INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu
    Gbetakpɔxɔ—1998 | March 1
    • Yesu gagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Migatsɔ gakotoku alo mɔzɔkotoku alo atokotawo o, eye migado gbe na ame aɖeke le mɔ dzi o.” (Luka 10:4) Ebɔ be menye kevi kple nuɖuɖu koe mɔzɔla tsɔna o ke etsɔa afɔkpa bubu hã, elabena afɔkpagɔmewo ate ŋu anyi eye afɔkpakawo nalã. Gake mele be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo natsi dzi ɖe nusiawo ŋu o. Ke boŋ ele be kakaɖedzi nanɔ wo si be Yehowa ato wo havi Israel-vi siwo lɔ̃a amedzrowɔwɔ dzi alé be na wo.

      Gake nukata Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woagado gbe na ame aɖeke o? Ðe wòle be woanye vivimadoɖeameŋulawo, alo amemabulawo gɔ̃ hã? Kura o! Helagbe me nya a·spaʹzo·mai, si gɔmee nye be woawɔ atuu na ame la, ate ŋu afia nu geɖe wu be woade bubu ame ŋu agblɔ be “èfɔa” alo “èle agbea” ko. Alesi ne ame nyanyɛ eve wodo go eye wogbugbɔa nu na wo nɔewo, wokplaa asi kɔ na wo nɔewo, eye woɖoa dze legbee hã ate ŋu anɔ eme. Numeɖela aɖe gblɔ be: “Gbedoname le Ɣedzeƒetɔwo dome mele abe mía tɔ ene si míebɔbɔna vie, alo doa asi ɖa o, ke boŋ wotsɔa asikpakpla kɔ na ame nɔewo zi gbɔ zi geɖe, kple ta dede agu, kpakple klo dzedze ɖe anyigba gɔ̃ hã doa gbe na ame. Nusiawo katã xɔa ɣeyiɣi.” (Tsɔe sɔ kple Fiawo II, 4:29.) Yesu gblɔ nya sia tsɔ kpe ɖe eyomedzelawo ŋu be womegawɔ ɣeyiɣigblẽnu siwo togbɔ be wonye kɔnu hã la, womehiã o.

  • Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu
    Gbetakpɔxɔ—1998 | March 1
    • Yehowa ƒe Ðasefo 5,000,000 kple edzivɔ le se si wode be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyui ahawɔ nusrɔ̃lawo la dzi wɔm le xexeame godoo. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Wonya be yewoƒe gbedasia hiã kpata. Eyata wowɔa woƒe ɣeyiɣi ŋuti dɔ nyuie, eye woƒoa asa na susuhenu siwo axe mɔ na wo be woƒe susu maganɔ woƒe dɔ vevi sia ŋu o.

      Yehowa Ðasefowo dzea agbagba doa vivi ɖe amesiame si wodoa goe ŋu. Ke hã womeƒoa wo ɖokui ɖe nukpoloe dzodzro ƒoƒo me o, eye womenyrɔa wo ɖokui ɖe glãkahehe le hadomenyawo alo alesi wodo kpo madzɔmadzɔnyenye gbɔ kpɔkpɔ le xexeame ŋu o. (Yohanes 17:16) Ke nusi akpɔ amegbetɔ ƒe kuxiwo gbɔ tegbee dzi boŋ ye wotua woƒe dzeɖoɖowo ɖo—eyae nye Mawu Fiaɖuƒea.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe