INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ—2010 | March 1
    • Nu ka tae Yesu gblɔ be “ame aɖeke mekɔa wain yeye ɖe waingolo xoxowo me o”?

      ▪ Enye nu si bɔ le Biblia ŋlɔɣiwo be wokɔa wain ɖe lãgbalẽgolowo me. (Yosua 9:13) Aƒemelãwo, abe gbɔ̃ ene, ƒe agbalẽ bliboe wotsɔna wɔa lãgbalẽgolo siawoe. Ne wowu lãa heɖe ta kple afɔwo le eŋu vɔ la, womekonɛ o, ke boŋ wotrea ayia le eŋu aɖaŋutɔe. Woƒlɔa fu le eŋu wòzua lãgbalẽ, eye wotɔa teƒe siwo katã woɖe eƒe ta kple afɔwo le la nu hegblẽa ɖeka ko ɖi be wòanye goloa ƒe nu gbɔ. Wotsɔa nu tua enu alo tsɔa ka blanɛ.

      Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, lãgbalẽa va ƒuna ale gbegbe be megate ŋu dena o. Eya ta mesɔ be woakɔ wain matsimatsi ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o. Ne menye nenema o la, ne ahaa va le tsitsim la, lãgbalẽgolo xoxo si megate ŋu le dedem o la awó. Gake esi lãgbalẽgolo yeye te ŋu dena ta la, mate ŋu awó ne wain yeyea va le tsitsim o. Eya ta nane si ŋu ame geɖe nya nu tso nyuie le eƒe ɣeyiɣia me la ŋue Yesu ƒo nu tso. Egblɔ nu si adzɔ ne wokɔ wain yeye ɖe lãgbalẽgolo xoxo me la be: “Ekema wain yeye la ana goloawo nawó, eye wòaƒu gbe, eye waingoloawo dome agblẽ. Ke boŋ ele be woakɔ wain yeye ɖe waingolo yeyewo me.”—Luka 5:37, 38.

  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ—2010 | March 1
    • [Nɔnɔmetata si le axa 15]

      Adekpuidala aɖe ƒe nɔnɔmetata

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe