-
Mènya Kae Le Wɔwɔ Ge O!Gbetakpɔxɔ—2008 | July 15
-
-
Ðɔ La
15, 16. (a) Gblɔ ɖɔ ŋuti kpɔɖeŋua me nyawo kpuie. (b) Nu kae ɖɔ la le tsitre ɖi na, eye Fiaɖuƒedɔa ƒe takeke ƒe akpa ka dzie kpɔɖeŋu sia he susu yi?
15 Menye ame siwo gblɔna be Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawoe yewonye ƒe xexlẽmee le vevie o, ke nɔnɔme si anɔ wo si lae. Yesu he susu yi Fiaɖuƒedɔa ƒe takeke ƒe akpa sia dzi le kpɔɖeŋu bubu aɖe me, si nye ɖɔ ŋuti kpɔɖeŋua. Egblɔ be: “Dziƒofiaɖuƒe la gale abe ɖɔ aɖe si woɖi ɖe ƒu me, si ɖea tɔmelã ɖe sia ɖe ƒomevi la ene.”—Mat. 13:47.
16 Ðɔ la, si le tsitre ɖi na Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa la, ɖea tɔmelã ɖe sia ɖe ƒomevi. Yesu yi edzi gblɔ be: “Esi [ɖɔ la yɔ] la, wohee va ƒua ta, eye esi wonɔ anyi la, woƒo nyuiawo nu ƒu ɖe nuwo me, gake wotsɔ manyomanyoawo ya ƒu gbe. Nenemae wòanɔ le nuɖoanyia ƒe nuwuɣi: mawudɔlawo ado go, eye woama ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo ŋu, eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo si me dzo le la me. Afi mae woƒe avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.”—Mat. 13:48-50.
17. Ɣeyiɣi ka ŋue amewo me mama si ŋuti woƒo nu tso le ɖɔ ŋuti kpɔɖeŋua me ku ɖo?
17 Ʋɔnu mamlɛ si Yesu gblɔ be yeava drɔ̃ alẽwo kple gbɔ̃wo ne yeva le yeƒe ŋutikɔkɔe me la ŋue amewo me mama sia ku ɖoa? (Mat. 25:31-33) Ao. Ʋɔnudɔdrɔ̃ mamlɛ ma ava eme ne Yesu va le xaxa gã la me. Gake amewo me mama si ŋu wòƒo nu tso le ɖɔ ŋuti kpɔɖeŋua me ya ayi edzi le “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.”b Esiae nye ɣeyiɣi si me míele fifia—ŋkeke siwo ava wu enu kple xaxa gã la. Ekema alekee amewo me mama dɔ sia le edzi yim fifia?
18, 19. (a) Alekee wole amewo me mama dɔ aɖe wɔm fifi laa? (b) Afɔ kae wòle na dzianukwaretɔwo be woaɖe? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa si le axa 21 hã.)
18 Kpɔɖeŋu tɔmelã miliɔn geɖewo le dodom tso ameƒomea ƒe atsiaƒu la me va le ha dem kple Yehowa ƒe amewo ƒe hamea egbea. Wo dometɔ aɖewo dea Ŋkuɖodzia, ɖewo hã dea míaƒe kpekpewo, eye bubuwo hã lɔ̃ faa míele Biblia srɔ̃m kpli wo. Gake ame siawo katãe va zua Kristotɔ vavãwoa? Woate ŋu ‘ahe wo katã va ƒua ta,’ gake Yesu gblɔ be “nyuiawo” nu ko woƒoa ƒu ɖe nuwo, si le tsitre ɖi na Kristotɔwo ƒe hamewo la, me. Gake wotsɔa manyomanyoawo ya ƒua gbe, eye woava tsɔ wo ade dzokpo me mlɔeba, si le tsitre ɖi na tsɔtsrɔ̃ si le wo lalam.
19 Abe ale si wòle le tɔmelã manyomanyoawo gome ene la, ame geɖe siwo Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia kpli la va dzudzɔ esɔsrɔ̃. Ðevi aɖewo siwo wodzi le Kristotɔwo ƒe ƒomewo me la medi ŋutɔŋutɔ gbeɖe be yewoava zu Yesu ƒe afɔɖoƒe yome dzelawo o. Womedi be yewoatso nya me be yewoasubɔ Yehowa o, alo wonɔ esubɔm tsã gake wova dzudzɔ.c (Xez. 33:32, 33) Gake ele vevie ŋutɔ be dzianukwaretɔwo naɖe mɔ woaƒo wo nu ƒu ɖe hame siwo le abe nugowo ene la me hafi ʋɔnudrɔ̃ŋkeke mamlɛa naɖo eye woakpɔtɔ anɔ dedienɔƒe.
-
-
Mènya Kae Le Wɔwɔ Ge O!Gbetakpɔxɔ—2008 | July 15
-
-
20, 21. (a) Nu kawoe míesrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋuawo me dzodzro me? (b) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?
20 Nu kawoe míesrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋuawo me dzodzro kpuie alea me? Gbãtɔ, abe ale si wòle le atiku sue la ƒe tsitsi gome ene la, ame siwo va le ɖe tsɔm le Fiaɖuƒegbedeasia me le anyigba dzi la le dzidzim ɖe edzi ale gbegbe. Naneke mate ŋu axe mɔ na Yehowa ƒe dɔa ƒe takeke o! (Yes. 54:17) Gakpe ɖe eŋu la, wonaa gbɔgbɔmetakpɔkpɔ ame siwo ‘va nɔa atia ƒe vɔvɔli te.’ Evelia, Mawue nana wòtsina. Abe ale si wòle le amɔwɔʋãnu si wotsɔ ɣla ɖe amɔwɔ blibo la me gome ene la, míedea dzesi ale si ame wɔna va zua nusrɔ̃lawo la le gɔmedzedzea me alo sea egɔme o, gake esia le dzɔdzɔm! Etɔ̃lia, menye ame siwo katã ɖo to gbedeasiae ɖenɛ fiana be kpɔɖeŋu tɔmelã nyuiwoe yewonye o. Wo dometɔ aɖewo ɖenɛ fiana be yewole abe tɔmelã manyomanyo siwo le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me ene.
-
-
Mènya Kae Le Wɔwɔ Ge O!Gbetakpɔxɔ—2008 | July 15
-
-
b Togbɔ be Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa bubu ŋue Mateo 13:39-43 ku ɖo hã la, woa kple ɖɔ ŋuti kpɔɖeŋua siaa le eme vam le ɣeyiɣi ɖeka me, si nye, “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” Kpɔɖeŋu tɔmelãwo me mama nye nu si le edzi yim abe ale si ko nukuwuwu kple nuŋeŋe dɔa hã le edzi yim le ɣeyiɣi siawo me ene.—Gbetakpɔxɔ, October 15, 2000, axa 25-26; Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La, axa 178-181, memama 8-11.
-