TA 100
Lo Si Wòdo Ku Ðe Mina Ewoawo Ŋuti
LO SI YESU DO KU ÐE MINA EWOAWO ŊUTI
Togbɔ be Yerusalem ye Yesu ɖo tae hã la, anɔ eme be eya kple eƒe nusrɔ̃lawo kpɔtɔ le Zaxeo ƒe aƒe me. Eƒe nusrɔ̃lawo susu be woaɖo “Mawu Fiaɖuƒe la” anyi le ŋkeke mawo me ale be Yesu nanye Fia. (Luka 19:11) Womese Fiaɖuƒea ŋu nyaa gɔme o, abe ale si ko womese nu si tae wòle be Yesu naku la hã gɔme o ene. Eya ta edo lo aɖe na wo be wòakpe ɖe wo ŋu woakpɔe be axɔ ɣeyiɣi didi aɖe hafi Fiaɖuƒea nava.
Egblɔ be: “Bubume aɖe zɔ mɔ yi dukɔ didi aɖe me, be woaɖo ye fia le afi ma, ne yeatrɔ agbɔ.” (Luka 19:12) Mɔzɔzɔ sia axɔ ɣeyiɣi. Eme kɔ ƒãa be Yesue nye “bubume” si zɔ mɔ yi “dukɔ didi” aɖe me, si nye dziƒo, afi si Fofoa ana ŋusẽe le be wòaɖu fia.
Le lododoa me la, hafi “bubume” la nazɔ mɔa la, eyɔ eƒe kluviwo dometɔ ewo vɛ, eye wòtsɔ mina ɖekaɖeka de wo si gblɔ be: “Mitsɔe tsa asii va se ɖe esime magbɔ.” (Luka 19:13) Asixɔxɔ gã le klosaloga si nye mina ŋu. Mina ɖeka ƒe home anɔ abe agbledɔwɔla ƒe ɣleti etɔ̃ kple edzivɔ ƒe fetu ene.
Anɔ eme be nusrɔ̃lawo ase egɔme be yewoe kluvi ewoawo le tsitre ɖi na le lododoa me, elabena do ŋgɔ la, Yesu tsɔ wo sɔ kple nuŋelawo. (Mateo 9:35-38) Edze ƒãa be mebia tso wo si be woaŋe nuku ŋutɔŋutɔwo vɛ o. Ke boŋ nukuawo le tsitre ɖi na nusrɔ̃la bubu siwo hã ava nɔ Mawu Fiaɖuƒea me. Nusrɔ̃lawo awɔ nu siwo wona wo la ŋu dɔ atsɔ adi ame bubu siwo ava nyi Fiaɖuƒea dome.
Nu bubu kae Yesu gaɖe fia le lododo sia me? Egblɔ be dukɔmeviawo “lé [fu bubume la], eye wodɔ amewo ɖe eyome be woagblɔ be, ‘Míedi be ame sia naɖu fia ɖe mía dzi o.’” (Luka 19:14) Nusrɔ̃lawo nya be Yudatɔwo mexɔ Yesu dzi se o, eye wo dometɔ aɖewo di be yewoawui gɔ̃ hã. Ale si Yudatɔ akpa gãtɔ bua Yesui la dze ƒãa le eƒe ku kple dziƒoyiyi megbe esi woti eƒe nusrɔ̃lawo yome. Tsitretsiɖeŋula siawo ɖee fia kɔtɛ be yewomedi be Yesu nanye yewoƒe Fia o.—Yohanes 19:15, 16; Dɔwɔwɔwo 4:13-18; 5:40.
Kaka “bubume” la nayi “be woaɖo ye fia” ahatrɔ agbɔ la, aleke kluvi ewoawo zã woƒe minawoe? Yesu gblɔ be: “Mlɔeba esi woɖoe fia eye wòtrɔ gbɔ la, ena woyɔ kluvi siwo wòtsɔ gaa na la vɛ, ne yeanya viɖe si wokpɔ le woƒe asitsatsa la me. Eye gbãtɔ va do hegblɔ be, ‘Aƒetɔ, wò mina la ɖe vi mina ewo ɖe edzi.’ Egblɔ nɛ be, ‘Kluvi nyui, wòe wɔ dɔ kakaka! Esi nèwɔ nuteƒe le nu suetɔ me ta la, ɖu du ewo dzi.’ Eye evelia va gblɔ be, ‘Aƒetɔ, wò mina la ɖe vi mina atɔ̃ ɖe edzi.’ Egblɔ na ame sia hã be, ‘Wò hã ɖu du atɔ̃ dzi.’”—Luka 19:15-19.
Ne nusrɔ̃lawo de dzesii be yewoe nye kluvi siwo wɔ nu siwo wona yewo la ŋu dɔ bliboe tsɔ wɔ nusrɔ̃la geɖewo la, kakaɖedzi blibo asu wo si be yewoƒe nu adze Yesu ŋu. Eye woate ŋu aka ɖe edzi hã be aɖo yewoƒe kutrikuku teƒe na yewo. Ele eme be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒe nɔnɔmewo, mɔnukpɔkpɔwo kple ŋutetewo le vovovo ya. Ke hã, ne wova ‘ɖo Yesu fia’ la, aɖo eteƒe na wo ɖe ale si wowɔ nuteƒe le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me ta, eye wòayra wo.—Mateo 28:19, 20.
Le Yesu ƒe lododoa ta ƒoƒo me la, eƒo nu tso kluvi bubu aɖe si ƒe nuwɔna ya to vovo ŋu ale: “Ke [kluvi] bubu va gblɔ be, ‘Aƒetɔ, wò mina si medzra ɖo ɖe avɔ me lae nye esi. Elabena menɔ vɔvɔ̃m na wò, elabena wò nya me sẽ; ètsɔa nu si mèda ɖi o, eye nèŋea nu si mèƒã o.’ Egblɔ nɛ be, ‘Kluvi vɔ̃ɖi, wò ŋutɔ wò numenyae metsɔ le ʋɔnu drɔ̃m wò. Esi nènya be nye nya me sẽ, metsɔa nu si nyemeda ɖi o, eye meŋea nu si nyemeƒã o la, ekema nu ka tae mètsɔ nye ga la de gadzraɖoƒe ale be ne metrɔ gbɔ la, maxɔe kple deme oa?’ “Ale fia la gblɔ na ame siwo le tsitre ɖe afi ma be, ‘Mixɔ mina la le esi, eye mitsɔe na ame si si mina ewo le la.’”—Luka 19:20-24.
Esi kluvi sia gbe be yemawɔ dɔ atsɔ adzi yeƒe aƒetɔ ƒe fiaɖuƒea ƒe kesinɔnuwo ɖe edzi o ta la, esia gblẽ nu le eŋu. Apostoloawo le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Yesu ava ɖu dzi le Mawu Fiaɖuƒea me. Eya ta nya si wògblɔ tso kluvi mamlɛtɔ sia ŋu na wokpɔe be ne yewomedo vevie nu o la, yewomanyi Fiaɖuƒe ma dome o.
Yesu ƒe nyawo ado ŋusẽ nusrɔ̃la wɔnuteƒe mawo be woawɔ geɖe. Eƒo eƒe nyaa ta be: “Mele egblɔm na mi be, ame sia ame si si nu le la, woatsɔ geɖe akpee nɛ, gake ame si si nu mele o la, woaxɔ nu si le esi la kura gɔ̃ hã le esi.” Egblɔ kpee be woawu yeƒe futɔ siwo medi be ‘yeaɖu fia ɖe yewo dzi’ o la. Esia megbe la, Yesu yi eƒe mɔzɔzɔa dzi ɖo ta Yerusalem.—Luka 19:26-28.