INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ‘Nukae Anye Wò Anyinɔnɔ Ƒe Dzesi?’
    Gbetakpɔxɔ—1994 | February 15
    • 16. Yesu ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa kae Luka 21:24 gblɔ kpe ɖe eŋu, eye gɔmesese kae le eŋu?

      16 Ne míetsɔ Mateo 24:15-28 kple Marko 13:14-23 sɔ kple Luka 21:20-24 la, míagakpɔ ɖaseɖiɖi evelia si ɖee fia be Yesu ƒe nyagblɔɖia yi ŋgɔ wu Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ ko. Ðo ŋku edzi be Luka ɖeɖekoe ƒo nu tso dɔvɔ̃wo ŋu. Nenema ke eya ɖeɖekoe tsɔ Yesu ƒe nya siawo ƒo akpa sia tae be: “Trɔ̃subɔlawo latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la nu.”e (Luka 21:24) Babilontɔwo ɖe Yudatɔwo ƒe fia mamletɔ le zi dzi le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, eye le ema megbe wotu afɔ Yerusalem si tsi tre ɖi na Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi. (Fiawo II, 25:1-26; Kronika I, 29:23; Xezekiel 21:30-32) Yesu ɖee fia le Luka 21:24 be nuwo ayi edzi nenema vaseɖe esime ɣeyiɣia ade na Mawu be wòagbugbɔ aɖo Fiaɖuƒe aɖe anyi.

  • ‘Nukae Anye Wò Anyinɔnɔ Ƒe Dzesi?’
    Gbetakpɔxɔ—1994 | February 15
    • e Ame geɖe kpɔ be nusi dzi Luka te gbe ɖo la trɔ le Luka 21:24 megbe. Ðk Leon Morris gblɔ be: “Yesu yi edzi ƒo nu le Trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣia ŋu. . . . Agbalẽnyala geɖe susu be Amegbetɔvi la ƒe vava dzie wohe susu yi fifia.” Nufialagã R. Ginns ŋlɔ bena: “Amegbetɔvi la ƒe vava—(Mt 24:29-31; Mk 13:24-27). ‘Trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi’ si wòyɔ lae nye tanya sia ƒe kpɔkplɔyiɖeme; fifia nusi ŋu [Luka] le nu ƒom tsoe la yi ŋgɔ wu Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ hege ɖe etsɔ me ʋĩ.”

      f Nufialagã Walter L. Liefeld ŋlɔ bena: “Míate ŋu agblɔ be Yesu ƒe nyagblɔɖiwo mã ɖe akpa eve me: (1) ƒe 70 M.Ŋ. me nudzɔdzɔ siwo ku ɖe gbedoxɔa ŋu kple (2) nusiwo ava dzɔ le etsɔ me ʋĩ siwo wògblɔ le nyaɖeɖefiamɔnu.” J. R. Dummelow gblɔ le nya siwo wòŋlɔ me be: “Nusiwo gɔmesese sesẽ le nuƒo vevi sia me ƒe akpa gãtɔ me kɔ ƒã ne míenyae be menye nudzɔdzɔ ɖeka ko ŋue mia Aƒetɔ nɔ nu ƒom tsoe o ke boŋ nu evee, eye be gbãtɔa le abe evelia ke ene. . . . vevietɔ [Luka] 21:24 si ƒo nu tso ‘Trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi’ ŋu . . . la de vovototo Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ kple xexeame ƒe nuwuwu dome.”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe