INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Àte Ŋu Ayi Edzi Awɔ Nuteƒe Abe Petro Ene
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023 | September
    • 1. Aleke Petro se le eɖokui me esi Yesu kpe ɖe eŋu wòɖe lã nukutɔe?

      PETRO nɔ tɔ dzi zã bliboa gake mekpɔ lã aɖeke ɖe o. Yesu gblɔ nɛ be: “Ku ʋua yi afi si goglo, ne miaɖi miaƒe ɖɔawo aɖe lã.” (Luka 5:4) Petro meka ɖe edzi be yeakpɔ lã aɖe ya o, gake ewɔe abe ale si Yesu gblɔe ene. Esi eya kple ame siwo le eŋu da ɖɔa la, woɖe lã ale gbegbe be ɖɔawo te vuvu. Wode dzesii be nukunue Yesu wɔ; ale gbɔgblɔ bu ɖe wo. Enumake Petro gblɔ be: “Aƒetɔ, dzo le gbɔnye, elabena nu vɔ̃ wɔlae menye.” (Luka 5:​6-9) Anɔ eme be Petro se le eɖokui me be yemedze anɔ Yesu gbɔ o.

      2. Nu ka tae wònyo be míasrɔ̃ nu tso Petro ŋu?

      2 Nyateƒee Petro to; “nu vɔ̃ wɔlae” wònye. Ewɔa nanewo alo gblɔa nya aɖewo siwo va venɛ emegbe. Ðe nèsena le ɖokuiwò me abe Petro ene ɣeaɖewoɣia? Ðe nèle agbagba dzem be yeatu nɔnɔme nyui aɖe ɖoa, alo ɖe nèle avu wɔm kple gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe ɣeyiɣi didi aɖee nye esia? Ne nenemaea, ke Petro ƒe kpɔɖeŋua me dzodzro ade dzi ƒo na wò. Le mɔ ka nu? Bu nya sia ŋu kpɔ: Yehowa ate ŋu atiae be yemana woaŋlɔ vodada siwo Petro wɔa ɖe Biblia me o. Gake ena woŋlɔ wo ɖi ale be míasrɔ̃ nu tso eme. (2 Tim. 3:​16, 17) Ne míesrɔ̃ nu tso Petro ŋu eye míekpɔ agbagba siwo wòdze hafi te ŋu yi edzi subɔ Yehowa, akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be menye blibodede dim Yehowa le tso mía si o. Ke boŋ edi be míayi edzi asubɔ ye eye míagana ta o, togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le mía ŋu hã.

  • Àte Ŋu Ayi Edzi Awɔ Nuteƒe Abe Petro Ene
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023 | September
    • Apostolo Petro vɔ̃ eye eƒe nu ku esime woɖe lã gbogbo ale gbegbe be woƒe tɔdziʋua te toyiyi. Yesu le to ɖom Petro nyuie esime ŋutsu bubu aɖe ya le agbagba dzem be yeahe ɖɔawo.

      Ne nu si dzɔ ɖe Petro dzi la tɔgbi dzɔ ɖe dziwòa, nu kae nàwɔ? (Kpɔ memama 4 lia)

      4. Nya kae Petro gblɔ tso eɖokui ŋu le Luka 5:​5-10, eye aleke Yesu do ŋusẽe?

      4 Ŋɔŋlɔawo meƒo nu tso nu si tae Petro gblɔ be “nu vɔ̃ wɔlae” ye nye ŋu o eye megblɔ nu vɔ̃ siwo Petro anya wɔ hã na mí o. (Xlẽ Luka 5:​5-10.) Gake Petro anya wɔ vodada gã aɖewo. Yesu kpɔe be vɔvɔ̃ ɖoe le esi wòsusui be yemedze o ta. Ke hã enya be Petro ate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe. Eya ta egblɔ nɛ dɔmenyotɔe be, “mègavɔ̃ o.” Ale si Yesu ka ɖe Petro dzia wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Esia wɔe be emegbea, eya kple nɔvia Andrea ɖe asi le lãɖeɖedɔa ŋu eye wodze Mesia la yome. Yehowa yra wo ɖe esia ta.—Marko 1:​16-18.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe