-
‘Lɔlɔ̃ Nenɔ Mia Dome’Gbetakpɔxɔ—2003 | February 1
-
-
5, 6. (a) Kpɔɖeŋu kpui eve kae Yesu wɔ? (b) Nukae kpɔɖeŋu siawo ɖe fia tso Yehowa ŋu?
5 Be Yesu nafia nusi nye Yehowa ƒe nukpɔsusu le amesiwo tra mɔ ŋu eƒe nyaselawo la, ewɔ kpɔɖeŋu kpui eve. Ðeka ku ɖe alẽkplɔla aɖe ŋu. Yesu be: “Ameka le mia dome, ne alẽ alafa le esi, eye wo dometɔ ɖeka bu ɖee la, ɖe magblẽ blaasieke vɔ asieke la ɖe gbeadzi, eye wòadi esi bu la, vaseɖe esime wòakpɔe o mahã? Eye ne ekpɔe la, akɔe ada ɖe eƒe abɔta kple dzidzɔ. Eye ne eva aƒe la, ayɔ xɔlɔ̃awo kple aƒelikawo aƒo ƒu, agblɔ na wo bena: Mikpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ nye alẽ, si bu la. Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti wu ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke, siwo mehiã dzimetɔtrɔ o la.”—Luka 15:4-7.
-
-
‘Lɔlɔ̃ Nenɔ Mia Dome’Gbetakpɔxɔ—2003 | February 1
-
-
Wobu Gake Wode Asixɔxɔ Wo Ŋu
8. (a) Aleke alẽkplɔlaa kple nyɔnua wɔ nu ɖe woƒe nu bubuawo ŋui? (b) Nukae alesi wowɔ nui ɖe fia mí ku ɖe alesi wobu nu bubuawo ŋu?
8 Le kpɔɖeŋu evea siaa me la, nane bu, gake de dzesi alesi nua tɔwo wɔ nui. Alẽkplɔlaa megblɔ be: ‘Alẽ 99 ye susɔ ɖe asinye, nukae ɖeka si bu agblẽ le ŋunye? Ate ŋu abu faa o.’ Nyɔnua megblɔ be: ‘Nukatae wòle be matsi dzi ɖe klosalo ɖeka ŋu? Asieke si susɔ ɖe asinye la sɔ gbɔ nam’ o. Ke boŋ alẽkplɔlaa di eƒe alẽ bubua vevie abe eya ɖeka koe le esi ene. Eye nyɔnua ƒe klosalo si bu la vee vevie abe ɖe klosalo bubu aɖeke megale esi o ene. Le kpɔɖeŋu evea siaa me la, nu bubua kpɔtɔ nye nu xɔasi le nua tɔ ƒe susu me. Nukae esia fia?
9. Nukae alẽkplɔlaa kple nyɔnua ƒe ɖetsɔlemea ɖe fia?
9 Se alesi Yesu ƒo nya tae le nudzɔdzɔ evea siaa ŋui ɖa: “Nenema ke wòanye dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti” kple ‘mele egblɔm na mi bena nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.’ Eyata alẽkplɔlaa kple nyɔnua ƒe ɖetsɔlemea ɖe Yehowa kple eƒe dziƒodɔlawo ƒe seselelãme fia le mɔ sue aɖe nu. Abe alesi nusi bu la kpɔtɔ xɔ asi na alẽkplɔlaa kpakple nyɔnua ene la, nenemae amesiwo tra hedzo le Mawu ƒe amewo dome la kpɔtɔ xɔ asi le Yehowa ŋkumee. (Yeremya 31:3) Amesiawo anya gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me ya, gake mefia kokoko be wozu aglãdzelawo o. Togbɔ be wogbɔ dzɔ hã la, ɖewohĩ woanɔ Yehowa ƒe nudidiwo dzi wɔm ase ɖe afi aɖe. (Psalmo 119:176; Dɔwɔwɔwo 15:29) Eyata abe alesi wònɔ le ɣeyiɣi siwo va yi mee ene la, Yehowa metsia klokloklo be ‘yeaɖe wo ɖa le yeƒe ŋkuta o.’—Fiawo II, 13:23.
10, 11. (a) Aleke míadi be míabu amesiwo tra tso hamea gbɔ lae? (b) Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu eveawo nu la, aleke míate ŋu aɖee afia be míetsɔ ɖe le eme na woe?
10 Abe Yehowa kple Yesu ene la, míawo hã míetsɔa ɖe le eme na amesiwo gbɔdzɔ kple amesiwo bu le Kristo-hamea me la vevie. (Xezekiel 34:16; Luka 19:10) Míebua amesi gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me la abe alẽ bubu ene—ke menye abe amesi ŋu mɔkpɔkpɔ aɖeke megale ene o. Míaƒe nukpɔsusu menyea: ‘Nukatae wòle be míatsi dzi ɖe amesi gbɔdzɔ ŋu? Eya manɔmee hã hamea le dzidzedze kpɔmee’ o. Ke boŋ abe Yehowa ene la, míebua amesiwo tra gake hedi be yewoatrɔ agbɔ la be wole vevie.
-
-
‘Lɔlɔ̃ Nenɔ Mia Dome’Gbetakpɔxɔ—2003 | February 1
-
-
Wɔ Afɔɖeɖea Gbã
12. Nukae nya si nye ‘yi ɖadi esi bu la’ gblɔ na mí tso alẽkplɔlaa ƒe nɔnɔme ŋu?
12 Le kpɔɖeŋu eveawo ƒe gbãtɔ me la, Yesu gblɔ be alẽkplɔlaa ‘ayi aɖadi esi bu la.’ Alẽkplɔlaa doa ŋgɔ wɔa afɔɖeɖea gbã heɖonɛ koŋ dzea agbagba vevie be yeakpɔ alẽ bubua. Fukpekpe, afɔku, kple teƒea ƒe didi mexea mɔ nɛ o. Ke boŋ alẽkplɔlaa yia edzi dinɛ ‘vaseɖe esime wòkpɔe.’—Luka 15:4.
13. Aleke blematɔ wɔnuteƒewo wɔ nu ɖe amesiwo gbɔdzɔ la ƒe nuhiahiãwo ŋui, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ Biblia me kpɔɖeŋu siawoe?
13 Nenema kee kpekpeɖeŋu nana amesi hiã dzideƒo biana zi geɖe be amesi ŋu ŋusẽ le nado ŋgɔ awɔ afɔɖeɖea gbã. Blematɔ wɔnuteƒewo kpɔ esia dze sii. Le kpɔɖeŋu me, esime Fia Saul ƒe vi Yonatan de dzesii be ye xɔlɔ̃ vevi Dawid hiã dzideƒo la, Yonatan “dze mɔ yi Dawid gbɔ le ave la me, eye wòtsɔ Mawu de dzi ƒo nɛ.” (Samuel I, 23:15, 16) Ƒe alafa geɖe megbe, esime Mɔmefia Nexemya kpɔe be ye nɔvi Yudatɔwo gbɔdzɔ la, eya hã ‘tso enumake’ hede dzi ƒo na wo be ‘woƒe ŋku nanɔ Yehowa dzi.’ (Nexemya 4:8) Míawo hã míadi egbea be ‘míatso’—míado ŋgɔ aɖe afɔa gbã—be míade dzi ƒo na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo. Hamea me tɔ kawoe wòle be woawɔ esia?
14. Kristo-hamea me tɔ kae wòle be wòana kpekpeɖeŋu amesiwo gbɔdzɔ la?
14 Kristotɔ hamemegãwo koŋ ƒe agbanɔamedzie wònye be ‘woado ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo, ade agbe klo beliwo me,’ eye woawoe “[agblɔ] na amesiwo ƒo dzi ɖe le la be: Milé dzi ɖe ƒo, migavɔ̃ o!” (Yesaya 35:3, 4; Petro I, 5:1, 2) Gake de dzesii be menye hamemegãwo koe Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si nye be ‘woafa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo’ eye be ‘woaxɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo’ la yi na o. Ke boŋ ‘Tesalonika-hamea katãe’ Paulo ƒe nyawo yi na. (Tesalonikatɔwo I, 1:1; 5:14) Eyata kpekpeɖeŋunana gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo nye Kristotɔwo katã ƒe agbanɔamedzi. Abe alẽkplɔla si ŋu woƒo nu tsoe le kpɔɖeŋua me ene la, ele be Kristotɔ ɖesiaɖe nase le eɖokui me be ‘yeayi aɖadi amesi bu la.’ Ke hã nuwɔwɔ aduadu kple hamemegãwo ye nana esia nya wɔna nyuie wu. Ðe nàte ŋu awɔ afɔɖeɖe aɖewo akpe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ aɖe ŋu le miaƒe hamea mea?
-