Nusiwo Le Dziƒo Kple Nusiwo Le Anyigba Dzi Nu Ƒoƒo Ƒu
“Ŋudzedze, si wòɖo ɖi le eɖokui me . . . [enye be] woaƒo nuwo katã nu ƒu ade ta ɖeka te le Kristo me, nusiwo le dziƒo kple nusiwo le anyigba dzi la.”—EFESOTƆWO 1:9, 10.
1. Nukae ‘dze’ Yehowa ‘ŋu nyuie’ be yeawɔ le dziƒo kple anyigba ŋu?
XEXEAME KATÃ ƑE ŊUTIFAFA! Emae nye Yehowa, “ŋutifafa Mawu” la ƒe tameɖoɖo vevi la. (Hebritɔwo 13:20) Eto eƒe gbɔgbɔ dzi na apostolo Paulo ŋlɔe be ‘nusi dze ye ŋu nyuie la’ enye be “woaƒo nuwo katã nu ƒu ade ta ɖeka te le Kristo me, nusiwo le dziƒo kple nusiwo le anyigba dzi.” (Efesotɔwo 1:9, 10) Gake nuka tututue dɔwɔnya si gɔme woɖe le mawunyakpukpui sia me be ‘woaƒo nuwo nu ƒu ake’ la fia? Biblia ŋunyala J. B. Lightfoot gblɔ be: “Nya sia fia ɖekawɔwɔ si ava nɔ xexeame godoo, si ŋu naneke magblẽ nu le o, si me nuwo katã asɔ, eye woawɔ ɖeka le Kristo me le. Nuvɔ̃ kple ku, konyifafa kple kpododonu kpakple fukpekpe maganɔ anyi o.”
“Nusiwo Le Dziƒo”
2. Amekawoe nye “nusiwo le dziƒo” siwo nu wòhiã be woaƒo ƒu?
2 Apostolo Petro gblɔ mɔkpɔkpɔ nyui si le Kristotɔ vavãwo si kpuie ale: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.” (Petro II, 3:13) “Dziƒo yeye” si ŋugbe wodo le kpukpui sia me la fia dziɖuɖu yeye, si nye Mesia Fiaɖuƒea. Woaƒo “nusiwo le dziƒo” si ŋu Paulo ƒo nu tsoe le lɛta si wòŋlɔ na Efesotɔwo me la nu ƒu “ade Kristo te.” Woawoe nye ame ʋɛ siwo wotia be woaɖu dzi kple Kristo le dziƒo. (Petro I, 1:3, 4) Kristotɔ amesiamina 144,000 siawo nye amesiwo “woƒle tso anyigba dzi,” “woƒle wo tso amewo dome” be woanye hadomenyilawo kple Kristo le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me.—Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:3, 4; Korintotɔwo II, 1:21; Efesotɔwo 1:11; 3:6.
3. Nukatae woate ŋu agblɔ be ‘wotsɔ amesiaminawo ɖo dziƒonutowo me’ togbɔ be wokpɔtɔ le anyigba dzi hã?
3 Wotsɔa gbɔgbɔ kɔkɔea dzia Kristotɔ amesiaminawo ake be woava zu Yehowa ƒe gbɔgbɔmeviwo. (Yohanes 1:12, 13; 3:5-7) Esi woxɔ wo wozu Yehowa ƒe “viwo” ta la, wova zu Yesu nɔviwo. (Romatɔwo 8:15; Efesotɔwo 1:5) Esia tae togbɔ be wonɔ anyigba dzi hã la, wogblɔ tso wo ŋu be ‘wofɔ wo ɖe tsitre, eye wotsɔ wo ɖo dziƒonutowo me le Kristo Yesu me.’ (Efesotɔwo 1:3; 2:6) Gbɔgbɔmeɖoƒe kɔkɔ sia su wo si elabena ‘wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ŋugbe wodo la de dzesi wo da ɖi, si nye kpeɖodzinu na wo be woawo hã wole dome nyi ge’ le dziƒo. (Efesotɔwo 1:13, 14, Nubabla Yeye La; Kolosetɔwo 1:5) Eyata amesiawoe nye “nusiwo le dziƒo” siwo ƒe xexlẽme nu Yehowa ɖo ɖi be woaƒo ƒu la.
Wodze Wo Nu Ƒoƒo Ƒu Gɔme
4. Ɣekaɣie wodze “nusiwo le dziƒo” la nu ƒoƒo ƒu gɔme, eye alekee?
4 Abe alesi wòle Yehowa ƒe “ɖoɖo” la me ene la, ele be woadze “nusiwo le dziƒo” la nu ƒoƒo ƒu gɔme ‘ne azãgbe ɖoɖiawo de.’ (Efesotɔwo 1:10) Azãgbea de le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi. Gbemagbea, wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe apostoloawo kple nusrɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si me tɔwo nye ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dzi. (Dɔwɔwɔwo 1:13-15; 2:1-4) Esia nye kpeɖodzi be nubabla yeye la te dɔ wɔwɔ, si na woɖo Kristo-hamea kple gbɔgbɔ me Israel ƒe dukɔ yeye, si nye “Mawu ƒe Israel la” anyi.—Galatiatɔwo 6:16; Hebritɔwo 9:15; 12:23, 24.
5. Nukatae Yehowa wɔ “dukɔ” yeye aɖe tsɔ ɖɔ li dzɔdzɔme Israel ɖo?
5 “Nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe” si asubɔ le dziƒo tegbee aɖeke medo tso Se ƒe nubabla si wowɔ kple dzɔdzɔme Israel me o. (Mose II, 19:5, 6) Yesu gblɔ na Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo be: “Woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la.” (Mateo 21:43) Dukɔ ma si nye gbɔgbɔ me Israel la me tɔwoe nye Kristotɔ amesiamina siwo woxɔ ɖe nubabla yeyea me. Apostolo Petro ŋlɔ ɖo ɖe amesiawo be: “Miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbeƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia, mi amesiwo menye dukɔ tsã o; ke azɔ la mienye Mawu ƒe dukɔ.” (Petro I, 2:9, 10) Dzɔdzɔme Israel megava nye Yehowa ƒe dukɔ si wòbla nu kplii o. (Hebritɔwo 8:7-13) Abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene la, woxɔ mɔnukpɔkpɔ si nye be woanye Mesia Fiaɖuƒea ƒe akpa aɖe la le wo si hetsɔ na gbɔgbɔ me Israel ƒe ame 144,000 la.—Nyaɖeɖefia 7:4-8.
Woxɔ Wo ɖe Fiaɖuƒe Nubablaa Me
6, 7. Nubabla tɔxɛ kae Yesu wɔ kple nɔvia siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii, eye nukae wòfia na wo?
6 Le zã si me Yesu ɖo eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia anyi me la, egblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo be: “Miawo la miedo dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me; eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene, bena miaɖu nu, eye miano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye fiaɖuƒe la me, eye miabɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi, be miadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wuieveawo.” (Luka 22:28-30) Nubabla tɔxɛ aɖe si Yesu wɔ kple nɔvia 144,000 siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii la ƒe nya gblɔmee wònɔ, eye amesiawo anye ‘nuteƒewɔlawo yiɖase ɖe ku me’ ahaɖo kpe edzi be yewonye ‘aʋadziɖulawo.’—Nyaɖeɖefia 2:10; 3:21.
7 Ƒuƒoƒo sue sia me tɔwo ɖe asi le agbe tegbee si woanɔ le anyigba dzi abe amegbetɔwo ene la ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋu. Woaɖu fia kple Kristo le dziƒo, woanɔ fiazikpuiwo dzi adrɔ̃ ʋɔnu ameƒomea. (Nyaɖeɖefia 20:4, 6) Mina míadzro mawunyakpukpui bubu siwo ku ɖe amesiaminawo ɖeɖeko ŋu, siwo ɖe nusitae ‘alẽ bubuawo’ meɖua Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo o me, la me.—Yohanes 10:16.
8. Ne amesiaminawo ɖu aboloa la, nuka fiamee wole? (Kpɔ aɖaka si le axa 23.)
8 Amesiaminaawo kpea fu kple Kristo, eye wolɔ̃na faa be yewoku abe eyama ene. Paulo si nye ƒuƒoƒo ma me tɔ ɖeka gblɔ be yele klalo be yeatsɔ nusianu si hiã la asa vɔe ale be “nye asi nasu Kristo dzi, bene madze si eyama kple eƒe tsitretsitsi ƒe ŋusẽ kple eƒe fukpekpewo ƒe hadede.” Ẽ, Paulo lɔ̃ faa be yeasɔ “kplii le eƒe ku me,” si fia be yeaku eƒe ku tɔgbe. (Filipitɔwo 3:8, 10) Kristotɔ amesiamina geɖe do dzi le ‘fu siwo Yesu kpe vaseɖe ku me la tɔgbe’ me esime wonɔ anyigba dzi.—Korintotɔwo II, 4:10.
9. Ŋutilã kae Ŋkuɖodziboloa tsi tre ɖi na?
9 Esi Yesu nɔ Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖom anyi la, egblɔ be: “Esia nye nye ŋutilã.” (Marko 14:22) Eƒe ŋutilã ŋutɔŋutɔ si woaƒo wòato ʋu ŋue wònɔ nu ƒom le. Abolo maʋamaʋã sɔ nyuie ŋutɔ na eƒe ŋutilã ma. Nukatae? Elabena le Biblia me la, amɔʋãnu ate ŋu atsi tre ɖi na nuvɔ̃ alo vɔ̃ɖinyenye. (Mateo 16:4, 11, 12; Korintotɔwo I, 5:6-8) Ame debliboe Yesu nye, eye nuvɔ̃ aɖeke menɔ eƒe ŋutilã ŋu o. Atsɔ ŋutilã deblibo ma ana wòanye avulévɔsa. (Hebritɔwo 7:26; Yohanes I, 2:2) Esia wɔwɔ aɖe vi na Kristotɔ wɔnuteƒewo katã, eɖanye dziƒoyiyie wole mɔ kpɔm na loo, alo agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzie o.—Yohanes 6:51.
10. Mɔ ka nue amesiwo noa Ŋkuɖodzi wein la ‘dea ha kple Kristo ƒe ʋu la’ le?
10 Paulo ŋlɔ tso wein si Kristotɔ amesiaminawo nona le Ŋkuɖodzia ɖuƒe ŋu be: “Yayrakplu, si míeyrana la, menye Kristo ƒe ʋu la ƒe hadedee [wònye oa]?” (Korintotɔwo I, 10:16) Mɔ ka nue amesiwo noa wein la ‘dea ha kple Kristo ƒe ʋu la’ le? Le nyateƒe me la, womekpɔa gome le tafea nana me o, elabena woa ŋutɔwo hã wohiã fexexeɖeta. Esi woxɔ Kristo ƒe ʋua ƒe ameɖeŋusẽ dzi se ta la, wotsɔ woƒe nuvɔ̃wo ke wo eye wobu wo ame dzɔdzɔewoe be woanɔ agbe le dziƒo. (Romatɔwo 5:8, 9; Tito 3:4-7) Kristo ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la dzie woto “kɔ” hadomenyila 144,000 la ŋu, ɖe wo ɖe vovo, klɔ woƒe nuvɔ̃wo ɖa be woanye “ame kɔkɔewo.” (Hebritɔwo 10:29; Daniel 7:18, 27; Efesotɔwo 2:19) Ẽ, ʋu si Kristo kɔ ɖi la dzie wòto “ƒle [amewo] tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me . . . eye [wòwɔ] wo fiawo kple nunɔlawo na mía Mawu, eye woaɖu fia [ɖe] anyigba la dzi.”—Nyaɖeɖefia 5:9, 10.
11. Nukae amesiaminawo ɖena fiana ne wono Ŋkuɖodzi wein la?
11 Esi Yesu nɔ eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖom anyi la, etsɔ kplu si me wein le na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo hegblɔ be: “Mi katã mino le enu; elabena esiae nye nye ʋu, si nye nubabla yeye la tɔ, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la.” (Mateo 26:27, 28) Abe alesi ko nyitsuwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu na asixɔxɔ va nɔ Se ƒe nubabla si nɔ Mawu kple Israel-dukɔa dome ŋu ene la, nenema kee Yesu ƒe ʋu la na asixɔxɔ va le nubabla yeye si Yehowa wɔ kple gbɔgbɔ me Israel tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la ŋu. (Mose II, 24:5-8; Luka 22:20; Hebritɔwo 9:14, 15) Ne amesiaminawo no wein si nye kpɔɖeŋu na ‘nubablaa ƒe ʋu’ la, woɖenɛ fiana be woxɔ yewo ɖe nubabla yeyea me eye ele vi ɖem na yewo.
12. Alekee wonyrɔa amesiaminawo ɖe Kristo ƒe ku mee?
12 Wogaɖoa ŋku nu bubu aɖe hã dzi na amesiaminawo. Yesu gblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo be: ‘Kplu, si ke nye ŋutɔ mano la, mianoe, eye nyɔnyrɔnana, si woatsɔ anyrɔ nye ŋutɔ la, woatsɔ anyrɔ miawo hã.’ (Marko 10:38, 39) Emegbe apostolo Paulo ƒo nu tso Kristotɔwo ŋu be ‘wonyrɔ wo ɖe Kristo ƒe ku me.’ (Romatɔwo 6:3) Amesiaminawo nɔa ɖokuitsɔtsɔsavɔgbe. Vɔsakue wokuna elabena woɖe asi le agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋu. Kristotɔ amesiamina siawo nyɔnyrɔ ɖe Kristo ƒe kua me wua enu ne wofɔ wo wozu gbɔgbɔmenuwɔwɔwo le woƒe ku megbe, ale be ‘woaɖu fia kple Kristo le dziƒo.’—Timoteo II, 2:10-12; Romatɔwo 6:5; Korintotɔwo I, 15:42-44, 50.
Kpɔɖeŋunuawo Zazã
13. Nukatae amesiwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la meɖua aboloa henoa wein la le Ŋkuɖodzia ɖuƒe o, gake nukatae wodea Ŋkuɖodzia ɖo?
13 Esi wònye nusiawo katãe hiã hafi ame adze aɖu abolo ahano wein si wotsɔna tsanae le Ŋkuɖodzia ɖuƒe ta la, edze ƒã be masɔ be amesiwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la nakpɔ gome le wo me o. Amesiwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le ŋutɔ nyae be yewomenye Kristo ƒe ŋutilã la me tɔ amesiaminawo o, eye be yewomele nubabla yeye si Yehowa wɔ kple amesiwo aɖu fia kple Yesu Kristo la me hã o. Esi wònye “kplu” la tsi tre ɖi na nubabla yeyea ta la, amesiwo le nubabla yeyea me koe zãa kpɔɖeŋunuawo. Womenyrɔ amesiwo le mɔ kpɔm na anyigba dzi nɔnɔ tegbee le blibodede me le Fiaɖuƒea te la ɖe Yesu ƒe ku me o, eye womeyɔ wo be woava ɖu fia le dziƒo hã o. Ne wozãa kpɔɖeŋunuawo la, afia be wole gome kpɔm le nane si womedze na o me. Esia tae womezãna kpɔɖeŋunuawo o, togbɔ be wodea Ŋkuɖodzia hedea bubu wɔnaa ŋu hã. Wodana akpe ɖe nusiwo katã Yehowa to Via dzi wɔ na wo la ta, eye nusiawo dometɔ aɖee nye alesi wòato Kristo ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la dzi atsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake woe.
14. Aleke aboloa ɖuɖu kple wein la nono doa ŋusẽ amesiaminawo le gbɔgbɔ mee?
14 Eteƒe madidi o, woawu Kristotɔ siwo woyɔ be woaɖu dzi kple Kristo le dziƒo la nu ƒoƒo ƒu nu keŋkeŋ ɖe dziƒo. Ŋkuɖodzi kpɔɖeŋunu siwo amesiaminaawo zãna la doa ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me vaseɖe esime woawu woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ gbenɔnɔa nu le anyigba dzi. Enana ɖekawɔwɔ si le wo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu bubu siwo nye Kristo ƒe ŋutilãa me tɔwo dome la me sẽna ɖe edzi. Kpɔɖeŋuboloa ɖuɖu kple wein la nono ɖoa ŋku edzi na wo be agba le wo dzi be woayi edzi awɔ nuteƒe vaseɖe ku me ke.—Petro II, 1:10, 11.
“Nusiwo Le Anyigba dzi” Nu Ƒoƒo Ƒu
15. Amekawo hã nue woƒo ƒu kpe ɖe Kristotɔ amesiaminawo ŋu?
15 Tso ƒe 1930-awo ƒe domedome yina la, ‘alẽ bubuawo’ me tɔ siwo menye “ha sue” la me tɔwo o, siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi, eye wole mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la va wɔ ɖeka kple amesiaminaawo. (Yohanes 10:16; Luka 12:32; Zaxarya 8:23) Wova zu Kristo nɔviwo ƒe zɔhɛ kplikplikpliwo, eye wokpea asi ɖe gbeƒã ɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” ŋu be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã. (Mateo 24:14; 25:40) To esia wɔwɔ me la, woɖee fia be yewodze be Kristo nabu yewo eƒe “alẽwo,” ne eva ʋɔnu drɔ̃ ge dukɔwo, ahada yewo ɖe eƒe “nuɖusi me” si fia be ekpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu. (Mateo 25:33-36, 46) Ne woxɔ Kristo ƒe ʋua dzi se la, ekema woanye “ameha gã” si atsi agbe le “xaxa gã” me la me tɔwo.—Nyaɖeɖefia 7:9-14.
16. Amekawoe anɔ “nusiwo le anyigba dzi” la dome, eye aleke mɔnukpɔkpɔ asu amesiawo katã si be woazu “mawuviwo”?
16 Ame 144,000-awo nu ƒoƒo ƒu keŋkeŋ ana woaɖe asi le tsɔtsrɔ̃ ƒe “ya” la ŋu wòatsrɔ̃ Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia ƒe ɖoɖowo. (Nyaɖeɖefia 7:1-4) Le Kristo kple ehati fia nunɔlawo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, woafɔ ame kuku gbogbo aɖewo woava nɔ ameha gã la me tɔwo dome. (Nyaɖeɖefia 20:12, 13) Mɔnukpɔkpɔ asu amesiawo si be woava zu Mesia Fia, Kristo Yesu teviwo le anyigba dzi tegbee. Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, woado amesiawo, siwo nye “nusiwo le anyigba dzi” la akpɔ zi mamlɛtɔ. Woaxɔ amesiwo awɔ nuteƒe la woazu “mawuviwo” le anyigba dzi.—Efesotɔwo 1:10; Romatɔwo 8:21; Nyaɖeɖefia 20:7, 8.
17. Aleke Yehowa ƒe tameɖoɖo ava emee?
17 Eyata Yehowa ato eƒe “ɖoɖo” si me nunya gãtɔ kekeake dze le sia dzi ana eƒe tameɖoɖo nava eme, si nye be “woaƒo nuwo katã nu ƒu ade ta ɖeka te le Kristo me, nusiwo le dziƒo kple nusiwo le anyigba dzi.” Ŋutifafa anɔ nuwɔwɔ nyanu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi, siwo nu woaƒo ƒu le xexeame la dome, eye woabɔbɔ ɖe Tameɖola Gãtɔ, Yehowa, ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe la te dzidzɔtɔe.
18. Viɖe kae amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo siaa akpɔ tso Ŋkuɖodzia dede me?
18 Ðe ƒu ƒoƒo ɖekae le April 12, 2006 dzi mado ŋusẽ amesiamina ʋɛ siwo li kple woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo me tɔ miliɔn geɖeawo ƒe xɔse ŋutɔ oa? Woaɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia, abe alesi Yesu de see ene, be: “Minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19, NW) Mina mí amesiwo katã ade wɔnaa teƒe la míaɖo ŋku nusi Yehowa wɔ na mí to Via lɔlɔ̃a, Kristo Yesu dzi, la dzi.
Numetoto
• Tame kae Yehowa ɖo ɖe nusiwo le dziƒo kple nusiwo le anyigba dzi ŋu?
• Amekawoe nye “nusiwo le dziƒo” la, eye aleke woƒo wo nu ƒui?
• Amekawoe nye “nusiwo le anyigba dzi,” eye mɔkpɔkpɔ kae le wo si?
[Aɖaka si le axa 23]
“Kristo ƒe Ŋutilã”
Le Korintotɔwo I, 10:16, 17 la, Paulo zã nya “ŋutilã” le mɔ tɔxɛ aɖe nu esi wònɔ gɔmesese si le aboloa ŋu na Kristo nɔvi siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la me ɖem. Egblɔ be: “Abolo, si míekana la, menye Kristo ƒe ŋutilã ƒe hadedee [oa]? Elabena abolo ɖekae, ŋutilã ɖeka mí ame geɖewo míenye, elabena mí katã míeɖua abolo ɖeka la ƒe ɖe.” Ne Kristotɔ amesiaminawo ɖu Ŋkuɖodziboloa la, woʋua eme be yewowɔ ɖeka le amesiaminawo ƒe hamea me, esi le abe ŋutilã si ƒe Tae Kristo nye la ene.—Mateo 23:10; Korintotɔwo I, 12:12, 13, 18.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]
Nukatae amesiaminawo koe ɖua aboloa henoa wein la?
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Yehowa ato eƒe ɖoɖoa dzi ana nuwɔwɔ siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la nawɔ ɖeka