio, U.S.A. Ede dzo gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me geɖe ŋutɔ. Gake egahiã kokoko be woawɔ ŋgɔyiyi geɖe. Ɣeyiɣi ɖoɖi si kplɔe ɖo mee woawɔ esia le.
AME KƆKƆEAWO ƑE DZIDZƆKPƆKPƆ
24, 25. (a) Ɣeyiɣi ƒe didime kae wogblɔ ɖi le Daniel 12:12, eye edze ƒã be ɣekaɣie wòdze egɔme hewu enu? (b) Nɔnɔme ka mee amesiamina susɔeawo nɔ le ŋkeke 1,335 la ƒe gɔmedzedze?
24 Yehowa ƒe dɔla la ƒo eƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ame kɔkɔeawo ŋu ta kple nya siawo be: “[Dzidzɔtɔe nye, NW ] amesi do dzi, eye ŋkeke akpe ɖeka alafa etɔ̃ blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖo ɖee la.” (Daniel 12:12) Mawudɔla la megblɔ nya aɖeke si afia esime ɣeyiɣi ƒe didime sia adze egɔme alo awu enu o. Ŋutinya ɖee fia be ekplɔ ɣeyiɣi si do ŋgɔ nɛ la ɖo enumake. Ekema adze egɔme tso ƒe 1922 ƒe kele me vaseɖe ƒe 1926 ƒe adame ƒe nuwuwu lɔƒo (le Anyigba ƒe Dziehe gome). Ðe ame kɔkɔeawo va kpɔ dzidzɔ le ɣeyiɣi ma ƒe nuwuwua? Ẽ, wokpɔ dzidzɔ le mɔ siwo le vevie nu le gbɔgbɔ me.
25 Le ƒe 1922 takpekpea (eƒe foto le axa 302) megbe gɔ̃ hã la, ɣeyiɣi siwo va yi ganɔ Mawu ƒe ame kɔkɔeawo dometɔ aɖewo dzrom kokoko. Biblia kple Studies in the Scriptures si C. T. Russell ta ƒe bablawo koŋue wogasrɔ̃na le woƒe kpekpewo me. Nukpɔsusu aɖe nɔ ame geɖe si ɣemaɣi si fia be ƒe 1925 mee tsitretsitsia adze egɔme eye be ɣemaɣie woagbugbɔ Paradiso aɖo anyi le anyigba dzi. Eyata ame geɖe tsɔ ɣeyiɣi aɖe de susu me tsɔ nɔ subɔsubɔmee. Ame aɖewo gbe dadatɔe be yewomawɔ gbeƒãɖeɖedɔa le dutoƒo o. Nɔnɔme sia mede dzi ƒo kura o.
26. Esi ŋkeke 1,335 la nɔ yiyim la, aleke amesiaminawo ƒe nɔnɔme trɔe le gbɔgbɔ me?
26 Gake esi ŋkeke 1,335 la nɔ yiyim la, nusiawo katã va nɔ tɔtrɔm. Gbeƒãɖeɖedɔa va zu nu vevitɔ, elabena wova wɔ ɖoɖo si dzi wozɔna ɖo ɖaa be amesiame nakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Wowɔ ɖoɖo ɖe kpekpewo ŋu be woasrɔ̃ Gbetakpɔxɔ kwasiɖa sia kwasiɖa. Nyati si ɖe dzesi le ŋutinya me nɔ March 1, 1925, ƒe tataa me si ƒe tanya gblɔ be “Wodzi Dukɔ La,” eye ena gɔmesese blibo va su Mawu ƒe amewo si le nusi dzɔ le ƒe 1914-19 me ŋu. Esi ƒe 1925 va yi la, ame kɔkɔeawo megaɖo ɣeyiɣi gobi aɖeke ɖe susu me tsɔ nɔ subɔsubɔmee o. Ke boŋ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ va zu nusi ŋu wotsia dzi ɖo wu. Wote gbe ɖe nyateƒe vevi sia dzi wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe si do ŋgɔ nɛ, le Gbetakpɔxɔ, January 1, 1926, ƒe nyati si ƒe tanyae nye “Amekae Ade Bubu Yehowa Ŋu?” me. Le takpekpe si wowɔ le May 1926 me la, woɖe agbalẽ si nye Deliverance ɖe go. (Kpɔ axa 302.) Esia nye agbalẽ yeye geɖe siwo woɖo be woaxɔ ɖe Studies in the Scriptures teƒe la dometɔ ɖeka. Ame kɔkɔeawo meganɔ megbe kpɔm o. Wotsɔ kakaɖedzi nɔ etsɔme kple dɔ si nɔ wo ŋgɔ la boŋ kpɔm. Eyata ŋkeke 1,335 la wu enu esime ame kɔkɔeawo nɔ dzidzɔ kpɔm abe alesi wogblɔe ɖi ene.
27. Aleke Daniel ta 12 lia me dzodzro kpe ɖe mía ŋu míete ŋu de dzesi Yehowa ƒe amesiaminawo kakaɖedzitɔe?
27 Gake menye amesiamee te ŋu do dzi to tɔtɔɣi sia me o. Ðikeke mele eme o be eyatae mawudɔla la te gbe ɖe ‘dzidodo’ ƒe vevienyenye dzi ɖo. Woyra amesiwo do dzi henɔ mɔ kpɔm la geɖe. Ŋkuléle ɖe Daniel ta 12 lia ŋu na esia me kɔ. Abe alesi wogblɔe ɖi ene la, wogbɔ agbe amesiaminawo, alo wofɔ wo ɖe tsitre, le gbɔgbɔmegɔmesese nu. Wona wose Mawu ƒe Nya la gɔme wòɖe dzesi, eye wote ŋu ‘dzro’ eme heke ɖe blema nya ɣaɣlawo ƒe gɔmesese ŋu le gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe mɔfiafia te. Yehowa kɔ wo ŋu eye wòna woklẽ nyuie le gbɔgbɔ me abe ɣletiviwo ene. Esia wɔe be wona tenɔnɔ dzɔdzɔe va nɔ ame geɖe si le Yehowa Mawu ŋkume.
28, 29. Nukae wòle be wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpaa esi ‘nuwuɣia’ le vɔvɔm?
28 Esi nyagblɔɖi ƒe dzesi siawo katã ɖe amesiwo nye “dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo” fia ta la, taflatse kae ame aɖe ate ŋu ado be ema tae yemete ŋu de dzesi wo hede ha kpli wo o? Yayra wɔnukuwo le ameha gã siwo wɔa ɖeka kple amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sia si me tɔwo le vɔvɔm hesubɔa Yehowa la lalam. Ele be mí katã míayi edzi anɔ mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava. (Xabakuk 2:3) Le míaƒe ŋkekea me la, Mixael si nye Amegãwo ƒe Tatɔ la le Mawu ƒe amewo nu xoxo ƒe bla nanewoe nye esia. Eteƒe madidi kura o atso ɖe dɔ ŋu azu amesi Mawu ɖo be wòatsrɔ̃ nuɖoanyi sia. Ne ele esia wɔm la, aleke wòanɔ na mí?
29 Ne míetiae be míanɔ agbe nuteƒewɔwɔtɔe fifia loo alo míanɔe o dzie biabia ma ƒe ŋuɖoɖo nɔ te ɖo. Mina míadzro Daniel ƒe agbalẽa ƒe kpukpui mamlɛtɔ me be wòado ŋusẽ tame si míeɖo be míawɔe nenema esi ‘nuwuɣia’ le vɔvɔm. Emedzodzro le ta si kplɔe ɖo me akpe ɖe mía ŋu míakpɔ alesi Daniel tsi tre ɖe eƒe Mawu ŋkume kple alesi wòava tsi tre ɖe Eƒe ŋkume le etsɔme.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Woɖe egɔme ɖe Helagbe me Septuagint la me tẽ be “vɔsa.”
NUKAWO GƆMEE NÈVA SE?
• Ɣekaɣie Mixael nɔ ‘amewo nu,’ aleke ‘wòava doe,’ eye le ɣekaɣi?
• Tsitretsitsi ka ƒomevie Daniel 12:2 wɔnɛ?
• Ɣekaɣie nye ɣeyiɣi siwo gbɔna ƒe gɔmedzedze kple nuwuwu
ɣeyiɣi etɔ̃ kple afã siwo woyɔ le Daniel 12:7?
ŋkeke 1,290 si wogblɔ ɖi le Daniel 12:11?
ŋkeke 1,335 si wogblɔ ɖi le Daniel 12:12?
• Aleke Daniel ta 12 lia me dzodzro kpe ɖe mía ŋu míede dzesi Yehowa ƒe tadeagula vavãwoe?
[Aɖaka si le axa 298]
GBESIAGBE VƆSA ÐEÐEÐA
Nyagbɔgblɔ “gbesiagbe vɔsa” dze zi atɔ̃ le Daniel ƒe agbalẽa me. Efia kafukafuvɔsa—‘nuyi ƒe kutsetse’—si Yehowa Mawu subɔlawo tsɔna nɛ edziedzi. (Hebritɔwo 13:15) Wogblɔ eɖeɖeɖa ŋu nya ɖi le Daniel 8:11; 11:31, kple 12:11.
Le xexemeʋa eveawo siaa me la, woti Yehowa ƒe amewo yome vevie le ‘dziehefia’ kple ‘anyiehefia’ ƒe dziɖuƒewo. (Daniel 11:14, 15) Woɖe “gbesiagbe vɔsa” la ɖa le Xexemeʋa I ƒe nuwuwu lɔƒo esime wotɔ te gbeƒãɖeɖedɔa keŋkeŋ kloe le ƒe 1918 ƒe domedome. (Daniel 12:7) Nenema ke Anglo-Amerika Xexemefiaɖuƒea ‘xɔ gbesiagbe vɔsa’ la le Xexemeʋa II me ŋkeke 2,300. (Daniel 8:11-14; kpɔ agbalẽ sia ƒe Ta 10 lia.) Nazitɔwo ƒe “aʋakɔ” hã ɖee ɖa hena ɣeyiɣi ƒe didime aɖe si Ŋɔŋlɔawo meyɔ o.—Daniel 11:31; kpɔ agbalẽ sia ƒe Ta 15 lia.
[Nyaɖoɖo/Nɔnɔmetatawo si le axa 301]
DANIEL ƑE AGBALẼA ME NYAGBLƆÐI ƑE ƔEYIƔIWO
Ɣeyiɣi adre (ƒe 2,520): October 607 D.M.Ŋ. vaseɖe
Daniel 4:13, 22 October 1914 M.Ŋ.
(Woɖo Mesia Fiaɖuƒea anyi.
Kpɔ agbalẽ sia ƒe Ta 6 lia.)
Ɣeyiɣi etɔ̃ kple afã December 1914 vaseɖe June 1918
(ŋkeke 1,260): (Wowɔ fu Kristotɔ amesiaminawo.
Daniel 7:25; 12:7 Kpɔ agbalẽ sia ƒe Ta 9 lia.)
Fiẽ kple ŋdi 2,300: June 1 alo 15, 1938, vaseɖe
Daniel 8:14 October 8 alo 22, 1944
(“Ameha gã” la do hedzi ɖe edzi.
Kpɔ agbalẽ sia ƒe Ta 10 lia.)
Kwasiɖa 70 (ƒe 490): Ƒe 455 D.M.Ŋ. vaseɖe ƒe 36 M.Ŋ.
Daniel 9:24-27 (Mesia ƒe vava kple eƒe
anyigba dzi subɔsubɔdɔ.
Kpɔ agbalẽ sia ƒe Ta 11 lia.)
Ŋkeke 1,290: January 1919 vaseɖe
Daniel 12:11 September 1922
(Wofɔ Kristotɔ amesiaminawo
eye wowɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me.)
Ŋkeke 1,335: September 1922 vaseɖe May 1926
Daniel 12:12 (Kristotɔ amesiaminawo
va kpɔ dzidzɔ.)
[Nɔnɔmetata si le axa 287]
Wotsɔ Yehowa subɔlawo ƒe dɔnunɔlawo de dukɔa ƒe gaxɔ me madzemadzee le Atlanta, Georgia, U.S.A. Tso miame yi ɖusime: (anyinɔlawo) A. H. Macmillan, J. F. Rutherford, W. E. Van Amburgh, (tsitrenɔlawo) G. H. Fisher, R. J. Martin, G. DeCecca, F. H. Robison, kple C. J. Woodworth
[Nɔnɔmetata si le axa 298]
Takpekpe ɖedzesi siwo wowɔ le Cedar Point, Ohio, U.S.A., le ƒe 1919 (etame) kple le ƒe 1922 me (ete)
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 299]
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 302