-
Edo Gbe Ða Esime Wòle Nu Xam VevieYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
Yesu tsi dzi vevie ɖe vlododo si ava Fofoa ƒe ŋkɔ dzi ne wowu ye abe nu vlo wɔla ene la ŋu. Yehowa hã nɔ Via ƒe gbedodoɖawo sem, eye wòdɔ eƒe dɔla aɖe ɖa wòva do ŋusẽe. Gake esia mewɔe be Yesu dzudzɔ kokoƒoƒo na Fofoa o, ke boŋ ‘egado gbe ɖa vevie wu.’ Etsi dzodzodzoe ale gbegbe. Agba kpekpe ka gbegbee nye esi le edzi! Eya ŋutɔ kple amegbetɔ siwo si xɔse le la ƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ nɔ te ɖe eya amea dzi. Le nyateƒe me la, “eƒe fifia zu abe ʋu ene le gegem ɖe anyigba.”—Luka 22:44.
-