Ale Si Agbea Nɔ Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me—Lãɖela La
“Esi [Yesu nɔ] Galilea ƒua nu tom yina la, ekpɔ nɔvi eve, siwo nye Simon si woyɔna be Petro kple nɔvia Andrea, wonɔ ɖɔ dam ɖe ƒua me, elabena tɔƒodelawo wonye. Eye wògblɔ na wo be: ‘Miva dze yonyeme, eye mawɔ mi ameɖelawo.’”—MATEO 4:18, 19.
WOƑO nu tso tɔmelãwo, lãɖeɖe kple lãɖelawo ŋu zi geɖe le Nya Nyui Gbalẽawo me. Le nyateƒe me la, Yesu tsɔ lãɖeɖe wɔ kpɔɖeŋui zi geɖe. Esia mewɔ nuku o, elabena ezã ɣeyiɣi geɖe tsɔ ɖe gbeƒã le Galilea Ƒua ƒe nutowo me alo le ƒua ta. (Mateo 4:13; 13:1, 2; Marko 3:7, 8) Ta dzeani sia ƒe didime anɔ abe kilometa 21 ene, eye eƒe kekeme le kilometa 11. Anɔ eme be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ adre, siwo nye Petro, Andrea, Yakobo, Yohanes, Filipo, Toma kple Natanael nye lãɖelawo.—Yohanes 21:2, 3.
Le Yesu ŋɔli la, aleke lãɖelawo ƒe dɔa nɔ? Ðe manyo be nàsrɔ̃ nu vi aɖe tso ŋutsu siawo kpakple dɔ si wowɔna la ŋu oa? Esia ana nàgade bubu apostoloawo ŋu geɖe wu ahase nu siwo Yesu wɔ kple kpɔɖeŋu siwo wòwɔ la gɔme ɖe edzi. Gake gbã la, na míaƒo nu tso ale si dɔwɔwɔ le Galilea Ƒua dzi nɔ ŋu.
“Ya Sesẽ Aɖe Ƒo Le Ƒua Dzi”
Bali gã nyadri aɖe mee Galilea Ƒua le, eye eyi anyi me meta 210 wu atsiaƒu ƒe sɔsɔme. Togbɛwo le eƒe gowo dzi keŋ, eye Xermon To kɔkɔ la le eƒe dziehe gome. Le vuvɔŋɔli la, ya fafɛ nyamaa ƒua ɣeaɖewoɣi. Le dzomeŋɔli la, ya xɔdzo xɔa tsi gbanaa la dzi. Ahom sesẽwo tuna tso toawo dzi le vome heɖea fu na tɔdzidela siwo le ƒua tsom. Ahom sia tɔgbi tu kpɔ esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ ƒua dzi.—Mateo 8:23-27.
Lãɖelawo kua tɔdziʋu siwo wotsɔ ati wɔ, siwo ƒe didime anɔ abe meta 8 ene, eye woƒe kekeme anɔ abe meta 2 ene. Abalati nɔa tɔdziʋua ŋu, hekpe ɖe xɔ vi aɖe si nɔa tɔdziʋua gɔme le megbe lɔƒo. (Marko 4:35-41) Tɔdziʋu siawo zɔna blewu, gake ŋusẽ le wo ŋu. Ya si ɖoa abalawo me la viãa tɔdziʋua ɖe akpa ɖeka, gake ɖɔa ƒe kpekpe hã henɛ yia akpa kemɛ.
Ŋutsuwo zãa atablu siwo le tɔdziʋua ƒe gowo kple eve dzi la tsɔ ɖoa kuɖɔ na ʋua. Tɔdzidela ade alo esiwo wu ema ye nɔa tɔdziʋu ɖeka me. (Marko 1:20) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, anɔ eme be wotsɔa ŋudɔwɔnu kple nuzazãwo abe esiawo ene ɖe asi: abaladovɔ si nye aklala (1), ka (2), atabluwo (3), seke (4), vuvɔléwu (5), nuɖuɖu (Marko 8:14) (6), kusiwo (7), suɖui (Marko 4:38) (8), kple ɖɔ (9). Ðewohĩ wotsɔa kɔke bubuwo hã ɖe asi (10), kple subuikpewo (alo asabunukpewo) (11), dɔwɔnuwo (12), kpakple akakatiwo (13).
“Woɖe Lã Geɖe”
Le ƒe alafa gbãtɔ me la, afi siwo tsidzidzi kple tɔsisi geɖeawo va de nu Galilea Ƒua me le la godzie tɔmelãwo sɔa gbɔ ɖo wu, abe ale si ko wòle egbea hã ene. Gbewo kple nu miemiewo gena ɖe ƒua me le teƒe mawo, si wɔnɛ be lãawo hã yia afi mawo. Zã mee lãɖela siwo nɔ anyi le Yesu ŋɔli la wɔa dɔ zi geɖe, eye wotsɔa akakatiwo ɖe asi. Gbe ɖeka Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo da ɖɔ zã bliboa, gake womekpɔ naneke o. Ke le ŋufɔke la, Yesu gblɔ be woagaɖi ɖɔawo ake, eye lã si woɖe la sɔ gbɔ ale gbegbe be woƒe tɔdziʋuwo de nyɔnyrɔ ge kloe.—Luka 5:6, 7.
Ɣeaɖewoɣi la, lãɖelawo yia ƒua ƒe afi si goglo. Le afi ma la, tɔdziʋu vovovo eve me nɔlawo wɔa dɔ aduadu. Ŋutsuawo kekea ɖɔa ɖe ʋu eveawo dome; azɔ ʋu ɖeka me tɔwo kua ʋua sesĩe yia ɖusi gome esime ʋu kemɛa me tɔwo hã kui ɖo ta miame, eye wonɔ ɖɔa dam ɖe tsia me esime wole to ɖem ɖe lãawo godoo va kpe, si wɔnɛ be lãwo tsia ɖɔa me. Azɔ ɖɔkplɔlawo hea ka siwo le ɖɔa ƒe dzogoewo dzi hetrɔa lã siwo tsi ɖɔa me la ɖe ʋua me. Anɔ eme be ɖɔa didina wu meta 30, eye eƒe kekeme anɔ abe meta 2 ene, ale be wòate ŋu aɖe tɔmelãwo ƒe hatsotso blibo. Wotsia kɔkewo ɖe ɖɔa ta keŋ hetsia subuikpewo ɖe gɔmea hã. Ðɔkplɔlaawo nɔa ɖɔa ɖiɖi kple eɖeɖe dzi zi gbɔ zi geɖe.
Le afi siwo tsia megoglo le o la, ɖɔkplɔlawo wɔa lãɖeɖe ƒe mɔnu bubu ŋu dɔ. Amewo nɔa tɔdziʋu me tsɔa ɖɔ la ƒe nu ɖeka yia ƒua dzi heƒoa xlã afi si lãwo le va se ɖe esime wotrɔ ʋua va gota. Ŋutsuwo nɔa godzi hea ɖɔ la ʋuu va se ɖe esime wòdo ɖe gota, eye wokɔa lãawo ɖe ƒua ta hetiaa wo me. Wotsɔa nyuiawo kɔna ɖe nugowo me. Wodzraa ɖewo mumui na nutoa me tɔwo. Ke wosiaa akpa gãtɔ wòƒuna alo wodea dzee hekɔna ɖe anyigoewo me ɖona ɖe Yerusalem alo duta. Wobua tɔmelã siwo ŋu tsro alo adzawo mele o, abe nipaɣe ene la lã makɔmakɔwoe, eye wotsɔa wo ƒua gbe. (3 Mose 11:9-12) Yesu he susu yi lãɖeɖe ƒe mɔnu sia dzi esi wòtsɔ “dziƒofiaɖuƒe” la sɔ kple ɖɔ, eye wòtsɔ ame nyuiwo kple ame vɔ̃ɖiwo sɔ kple lã vovovoawo.—Mateo 13:47-50.
Ame ɖeka ate ŋu atsɔ ƒu aɖe lãe. Ƒu nye gadzẽ gɔdɔ̃e si nu wotɔa lãwo ƒe nuɖuɖu ɖo hetsina ɖe ka ŋu. Alo ate ŋu azã asabu hã. Hafi wòada asabua la, azɔ age ɖe tsia me, ado asabua ɖe dzi ahadae aɖo ɖa. Ne edae la, ekena abe xexi ene dzea tsia dzi heyia to. Ne asabudalaa ƒe ta nyo la, ɖɔa atsyɔ lã ʋɛ aɖewo dzi, eyome alé ka si le ɖɔa tame ahaɖee ado goe.
Ðɔ xɔ asi ɣemaɣi, eye ehiãna be woanɔ asi trɔm le eŋu be wòanɔ dedie, eya ta lãɖelawo léa be nɛ etɔxɛe. Lãɖela zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe ɖɔa sasa, ekpalakpala kple esiasia ŋu. Eye ewɔa dɔ siawo ɣesiaɣi si wògbɔ tso tɔƒo. (Luka 5:2) Apostolo Yakobo kple nɔvia Yohanes wonɔ anyi ɖe woƒe ʋu me nɔ woƒe ɖɔwo sam hafi Yesu va mia asi wo be woadze ye yome.—Marko 1:19.
Tɔmelã siwo ƒe alafa gbãtɔ me lãɖelawo ɖena vevie wu la dometɔ ɖekae nye akpa, eye ebɔ ɣemaɣi hã. Galileatɔ akpa gãtɔ ɖua lã sia edziedzi, eye anɔ eme be Yesu hã ɖu lã léaɖe sia. Ate ŋu anye be dzemekpa (alo akpatogoe) ye Yesu zã esime wòtsɔ tɔmelã eve nyi ame akpewo nukutɔe. (Mateo 14:16, 17; Luka 24:41-43) Zi geɖe la, akpawo kɔa wo vi suewo ɖe nu me ne wole yiyim le tsia me. Gake ne mekɔ viawo ɖe nu me o la, etea ŋu tsɔa kpeku ɖe nu me, alo kura gɔ̃ hã gaku si le dzo dam le ƒua gɔme.—Mateo 17:27.
Le ƒe alafa gbãtɔ me la, tɔƒodela kpɔdzidzedzewo nyea dzigbɔɖitɔwo kple dɔ sesẽ wɔla siwo lɔ̃na faa doa dzi le nɔnɔme sesẽwo me ɖe nu nyui si ado tso eme la ta. Ehiã be nɔnɔme nyui siawo nanɔ ame siwo Yesu kpe be woava kpe asi ɖe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ŋu la hã si hafi woate ŋu anye ‘ameɖela’ kpɔdzidzedzewo.—Mateo 28:19, 20.
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
(Kpɔ agbalẽa ŋutɔ)