Viɖe Siwo Tsoa Mawu Ƒe Nya La Lɔlɔ̃ Me
“[Lɔ̃ nunya], ekema akpɔ tawò. . . . Akplɔ bubu aƒu wò, ne èkpla asi kɔ nɛ.”—LODODOWO 4:6, 8.
1. Nukae Mawu ƒe Nya la lɔlɔ̃ ŋutɔŋutɔ bia?
EHIà be Kristotɔ naxlẽ Biblia. Gake exexlẽ dzro ko mefia be elɔ̃ Mawu ƒe Nya la o. Ke ne ame aɖe xlẽa Biblia gake wɔa nusiwo ŋu Biblia ƒo nu tsi tre ɖo ya ɖe? Edze ƒã be melɔ̃ Mawu ƒe Nya la abe alesi Psalmo 119 lia ŋlɔla lɔ̃e ene o. Mawu ƒe Nya la lɔlɔ̃ ʋãe be wònɔ agbe ɖe eƒe nudidiwo nu.—Psalmo 119:97, 101, 105.
2. Vi kawoe wòɖena ne nunya si wotu ɖe Mawu ƒe Nya la dzi le ame si?
2 Agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe Nya la ƒe nudidiwo nu bia be woanɔ asi trɔm le ame ƒe nukpɔsusu kple alesi wònɔa agbee ŋu edziedzi. Nuwɔwɔ alea fia be mawumenunya, si fia be woatsɔ sidzedze kple nugɔmesese si wokpɔ tso Biblia sɔsrɔ̃ me awɔ dɔe la, le ame si. “[Lɔ̃ nunya], ekema akpɔ tawò. Kɔe ɖe dzi, ne wòakɔ wò ɖe dzi, akplɔ bubu aƒu wò, ne èkpla asi kɔ nɛ. Aɖɔ seƒoƒotsihe nyui ɖe ta na wò, eye wòana fiakuku dzeani wò.” (Lododowo 4:6, 8, 9) Dzideƒo nyui ka gbegbee nye esi wònye be míatu lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nya la ɖo bene wòakplɔ míi! Amekae medi be woakpɔ ye ta, woakɔ ye ɖe dzi, ahade bubu ye ŋu o?
Takpɔkpɔ tso Nuveviwɔame Mavɔ Me
3. Nukatae wòle be woakpɔ Kristotɔwo ta fifia wu tsã, eye ameka si mee wòle be woakpɔ wo ta tsoe?
3 Aleke nunya si wokpɔ tso Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple etsɔtsɔ wɔ dɔe me kpɔa ame tae? Mɔ ɖekae nye be ekpɔa ame ta tso Satana Abosam si me. Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be woaɖe wo tso vɔ̃ɖitɔ si nye Satana si me. (Mateo 6:13) Eva hiã vevie egbea be míade nubiabia sia míaƒe gbedodoɖawo me. Wonyã Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le dziƒo le ƒe 1914 megbe, eye ewɔe be “dzi le [Satana kum] ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” (Nyaɖeɖefia 12:9, 10, 12) Le ɣeyiɣi mamlɛtɔ sia me la, eƒe dzikua nu anya sẽ ŋutɔ, le esi wòle aʋa wɔm kple “amesiwo léa Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la” dzidzedze makpɔmakpɔtɔe ta.—Nyaɖeɖefia 12:17.
4. Aleke wokpɔa Kristotɔwo ta tso Satana ƒe nyaƒoɖeamenuwo kple mɔ̃wo mee?
4 Dzi le Satana kum, ale be wòle dɔ dzi le nya dim na Kristotɔ subɔla siawo eye wòna wotia wo yome tagbɔsesẽtɔe alo nana nu bubuwo doa kplamatse woƒe dɔa. Edi hã be yeable Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ne woatrɔ susu ɖe nanewo abe ŋkɔxɔxɔ le xexeame, didi be woanɔ agbe bɔkɔɔ, kesinɔnuwo didi, kple agbeɖuɖu yomenɔnɔ ene ŋu tsɔ wu be woƒe susu nanɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa boŋ ŋu. Nukae kpɔa Mawu subɔla wɔnuteƒewo ta be womenaa ta le Satana ƒe nyaƒoɖeamenuawo te loo alo nana eƒe mɔ̃ siawo ɖea wo o? Ðikeke mele eme o be gbedodoɖa, ƒomedodo kplikplikpli si anɔ wo kple Yehowa dome, kpakple eƒe ŋugbedodo siwo ŋu kakaɖedzi le la dzixɔxɔse hiã. Gake nusiawo katã do ƒome kple sidzedze ŋkuɖodzinya siwo le Mawu ƒe Nya la me kple eɖoɖo kplikpaa be woawɔ ɖe wo dzi. Ŋkuɖodzinya siawo sua ame si to Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo xexlẽ, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede, aɖaŋu si nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi si haxɔsetɔ aɖo dzi wɔwɔ, alo gbedodoɖa ahade ŋugble le Biblia me gɔmeɖose siwo dzi Mawu ƒe gbɔgbɔa aɖo ŋkui na mí ŋu la me.—Yesaya 30:21; Yohanes 14:26; Yohanes I, 2:15-17.
5. Mɔ kawo nue nunya si tso Mawu ƒe Nya la me kpɔa mía ta le?
5 Wogakpɔa amesiwo lɔ̃a Mawu ƒe Nya la ta to mɔ bubuwo nu. Le kpɔɖeŋu me, woƒoa asa na seselelãme ƒe fuɖename kple ŋutilãme dɔléle siwo doa go tsoa nanewo abe atikevɔ̃ɖizazã, atamanono, kple gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ene me. (Korintotɔwo I, 5:11; Korintotɔwo II, 7:1) Womegblɔa amenya alo gblɔa nya tɔamewo tsɔ gblẽa amewo dome o. (Efesotɔwo 4:31) Womeva nɔa xexemenunya fluamewo me kum hezua ɖikelawo hã o. (Korintotɔwo I, 3:19) Le esi wolɔ̃a Mawu ƒe Nya la ta la, ekpɔa wo ta tsoa nusiwo agblẽ wo kple Mawu dome si ana woabu agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa la me. Wonɔa dɔ dzi atraɖii be yewoakpe ɖe yewo haviwo ŋu be woaxɔ ŋugbedodo nyui siwo le Biblia me dzi ase, eye wonyae be nusia wɔwɔ ana ‘yewoaxɔ yewo ŋutɔ kple amesiwo ɖoa to yewo la ɖe agbe.’—Timoteo I, 4:16.
6. Aleke nunya si tso Mawu ƒe Nya la me ate ŋu akpɔ mía ta le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã mee?
6 Nyateƒe wònye be “azãgbe kple nuɖiɖeame li na” amesiame—eli na amesiwo lɔ̃a Mawu ƒe Nya la gɔ̃ hã. (Nyagblɔla 9:11) Ate ŋu adzɔ be dzɔdzɔmefɔkuwo, dɔléame sesẽwo, afɔkuwo, alo ku kpata nadzɔ ɖe mía dometɔ aɖewo dzi. Ke hã wokpɔa mía ta. Dzɔgbevɔ̃e aɖeke mate ŋu awɔ nuvevi mavɔ amesi lɔ̃a Mawu ƒe Nya la le nyateƒe me o. Eyata mele be míatsi dzi kakaka ɖe nusi ava dzɔ ɖe mía dzi le etsɔme ŋu o. Ne míewɔ nusianu si sɔ be míatsɔ akpɔ mía ɖokui tae vɔ la, anyo be míagblẽ nuwo ɖe Yehowa si me eye míagana egbeŋkekeawo ƒe dediemanɔmanɔ nana míade vovo ge ado kpoe o. (Mateo 6:33, 34; Filipitɔwo 4:6, 7) Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le kple agbenɔnɔ si nyo wu si ava ne Mawu ‘wɔ nuwo katã yeyee’ la nenɔ susu me na wò.—Nyaɖeɖefia 21:5; Yohanes 11:25.
Ðee Fia be Yenye “Anyigba Nyui”
7. Lo kae Yesu do na ameha siwo va be yewoase eƒe nyawo?
7 Wote gbe ɖe alesi wòle vevie be nukpɔsusu nyui nanɔ mía si le Mawu ƒe Nya la ŋui dzi le Yesu ƒe lododowo dometɔ ɖeka me. Esime Yesu nɔ gbeƒã ɖem nyanyuia le Palestina katã la, amehawo va ƒoa ƒu sea eƒe nyawo. (Luka 8:1, 4) Gake menye wo katãe lɔ̃ Mawu ƒe Nya la ŋutɔŋutɔ o. Ðikekemanɔmee la, ame geɖe va sea eƒe nyawo le esi wodi be yewoakpɔ nukunuwo alo le esi mɔ wɔnuku si dzi wòfiaa nu toe vivia wo nu ta. Eyata Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe na amehaawo be: “Nukuwula do go yi eƒe nuku wu ge; eye esi wòle ewum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye woɖo afɔ edzi, eye dziƒoxeviwo va mii. Eye bubu ge ɖe kpe gbadza dzi, eye wòmie, eye wòyrɔ, elabena mekpɔ vɔnyigba o. Ke bubu ge ɖe ŋuwo me, eye ŋuawo mie kplii, eye wovu tsyɔ edzi. Eye bubu ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye wòmie eye wòtse teƒe alafa.”—Luka 8:5-8.
8. Le Yesu ƒe lododoa me la, nukae nye nuku la?
8 Yesu ƒe lododoa fia be le nyaselawo ƒe dzi ƒe nɔnɔme ta la, alesi woaxɔ nyanyuiae anɔ vovovo. Nuku si wum wole lae nye “Mawu ƒe nya.” (Luka 8:11) Alo abe alesi nuŋlɔɖi bubu si me lododo sia le gblɔe ene la, nukuae nye “fiaɖuƒe la ŋutinya.” (Mateo 13:19) Yesu ate ŋu azã nyagbɔgblɔ evea siaa, elabena Mawu ƒe Nya la ƒe tanyae nye Dziƒofiaɖuƒe si le Yesu Kristo, Fia la te, amesi dzi Yehowa ato aʋli eƒe dziɖulanyenye ta ahakɔ eƒe ŋkɔ ŋuti. (Mateo 6:9, 10) Ekema efia be nukuae nye nyanyui si le Mawu ƒe Nya, Biblia, la me ŋutinya. Yehowa Ðasefowo tea gbe ɖe gbedasi sia dzi esi wole nuku wum abe alesi Nukuwula gbãtɔ, si nye Yesu Kristo, wɔe ene. Aleke amewo xɔa nya lae?
9. Nukae nuku si ge ɖe (a) mɔ to; (b) kpe dzi; (d) ŋuwo me, tsi tre ɖi na?
9 Yesu gblɔ be nukua ɖewo ge ɖe mɔ to eye wozɔ wo dzi. Esia fia amesiwo ŋu vovo mele kura be Fiaɖuƒea ƒe kuwo namie ɖe woƒe dzi me o. Kaka woatu lɔlɔ̃ ɖo na Mawu ƒe Nya la, “Abosam vana, eye wòɖea nya la le woƒe dzi me yinɛ, bena woagaxɔ ase, eye woakpɔ ɖeɖe o.” (Luka 8:12) Nukua ɖewo ge ɖe kpe dzi. Esia ku ɖe amesiwo Biblia ƒe gbedasia dzɔa dzi na gake womenana wòkpɔa ŋusẽ ɖe woƒe dzi dzi o ŋuti. Ne tsitretsiɖeŋu dze ŋgɔ wo alo ne Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo aɖe dzi wɔwɔ sesẽ na wo ko la, “wodea megbe,” le esi ke meli na wo o ta. (Luka 8:13) Emegbe amesiwo sea nya la gake “agbagbadzedze kple kesinɔnuwo kple agbe ƒe dzidzɔwo” ɖua wo dzi hã li. Mlɔeba, abe alesi wònɔna le numiemie si ŋuwo bla gome ene la, ‘woyrɔna keŋkeŋ.’—Luka 8:14.
10, 11. (a) Amekawoe anyigba nyui la tsi tre ɖi na? (b) Nukae wòle be míawɔ be Mawu ƒe Nya la ‘natsi’ míaƒe dzime?
10 Mlɔeba la, nuku si ge ɖe anyigba nyui dzi hã li. Esia ku ɖe amesiwo tsɔa “dzi nyui, si dza” xɔa gbedasiae ŋu. Godoo la, mía dometɔ ɖesiaɖe axɔe se be yele hatsotso sia me. Gake le nuwuwua la, Mawu ƒe nukpɔsusue le vevie wu. (Lododowo 17:3; Korintotɔwo I, 4:4, 5) Eƒe Nya la ɖee fia be míaƒe nuwɔnawo, tso fifia vaseɖe esime míaku alo vaseɖe esime Mawu natsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi siae míatsɔ aɖo kpe edzi be “dzi nyui, si dza” le mía si. Ne míexɔ Fiaɖuƒegbedasia nyuie le gɔmedzedzea me la, enyo. Gake amesiwo si dzi nyui si dza le la xɔa Mawu ƒe Nya la eye ‘woléa eme ɖe asi sesĩe, eye wotsena le dzigbɔɖeanyi me.’—Luka 8:15.
11 Mɔ nyuitɔ kekeake si dzi míato ana Mawu ƒe Nya la natsi míaƒe dzime koe nye be míaxlẽe ahasrɔ̃e le mía ɖokui si kple le haxɔsetɔwo ƒe ha me. Esia bia be míaɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo katã wonaa mí to amesiwo wotia be woakpɔ Yesu yomedzela vavãwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ la dzi. (Mateo 24:45-47) To mɔ siawo dzi la, lɔlɔ̃ aʋã amesiwo Mawu ƒe Nya la tsi dzime na be ‘woatse ku le dzigbɔɖeanyi me.’
12. Ku kae wòle be míatse le dzidodo me?
12 Ku kae anyigba nyui la tsena? Le dzɔdzɔme nu la, nukuwo tsina va zua numiemie siwo tsea ku siwo me ku ma ke ƒomevi le, si wogawuna wògatsea ku. Nenema ke nya la ƒe ku tsina le amesiwo si dzi nyui si dza le la hã me, eye enana woyia ŋgɔ le gbɔgbɔ me vaseɖe esime woawo hã ƒãa nukua ɖe ame bubuwo ƒe dzi me. (Mateo 28:19, 20) Eye woƒe nukuwuwudɔa bia dzidodo. Yesu ɖe alesi dzidodo le vevie le nukua wuwu me fia esi wògblɔ be: “Amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe. Eye woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.”—Mateo 24:13, 14.
‘Kutsetse le Dɔ Nyui Ðesiaɖe Wɔwɔ Me’
13. Gbe kae Paulo do ɖa si me wòtsɔ kutsetse do ƒome kple sidzedze Mawu ƒe Nya la le?
13 Apostolo Paulo hã ƒo nu tso alesi wòhiã be míatse ku ŋuti, eye etsɔ kutsetse do ƒome kple Mawu ƒe Nya lae. Edo gbe ɖa be ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ yeƒe haxɔsetɔwo me fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me, bene woazɔ alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, atse ku le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.’—Kolosetɔwo 1:9, 10; Filipitɔwo 1:9-11.
14-16. Le ɖekawɔwɔ me kple Paulo ƒe gbedodoɖa la, ku kawo tsem amesiwo lɔ̃a Mawu ƒe Nya la le?
14 Eyata Paulo ɖee fia be Biblia me sidzedze ƒe amesisusu ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Ke boŋ lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nya la aʋã mí be ‘míazɔ alesi dze Yehowa’ to alesi míanɔ ‘ku tsem le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me’ la me. Dɔ nyui ka? Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒenyanyuia nye dɔ si ɖeke mesɔ kplii o na Kristotɔwo le ŋkeke mamlɛ siawo me. (Marko 13:10) Gakpe ɖe eŋu la, amesiwo lɔ̃a Mawu ƒe Nya la wɔa wo tɔ sinua dzɔa ga tsɔ doa alɔ dɔ siae. Mɔnukpɔkpɔ sia dzɔa dzi na wo, le esi wonya be ‘Mawu lɔ̃a amesi naa nu kple dzidzɔ’ ta. (Korintotɔwo II, 9:7) Wotsɔa woƒe nudzɔdzɔwo xea fe siwo wonyina le Betel-dɔwɔƒe alafa ɖeka kple edzivɔ dzi kpɔkpɔ me; Betel-ƒe siawo mee wokpɔa Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzi le eye wotaa Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo le teƒe siawo dometɔ aɖewo. Woƒe nudzɔdzɔwo gawɔnɛ be woxea Kristotɔwo ƒe takpekpe gãwo wɔfewo kple esiwo wotsɔ ɖoa dzikpɔla mɔzɔlawo, dutanyanyuigblɔlawo, kple ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla bubuwo ɖe dɔ gbe ŋuti fewo.
15 Dɔ nyui bubuwoe nye tadedeagu vavãtɔ wɔƒewo tutu kple beléle na wo. Lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nya la ʋãa esubɔlawo wokpɔa egbɔ be Takpexɔwo kple Fiaɖuƒe Akpatawo metsia anyi bemalémalé na wo o. (Tsɔe sɔ kple Nexemya 10:40.) Esi Mawu ƒe ŋkɔ dzena le xɔ siawo ŋgɔ ta la, ele vevie be wo me kple wo godo siaa nanɔ dzadzɛ ahanya kpɔ eye ele be mokaka naganɔ amesiwo dea ta agu le xɔ siawo me ŋu o. (Korintotɔwo II, 6:3) Kristotɔ aɖewo te ŋu wɔa geɖe wu nusiawo. Lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nya la ʋãa wo be wozɔa mɔ yia didiƒewo bene yewoakpe asi ɖe tadeaguƒe yeyewo tutu ŋu le xexeame ƒe akpa siwo hiahiãa le, le koɖoɖo alo dɔnyalawo ƒe anyimanɔmanɔ ta.—Korintotɔwo II, 8:14.
16 ‘Kutsetse le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me’ bia hã be woakpɔ ƒomegbanɔamedziwo gbɔ ahatsɔ ɖe le eme na hati Kristotɔwo. Lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu ƒe Nya la ʋãa mí be míetsona ɖe “haxɔsetɔwo” ŋu ne hiã tu wo eye ‘míesrɔ̃a mawusosroɖa le mía ŋutɔwo ƒe aƒewo me.’ (Galatiatɔwo 6:10; Timoteo I, 5:4, 8) Le nya sia gome la, dɔ nyui wònye be míayi aɖasrã dɔnɔwo akpɔ eye míafa akɔ na konyifalawo. Eye dɔ nyui ka gbegbee nye si wɔm hamemegãwo kple Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmiti me tɔwo le be wokpena ɖe amesiwo dzea ŋgɔ atikewɔnya sesẽwo ŋu! (Dɔwɔwɔwo 15:29) Azɔ afɔku siwo le dzidzim ɖe edzi hã li—wo dometɔ aɖewo nye dzɔdzɔmefɔkuwo eye bubuwo tso amegbetɔ ƒe bometsinuwɔnawo gbɔ. To Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu me la, wova nya Yehowa Ðasefowo le xexeame ƒe akpa geɖe be wotsona kaba naa kpekpeɖeŋu haxɔsetɔwo kple ame bubu siwo dzi afɔkuwo dzɔ ɖo. Nusiawo katã nye ku nyui siwo amesiwo lɔ̃a Mawu ƒe Nya la tsena.
Etsɔme Viɖe Nyuiwo
17, 18. (a) Nukae wote ŋu le wɔwɔm to Fiaɖuƒenukua wuwu me? (b) Nudzɔdzɔ siwo aʋuʋu anyigba la kawo teƒee Mawu ƒe Nya la lɔ̃lawo akpɔ kpuie?
17 Fiaɖuƒenukuwo ƒaƒã gakpɔtɔ le vi geɖe ɖem na ameƒomea. Le míaƒe ƒe siawo me la, ame 300,000 kple edzivɔ ɖea mɔ Biblia ƒe gbedasia miena ɖe woƒe dzi me kaka wova tsɔa woƒe agbe ɖea adzɔgbe na Yehowa tsɔa nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime ɖoa kpe edzii ƒe sia ƒe. Etsɔme nyui ka gbegbee nye si le wo lalam!
18 Mawu ƒe Nya la lɔ̃lawo nya be madidi o Yehowa Mawu atso ado gã eƒe ŋkɔa. Woatsrɔ̃ ‘Babilon Gã’ si nye alakpasubɔsubɔhawo ƒe xexemefiaɖuƒea. (Nyaɖeɖefia 18:2, 8) Emegbe Fia Yesu Kristo awu amesiwo gbe be yewomanɔ agbe ɖe Mawu ƒe Nya la nu o. (Psalmo 2:9-11; Daniel 2:44) Emegbe, Mawu ƒe Fiaɖuƒea ana gbɔdzɔe mavɔ naxɔ aƒe ɖi, hlɔ̃dodo, aʋawɔwɔ, kple afɔku bubuwo manɔmee. Magahiã be woanɔ akɔ fam na amewo le vevesese, dɔléle, kple ku ta o.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
19, 20. Etsɔme nyui kae le ŋgɔ na amesiwo lɔ̃a Mawu ƒe Nya la ŋutɔŋutɔ?
19 Dɔ nyui nyoameŋu kawo gbegbee nye si amesiwo lɔ̃a Mawu ƒe Nya la awɔ ɣemaɣi! Amesiwo atsi agbe le Harmagedon me adze dɔ dodzidzɔname si nye anyigba sia tɔtrɔ wòazu paradiso gɔme. Anye mɔnukpɔkpɔ dodzidzɔname na wo be woadzra ɖo ɖe nusiwo ahiã amegbetɔ siwo le lalam le yɔdowo me fifia eye wole Mawu ƒe susu me hele mɔ kpɔm be yewoakpɔ gome le ame kukuwo ƒe tsitretsitsia me la ŋu. (Yohanes 5:28, 29) Ɣemaɣi la, mɔfiame deblibo atso Aƒetɔ Dziɖulagã, Yehowa, gbɔ to Via Yesu Kristo si wodo ɖe dzi la dzi ava na anyigbadzinɔlawo. ‘Woaʋu agbalẽ’ siwo me Yehowa ƒe mɔfiamewo le na agbenɔnɔ le xexe yeyea me.—Nyaɖeɖefia 20:12.
20 Le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, woakɔ Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo ƒe ƒuƒoƒo bliboa ɖe dzi woaxɔ woƒe dziƒofetua anye “Kristo ƒe hadomenyilawo.” (Romatɔwo 8:17) Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, woaɖɔ amegbetɔ siwo katã anɔ anyigba dzi eye wolɔ̃a Mawu ƒe Nya la ƒe nɔnɔme ɖo woade blibo le susu kple ŋutilã me. Ne wowɔ nuteƒe le dodokpɔ mamlɛtɔ me vɔ la, woana agbe mavɔ ƒe fetu wo eye woase vivi le “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” (Romatɔwo 8:21; Nyaɖeɖefia 20:1-3, 7-10) Ɣeyiɣi nyui ka gbegbee nye si wòanye! Le nyateƒe me la, eɖanye dziƒo alo anyigba dzi mɔkpɔkpɔe Yehowa na mí o, lɔlɔ̃ mavɔ si anɔ mía si na eƒe Nya la kple eɖoɖo kplikpaa be míanɔ agbe ɖe mawumenunya nu akpɔ mía ta. Eye le etsɔme la, ‘akplɔ bubu aƒu mí, ne míekpla asi kɔ na eƒe Nya la.’—Lododowo 4:6, 8.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
◻ Aleke lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nya la akpɔ mía tae?
◻ Nukae nuku si le Yesu ƒe lododoa me nye, eye aleke wowunɛ?
◻ Aleke míaɖee afia be míenye “anyigba nyui”?
◻ Viɖe kawoe Mawu ƒe Nya la lɔ̃lawo ate ŋu akpɔ mɔ na?
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Nuku si le Yesu ƒe lododoa me tsi tre ɖi na nyanyuia ŋuti gbedasi si le Mawu ƒe Nya la me
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Garo Nalbandian
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Nukuwula Gã la
[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]
Amesiwo atsi agbe le Harmagedon me aɖu anyigba ƒe kutsetsewo