-
“Kristo Nye Mawu Ƒe Ŋusẽ”Te Ðe Yehowa Ŋu
-
-
‘Esẽ Ŋu Le Nya Me’
8. Esi Mawu si ami na Yesu megbe la, nu kae wòna ŋusẽe be wòawɔ, eye aleke wòzã eƒe ŋusẽ lae?
8 Edze ƒãa be Yesu mewɔ nukunu aɖeke esime wònye ŋutsuvi dzaa si nɔ tsitsim le Nazaret o. Gake nuwo trɔ esi wonyrɔe ɖe tsi me le ƒe 29 K.Ŋ. me, esime wòxɔ abe ƒe 30 ene. (Luka 3:21-23) Biblia gblɔ na mí be: “Mawu tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe kple ŋusẽ si ami nɛ, eye wòyi ɖato anyigba blibo la dzi nɔ nyui wɔm henɔ dɔ dam na ame siwo katã Abosam te ɖe anyi.” (Dɔwɔwɔwo 10:38) “Nɔ nyui wɔm”—ɖe nyagbɔgblɔ sia mefia be Yesu zã eƒe ŋusẽ ɖe mɔ nyuitɔ nu oa? Esi wosi ami nɛ vɔ la, eva “zu nyagblɔɖila sẽŋu le nya kple nuwɔna me.”—Luka 24:19.
9-11. (a) Afi kae Yesu fia nu le zi geɖe, eye kuxi kae dze ŋgɔe? (b) Nu ka tae ale si Yesu fiaa nui la wɔ nuku na amehawo?
9 Mɔ ka nue Yesu sẽ ŋu le nya me le? Gaglãgbe ye wòfia nu le zi geɖe—le tawo to kple towo dzi, le ablɔwo kple asiwo me. (Marko 6:53-56; Luka 5:1-3; 13:26) Eƒe nyaselawo ate ŋu atrɔ adzo faa ne eƒe nyawo melé dzi na wo o. Ɣemaɣi si wometo agbalẽtata vɛ haɖe o la, ele be nyasela siwo tsɔ ɖe le eƒe nyawo me nalé nyaawo ɖe woƒe susu kple dzi me. Eya ta ele be Yesu ƒe nufiafia nalé dzi na ame le go sia go me, egɔme nanya se keŋ, eye woate ŋu aɖo ŋku wo dzi bɔbɔe. Gake kuxi sia medo kplamatsɛ Yesu o. Le kpɔɖeŋu me, bu eƒe Todzimawunyaa ŋu kpɔ.
10 Gbe ɖeka ŋdi le ƒe 31 K.Ŋ. ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, ameha aɖe va ƒo ƒu ɖe togbɛ aɖe dzi le Galilea-ƒua gbɔ. Wo dometɔ aɖewo tso Yudea kple Yerusalem, si gbɔ didi anye kilometa 100 va ɖo 110. Wo dometɔ bubuwo tso Tiro kple Sidon siwo le dziehe gome la ƒe ƒuta nutowo me. Dɔnɔ geɖe te ɖe Yesu ŋu be yewoaka asi eŋu, eye wòda gbe le wo ŋu. Esi ame aɖeke meganɔ wo dome si nɔ dɔ sesẽ aɖeke lém o la, ete nufiafia wo. (Luka 6:17-19) Ɣeyiɣi aɖe megbe esi wòwu eƒe nyawo nu la, nya siwo ameawo se na woƒe nu ku ale gbegbe. Nu ka tae?
11 Le ƒe aɖewo megbe la, ame aɖe si ɖo to se mawunya ma ŋlɔ bena: “Amehawo ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta, elabena efia nu wo abe ame si si ŋusẽ le ene.” (Mateo 7:28, 29) Yesu ƒo nu kple ŋusẽ, eye wote ŋu see le wo ɖokui me. Eƒo nu ɖe Mawu nu eye Mawu ƒe Nya la nye ŋusẽ si wòtsɔ ɖo kpe eƒe nufiafia dzi. (Yohanes 7:16) Yesu ƒe nyawo me kɔ, eƒe nuxlɔ̃amewo wɔa dɔ ɖe ame dzi, eye womate ŋu ake ɖi le eƒe numeɖeɖewo ŋu o. Eƒe nyawo ɖoa nu si ŋu wòle nu ƒom le la ƒe ke gbɔ eye wòdea dzi gbɔ na nyaselawo. Efia ale si woawɔ ake ɖe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu, ale si woado gbe ɖa, ale si woadi Mawu Fiaɖuƒea, kple ale si woawɔ ɖoɖo ɖe etsɔme si li ke ŋu la wo. (Mateo 5:3–7:27) Eƒe nyawo ʋã dzi na ame siwo nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ nɔ wuwum. Ame siawo lɔ̃ faa be ‘yewoagbe nu le yewo ɖokui gbɔ’ ahagblẽ nu sia nu ɖi ava dze eyome. (Mateo 16:24; Luka 5:10, 11) Ŋusẽ si le Yesu ƒe nyawo ŋu la ŋuti ɖaseɖiɖi nyui kae nye esi!
‘Esẽ Ŋu Le Nuwɔna Me’
12, 13. Gɔmesese ka nue Yesu “sẽ ŋu le nuwɔna me” le, eye nukunu hamehame kawoe wòwɔ?
12 Yesu ‘sẽ ŋu le nuwɔna me’ hã. (Luka 24:19) Nyanyuigbalẽawo ka nya ta tso nukunu siwo wòwɔ la dometɔ siwo wu 30 koŋ ŋu—‘Yehowae na ŋusẽe’ wòwɔ nukunu siawo katã.b (Luka 5:17) Yesu ƒe nukunuawo kpɔ ŋusẽ ɖe ame akpe geɖe ƒe agbe dzi. Bu nukunuawo dometɔ eve pɛ ko ŋu kpɔ—esi me wòna nuɖuɖu ŋutsu 5,000 kple emegbe ŋutsu 4,000. Ne wotsɔ nyɔnuwo kple ɖeviwo kpee la, ameha ma ade akpe geɖe!—Mateo 14:13-21; 15:32-38.
13 Yesu wɔ nukunu hamehamewo. Ekpɔ ŋusẽ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi henya wo do goe bɔbɔe. (Luka 9:37-43) Ekpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmenuwo hã dzi, hetrɔ tsi wòzu wain. (Yohanes 2:1-11) Kpɔ ale si gbegbe wòanya wɔ nuku na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖa esi ‘wokpɔe wònɔ ƒua dzi zɔm gbɔna.’ (Yohanes 6:18, 19) Ekpɔ ŋusẽ ɖe dɔléle dzi, eye wòda nuwɔamewo, dɔlémafɔewo kple dɔ vɔ̃ɖi wuamewo hã. (Marko 3:1-5; Yohanes 4:46-54) Eda dɔ siawo le mɔ vovovowo nu. Yesu nɔ adzɔge da gbe le ame aɖewo ŋu, eye wòka asi ame bubuwo ya ŋu ŋutɔŋutɔ. (Mateo 8:2, 3, 5-13) Eda dɔ na ame aɖewo enumake, eye wòdae na ame bubuwo vivivi.—Marko 8:22-25; Luka 8:43, 44.
“Wokpɔ Yesu wòle ƒua dzi zɔm gbɔna”
14. Nɔnɔme kawo mee Yesu ɖee fia le be yekpɔ ŋusẽ axɔ ame tso ku me?
14 Eɖe dzesi ŋutɔ be ŋusẽ le Yesu si be wòaxɔ ame tso ku me. Le nudzɔdzɔ etɔ̃ siwo woŋlɔ ɖi me la, efɔ ame kukuwo ɖe tsitre, esime wògbɔ agbe nyɔnuvi ƒe 12 vi aɖe na edzilawo, egbɔ agbe vi ɖekɛ aɖe na dadaa si nye ahosi, eye wògbɔ agbe ŋutsu aɖe si nɔvianyɔnuwo lɔ̃ vevie la na wo. (Luka 7:11-15; 8:49-56; Yohanes 11:38-44) Naneke mesẽ nɛ akpa o. Efɔ nyɔnuvi ƒe 12 vi la tso kuba dzi, esi wòku eteƒe medidi o. Efɔ ahosia ƒe viŋutsuvia esime wònɔ nu si dzi wokɔe ɖo yina ɖiɖi ge la dzi, eye ɖikeke mele eme o be gbe si gbe wòku lae wòfɔe. Eye efɔ Lazaro tso yɔdo si me woɖii ɖo me le eƒe ku ŋkeke ene megbe.
-