Mawu Ƒe Gbɔgbɔa Fia Mɔ Kristotɔwo Le Ƒe Alafa Gbãtɔ Me Eye Wòle Mɔ Fiam Wo Egbea Hã
“Gbɔgbɔ ɖeka ma kee wɔa dɔ siawo katã.”—1 KOR. 12:11.
1. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?
ƑE 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea nye ŋkeke aɖe si dzi nu wɔdɔɖeamedzi aɖewo dzɔ le. Enye ŋkeke si dzi Mawu kɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe esubɔlawo dzi! (Dɔw. 2:1-4) Gbɔgbɔ kɔkɔea kɔkɔ ɖe nusrɔ̃lawo dzi ɣemaɣi nye tɔtrɔ ɖedzesi aɖe si Mawu wɔ le mɔfiafia esubɔlawo me ƒe dzesi. Le nyati si do ŋgɔ me la, míedzro mɔ aɖewo siwo nu gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Mawu subɔla wɔnuteƒewo ŋu le le blema wowɔ dɔ sesẽ siwo wòde asi na wo la de goe la me. Gake vovototo kae le ale si gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ Mawu subɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia kple ale si wòfia mɔ Kristotɔwo le ƒe alafa gbãtɔ me la dome? Eye aleke Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia ɖea vi na Kristotɔwo egbeae? Esiawo mee míadzro le nyati sia me.
“Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Kluvinyɔnuvi Menye!”
2. Aleke Maria kpɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ teƒe?
2 Maria hã nɔ dziƒoxɔ gã la me le Yerusalem esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ŋugbe wodo la ɖe nusrɔ̃lawo dzi. (Dɔw. 1:13, 14) Ke hã ƒe blaetɔ̃ kple edzivɔ do ŋgɔ na nudzɔdzɔ ma la, ekpɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe dɔwɔwɔ teƒe le mɔ tɔxɛwo nu. Yehowa trɔ Via ƒe agbe tso dziƒo va anyigba dzi. Ezã eƒe “gbɔgbɔ kɔkɔe la” tsɔ na Maria fɔ fu esime wògakpɔtɔ nye ɖetugbui leaƒe.—Mat. 1:20.
3, 4. Nɔnɔme kae Maria ɖe fia, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?
3 Nu ka tae wove Maria nu hena mɔnukpɔkpɔ sia si ɖeke mesɔ kplii o lae? Esi mawudɔlaa gblɔ tame si Yehowa ɖo ɖe Maria ŋu nɛ la, Maria gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Yehowa ƒe kluvinyɔnuvi menye! Neva eme nam le wò nya la nu.” (Luka 1:38) Esi Maria gblɔ nya sia la, eɖe dzi ƒe nɔnɔme si le esi, si Mawu ya kpɔ de dzesi xoxoxo la fia. Eƒe nyaŋuɖoɖo enumake ɖee fia be ele klalo be yeawɔ nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nɛ le nya sia me. Mebia nya aɖeke mawudɔlaa tso ale si woƒe nutoa me tɔwo asusu tso eƒe fufɔfɔa ŋu alo ale si eƒe fufɔfɔa ate ŋu agblẽ nu le eya kple eƒe ŋugbetɔa dome ƒomedodo ŋu la ŋu o. Esi Maria gblɔ be yenye Yehowa ƒe kluvinyɔnuvi la, eɖee fia be yeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe, abe yeƒe Aƒetɔ ene.
4 Ðe nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be agbanɔamedzi siwo kpɔ ŋkuwòme le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me la wu tsɔtsɔ na wòa? Anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe meɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe be akpɔ nyawo gbɔ le ɖekawɔwɔ me kple eƒe lɔlɔ̃nua? Ðe medi vavã be mawɔ dɔ si wode asi nama?’ Kakaɖedzi nenɔ asiwò be Mawu naa eƒe gbɔgbɔa ame siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu tso woƒe dzi blibo me eye woɖoa toe abe dziɖula ene la.—Dɔw. 5:32.
Gbɔgbɔ Kɔkɔea Kpe Ðe Petro Ŋu
5. Mɔ kawo nue gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ dɔ ɖe Petro dzi do ŋgɔ na ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea le?
5 Abe Maria ene la, apostolo Petro hã kpɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ teƒe do ŋgɔ na ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea. Yesu na ŋusẽ eya kple apostolo bubuawo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. (Mar. 3:14-16) Eye togbɔ be Ŋɔŋlɔawo meƒo nu tsitotsito tso nya sia ŋu o hã la, anɔ eme godoo be Petro hã wɔ ŋusẽ sia ŋu dɔ. Mawu ƒe ŋusẽa dze ƒãa esi Yesu mia asi Petro be wòazɔ Galilea Ƒua dzi ava ye gbɔ, eye Petro wɔe nenema. (Mixlẽ Mateo 14:25-29.) Edze ƒãa be Petro ɖo ŋu ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu, eya ta wòte ŋu wɔ ŋusẽdɔwo ɖo. Eteƒe madidi o, gbɔgbɔ ma ado ŋusẽ Petro kple nusrɔ̃la bubuwo woawɔ dɔ bubuwo.
6. Nu kawoe Mawu ƒe gbɔgbɔa na Petro te ŋu wɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi kple emegbe?
6 Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste Ŋkekenyuia dzi la, gbɔgbɔ kɔkɔea na Petro kple nusrɔ̃la bubuwo do gbe siwo amedzro siwo va Yerusalem dona la nukutɔe. Ema yome la, Petro xɔ ŋgɔ ɖe nu me na ameha blibo la. (Dɔw. 2:14-36) Ɛ̃, dzi ɖo ŋutsu sia si wɔa nu dzitsitsitɔe alo vɔ̃na ɣeaɖewoɣi la ƒo wòɖi ɖase dzinɔameƒotɔe; eyi edzi wɔ esia togbɔ be woti eyome eye wodo ŋɔdzi nɛ be wòadzudzɔ hã. (Dɔw. 4:18-20, 31) Mawu tsɔ eƒe gbɔgbɔa kpe ɖe Petro ŋu sidzedze tɔxɛ aɖewo su esi. (Dɔw. 5:8, 9) Eye wona ŋusẽe gɔ̃ hã wòfɔ ame aɖe si ku la ɖe tsitre.—Dɔw. 9:40.
7. Yesu ƒe nufiafia kawo mee va kɔ na Petro esime wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami nɛ?
7 Do ŋgɔ na Pentekosteŋkekea gɔ̃ hã la, Petro se nyateƒenya siwo ŋu Yesu fia nu tsoe la dometɔ geɖe gɔme. (Mat. 16:16, 17; Yoh. 6:68) Gake ɣemaɣi la, Petro mese Yesu ƒe nufiafia aɖewo gɔme tututu o. Le kpɔɖeŋu me, Petro mede dzesii be woafɔ Kristo ɖe tsitre abe gbɔgbɔmeme ene le ŋkeke etɔ̃a gbe o; eye Petro mese egɔme hã be Fiaɖuƒea anɔ dziƒo o. (Yoh. 20:6-10; Dɔw. 1:6) Petro menya naneke tso nyateƒe si wònye be amegbetɔwo ate ŋu azu gbɔgbɔmemewo eye woaɖu dzi le Dziƒofiaɖuƒea me ŋu o. Gake esi wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea nyrɔ eya ŋutɔ megbe eye dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ su esi la, eva se Yesu ƒe nufiafia siwo ku ɖe nu siawo ŋu la gɔme.
8. Sidzedze kae sua amesiaminawo kple ‘alẽ bubuawo’ si egbea?
8 Nu siwo gɔme Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mete ŋu se tsã o la me va kɔ na wo esime woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la. Gbɔgbɔa ʋã ame siwo ŋlɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo la woɖe nu vovovowo me ku ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋu be woaɖe vi na mí. (Ef. 3:8-11, 18) Egbea la, ame siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na kple ‘alẽ bubuawo’ siaa le nyateƒe mawo ke srɔ̃m hele wo gɔme sem. (Yoh. 10:16) Ðe nèdea asixɔxɔ Mawu ƒe Nya la ŋuti sidzedze kple gɔmesese si gbɔgbɔ kɔkɔea nana wòsua asiwò la ŋua?
“Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Yɔ” Paulo Fũu
9. Nu kawoe Paulo te ŋu wɔ to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi?
9 Ƒe ɖeka alo eve aɖewo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea megbe la, ame bubu aɖe xɔ Mawu ƒe nunana si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la. Ame siae nye Saul, si wova yɔ be Paulo. Gbɔgbɔa wɔ dɔ ɖe edzi le mɔ vovovo siwo ɖea vi na mí egbea la nu. Gbɔgbɔa ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ 14 sɔŋ. Eye abe ale si wònɔ le Petro gome ene la, Mawu ƒe gbɔgbɔa kpe ɖe Paulo ŋu wòse makumakunyenye kple magblemagblẽnyenye si asu amewo si le dziƒo la gɔme nyuie eye wòŋlɔ nu tso wo ŋu. Gbɔgbɔ kɔkɔea na Paulo da dɔ na dɔnɔwo, enya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me, eye wòfɔ ame aɖe si ku la ɖe tsitre gɔ̃ hã! Ke hã nane si le vevie wu la tae wona ŋusẽ Paulo to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ɖo. Wona ŋusẽ Mawu ƒe amewo katã wole nu ma ke wɔm egbea, togbɔ be womenaa wo nukutɔe o hã.
10. Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Paulo ŋu wòƒo nu?
10 Paulo si “gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ” fũu la ka mo na afakala aɖe dzinɔameƒotɔe. Esia wɔ dɔ ɖe Kipro nutogãdziɖula, si nɔ to ɖom nya siwo katã gblɔm Paulo nɔ, la dzi ale gbegbe! Dziɖula ma xɔ nyateƒea, “elabena Yehowa ƒe nufiafia wɔ nuku nɛ ale gbegbe.” (Dɔw. 13:8-12) Eme kɔ ƒãa be Paulo nya akpa vevi si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wɔna le nuƒoƒo tso nyateƒea ŋu me. (Mat. 10:20) Emegbe la, eɖe kuku na Efeso hamea be woaƒo koko na Mawu ɖe ye ta be ‘wòana nuƒoƒo ƒe ŋutete ye.’—Ef. 6:18-20.
11. Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔa fia mɔ Pauloe?
11 Menye ɖeko gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Paulo ŋu wòƒo nu o, ke ɣeaɖewoɣi la, exea mɔ nɛ be wòagaƒo nu le nuto aɖewo me o. Esime Paulo nɔ mɔ zɔm le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me la, Mawu ƒe gbɔgbɔa fia mɔe. (Dɔw. 13:2; mixlẽ Dɔwɔwɔwo 16:6-10.) Yehowa gakpɔtɔ le mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔa to eƒe gbɔgbɔa dzi. Abe Paulo ene la, Yehowa subɔla toɖolawo katã dzea agbagba be yewoaɖe gbeƒã nyateƒea dzinɔameƒotɔe kple dzonɔameme. Togbɔ be Mawu ƒe mɔfiafia medzena gaglãa egbea abe ale si wònɔ le Paulo ƒe ɣeyiɣia me ene o hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa le eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea zãm be yeakpɔ egbɔ be ame siwo dze la nase nyateƒea.—Yoh. 6:44.
Gbɔgbɔ Kɔkɔea Wɔa ‘Dɔ Vovovowo’
12-14. Ðe gbɔgbɔ kɔkɔea wɔa dɔ ɖe Mawu subɔlawo katã dzi le mɔ ɖeka tɔgbi nua? Ðe eme.
12 Ðe ale si Yehowa yra amesiaminawo ƒe hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ƒe ŋutinyaa dea dzi ƒo na Mawu subɔla ɖeadzɔgbewo egbea? Míate ŋu aɖo eŋu kakaɖedzitɔe be, ɛ̃! Ðo ŋku nya si gbɔgbɔ ʋã Paulo wògblɔ na hame si nɔ Korinto la tso gbɔgbɔa ƒe nukununanawo ŋu le eƒe ŋkekea me la dzi; egblɔ be: “Ke nunana vovovowoe li, gake gbɔgbɔ ma kee; eye subɔsubɔdɔ vovovowoe li, ke hã, Aƒetɔ ma kee; eye dɔ vovovowoe li, ke hã, Mawu ma kee wɔa dɔawo katã to amewo katã dzi.” (1 Kor. 12:4-6, 11) Ɛ̃, gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu awɔ dɔ ɖe Mawu subɔlawo dzi le mɔ vovovowo nu, le taɖodzinu aɖe koŋ ta. Vavãe, gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu afia mɔ Kristo ƒe “alẽha sue” la kple eƒe ‘alẽ bubuawo’ siaa. (Luka 12:32; Yoh. 10:16) Ke hã menye mɔ ɖeka tɔgbi nue wòwɔa dɔ ɖe hamea me tɔ ɖe sia ɖe dzi le o.
13 Le kpɔɖeŋu me, gbɔgbɔ kɔkɔea ye ɖoa hamemetsitsiwo. (Dɔw. 20:28) Gake menye amesiaminawo katãe subɔna abe dzikpɔlawo ene le hamea me o. Eya ta aleke wòle be míaƒo nya tae? Eya koe nye be Mawu ƒe gbɔgbɔa wɔa dɔ le mɔ vovovowo nu ɖe hamea me tɔ vovovowo dzi.
14 Gbɔgbɔ si dea “viwo zuzu ƒe gbɔgbɔ” amesiaminawo me la kee Yehowa zã tsɔ fɔ eƒe Tenuvi la tso ame kukuwo dome yi ɖe makumakugbenɔnɔ me le dziƒo. (Mixlẽ Romatɔwo 8:11, 15.) Gbɔgbɔ ma kee Yehowa tsɔ wɔ xexe bliboa katã. (1 Mose 1:1-3) Gbɔgbɔ kɔkɔe ma kee Yehowa tsɔ kpe ɖe Bezaleel ŋu wòwɔ avɔgbadɔ la ŋu dɔ tɔxɛ la, eya kee do ŋusẽ Simson wòwɔ ŋusẽdɔ wɔnukuwo, eye eya kee na Petro zɔ tsi dzi. Eya ta mele be míasusu be, ne wogblɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔa le mɔ fiam ame aɖe la, efia be wotsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa si ami nɛ o, elabena gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ le mɔ tɔxɛwo nu dometɔ ɖeka koe gbɔgbɔa tsɔtsɔ si ami na ame nye. Mawu ye tiaa ame siwo wòtsɔa gbɔgbɔa sia ami na.
15. Ðe woatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea anɔ ami sim na amewo tegbeea? Ðe eme.
15 Tso blema kee Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ kɔkɔe la wɔa dɔ le mɔ vovovowo nu ɖe Mawu subɔla wɔnuteƒewo dzi. Ɛ̃, esia yi edzi ƒe akpe geɖewo hafi wova dze gbɔgbɔa tsɔtsɔ si ami na amewo gɔme. Ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzie wodze gbɔgbɔa tsɔtsɔ si ami na amewo gɔme, ke hã esia mayi edzi tegbee o. Woava dzudzɔ, ke hã gbɔgbɔ kɔkɔea ayi edzi anɔ dɔ wɔm ɖe Mawu ƒe amewo dzi ale be woate ŋu awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu yi ɖe mavɔmavɔ me.
16. Nu kae gbɔgbɔ kɔkɔea le kpekpem ɖe Mawu subɔlawo ŋu wole wɔwɔm egbea?
16 Nu kae Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le kpekpem ɖe Mawu subɔlawo ŋu wole wɔwɔm egbea? Nyaɖeɖefia 22:17 ɖo nya sia ŋu be: “Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la yi edzi le gbɔgblɔm be: ‘Va!’ Eye ame sia ame si le esem la negblɔ be: ‘Va!’ Eye ame sia ame si tsikɔ le wuwum la neva; ame sia ame si lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la femaxee.” Le Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu me la, Kristotɔ siwo li egbea la tsɔ Yehowa ƒe amekpekpea le yiyim na amewo hele ‘ame ɖe sia ɖe si lɔ̃ la’ kpem be wòaxɔ agbetsi la. Kristotɔ amesiaminawoe le ŋgɔ xɔm le dɔ sia wɔwɔ me. Ke hã alẽ bubuawo me tɔwo kpena ɖe wo ŋu le amekpekpedɔ sia wɔwɔ me. Amesiaminawo kple alẽha bubuawo me tɔwo wɔa nu aduadu le gbɔgbɔ kɔkɔe ɖeka ma ke ƒe mɔfiafia te le dɔ sia wɔwɔ me. Hatsotso eve siawo me tɔwo katã ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi esime woxɔ nyɔnyrɔ “ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me.” (Mat. 28:19) Wo katã wowɔna ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia dzi, eye woɖea eƒe kutsetsea fiana le woƒe agbenɔnɔ me. (Gal. 5:22, 23) Alẽ bubuawo ɖea mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa kpena ɖe wo ŋu abe amesiaminawo ke ene. To gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me la, wowɔa woƒe ŋutete katã be yewoanɔ agbe dzadzɛ si dzea Yehowa ŋu.—2 Kor. 7:1; Nyaɖ. 7:9, 14.
Yi Edzi Nànɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Biam
17. Alekee míate ŋu aɖee afia be míexɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ la?
17 Eya ta agbe mavɔ nɔnɔ le dziƒo loo alo le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔe Mawu na wò o, Yehowa ate ŋu ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la wò ale be nàte ŋu awɔ nuteƒe eye nàxɔ wò fetua. (2 Kor. 4:7) Esi nèyi edzi le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia la, amewo ate ŋu aɖu fewu le ŋuwò. Gake ɖo ŋku edzi be Biblia gblɔ be, “ne wole vlo dom mi le Kristo ta la, miekpɔa dzidzɔ, elabena ŋutikɔkɔe ƒe gbɔgbɔ, ɛ̃, Mawu ƒe gbɔgbɔ la, nɔa mia dzi.”—1 Pet. 4:14.
18, 19. Aleke Yehowa ate ŋu ato gbɔgbɔ kɔkɔea dzi akpe ɖe ŋuwò, eye le esia ta, nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?
18 Mawu naa gbɔgbɔ kɔkɔea ame siwo dinɛ vevie la faa. Menye ɖeko wòate ŋu ana ŋutete siwo le asiwò la nanyo ɖe edzi o, ke ate ŋu ana hã be nàdi be yeawɔ subɔsubɔdɔ si Mawu de asi na wò la nyuie wu. ‘Mawue nye ame si le dɔ wɔm le mewò, bene didi kple nuwɔwɔ siaa nanɔ mewò le nu si dze eŋu la nu.’ Nunana xɔasi si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la kpakple míawo ŋutɔwo ƒe agbagbadzedze be “[míalé] agbenya la me ɖe asi goŋgoŋ” awɔe be ‘míayi edzi atsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya anɔ míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti dɔ la wɔm.’—Flp. 2:12, 13, 16.
19 Eya ta esi nèɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu bliboe ta la, wɔ dɔ ɖe sia ɖe si wode asi na wò la kple dzi blibo, dze agbagba nàbi ɖe dɔ si wode asi na wò la wɔwɔ me, eye nàkpɔ Yehowa sinu be wòakpe ɖe ŋuwò. (Yak. 1:5) Ana nu si nèhiã be nàte ŋu ase eƒe Nya la gɔme, be nàɖu agbe me kuxiwo dzi, eye nàɖe gbeƒã nya nyuia la wò. ‘Nɔ ebiabia dzi, eye woana wò; nɔ edidi dzi, eye àkpɔe; nɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na wò’; esia ku ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea xɔxɔ hã ŋu. (Luka 11:9, 13) Ɛ̃, yi edzi nànɔ koko ƒom na Yehowa ale be nànɔ abe nuteƒewɔla siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ fia mɔe le blema kple esiwo li egbea siaa ene.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
• Abe Maria ene la, nɔnɔme kae míate ŋu aɖe afia be yayra nasu mía si?
• Gɔmesese ka nue Mawu ƒe gbɔgbɔa fia mɔ Paulo le?
• Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔ Mawu subɔlawo egbeae?
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Mawu ƒe gbɔgbɔa kpe ɖe Paulo ŋu wòka mo na afakala aɖe dzinɔameƒotɔe
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Egbea la, gbɔgbɔ kɔkɔea li akpe ɖe Kristotɔwo katã ŋu, mɔkpɔkpɔ ka kee ɖale wo si o