Nusi Míate Ŋu Asrɔ̃ tso Nuwɔwɔ Siwo Si ‘Dzɔdzɔmenunya’ le Gbɔ
XƆMEFAMƆ̃, nusi ana tsi mabla azu kpe o, dze ɖeɖe le atsiaƒutsi me wòazu tsi nyui, kple alesi woase nu ŋkɔ le tɔgɔme nye nutovɛ siwo amewo nya nyuie le ƒe alafa 20 lia sia me. Gake lãwo nya nusiawo wɔwɔ ƒe akpe geɖe do ŋgɔ. Ẽ, amegbetɔwo kpɔa viɖe le nusɔsrɔ̃ tso lã siwo si ‘dzɔdzɔmenunya’ le gbɔ me. (Lododowo 30:24-28; Hiob 12:7-9) Ewɔ abe lã aɖewo va zu nusiwo fiaa nu amegbetɔwo numaƒomaƒoe ene, eye nusɔsrɔ̃ tso wo ŋu ate ŋu anye dzidzɔ geɖe na mí.
Ðe lã aɖewo ƒe nuwɔna sɔsrɔ̃ ate ŋu aɖe vi na mía? Ẽ, Yesu Kristo tsɔ eyomedzelawo sɔ kple alẽwo, dawo, ahɔ̃nɛwo, kple ʋetsuviwo gɔ̃ hã. Nukae nɔ susu me nɛ esime wòtsɔ eyomedzelawo nɔ sɔsɔm kple nusiawo? Mina míakpɔe ɖa.
“Nye Alẽwo Sea Nye Gbe”
Woyɔ alẽwo ŋkɔ wu zi 200 le Biblia me. Smith’s Bible Dictionary ɖe eme be, “alẽwo nye tufafa, dzigbɔɖi, kple ɖokuibɔbɔ ƒe dzesi.” Wotsɔ Yesu ŋutɔ sɔ kple alẽ le nyagblɔɖi me le Yesaya ta 53. Aleke gbegbe wòsɔe nye si be eya hã nàtsɔ eyomedzelawo asɔ kple lã ma ke! Gake alé ƒe nɔnɔme ka tututue nɔ susu me na Yesu?
Yesu gblɔ be: “Nye alẽwo sea nye gbe, eye nye la menya wo, eye wodzea yonyeme.” (Yohanes 10:27) Esia fia be ete gbe ɖe nusrɔ̃lawo ƒe tufafa kple woƒe lɔlɔ̃ faa be yewoadze eyome dzi. Alẽwo sea wo kplɔla ƒe gbe eye wodzea eyome faa. Ðekawɔwɔ kplikplikpli aɖe hã nɔa alẽkplɔla kple alẽha la dome.
Alẽha ate ŋu akaka ɖe gbedzi ne wole gbe ɖum, gake alẽawo dometɔ ɖesiaɖe nɔa ha la me. Eyata agbalẽ si nye Alles für das Schaf (Nusianu si Ku Ðe Alẽwo Ŋu) gblɔ be ne lãawo kpɔe be yewomele dedie o alo ne nane do voɖi na wo la, “woate ŋu awɔ kaba ate ƒo ƒu.” Ne alẽ asi le afɔku aɖe nu la, wowɔa esia le ƒuƒoƒo me, eye wotɔna ɣeaɖewoɣi kpɔna be aleke nɔnɔmea le hã. “Duƒuƒu anɔ tɔtɔm alea naa mɔnukpɔkpɔ alẽviwo kple esiwo gbɔdzɔ be woate ŋu axe mamlɛawo. Alẽha la kpɔa wo ta etɔxɛe gɔ̃ hã.” Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nuwɔna sia me?
Kristotɔ vavã siwo li gbea mekaka ɖe Kristodukɔa ƒe hawo kple kɔmamawo me o. Ke boŋ woƒo ɖu ɖe alẽha ɖeka me. Kristotɔ ɖesiaɖe senɛ le eɖokui me be ɖekawɔwɔ kplikplikpli aɖe le ye kple Mawu ƒe alẽha la dome, eye esiae na ɖekawɔwɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa me. Ɣesiaɣi si nɔnɔme sesẽ aɖe ado mo ɖa—eɖanye dɔléle sesẽ aɖe, aʋawɔwɔ, alo dzɔdzɔmefɔku o—la, afikae tadeagula ɖesiaɖe kpɔa mɔfiafia kple takpɔkpɔ le? Wokpɔnɛ le Yehowa ƒe habɔbɔ si naa gbɔgbɔ me dedienɔnɔ la me.
Aleke Biblia me nuxlɔ̃ame sua wo sie? To agbalẽwo abe Gbetakpɔxɔ kple eƒe kpeɖeŋutɔ Nyɔ! ene dzi. Magazine siawo kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo naa kpekpeɖeŋu tɔxɛ gɔ̃ hã amesiwo hiã beléle tɔxɛ, abe alẽviwo kple alẽ siwo gbɔdzɔ siwo le alẽha la me ene. Le kpɔɖeŋu me, wokpɔa dzilaɖekɛwo kple amesiwo nye blanuilélawo ƒe nyawo gbɔ. Eyata aleke gbegbe nunya le eme enye si be míaxlẽ magazine siawo dometɔ ɖesiaɖe, míade hamea ƒe kpekpkewo katã, eye míatsɔ nusiwo srɔ̃m míele ade dɔwɔwɔ me! Míetoa esia wɔwɔ me ɖenɛ fiana be míefa tu eye míelé ɖe Mawu ƒe alẽha la ŋu goŋgoŋ.—Petro I, 5:2.
“Midze Aɖaŋu abe Dawo Ene, eye Midza abe Ahɔ̃nɛwo Ene”
Smith’s Bible Dictionary gblɔ be: “Le Ɣedzeƒe katã la, wozãa da wònyea kpɔɖeŋu na vɔ̃ɖivɔ̃ɖi, na tosesẽ ƒe gbɔgbɔ.” Gake ‘nye ahɔ̃nɛ’ nye lɔlɔ̃nya si wogblɔna. (Hawo ƒe Ha 5:2) Ekema nukae nɔ susu me na Yesu esi wòde dzi ƒo na eyomedzelawo be ‘woadze aɖaŋu abe dawo ene, eye woadza abe ahɔ̃nɛwo ene’?—Mateo 10:16.
Yesu nɔ mɔfiame nam le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia ŋu. Eƒe nusrɔ̃lawo ate ŋu akpɔ mɔ be woaxɔ yewo alo womaxɔ yewo o. Ame ʋee aɖewo koe aɖo to, esime geɖeawo agbe nyanyui la. Ame aɖewo ati Mawu subɔla vavã siawo yome gɔ̃ hã. (Mateo 10:17-23) Aleke wòle be nusrɔ̃la siawo nawɔ nu ɖe yometiti ŋui?
Le Das Evangelium des Matthäus (Mateo ƒe Nyanyui) me la, Fritz Rienecker gblɔ le Mateo 10:16 ŋu be: “Ele be aɖaŋudzedze ... nakpe ɖe nuteƒewɔwɔ, anukwareɖiɖi, kple nuƒoƒo tẽ ŋu, ne menye nenema o la, nusianu ate ŋu adzɔ si ana futɔwo nakpɔ mɔ atso ame ŋu. Yesu teƒenɔlawo le futɔ ŋutasẽlawo dome, amesiwo mebua ame ŋu o eye wodzea apostolowo dzi nublanuimakpɔmakpɔtɔe le mɔnukpɔkpɔ suetɔ kekeake hã me. Eyata—abe da ene la—ehiã be ŋku nanɔ futɔwo ŋu, eye woatsɔ ŋku kple susu si le ŋudzɔ akpɔ nɔnɔmea; be woate ŋu aɖu nɔnɔmea dzi amefuflu alo amebeble manɔmee, be woadza eye woaɖi anukware le nuƒoƒo kple nuwɔna siaa me eye woaɖee afia be yewole abe ahɔ̃nɛwo ene.”
Nukae Mawu ƒe subɔla siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe nya siwo le Mateo 10:16 me la me? Amewo wɔa nu ɖe nyanyuia ŋu egbea abe alesi wowɔe le ƒe alafa gbãtɔ me ene. Ne Kristotɔ vavãwo do go yometiti la, ele be woatsɔ da ƒe aɖaŋudzedze kple ahɔ̃nɛ ƒe dzadzɛnyenye siaa awɔ dɔe. Kristotɔwo mewɔa amebeble alo anukwaremaɖimaɖi ƒe nuwɔna aɖeke o, ke boŋ wodza, wonyo, eye wowɔa nuteƒe le Fiaɖuƒegbedasia gbɔgblɔ na ame bubuwo me.
Le kpɔɖeŋu me: Dɔwɔhatiwo, sɔhɛ siwo le suku, alo wò ŋutɔ wò ƒometɔwo ate ŋu agblɔ nya madzetowo ɖe ŋuwò le Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse siwo le asiwò ta. Nusi ate ŋu adzɔ enumake enye be wò hã nàgblɔ nya mawo tɔgbe ɖe woawo hã ƒe dzixɔsewo ŋu. Gake ɖe ema sɔa? Kura o. Ne amesiwo le alɔme ɖem le ŋuwò kpɔe be yewoƒe nyawo megblẽa naneke le wò nɔnɔme nyuiawo ŋu o la, woadzudzɔ woƒe nuwɔna la godoo. Esia afia be èdze nunya eye fɔɖiɖi mele ŋuwò o—‘èdze aɖaŋu abe da ene, eye èdza abe ahɔ̃nɛ ene.’
“Ʋetsuviwo ƒe Nɔnɔme Le abe Sɔ, Siwo Wodzra Ðo Hena Aʋawɔwɔ Ene”
GEO magazine ka nya ta be le ƒe 1784 me la, “[ʋetsuviwo] ƒe ha gãtɔ kekeake si woŋlɔ ɖe le ŋutinya me kpɔ” lɔ hoo va dze South Africa dzi. Ʋetsuviwo yɔ anyigba si keke kilometa akpe atɔ̃ kple alafa eve togodo, si ƒe lolome anye Hong Kong ƒe lolome teƒe atɔ̃, la dzi. Smith’s Bible Dictionary gblɔ be ʋetsuviwo “ɖua gbewo keŋkeŋ le dukɔ siwo dzi wodze la me.” Le Yesu ƒe nyaɖeɖefia si ku ɖe nusiwo adzɔ “le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la dzi” me la, eɖe ʋetsuviwo ƒe ŋutega fia. Wogblɔ tso wo ŋu be: “Ʋetsuviawo ƒe nɔnɔme le abe sɔ, siwo wodzra ɖo hena aʋawɔwɔ ene.” (Nyaɖeɖefia 1:1, 10; 9:3-7) Gɔmesese kae le kpɔɖeŋu sia ŋu?
Yehowa Ðasefowo se egɔme ɣeyiɣi didi aɖee nye sia be ʋetsuvi siwo le Nyaɖeɖefia ta 9 la tsi tre ɖi na Mawu ƒe subɔla amesiamina siwo le anyigba dzi le ƒe alafa sia me.a Wode dɔ tɔxɛ aɖe asi na Kristotɔ siawo—be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia le xexeame katã eye woawɔ amewo nusrɔ̃lawo. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Esia bia be woaɖu mɔxenu ɖesiaɖe dzi eye woaku kutri le woƒe dɔa wɔwɔ me. Nukae woagate ŋu atsɔ aɖɔ esiae wu ʋetsuvi kalẽtɔ siawo?
Togbɔ be ɖeko ʋetsuviwo didi vie wu sentimeta atɔ̃ hã la, wodzona abe kilometa 100 vaseɖe 200 ene gbesiagbe. Dzogbe ʋetsuviwo ate ŋu adzo aɖo kilometa 1,000 gɔ̃ hã. GEO ɖe eme be “eƒoa aʋala zi gbɔ zi 18 le sɛkɔnd ɖeka me eye wòyia edzi vaseɖe gaƒoƒo 17 le ŋkeke ɖeka dzi—nusi nudzodzoe bubu aɖeke mate ŋu awɔ o.” Dɔ gã ka gbegbee nye si nudzodzoe sue sia wɔna!
Yehowa Ðasefowo nye ƒuƒoƒo si kua kutri le Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia kaka me. Fifia wole gbeƒã ɖem le dukɔ siwo wu 230 me. Mawu ƒe subɔla siawo ɖua kuxi sesẽ geɖe dzi ale be woate ŋu akpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ me. Kuxi ka tɔgbee wodoa goe? Ʋee aɖewoe nye nazãbubu, mɔxeɖenuwo, dɔléle, dziɖeleameƒo, kple ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu. Gake naneke mete ŋu xe mɔ ɖe woƒe ŋgɔyiyi nu o. Wodoa dzi le dɔ si Mawu de asi na wo la wɔwɔ me.
Yi Edzi Nàɖe Kristotɔwo ƒe Nɔnɔmewo Fia
Ẽ, Yesu tsɔ eyomedzelawo sɔ kple alẽ, da, ahɔ̃nɛ, kple ʋetsuvi. Esia sɔ na míaƒe egbeŋkekea vavã. Nukatae? Elabena nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu gogo, eye kuxiawo nu le sesẽm ɖe edzi wu.
Esi Yesu ƒe kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo le susu me na Kristotɔ vavãwo ta la, woléna ɖe Mawu ƒe alẽha la ŋu goŋgoŋ eye woxɔa aɖaŋuɖoɖo tsoa Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ. Wonɔa ŋudzɔ eye wonɔa moxexi ɖe nɔnɔme siwo ate ŋu agblẽ nu le woƒe Kristotɔwo ƒe dɔwo ŋu la ŋuti, esime woyia edzi nɔa anyi mokakamanɔŋui le nuwo katã me. Hekpe ɖe eŋu la, wokua kutri le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me togbɔ be mɔxenuwo li hã. Eye woyia edzi srɔ̃a nu tso nuwɔwɔ siwo si ‘dzɔdzɔmenunya’ le la gbɔ.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo la Ðo Vɔ!, si Watchtower Bible and Tract Society of New York Inc. ta la ƒe ta 22 lia.