INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/02 axa 1
  • ‘Aleke Woawɔ Asee?’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Aleke Woawɔ Asee?’
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Ðaseɖiɖi Na Dukɔwo Katã”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Ðo Ŋku Lot Srɔ̃ Dzi
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Aleke Wòle Be Míabu Amewoe Esi Yehowa Ƒe Ŋkekea Le Aƒe Tum?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Ka Ðe “Anyigba Blibo La Ƒe Ʋɔnudrɔ̃la” Si Nye Nublanuikpɔla La Dzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 1/02 axa 1

‘Aleke Woawɔ Asee?’

1 Yesu gblɔe kple gbeteteɖedzi be: “Ele be, woaɖe gbeƒã nyanyui la afia dukɔwo katã gbãgbiagbã.” (Mar. 13:10) Togbɔ be míele agbagba dzem vevie hã la, ame miliɔn alafa geɖe gakpɔtɔ li siwo womeɖi ɖase na tẽ haɖe o. Dziɖuɖu aɖewo ɖo asi míaƒe dɔa dzi. Amewo sɔ gbɔ ŋutɔ le dukɔ geɖe me, eye woƒe agbɔsɔsɔ gale dzidzim ɖe edzi kabakaba. Eyata esɔ be míabia be, ‘aleke woawɔ asee?’—Rom. 10:14.

2 Ka Ðe Yehowa Dzi: Ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa nya amewo katã ƒe dzi ƒe nɔnɔme. Aleke ke ame aɖe ƒe nɔnɔme le o, ne edia nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu moveviɖoɖotɔe la, ana be wòakpɔe.—Kron. I, 28:9.

3 Abraham tsi dzi ɖe amesiwo nɔ Sodom kple Gomora ŋu. Gake Mawu na kakaɖedzii be yematsrɔ̃ Sodom o nenye be yekpɔ ame dzɔdzɔe ewo teti le eme. (Mose I, 18:20, 23, 25, 32) Yehowa metsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa ɖekae kpɔ o, abe alesi wòɖee fia le Lot kple vianyɔnuwo takpɔkpɔ me ene.—Pet. II, 2:6-9.

4 Ɣeaɖeɣi Eliya susui be ye ɖeka koe le Mawu vavã la subɔm. Gake Yehowa na kakaɖedzii be mele nenema kura o, eye be dɔ si gɔme wòdze la, woawu enu. (Fia. I, 19:14-18) Ke míaƒe ŋkekeawo me ya ɖe?

5 Yi Edzi Nàdo Vevie Nu le Mawu Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me: Míawo míenya afisi gbegbe wòahiã be ɖaseɖiɖidɔa nagakeke ta ase ɖo o. Yehowa tɔe nye dɔa, eye ele eƒe dɔlawo zãm be woakpɔ dɔa dzi. (Nyaɖ. 14:6, 7) Eyae atso nya me le afisi wòle be woaɖi ɖase na dukɔwo katã ase ɖo ŋu. Ne Yehowa lɔ̃ la, ate ŋu awɔe be woakaka Fiaɖuƒegbedasia le mɔ siwo míate ŋu abu fifia o nu, bene ame geɖe wu ‘nase nyanyuia ne woaxɔ ase.’ (Dɔw. 15:7) Nusianu si Yehowa awɔ la awɔ ɖeka bliboe kple eƒe amenyenye—lɔlɔ̃, nunya, kple dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu.

6 Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míawɔ dɔ si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu, ahanɔ nusianu si míate ŋui wɔm bene amesiame nase nyanyuia.—Kor. I, 9:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe