“Esime Zã Do Le Ŋkeke Me”
ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE BENIN GBƆ
“EI! Zãdokeli Na Ame Miliɔn Geɖe Ƒe Nu Ku.” Nya siawoe dze le Ghana ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Daily Graphic ƒe akpa dzi le ŋkeke si kplɔ March 29, 2006, si dzi zãdokeli do le, ɖo la dzi. Brazil ƒe ɣedzeƒekpa dzie wokpɔ zãdokelia le gbã, eye wòsi du va tso Atlantik Ƒu la va ɖo Ghana, Togo, kple Benin, siwo te ɖe ƒua ŋu la le ŋdi ga enyi me lɔƒo, eye eƒe ablaɖeɖe anɔ abe kilometa 1,600 le gaƒoƒo ɖe sia ɖe me ene. Nu kae ame siwo le Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ siawo me la kpɔ?
Ƒe 1947 mee zãdokeli do le Ghana zi mamlɛtɔ. Theodore, si xɔ ƒe 27 ɣemaɣi la, gblɔ be: “Ame siwo nɔ anyi ɣemaɣi la dometɔ geɖe mekpɔ zãdokeli kpɔ o, eya ta womenya nu si tututu nɔ dzɔdzɔm o. Le esia ta, amewo ƒo nu tso nudzɔdzɔa ŋu be ‘esime zã do le ŋkeke me.’”
Nyanyanana Amewo
Dziɖuɖumegãwo wɔ ɖoɖo ɖe nyanyanana amewo tso afɔku si le ŋku gbɔlo tsɔtsɔ kpɔ ale si ɣletia alo dzinua ava tsyɔ ɣea dzi hafi zãdokelia nado la me ŋu. Woklã nuxlɔ̃amenya siwo wodo atsyiã na nyuie la ɖe teƒeteƒewo le Togo be: “Mikpɔ miaƒe ŋkuwo ta! Míaƒe ŋkuwo ate ŋu atsi keŋkeŋ!”
Dziɖuɖumegãwo te gbe ɖe mɔfiame eve aɖewo dzi vevie. Gbã la, wogblɔ be minɔ xɔ me miakpɔ nudzɔdzɔa le television dzi. Evelia, ne ame aɖe di be yeanɔ xexe la, neɖɔ gaŋkui si wowɔ etɔxɛe na nudzɔdzɔa kpɔkpɔ. Ame miliɔn geɖe nɔ woƒe televisionwo kple kɔmpiutawo ŋgɔ be yewoakpɔ ale si nuwo ava yii. Gake ame siawo mete ŋu kpɔ dzidzɔ kple ɣlidodo kpakple dzitsitsi ƒe nɔnɔme si ame siwo nɔ xexe ɖe fia o. Na míakpɔ ale si nuawo va yii ɖa.
Amewo Ƒe Didi Vevie Nu Nɔ Sesẽm
Gbe ma gbe la, ɖeko ŋua ke abe ale si ko wòkena ɖaa le Ɣetoɖoƒe Afrika nutowo me ene—agu dze nyuie, eye dziŋgɔlia kɔ nyuie. Ðe zãdokelia le dodo ge nyateƒea? Esi ame siwo nɔ xexe ƒe gaƒoɖokuiwo nɔ zɔ ɖem yina ɣeyiɣi si wogblɔ ɖi be zãdokelia ado dzi la, wotsɔ woƒe gaŋkuiawo glã ŋku hefɔ mo ɖe dzi dzoɣlii. Wo dometɔ aɖewo nɔ woƒe ame nyanyɛ siwo le teƒe bubuwo la yɔm le woƒe asitelefonwo dzi henɔ wo biam be nu ka kpɔm wole hã.
Le nukpɔlawo ƒe tame ʋĩi, anɔ abe kilometa 350,000 ene la, ɣleti la, si womenɔ kpɔkpɔm gbã o la, nɔ zɔ ɖem kalẽtɔe yina ɣea dzi tsyɔ ge. Kasia, wokpɔ eƒe akpa kakɛ aɖe yibɔe esi wòte ɣea dzi tsyɔtsyɔ vivivi. Dzidzɔɣliwo te ɖiɖi esime nukpɔla vovoawo te ekpɔkpɔ.
Le gaƒoƒo gbãtɔa me la, nukpɔlawo mede dzesi tɔtrɔ aɖeke le yamenutoa me ŋu o. Gake esi ɣletia yi edzi nɔ ɣea dzi tsyɔm geɖe wu la, xexea me te tsyɔtsyɔ. Dziŋgɔli si nɔ blɔ tsã la te nyɔnyɔ yibɔɔ. Yamenutoa me te fafa. Viviti si nɔ dodom ŋdi ma la wɔe be akaɖi siwo sina le wo ɖokuiwo si le zã me la katã si nyãa. Mɔwo dzi ƒo ya keŋkeŋ. Amewo tu woƒe fiasewo. Ðoɖoe zi le xewo nu, eye lãwo ɖo kpɔ be yewoaɖamlɔ anyi. Vivitia nɔ dodom ɖe edzi. Tete zãdokeli do esime ɣletia tsyɔ ɣea dzi keŋkeŋ, eye amewo katã ƒe nu ku.
Womaŋlɔ Zãdokelia Be Akpɔ O
Ɣletiviwo te ɖiɖi. Ɣea klẽ ƒo xlã ɣleti yibɔ si va tsyɔ edzi keŋkeŋ azɔ la tegblẽe wònya kpɔ ale gbegbe. Ɣea ƒe keklẽ suesuesuewo klẽ to ɣletia toga siwo le glidzaglidza la henɔ dzedzem abe dzonu aɖe si nya kpɔ ŋutɔ ene; woyɔa nudzɔdzɔa ƒe akpa sia be Baily ƒe dzonuwo (Baily’s Beads alo grains de Baily).a Ʋɛʋɛʋɛ la, keklẽ siawo nɔ bubum eye eƒe akpa sue aɖe ko va susɔ henɔ keklẽm sesĩe ale be nu bliboa va dze abe asigɛ si ŋu lotamekpe klẽna le ene; woyɔa nudzɔdzɔa ƒe akpa sia le yevugbe me be diamond-ring (le ‘diamant’). Emegbe ɣea ƒe keklẽ le ɣletia, si nɔ dzedzem yibɔɔ, godo na amadede siwo nye rose kple pink (rose pâle) dze ƒo xlã ɣletia godoo va kpe wònya kpɔ ale gbegbe. Eteƒekpɔla ɖeka gblɔ be: “Esiae nye nu wɔnukutɔ kekeake si teƒe mekpɔ kpɔ—enya kpɔ ale gbegbe!”
Zãdokelia ƒe dodo keŋkeŋ nɔ anyi hena miniti etɔ̃ kloe. Tete ɣea gate dodo. Nukpɔla geɖewo do ɣli kple dzidzɔ. Dziŋgɔlia kɔ, eye ɣletiviawo gabu vĩ. Viviti la nu yi abe ale si afu nu yina ne agu dze ene.
Ɣleti nye ‘ɖasefo nyateƒetɔ le dziŋgɔli me.’ Eya ta woate ŋu abu akɔnta anya ɣeyiɣi si dzi zãdokeli ado la ƒe alafa geɖe do ŋgɔ. (Psalmo 89:38) Ƒe 60 sɔŋue nye ema va yi hafi zãdokeli gado le Ɣetoɖoƒe Afrika. Akɔntabubuwo ɖee fia be ƒe 2081 mee zãdokeli agado le Ɣetoɖoƒe Afrika. Ðewohĩ eteƒe madidi o, mɔnukpɔkpɔ asu ame aɖewo hã si le dukɔ bubuwo me be woakpɔ zãdokeli si womaŋlɔ be akpɔ o la teƒe.—g08 03-E.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Esi wònye Britaintɔ ɣletiviŋununyala Francis Baily, ye kpɔ nudzɔdzɔ sia zi gbãtɔ esime zãdokeli aɖe do le ƒe 1836 me heƒo nu tso eŋu la tae woyɔ eƒe ŋkɔ tɔ ɖe eŋu ɖo.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 29]
Zãdokelie Do Le Yesu Ƒe Kugbea?
Marko 15:33 gblɔ be: “Esi gaƒoƒo adelia ɖo la, viviti do ɖe anyigba blibo la katã dzi va se ɖe gaƒoƒo asiekelia dzi.” Nukunue gaƒoƒo etɔ̃ ƒe viviti sia si do, tso ŋdɔ 12:00 va se ɖe ɣetrɔ 3:00, la nye. Mate ŋu anye zãdokeli o. Susu gbãtɔ si tae nye be miniti adre kple sekɛnd blaetɔ̃ koe zãdokeli si nɔ anyi hena ɣeyiɣi diditɔ kekeake le anyigba dzi kpɔ la xɔ. Eveliae nye be Israel viwo ƒe ɣleti si nye Nisan, ƒe ŋkeke 14 lia dzie Yesu ku. Dzinu yeyee wotsɔ dea dzesi Nisan ƒe ŋkeke gbãtɔ, eye ɣemaɣi la, ɣletia nɔa anyigba kple ɣea dome, si ate ŋu ana zãdokeli nado. Kaka Nisan ƒe ŋkeke 14 lia naɖo la, ɣletia dzona le anyigba kple ɣea dome, eye anyigbaa boŋ va nɔa ɣea kple ɣletia dome, si wɔe be ɣletia mate ŋu axe ɣea ŋgɔ o, ke boŋ ɖe ɣea nana ɣletia klẽna ɖe anyigbaa dzi le zã me. Eya tae ɣemaɣi la, ɣletia dzena nogoo heklẽna nyuie, si wɔnɛ be ɣeyiɣia sɔna nyuie hena Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ƒe wɔnawo.
[Nɔnɔmetata]
Zi geɖe la, ɣleti bliboa dzena heklẽna nyuie le Nisan 14 lia dzi
[Diagram/Map on page 28, 29]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Zãdokelia ƒe mɔzɔzɔ
●
⇧
●
⇧
●
⇧ AFRIKA
BENIN ●
⇧
TOGO ●
⇧
GHANA ●
⇧
●
⇧
●
⇧
●
⇧
●
⇧
●
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Anyigbatataa: Based on NASA/Visible Earth imagery
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Zãdokeli si do le March 29, 2006 dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Gaŋkui tɔxɛwo na nukpɔlawo te ŋu kpɔ ale si ɣletia va tsyɔ ɣea dzi