Kristotɔ Ðasefowo Na Mawu Ƒe Fianyenye
“Miaɖe gbeƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo.”—PETRO I, 2:9.
1. Ðase nyui kae woɖi le Yehowa ŋu do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣiawo?
DO ŊGƆ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia la, ɖasefo gbogbo aɖewo ɖo kpe edzi dzideƒotɔe be Yehowae nye Mawu vavã ɖeka kolia la. (Hebritɔwo 11:4–12:1) Le woƒe xɔse sesẽ ta la, wowɔ ɖe Yehowa ƒe sewo dzi eye wogbe tanana le tadedeagu ƒe nyawo me vɔvɔ̃manɔmee. Woɖi ɖase sẽŋu aɖe le Yehowa ƒe xexeame katã ƒe fianyenye ŋu.—Psalmo 18:22-24; 47:1, 2.
2. (a) Amekae nye Yehowa ƒe Ðasefo gãtɔ? (b) Amekawoe va zu Yehowa ƒe ɖasefo ɖe Israel-dukɔa teƒe? Aleke míewɔ nya?
2 Ðasefo mamletɔ kple gãtɔ kekeake si nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣiae nye Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela. (Mateo 11:11) Mɔnukpɔkpɔ su esi wòɖe gbeƒã Ame Tiatia la ƒe vava, eye egblɔ be Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo la. (Yohanes 1:29-34) Yesue nye Yehowa ƒe Ðasefo gãtɔ kekeake, “ɖaseɖila nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ” la. (Nyaɖeɖefia 3:14) Esi ŋutilã me Israel gbe Yesu ta la, Yehowa hã gbe wo eye wòtia dukɔ bubu, si nye Mawu ƒe gbɔgbɔ me Israel, be wòanye yeƒe ɖasefo. (Yesaya 42:8-12; Yohanes 1:11, 12; Galatiatɔwo 6:16) Petro yɔ nya tso Israel ŋuti nyagblɔɖi aɖe me heɖee fia be Kristo-hame sia si nye “Mawu ƒe Israel” la ŋue wòku ɖo esime wògblɔ be: “Miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bena miaɖe gbeƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia.”—Petro I, 2:9; Mose II, 19:5, 6; Yesaya 43:21; 60:2.
3. Nukae nye Mawu ƒe Israel kple “ameha gã” la ƒe agbanɔamedzi vevitɔ?
3 Petro ƒe nyawo fia be Mawu ƒe Israel ƒe dɔ vevitɔe nye be wòaɖi ɖase le Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ŋu le dutoƒo. Le míaƒe ŋkekea me la, ɖasefowo ƒe “ameha gã” aɖe si kafua Mawu le dutoƒo la hã va kpe ɖe gbɔgbɔmedukɔ sia ŋu. Wole egblɔm kple gbe sesĩ amesiame nasee be: “Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ.” (Nyaɖeɖefia 7:9, 10; Yesaya 60:8-10) Aleke Mawu ƒe Israel kple woƒe zɔhɛwo awɔ woƒe ɖaseɖiɖidɔ lae? Woawɔe to woƒe xɔse kple toɖoɖo me.
Aʋatsoɖasefowo
4. Nukatae Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me nye aʋatsoɖasefowo?
4 Xɔse kple toɖoɖo bia be woanɔ agbe ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo nu. Esia ƒe vevienyenye dze le nya si Yesu gblɔ le Yuda-subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me ŋu me. Amesiawo nye Sea fiala siwo “bɔbɔ nɔ Mose ƒe zikpui dzi.” Wodɔa mawunyadɔgbedelawo gɔ̃ hã be woana dzimaxɔsetɔwo natrɔ dzime. Gake Yesu gblɔ na wo be: “Mietsana le ƒu kple anyigba dzi, bena miawɔ trɔ̃subɔla ɖeka wòazu Yudatɔ, eye ne ezui la, ekema miewɔe dzomavɔʋe ƒe vi, si wu mia ŋutɔwo zi eve.” Subɔsubɔ me zãzɛnyahela siawo nye aʋatsoɖasefowo—dadalawo, ameŋkumenuwɔlawo, kple ame malɔ̃amewo. (Mateo 23:1-12, 15) Yesu gblɔ na Yudatɔ aɖewo ɣeaɖeɣi be: “Mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ.” Nukatae wògblɔ nya sia na Mawu ƒe dukɔ tiatia me tɔwo? Elabena womeɖo to Yehowa ƒe Ðasefo gãtɔ ƒe nyawo o.—Yohanes 8:41, 44, 47.
5. Aleke míewɔ nya be Kristodukɔa ɖi aʋatsoɖase le Mawu ŋu?
5 Nenema ke le ƒe alafa geɖe siwo kplɔ Yesu ƒe ɣeyiɣia ɖo me la, Kristodukɔa me tɔ miliɔn alafa geɖe tɔ asi akɔ be eƒe nusrɔ̃lawoe yewonye. Gake womewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o eye le ema ta Yesu meda asi ɖe wo dzi o. (Mateo 7:21-23; Korintotɔwo I, 13:1-3) Kristodukɔa dɔ mawunyadɔgbedelawo, eye ɖikeke mele eme o be wo dometɔ geɖe nye nuteƒewɔlawo. Gake wofia nu amewo be woasubɔ Mawuɖekaetɔ̃ si mea nuvɔ̃lawo le dzomavɔ me, eye amesiwo wowɔ dzimetrɔlawoe la dometɔ akpa gãtɔ meɖenɛ fiana boo be Kristotɔwoe yewonye o. Le kpɔɖeŋu me, Afrika-dukɔ Rwanda nye afisi Roma Katoliko mawunyadɔgbedelawo kpɔ dzidzedze geɖe le. Gake Rwanda Katolikotɔwo tso dzi blibo me kpɔ gome le towo dome ʋa si wowɔ nyitsɔ laa le dukɔ ma me la me. Nusi do tso afisia si wowɔ mawunyadɔgbededɔ le la ɖee fia be womekpɔ Kristotɔwo ƒe ɖaseɖiɖi akuaku aɖeke tso Kristodukɔa gbɔ o.—Mateo 7:15-20.
Agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe Gɔmeɖosewo Nu
6. Mɔ kawo nue agbenyuinɔnɔ nye ɖaseɖiɖi ƒe akpa vevi aɖe le?
6 Amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye ƒe nuwɔna gbegblẽwo doa vlo “nyateƒemɔ la.” (Petro II, 2:2) Kristotɔ vavãtɔ nɔa agbe ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo nu. Mefia fi, kaa aʋatso, tafaa ame, alo nɔa agbe gbegblẽ o. (Romatɔwo 2:22) Edze ƒã be mewua ehavi o. Srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo kpɔa woƒe ƒomewo dzi le lɔlɔ̃ me. Srɔ̃nyɔnuwo doa alɔ dzikpɔkpɔ ma le bubu me. Dzilawo naa hehe wo viwo eye wotoa ema me dzraa wo ɖo be woava zu Kristotɔ tsitsi ɖɔʋuwo. (Efesotɔwo 5:21–6:4) Nyateƒee, mí katã míede blibo o eye míadaa vo. Gake Kristotɔ akuakua dea bubu Biblia me dzidzenuwo ŋu eye wòdzea agbagba vevie be yeawɔ wo ŋudɔ. Ame bubuwo dea dzesi esia eye wònyea ɖaseɖiɖi nyui. Ɣeaɖewoɣi amesiwo tsi tre ɖe nyateƒea ŋu tsã la kpɔa Kristotɔ aɖe ƒe agbenɔnɔ eye woawo hã trɔa woƒe nɔnɔme.—Petro I, 2:12, 15; 3:1.
7. Aleke wòle vevie be Kristotɔwo nalɔ̃ wo nɔewo?
7 Yesu ɖe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa vevi aɖe fia esime wògblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Nɔnɔme siwo xɔ aƒe ɖe Satana ƒe xexeamee nye “madzɔmadzɔnyenye . . . vɔ̃ɖiwɔwɔ, nu tovo wɔwɔ, ŋubiabiã; eye woyɔ fũ kpakple ŋuʋaʋã, amewuwu, dzrewɔwɔ, beble, apasa; sakplisalawo, ameŋuzɔlawo, amesiwo léa Mawu ɖe fu me, vlodolawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, amesiwo toa nu vɔ̃ɖi vɛ, amesiwo meɖoa to woƒe dzilawo o.” (Romatɔwo 1:29, 30) Le nɔnɔme sia me la, xexeame katã ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ le anye Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe dɔwɔwɔ ƒe kpeɖodzi sẽŋu—si nye ɖaseɖiɖi nyui aɖe. Yehowa Ðasefowoe le habɔbɔ sia me.—Petro I, 2:17.
Ðasefowo Nye Biblia Srɔ̃lawo
8, 9. (a) Aleke Mawu ƒe Sea sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le eŋu do ŋusẽ hakpala lae? (b) Mɔ kawo nue Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede ado ŋusẽ mí be míayi edzi aɖi ɖase?
8 Be Kristotɔ nate ŋu aɖi ɖase nyui la, ele be wòanya Yehowa ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo ahalɔ̃ wo eye wòalé fu xexeame ƒe nɔnɔme gbegblẽwo le nyateƒe me. (Psalmo 97:10) Xexeame blea amewo be woado eya ŋutɔ ƒe susuwo ɖe ŋgɔ, eye ate ŋu asesẽ be woatsri eƒe gbɔgbɔ. (Efesotɔwo 2:1-3; Yohanes I, 2:15, 16) Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be susu nyuitɔ nanɔ mía si? Eyae nye Biblia sɔsrɔ̃ nyuie edziedzi. Psalmo 119 ŋlɔla te gbe ɖe eƒe lɔlɔ̃ na Yehowa ƒe Se dzi zi geɖe. Exlẽe hede ŋugble le eŋu edziedzi “ɖaa.” (Psalmo 119:92, 93, 97-105) Ena wòte ŋu ŋlɔe bena: “Melé fu aʋatso, eye menyɔ ŋui; ke melɔ̃a wò se ya.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eƒe lɔlɔ̃ deto la ʋãe wòwɔ nu. Egblɔ be: “Mekafua wò zi adre le ŋkeke me, le wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo ta.”—Psalmo 119:163, 164.
9 Nenema ke ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nya la edziedzi hede ŋugble le eŋu la, awɔ dɔ ɖe míaƒe dzi dzi ahaʋã mí be ‘míakafui’—míaɖi ɖase le Yehowa ŋu—edziedzi, ne anye “zi adre le ŋkeke me” gɔ̃ hã. (Romatɔwo 10:10) Psalmo gbãtɔ ŋlɔla gblɔ wòwɔ ɖeka kple esia be amesi dea ŋugble le Yehowa ƒe nyawo ŋu ɣesiaɣi la “ɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!” (Psalmo 1:3) Apostolo Paulo hã ɖee fia be ŋusẽ le Mawu ƒe Nya la ŋu esime wòŋlɔ bena: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖoɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—Timoteo II, 3:16, 17.
10. Nukae dze ƒã le Yehowa ƒe amewo ŋu le ŋkeke mamle siawo me?
10 Tadeagula vavãtɔwo ƒe dzidziɖedzi kabakaba le ƒe alafa 20 lia sia me fia be Yehowa le wo yram. Ðikeke mele eme o be Mawu ƒe fianyenye ŋuti ɖasefo siwo li egbea ƒe ƒuƒoƒoa tu lɔlɔ̃ na Yehowa ƒe se ɖo le woƒe dziwo me. Abe hakpala la ene la, eʋãa wo be woawɔ ɖe Eƒe se dzi eye woaɖi ɖase “zã kple keli” le Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ŋu nuteƒewɔwɔtɔe.—Nyaɖeɖefia 7:15.
Yehowa ƒe Nutsuwɔwɔwo
11, 12. Nukae nukunu siwo Yesu kple eyomedzelawo wɔ la te ŋu wɔ?
11 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, gbɔgbɔ kɔkɔe do ŋusẽ Kristotɔ ɖasefo nuteƒewɔlawo wowɔ nukunuwo, si nye kpeɖodzi sẽŋu be woƒe ɖaseɖiɖia nye nyateƒe. Esime Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela la nɔ gaxɔ me la, edɔ nusrɔ̃lawo be woaɖabia Yesu be: “Wòe nye amesi gbɔna loo, alo ame bubu aɖee míakpɔ mɔ na mahã?” Yesu meɖo eŋu be ẽ alo ao o. Ke boŋ egblɔ be: “Miyi ɖato nusi miese kple nusi miekpɔ la, na Yohanes: Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm fia ame dahewo. Eye woayra amesi ke mekpɔ nuɖiaɖia le ŋutinye o.” (Mateo 11:3-6) Ŋusẽdɔ siawo zu ɖaseɖiɖi na Yohanes be Yesue nye “Amesi Gbɔna” la vavã.—Dɔwɔwɔwo 2:22.
12 Nenema ke Yesu yomedzela aɖewo da dɔ na dɔnɔwo hefɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. (Dɔwɔwɔwo 5:15, 16; 20:9-12) Nukunu siawo nɔ abe ɖaseɖiɖi si tso Mawu ŋutɔ gbɔ ene na wo. (Hebritɔwo 2:4) Eye dɔ siawo ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ triakɔ fia. Le kpɔɖeŋu me, enye nyateƒe be ŋusẽ le Satana si nye “xexeamefia” la si be wòate ŋu awu ame. (Yohanes 14:30; Hebritɔwo 2:14) Gake Yehowa ƒe ŋusẽ kokokoe na Petro te ŋu fɔ nyɔnu nuteƒewɔla Tabita tso ame kukuwo dome, elabena Eya koe ate aŋu agbɔ agbe amewo.—Psalmo 16:10; 36:10; Dɔwɔwɔwo 2:25-27; 9:36-43.
13. (a) Mɔ ka nue Biblia me nukunuwo gaɖoa kpe Yehowa ƒe ŋusẽ dzi le? (b) Aleke nyagblɔɖiwo me vava wɔa akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe Mawunyenye ɖeɖefia me?
13 Nukunu mawo megadzɔna egbea o. Woƒe taɖodzinu nu va yi. (Korintotɔwo I, 13:8) Gake wo ŋuti nuŋlɔɖiwo gale Biblia me na mí, si dzi eteƒekpɔla geɖe ɖo kpee. Egbea ne Kristotɔwo he susu yi ŋutinyamenudzɔdzɔ siawo dzi la, dɔ mawo gaɖia ɖase le Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu nyuie. (Korintotɔwo I, 15:3-6) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, le Yesaya ƒe ŋkekea me la, Yehowa gblɔ be nyagblɔɖi si vaa eme tututu nye kpeɖodzi ɖedzesi be Ye enye Mawu vavã la. (Yesaya 46:8-11) Biblia me nyagblɔɖi geɖe siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me le eme vam egbea—wo dometɔ geɖe ku ɖe Kristo-hamea ŋu. (Yesaya 60:8-10; Daniel 12:6-12; Maleaxi 3:17, 18; Mateo 24:9; Nyaɖeɖefia 11:1-13) Nyagblɔɖi siawo me vava ʋlia Yehowa ta be eyae nye Mawu vavã la eye wògaɖee fia be “ŋkeke mamleawo” mee míele.—Timoteo II, 3:1.
14. Mɔ kawo nue Yehowa Ðasefowo ƒe egbegbe ŋutinya ɖi ɖase sẽŋu le be Yehowae nye Aƒetɔ Fiagã la?
14 Mlɔeba la, Yehowa gawɔa nu gã wɔnunukuwo na eƒe amewo. Yehowa ƒe gbɔgbɔe na Biblia me nyateƒea me le kɔkɔm ɖe edzi. (Psalmo 86:10; Nyaɖeɖefia 4:5, 6) Dzidziɖedzi ɖedzesi siwo le vavam le xexeame katã ŋuti nyatakakawo ɖo kpe edzi be Yehowa le ‘tsɔtsɔe dom dɔa le ye ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi.’ (Yesaya 60:22) Ne yometiti sesẽwo va Yehowa ƒe amewo dzi le dukɔ geɖe me le ŋkeke mamleawo me la, wote ŋu doa dzi dzideƒotɔe le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe alɔdodo si doa ŋusẽ ame ta. (Psalmo 18:2, 3, 18, 19; Korintotɔwo II, 1:8-10) Ẽ, Yehowa Ðasefowo ƒe egbegbe ŋutinya ŋutɔ hã ɖi ɖase sẽŋu aɖe be Yehowae nye Aƒetɔ Fiagã la.—Zaxarya 4:6.
Woaɖe Gbeƒã Nyanyui La
15. Ðase si keke ta wu kae Kristo-hamea ava ɖi?
15 Yehowa tia Israel wònye eƒe ɖasefo na dukɔwo. (Yesaya 43:10) Gake Israel-vi ʋee aɖewo koe Mawu de se na be woayi aɖaɖe gbeƒã na amesiwo menye Israel-viwo o, eye zi geɖe la, wowɔa esia tsɔ ɖea gbeƒã Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo. (Yeremya 1:5; Yona 1:1, 2) Gake Hebri Ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖiwo ɖee fia be Yehowa atrɔ eƒe susu ɖe dukɔwo katã ŋu, eye ewɔ esia to Mawu ƒe gbɔgbɔ me Israel dzi. (Yesaya 2:2-4; 62:2) Hafi Yesu nayi dziƒo la, ede se na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.” (Mateo 28:19) Togbɔ be “Israel-ƒe me alẽ bubuwo” dzi koŋ Yesu ƒe susu nɔ hã la, edɔ eyomedzelawo ɖo ɖe “dukɔwo katã” me, kple “anyigba ƒe seƒe ke” gɔ̃ hã. (Mateo 15:24; Dɔwɔwɔwo 1:8) Ele be ameƒomea katã nase Kristotɔwo ƒe ɖaseɖiɖi la.
16. Dɔdasi kae ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea wɔ, eye afikae wowɔe se ɖo?
16 Paulo ɖee fia be yese esia gɔme nyuie. Ete ŋu gblɔe le ƒe 61 M.Ŋ. me be nyanyuia le ‘ku tsem hele tsitsim le xexeame katã.’ Menye dukɔ ɖeka alo kɔmamã aɖe, abe esi nɔ “mawudɔlawo ƒe subɔsubɔ” me ene, koe woɖe gbeƒã na o. Ke boŋ “woɖe gbeƒã na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te” le gaglãgbe. (Kolosetɔwo 1:6, 23; 2:13, 14, 16-18) Eyata Mawu ƒe Israel la wɔ eƒe dɔdasi si nye be ‘woaɖe gbeƒã amesi yɔ wo tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia’ le ƒe alafa gbãtɔ me.
17. Aleke Mateo 24:14 yi edzi le eme vam le mɔ si lolo wu nu?
17 Gake dɔ si woawɔ le ŋkeke mamleawo me ƒe kpɔɖeŋu ko ƒe alafa gbãtɔ me gbeƒãɖeɖedɔa nye. Esi Yesu ƒe susu nɔ ɣeyiɣi siwo le ŋgɔ, vevietɔ míaƒe ɣeyiɣia dzi la, egblɔ be: “Eye woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nyanyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14; Marko 13:10) Ðe nyagblɔɖi sia va emea? Eva eme nyateƒe. Tso gɔmedzedze nyaŋui aɖe dzi le ƒe 1919 me la, gbeƒãɖeɖe nyanyuia keke ta yi dukɔ siwo wu 230 me fifia. Wose ɖaseɖiɖia le Anyiehenuto siwo me fa miamiamia me kple le anyigba xɔdzowo dzi. Wokpe anyigbagãwo ɖo, eye wodi ƒukpo siwo gbɔ didi be wo dzi nɔlawo nate ŋu ase ɖaseɖiɖia. Woyi edzi le gbeƒã ɖem nyanyuia le zitɔtɔ gãwo, abe aʋa si wɔm wole le Bosnia kple Herzegovina ene, gɔ̃ hã me. Abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, nyateƒea le ku tsem le “xexe blibo la katã” me. Woɖe gbeƒã nyanyuia le gaglãgbe “na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te.” Nukae do tso eme? Gbã la, woƒo Mawu ƒe Israel me tɔ mamleawo nu ƒu “tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me.” Evelia, wokplɔ “ameha gã” la me tɔ miliɔn geɖe vɛ tso “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” (Nyaɖeɖefia 5:9; 7:9) Mateo 24:14 yi edzi le eme vam le mɔ si lolo wu nu.
18. Nukae nye gbeƒãɖeɖe nyanyuia le xexeame katã me tsonu aɖewo?
18 Gbeƒãɖeɖe nyanyuia le xexeame katã ɖo kpe edzi be Yesu ƒe anyinɔnɔ le fiaɖuƒeŋusẽ me dze egɔme. (Mateo 24:3) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eya koŋ dzie woto le ‘nu ŋem le anyigba dzi,’ elabena efiaa asi Yehowa ƒe Fiaɖuƒea na amewo be eyae nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ vavãtɔ ɖeka kolia. (Nyaɖeɖefia 14:15, 16) Esi wònye Kristotɔ vavãwo koe kpɔa gome le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me ta la, dɔ vevi sia dea vovototo nyateƒe Kristotɔwo kple alakpatɔwo dome. (Maleaxi 3:18) Le mɔ sia nu la, axɔ amesiwo ɖea gbeƒã kple amesiwo ɖoa toe la siaa ɖe agbe. (Timoteo I, 4:16) Vevietɔ wu la, gbeƒãɖeɖe nyanyuia hea kafukafu kple bubu vɛ na Yehowa Mawu, amesi de se be woaɖe gbeƒã, amesi doa alɔ amesiwo wɔa dɔ ma, kple amesi na wòtsea ku.—Korintotɔwo II, 4:7.
19. Tameɖoɖo kplikpaa kae wode dzi ƒo na Kristotɔwo katã be woawɔ esi woge ɖe subɔsubɔƒe yeye me?
19 Mewɔ nuku o be eʋã apostolo Paulo wògblɔ be: “Nenye be, nyemegblɔ nyanyui la fia o la, baba nam!” (Korintotɔwo I, 9:16) Nenema ke Kristotɔwo sena le wo ɖokui me egbea. Enye mɔnukpɔkpɔ wɔnuku kple agbanɔamedzi gã be woanye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo,” ahana nyateƒea ƒe kekeli naklẽ le xexe doviviti sia me. (Korintotɔwo I, 3:9; Yesaya 60:2, 3) Dɔ ma si nɔ sue le gɔmedzedzea me le ƒe 1919 me la va lolo nukutɔe fifia. Kristotɔ siwo de miliɔn atɔ̃ kloe ye le ɖase ɖim le Mawu ƒe fianyenye ŋu esi wozãa gaƒoƒo biliɔn ɖeka ƒe sia ƒe tsɔ gblɔa xɔxɔgbedasia na ame bubuwo. Dzidzɔ kae nye si wònye be míakpɔ gome le Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ ƒe dɔ sia me! Esi míege ɖe ƒe 1996 subɔsubɔƒea me la, mina míaɖoe kplikpaa be míawɔ alɔgblɔlɔ o. Ke boŋ míawɔ ɖe nya siwo Paulo ŋlɔ na Timoteo dzi geɖe wu be: “Ðe gbeƒã nya la, nɔ edzi.” (Timoteo II, 4:2) Esi míele ema wɔm la, míetsoa dzi me ke doa gbe ɖa be Yehowa nayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi ɖaa.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Amekawoe va xɔ ɖe Israel teƒe va zu Yehowa ƒe “ɖasefo” na dukɔwo?
◻ Aleke Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ hã ɖia ɖasee?
◻ Nukata Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le eŋu le vevie na Kristotɔ Ðasefo?
◻ Mɔ ka nue Yehowa Ðasefowo ƒe egbegbe ŋutinya ɖo kpe edzi be Yehowae nye Mawu vavã la?
◻ Nukae nye gbeƒãɖeɖe nyanyuia me tsonuwo?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
Womexe mɔ ɖe nyanyuia nu kura o, ke boŋ wole gbeƒã ɖem “na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te” fifia