INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Aleke Wòle Be Míado Gbe Ða na Mawui?
    Gbetakpɔxɔ—1996 | July 15
    • ESIME nusrɔ̃la aɖe bia Yesu be wòafia nu ye le gbedodoɖa ŋu la, Yesu megbe efiafia o. Luka 11:2-4 gblɔ be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ bena: Mía Fofo, si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene! Na míaƒe abolo, si asu mía nu egbe la mí. Eye tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, elabena mía ŋutɔwo hã míetsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mía si! Eye mègakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o.” Woyɔa esia zi geɖe be Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa. Nufiame geɖe le eme.

  • Aleke Wòle Be Míado Gbe Ða na Mawui?
    Gbetakpɔxɔ—1996 | July 15
    • Enyo be míade dzesii be Yesu ɖee fia be míate ŋu agblɔ mía ŋutɔwo ƒe nya siwo ɖea fu na mí hã le míaƒe gbedodoɖawo me. Egblɔ be: “Na míaƒe abolo, si asu mía nu egbe la mí. Eye tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, elabena mía ŋutɔwo hã míetsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mía si! Eye mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o.” (Luka 11:3, 4) Yesu ƒe nyawo fia be míate ŋu adi Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le gbesiagbenyawo me, be míate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu le nusianu si ate ɖe mía dzi alo aɖe fu na míaƒe susu ta. Kukuɖeɖe na Mawu alea akpe ɖe mía ŋu be míanya alesi wòhiã be míakpɔ esinui. To esia dzi la, míeva kpɔa akpa si wòwɔna le míaƒe agbe me la dzea sii wu. Nenema ke wòɖea vii ne míedoa gbe ɖa gbesiagbe be Mawu natsɔ míaƒe vodadawo ake mí. Esia na míeva kpɔa míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzea sii nyuie wu—eye míegbɔa dzi ɖi na amewo wu ne wodze agɔ. Alesi Yesu de dzi ƒo be míado gbe ɖa be woaɖe mí tso tetekpɔ me la hã sɔ, vevietɔ esi xexeame ƒe agbenyuinɔnɔ le to yim. Be míawɔ nu wòasɔ ɖe gbedodoɖa ma nu la, míanɔ ŋudzɔ ale be míaƒo asa na nyadzɔdzɔ kple nɔnɔme siwo ate ŋu akplɔ mí ade nugbegblẽwɔwɔ me.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe