“Minɔ Ŋudzɔ”—Nu Ka Tae Wòle Vevie Ŋutɔ?
“ƔEKAƔIE nu siawo adzɔ, eye nu kae anye wò anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?” (Mat. 24:3) Le nyabiase ma ŋu ɖoɖo me la, Yesu ƒo nu tso dzesi siwo me kɔ ƒãa, siwo me wòɖe tsitotsito, eye woate ŋu akpɔ wo adze sii bɔbɔe la ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo; eƒe nya siawo dze le Mateo ta 24, Marko ta 13, kple Luka ta 21. Egblɔ kpee be: “Minɔ ŋudzɔ.”—Mat. 24:42.
Ne dzesia ŋutɔ adze gaglãa la, ke nu ka tae wògagblɔ nuxlɔ̃amenya sia kpe ɖe eŋu ɖo? Ate ŋu anye susu eve aɖewo tae. Gbã la, susuhenuwo ate ŋu ana be ame aɖewo naŋe aɖaba aƒu dzesia dzi, eye esia ate ŋu ana woagbɔdzɔ le gbɔgbɔ me eye womanɔ ŋudzɔ o. Evelia, Kristotɔ ate ŋu ade dzesi dzesia gake le nuto si me wòle ta la, mase le eɖokui me be eka ye tẽe o. Eya ta ate ŋu susu be, “xaxa gã,” si nye Yesu ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa mamlɛtɔa gale didiƒe, eye le esia ta mahiã be ‘yeanɔ ŋudzɔ’ fifia o.—Mat. 24:21.
“Wometsɔ Ðeke Le Eme O”
Yesu ɖo ŋku ale si Noa ŋɔlimetɔwo wɔ nui dzi na eyomedzelawo. Amewo anya de dzesi gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm Noa nɔ, aɖakaʋu gã nyadri si kpam wònɔ, kple nu vlo wɔwɔ siwo nɔ edzi yim le ŋkeke mawo me. Ke hã ame geɖe metsɔ “ɖeke le eme o.” (Mat. 24:37-39) Nɔnɔme ma tɔgbi kee xɔ aƒe ɖi egbea. Le kpɔɖeŋu me, le ʋukuku me la, mɔfiadzesiwo ɖoa seɖoƒe si me kɔ nyuie na ʋukulawo ƒe duƒuƒu, gake ame geɖe ŋea aɖaba ƒua wo dzi. Eye zi geɖe la, esia ƒonɛ ɖe dziɖuɖumegãwo nu wowɔa kpowo ɖe mɔa ƒe teƒeteƒewo be wòazi ʋukulawo dzi woagaƒu du sesĩe le dugãwo me o. Nenema kee Kristotɔ aɖe ade dzesi ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesia nyuie gake agava nɔ eɖokui ƒom ɖe dɔwɔna siwo mewɔ ɖeka kple afɔ siwo wòle be wòaɖe hafi o la me. Nu sia dzɔ ɖe Arielle, si nye ƒewuivi aɖe le ɣetoɖoƒe Afrika la, dzi.
Nyɔnuwo ƒe asibɔlƒoƒo kpɔkpɔ le television dzi dzɔa dzi na Arielle. Esi woƒe sukua ɖo asibɔlƒoha aɖe la, mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi nɛ be wòakpɔ gome le eme azɔ la na meganɔ ŋudzɔ ɖe afɔku siwo le eme ŋu o. Ede asi agbalẽ te be yeanye bɔlléla. Nu kae do tso eme? Eɖe eme be: “Ahiãviwo nɔ nye bɔlƒoha me tɔ aɖewo si siwo zãa atike vɔ̃ɖi, eye wonoa sigaret. Woɖua fewu le ŋunye le esi nyemenɔa agbe abe woawo ene o ta, gake megblɔ na ɖokuinye be mate ŋu anɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu mawo nu. Gake nu si nyemenɔ mɔ kpɔm na kura o ye nye be bɔlƒoƒoa ŋutɔ va wɔe be nyemegatsɔa dzo ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu o. Asibɔlƒoƒo va xɔ nye susu kple dzi me. Ne mele Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la, nye susu dzona le Fiaɖuƒe Akpata me yia asibɔlƒoƒea. Nyemegate ŋu va nɔ Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo ɖem fia o. Esi meva le asibɔlua ƒom la, dziɖuɖu koe va nɔ vevie nam azɔ. Menaa hehe ɖokuinye moveviɖoɖotɔe be matsɔ aɖi kɔ na hoʋiʋligbɔgbɔ si ɖo menye la. Meva tsi dzimaɖi vevie. Mía kple xɔ̃nye veviwo dome gblẽ le asibɔlƒoƒo ta.
“Mlɔeba la, esi míenɔ ho aɖe ʋlim kple bɔlƒoha bubu aɖe gbe ɖeka la, míewɔ vodada aɖe eye wòle be ame kemɛawo naƒo penalti. Nyee nye ema tɔ ɖi be malé bɔl la. Kaka manya la, medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye malé bɔl la hafi va nyɔ le ɖokuinye me! Nudzɔdzɔ sia na mekpɔ ale si gbegbe nu gblẽ le ŋunye le gbɔgbɔ mee la dze sii. Alekee mewɔ ŋusẽ gaɖo ŋunye le gbɔgbɔ me?
“Mekpɔ míaƒe DVD si nye Young People Ask—What Will I Do With My Life? (Sɔhɛwo Biana Be—Agbemedɔ Kae Mawɔ?)a la kpɔ. Gake metso nya me be magakpɔe ake, eye fifia ya, matsɔ nye dzi kple susu katã aɖo eŋu. Elabena nɔnɔme si me André, ɖekakpui si nɔ videoa me, nɔ la ke mee menɔ. Mede dzesi nu si hamemetsitsi aɖe gblɔ be André nawɔ la—ebe wòaxlẽ Filipitɔwo 3:8 eye wòade ŋugble le eŋu. Esiae kpe ɖe ŋunye. Medo le asibɔlƒoha la me.
“Tɔtrɔ gã kae nye esi va nye agbe me! Hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔa kple dzimaɖitsitsi la nu yi. Dzi va nɔ dzɔyem wu, eye meva te ɖe xɔ̃nye Kristotɔwo ŋu wu. Gɔmesese geɖe wu va su asinye ku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu. Eye megaléa to ɖe nya ŋu le kpekpewo me hesea vivi na wo abe tsã ene. Nye subɔsubɔdɔa hã gava nyo ɖe edzi wu. Fifia, mewɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa edziedzi.”
Ne susuhenu aɖe le eƒom ɖe nuwò be nàŋe aɖaba aƒu dzesi siwo Yesu na mí dzi la, ekema ɖe afɔ ŋkubiãtɔe, abe ale si Arielle wɔe ene. Àte ŋu ate mɔnu siwo gbɔna la kpɔ. Wɔ numekuku le Watch Tower Publications Index (Index des publications Watch Tower) si woyɔ be kesinɔnu ɣaɣlawo ƒe mɔfianu le videoa me la me. Àkpɔ nyatakaka siwo ku ɖe aɖaŋuɖoɖo nyuiwo ŋu kple ame bubu siwo gblɔ ale si wowɔ ɖu tetekpɔwo dzi la ƒe ŋutinyawo le eme. Na Kristotɔwo ƒe kpekpewo naɖe vi na wò bliboe to dzadzraɖo nyuie kple dzesidede nya veviwo ɖi me. Ame aɖewo kpɔe be anyinɔnɔ ɖe ŋgɔgbezikpuiawo dzi ɖea vi ŋutɔ. Ne nyaselawo akpɔ gome le kpekpea ƒe akpa aɖe me la, dze agbagba nàɖo nya ŋu kaba. Tsɔ kpe ɖe esiawo katã ŋu la, yi edzi nànɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me to gbe sia gbe nudzɔdzɔwo tsɔtsɔ sɔ kple nuwuɣia ƒe dzesia kpakple nyagblɔɖi siwo ku ɖe “ŋkeke mamlɛawo” ŋu la ƒe akpa bubuwo me.—2 Tim. 3:1-5; 2 Pet. 3:3, 4; Nyaɖ. 6:1-8.
‘Minɔ Dzadzraɖoɖi’
“Anyigba blibo la katã dzi” ye ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesia le eme vam le. (Mat. 24:7, 14) Ame miliɔn geɖe le agbe le nuto siwo me dɔvɔ̃wo, nuɖuɖu ƒe veve, anyigbaʋuʋu kple nudzɔdzɔ bubu siwo ŋu nya wogblɔ ɖi la gblẽ nu le vevie la me. Gake ame bubuwo ya le ŋutifafa me va se ɖe afi aɖe ya teti. Ne nu siwo nye dzesia ƒe akpa aɖe la ƒe ɖeke medzɔ ɖe wò ŋutɔ dziwò kpɔ o la, ɖe wòle be nàsusui be xaxa gã la gale didiƒe ʋĩia? Nunya manɔ esia me o.
Le kpɔɖeŋu me, lé ŋku ɖe nya si Yesu gblɔ ɖi tso “dɔvɔ̃wo kple nuɖuɖu ƒe veve” ŋu la ŋu kpɔ. (Luka 21:11) Gbã la, megblɔ be nu siawo adzɔ le anyigba ƒe afi sia afi loo, alo woadzɔ le ɣeyiɣi ɖeka me o. Ke boŋ egblɔ be nu siawo “ava teƒeteƒewo.” Eya ta míate ŋu anɔ mɔ kpɔm be nudzɔdzɔ ɖeka ƒomevi nadzɔ le xexea me katã le ɣeyiɣi ɖeka me o. Evelia, esi Yesu ƒo nu tso nuɖuɖu ƒe veve ŋu vɔ megbe kpuie la, egblɔ be ele na ye yomedzela aɖewo be woakpɔ nyuie le nu tsu ɖuɖu ŋu hegblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, be nu tsu ɖuɖu . . . nagate miaƒe dzi ɖe to gbeɖe o.” (Luka 21:34) Eya ta mele be Kristotɔwo katã nanɔ mɔ kpɔm be nudzɔdzɔ siwo wogblɔ be woanye dzesia la dometɔ ɖe sia ɖe nadzɔ ɖe yewo dzi o. Le esia teƒe la, Yesu gblɔ be: “Ne miekpɔ nu siawo le dzɔdzɔm la, minyae be Mawu fiaɖuƒe la gogo.” (Luka 21:31) Nyatakakamɔnu siwo li egbea la nana be míekpɔa dzesia ƒe akpa ɖe sia ɖe me vava, metsɔ le nu si me tom míawo ŋutɔwo míele le nuto si me míele la me o.
Ðo ŋku edzi hã be, Yehowa ɖo ‘ŋkeke kple gaƒoƒo’ si dzi xaxa gã la adze egɔme la ɖi xoxo. (Mat. 24:36) Anyigba dzi nudzɔdzɔwo matrɔ ɣeyiɣi ɖoɖi ma o.
Yesu xlɔ̃ nu Kristotɔwo le afi sia afi be: ‘Minɔ dzadzraɖoɖi.’ (Mat. 24:44) Ele be míanɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi. Nyateƒee wònye be míate ŋu aƒo mía ɖokuiwo ɖe teokrasidɔwo me ŋkeke bliboa gbe sia gbe o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mía dometɔ aɖeke menya nu si wòanɔ wɔwɔm le ɣeyiɣi si tututu me xaxa gã la adze egɔme o. Ame aɖewo anɔ dɔ me alo woanɔ aƒemedɔwo wɔm. (Mat. 24:40, 41) Eya ta nu kae míawɔ atsɔ akpɔ egbɔ be míele dzadzraɖoɖi?
Emmanuel kple Victorine kpakple wo vinyɔnu adeawo le Afrika ƒe nuto aɖe si me nudzɔdzɔ siwo anye dzesia la katã medzɔna le o me. Eya ta wotso nya me be yewoanɔ dze ɖom tso gbɔgbɔmenuwo ŋu gbe sia gbe ale be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoanɔ dzadzraɖoɖi. Emmanuel gblɔ be: “Esesẽ ŋutɔ be míakpɔ ɣeyiɣi si sɔ na mí katã. Mlɔeba la, míeva tia ŋdi ga ade va se ɖe ga ade kple afã. Ne míedzro ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me vɔ la, míedzraa hame ƒe Biblia nusɔsrɔ̃ si míawɔ le kwasiɖaa me hã ƒe memama ʋɛ aɖewo ɖo.” Ðe ɖoɖo sia kpe ɖe wo ŋu wole ŋudzɔa? Ɛ̃, ekpe ɖe wo ŋu! Emmanuel nye hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla le hamea me fifia. Srɔ̃a Victorine hã wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa edziedzi eye wòkpe ɖe ame geɖe ŋu wova xɔ nyateƒea. Wo vinyɔnuawo katã le ŋgɔyiyi nyuiwo wɔm le gbɔgbɔ me.
Yesu xlɔ̃ nu mí be: “Minɔ mia ɖokui dzi kpɔm nyuie, minɔ ŋudzɔ.” (Mar. 13:33) Mègana susuhenu aɖeke nana nàɖe ŋu ɖi le gbɔgbɔ me o. Ke boŋ abe Arielle ene la, wɔ ɖe aɖaŋu siwo woɖona na mí le míaƒe agbalẽwo kpakple hame ƒe kpekpewo me la dzi. Eye abe Emmanuel ƒe ƒomea ene la, dze agbagba nànɔ nane wɔm gbe sia gbe be nànɔ dzadzraɖoɖi ‘ahanɔ ŋudzɔ.’
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Video la nye egbeŋkekeawo me drama aɖe si ku ɖe ale si ɖekakpui Kristotɔ aɖe dze agbagba vevie wɔ nu si dze le Yehowa ŋkume la ŋu.
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Gbɔgbɔmenuwo me dzodzro gbe sia gbe kpe ɖe Emmanuel kple eƒe ƒomea ŋu ‘wole dzadzraɖoɖi’