-
Ame Kawoe Mawu Kpe Be Woava Ðu Nu Le Kplɔ̃ Ŋu?Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
“Ame aɖe ɖo fiẽnuɖukplɔ̃ gã aɖe, eye wòkpe ame geɖewo. . . . Edɔ eƒe kluvi ɖa be wòayi aɖagblɔ na ame kpekpeawo be, ‘Miva, elabena nu sia nu sɔ gbe.’ Ke wo katã wodo taflatsɛ. Ame gbãtɔ gblɔ nɛ be, ‘Meƒle agble, eye ele nam be mayi aɖakpɔe ɖa; eya ta meɖe kuku, nyemate ŋu ava o.’ Eye ame bubu gblɔ be, ‘Meƒle nyi eveeve teƒe atɔ̃, eye meyina wo do ge kpɔ, eya ta meɖe kuku, nyemate ŋu ava o.’ Ame bubu hã gblɔ be, ‘Ðeko meɖe srɔ̃e nye esia, eya ta nyemate ŋu ava o.’”—Luka 14:16-20.
-
-
Ame Kawoe Mawu Kpe Be Woava Ðu Nu Le Kplɔ̃ Ŋu?Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
Kpɔɖeŋu si Yesu wɔ fifia la ɖe ale si Yehowa Mawu na Yesu Kristo kpe amewo be woava nyi Dziƒofiaɖuƒea dome la me nyuie. Yudatɔwo, vevietɔ subɔsubɔhakplɔlawoe nye ame gbãtɔ siwo wokpe. Gake le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi katã la, wo dometɔ akpa gãtɔ gbe amekpekpea. Ke hã, menye woawo koe woakpe o. Yesu ƒe nyawo ɖee fia kɔtɛ be le etsɔme la, amekpekpe evelia ayi na Yudatɔ tsɛwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo. Le ema megbe la, amekpekpe etɔ̃lia si nye mamlɛtɔ la ayi na ame siwo Yudatɔwo buna be womedze le Mawu ŋkume o.—Dɔwɔwɔwo 10:28-48.
-